Go to full page →

17—ŊUKEKE LA ƑE GBEƑÃƉELAWO UGL 273

Nyateƒe xɔasiwo, ŋutikɔkɔe ƒe Nyateƒe vevie, siwo woɖe fia le Biblia me la, dometɔ gãtɔ ɖeka enye Yesu ƒe tɔtrɔva, si anye taƒoƒo na amegbetɔwo ƒe ɖeɖedɔ, si wòva wɔ le anyigba dzi la. Mawu ƒe dukɔa, si le mɔzɔzɔ dzi tso ɣeyiɣia ɖe ke, le ku-bali doblukɔ me la, ƒe dzidzɔmɔkpɔkpɔ gadze keklẽ to ŋugbedonya nyui sia me, si gblɔ be amesi nye “tsitretsitsi kple agbe” la, agatrɔ va, avakplɔ wo yi ɖe “Fofo la ƒe mee” la, dzi. Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe nufiafia enye tanya gãtɔ le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me. Tso gbesigbe ke míaƒe dzila gbãtɔwo do go tso Eden-bɔ la me kple aɖatsi la, xɔsetɔ vavãwo nɔa mɔ kpɔm na Ɖela, si ƒe ŋugbe wodo la, si ava gbã Satana ƒe tsɔtsrɔ-ŋusẽ la ɖa le wo dzi, eye wòakplɔ wo yi ɖe Paradiso, si wobú la me. Blema ƒe ame kɔkɔeawo katã de dzesii be Mesia ƒe tɔtrɔva le ŋutikɔkɔe me la enye woƒe mɔkpɔkpɔ la ƒe nuwuwu. Henok, si nye amesiwo nɔ Eden-bɔ la me ƒe dzidzime adrẽlia la, si zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃ la, kpɔ Ɖela ƒe vava le didiƒe ɖaa. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna bene wòadrɔ̃ ʋɔnu wo katã…” (Yuda 14,15) Le eƒe vevesese ƒe zã me la, mía tɔgbui Hiob do ɣli kple kakaɖedzi maʋãmaʋã be: “Ke nyea menyae be nye Xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me … Makpɔ Mawu. Makpɔe na ɖokuinye, nye ŋutɔ nye ŋkuwo akpɔe, menye ame bubu o…” (Hiob, 19:25-27) UGL 273.1

Kristo ƒe tɔtrɔva, si anye gɔmedzedze na dzɔdzɔenyenye ƒe fiaɖuɖu la, nye nya, si ŋuti nuŋlɔla kɔkɔewo ƒo nu le kple nyati wɔdɔɖeamedzi viviwo. Biblia me ƒe nuŋlɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ nya geɖe, siwo de dziƒo ƒe dzo ame ƒe dzi me ku ɖe eŋuti. Psalmowo ŋlɔla la nɔa ha dzim tso Israel ƒe Fia ƒe ŋusẽ kple gãnyenye ŋu kple nyati siawo: “Zion, si nye nyonyowo ƒe ta la, ye Mawu klẽ tso. Mía Mawu gbɔna, ɖoɖoe mazi le eŋu o… Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖaa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.” Ps.50:2-4); “Dziƒowo akpɔ dzidzɔ, anyigba atso aseye…le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu, kple dukɔwo ɖe eƒe Nyateƒe nu. ” (Ps. 96:11, 13) UGL 273.2

Nyagblɔɖila Yesaya hã do ɣli sia be: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.”; “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me; eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.” (Yes. 26:19; 25:8, 9) UGL 274.1

Nyagblɔɖila Habakuk hã kpɔ Kristo ƒe tɔtrɔva le ŋutegãa ɖe me: “Mawu tso Teman, eye Kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.” “Keklẽ do abe ɣe tɔ ene.” “Etɔ, eye anyigba ʋuʋu; eɖo ŋku anyi kpɔ nu, eye dzidzi ƒo dukɔwo, blema towo fe kpla, gbaɖegbe togbɛwo ŋe dze eme, eye wòzɔ blema mɔwo dzi.” “…nèdo wò sɔwo, eye nèɖo wò tasiaɖamwo” “Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, … agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alɔ ɖe dzi.” “Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wo aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eye wò akplɔ, siwo le dzo kem la nanye keklẽ.” “Eho, be naxɔ na wò dukɔ, naxɔ wò Amesiamina la…” (Hab. 3:3, 4, 6, 8, 10, 11, 13. ) UGL 274.2

Le esime wóle dzodzom le eƒe nusrɔlawo gbɔ la, Ɖela fa akɔ na wo le woƒe vevesesewo me kple kakaɖedzi nya sia be yeagatrɔ va: ” Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o;…Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li; meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye.” (Yoh.14:1-3); “Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti… abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi, eye wòaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me” (Mateo, 25:31, 32. ) UGL 274.3

Dɔla, siwo tsi tre ɖe Amito la dzi le Yesu ƒe dziƒo yiyi megbe la, gagblɔ eƒe tɔtrɔva ŋugbedonya la na wo ake: “…Yesu, si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.” (Dow. 1: 11) Esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ʋã Apostolo Paulo la, egblɔ be:“Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ Aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple Mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo..” (Tesa.I, 4:16); Patmos ƒe Nyagblɔɖila hã ŋlɔ̃ be: “Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe..” (Nyaɖ.1:7). UGL 274.4

Ŋutikɔkɔe ƒe ƒuƒoƒowo aƒo xlã eyama le ɣeyiɣi, si me wòatrɔva na “nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la” (Dow. 3:21). Alea ye woatsrɔ̃ vɔ̃ ƒe fiaɖuɖu, si nɔ anyi didie la. Xexeame ƒe fiaɖuƒewo katã ade ta agu na mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la, eye wòaɖu Fia yi mavɔ mavɔ.” (Nyaɖ. 11:15) Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui fia, eye ŋutilãwo katã akpɔe.” “Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku me.” “Yehowa Zebaot anye atsyɔkuku kple ŋgoblanu dzeani na eƒe dukɔ susɔea.” (Yes. 40:5; 61:11; 28:5). UGL 275.1

Ɣemaɣie woaɖo Mesia ƒe ŋutifafa Fiaɖuƒe, si ame tiatiawo katã nɔ mɔ kpɔm na didie la, anyi le afisiafi le dziƒoa te. “Elabena Yehowa afa akɔ na Ziɔn, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene, kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe abɔ ene.” “Woatsɔ Libanɔn ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ.” “Womagayɔ wò azɔ be ‘amesi wogbe’ o, eye womagayɔ wò anyigba be ‘aƒedo’ o; ke boŋ woayɔ wò be ‘mekpɔ dzidzɔ le eŋu’, eye woayɔ wò anyigba be ‘srɔnyɔnu’...” “Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.” (Yes, 51:3; 35:2; 62:4, 5). UGL 275.2

Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔva nye eƒe nusrɔla vavãwo ƒe mɔkpɔkpɔ le ɣeyiɣiawo katã me. Ɖela ƒe ŋugbedodo, si wòwɔ na eƒe nusrɔlawo le Amito dzi, hafi dzo le wo gbɔ, be yeagatrɔ va la, klẽ ɖe woƒe tsɔ me. Ena woƒe dziwo yɔ kple dzidzɔ kpakple mɔkpɔkpɔ, siwo nu dodokpɔwo mete ŋu tsi o, eye vevesese ƒe vivitiwo hã mete ŋu tsyɔ̃ wo dzi o. Le woƒe fukpekpe kple yomaaetitiwo me la, Mawu gã la kple mía Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe dzedzé enye woƒe “yayra mɔkpɔkpɔ” la. Le eƒe nuƒoƒo me na Tesalonika kristotɔ, siwo le veve sem ɖe alesi wole wo nɔvi, siwo hã nɔ Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔva lalam, dem yɔdo me la, Paulo ɖo ŋku tsitretsitsi, si ava eme le Ɖela ƒe vava zi evelia me la dzi. Amesiwo ku le Kristo me la afɔ, eye woakɔ wo kple agbagbeawo yi ɖakpe Aƒetɔ la le ya me. Eye “míanɔ kple Aƒetɔ la ɖaasi…” (Tesa.I 4:16-18) UGL 275.3

Le Patmos ƒe ƒukpoa dzi, nusrɔla lɔlɔtɔ la hã se ŋugbedonya sia: “Ɛ̃ megbɔna kpuie.” Eye eƒe ɖoŋuti, si me mɔkpɔkpɔ ƒe dzo le la, nye Hamea ka tã ƒe gbedodoɖa le eƒe mɔzɔzɔ didie la me: “Amen! Aƒetɔ Yesu va! (Nyaɖ. 22:20). UGL 276.1

Tso gaxɔwo me, dzotɔame nakewo dzi, kadevetiwo dzi, afisiwo kɔkɔetɔawo kple martirowo ɖi ɖase le Nyateƒea ŋuti le la, woƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ ƒe ɖaseɖiɖi to ƒe alafa geɖewo me va na mí. Esi woka ɖe Kristo ƒe fɔfɔ dzi, eye le esia ta, woawo hã ƒe tsitretsitsi le eƒe tɔtrɔva ŋkeke la dzi la, kristotɔ siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Wolé fu ku, eye woɖee fia be yewosẽ ŋu wui gɔ̃ hã.” —Daniel T. Taylor, The Reign of Christ on Earth or The Voice of the Church in all Ages, p. 33 -. Wolɔ̃ be yewoayi yɔdo me fãa, “ale be yewoanye ablɔɖeviwo atsi tsitre”. Ibid. p 54. Wonɔ mɔ kpɔm na “Aƒetɔ la, si aɖi tso dziƒo le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me” eye wòatsɔ “fiaɖuƒe mavɔ la ƒe ɣeyiɣi la va na dzɔdzɔetɔwo .” Mɔkpɔkpɔ sia kee le Vaud-dumetɔwo hã si. Ibid, p.132, 134. Wiklef nɔa Ɖela ƒe vava lalam, abe Hame la ƒe mɔkpɔkpɔ ene. UGL 276.2

Luther gblɔna be: “Meka ɖe dzi vavã na ɖokuinye be ʋɔnudrɔŋkeke la mahe ɖe megbe wú ƒe alafa etɔ̃ o. Mawu malɔ,̃ eye mate ŋui hã, be yeanɔ veve sem le xexe vɔɖi sia ŋgɔ didi wú alea o. Ŋkeke gã, si dzi woatsrɔ̃ ŋunyɔ̃ ƒe fiaɖuƒea le la, gogo.” Ibid., p. 158. UGL 276.3

Melankton ya be: “Xexeme do xoxo sia medidi tso eƒe nuwuwu gbɔ o.” Kalvin nɔ kristotɔwo kpem be womegake ɖi o, ke boŋ woadi Kristo ƒe vava ŋkeke la vevie, abe dzidzɔ nudzɔdzɔ gãtɔ kekeake ene, eye wògblɔ be: “Xɔsetɔwo ƒe ƒomea katã ƒe ŋku nenɔ ŋkeke sia dzi.” Ebe : “Ele be Kristo ƒe dɔ kple tsikɔ nawu mí, míanɔ edim, anɔ esusum vaseɖe ŋkeke gã ma ƒe agudzedze, si dzi mía Aƒetɔ la aɖe eƒe fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe blibo la fia. Ibid. p. 158, 134. UGL 276.4

Knox, Skotland ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla la gblɔ be: Ɖe mía Aƒetɔ Yesu menɔ míaƒe ŋutilã me yi dziƒo oa, eye ɖe magatrɔ va oa? Míenya be agatrɔ va, eye wòatrɔ va kpuie.” Ridley kple Latimer, siwo hã tsɔ woƒe agbe na ɖe Nyateƒe la ta, nɔ mɔkpɔkpɔ me kple xɔse be Kristo agatrɔ va; Ridley be: “Ɖikeke mele eŋu o, be xexe sia ƒe nuwuwu tu aƒe: mexɔ edzi se, eyata mele gbɔgblɔm be mina míado ɣli tso míaƒe dzi me ke, kple Yohanes, Mawu ƒe subɔla la, na mía Ɖela Yesu Kristo agblɔ be :“Va, Aƒetɔ Yesu, va!” Ibid. p.151. UGL 276.5

Baxter gblɔ be: “Aƒetɔ la ƒe vava ƒe susu xɔ asi nam vavã, eye wògafaa akɔ nam.”- Richard Baxter, Works, vol. 17, p. 155.- “Ele xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple kɔkɔetɔwo ƒe agbenɔnɔ me be woalɔ̃ eƒe vava, eye woalala dzidzɔ-mɔkpɔkpɔ sia. Ne ku enye futɔ mamlɛa, si woatsrɔ̃ le tsitretsitsi me la, míakpɔ alesi wòle be xɔsetɔwo nadi, eye woabia Kristo ƒe vava zi evelia, si anye dziɖuɖu blibo mamlɛa ƒe mevava la, kple dzo le gbedodoɖa me”. Ibid. vol. 17, p. 500. Ŋkeke siae wòle be xɔsetɔwo katã nadi, akpɔ mɔ na, anɔ lalam abe woƒe ɖeɖedɔ la ƒe nuwuwu, kple woƒe luʋɔwo ƒe didí kple ŋutetewo ƒe mevava ene.” “Aƒetɔ, nà be ŋkeke yayra sia nava kaba.” Esia enye Apostolowo ƒe Hamea, Hame, si nɔ dzogbe, kple Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe mɔkpɔkpɔ la. UGL 277.1

Menye Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe nɔnɔme kple eƒe taɖodzinu ɖeɖe ŋuti Nyagblɔɖi ƒo nu le o. Egana dzesi, siwo aɖee fia amegbetɔwo, be game la gogo. Yesu gblɔ be: “Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me” (Luka 21:25). “..Ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o; ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.” (Marko 13:24-26). Nusi Nyaɖeɖefia ŋlɔla gblɔ tso dzesi, siwo ado ŋgɔ na eƒe tɔtrɔva la ƒe gbãtɔ enye esi: “..Eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe vadzɔ, eye ɣe trɔ zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti trɔ zu abe ʋu ene.” (Nyaɖ. 6:12) UGL 277.2

Dzesi siawo va eme do ŋgɔ na míaƒe ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze. Abe nyagblɔɖi sia ƒe mevava ene la, anyigbaʋuʋu dziŋɔ, si tɔgbi medzɔ kpɔ o la, dzɔ le ƒe 1755 me. To gbɔ be ame geɖewo yɔe be Lisbon ƒe anyigbaʋuʋu hã la, exɔ Europa, Afrika kple Amerika duwo ƒe akpa gãtɔwo. Wose eƒe dɔwɔwɔ le Greenland, West Indies kple Madeira ƒukpowo dzi, Norway kple Sweden, Aŋlisi blɔtsi kple Ireland. Teƒe, siwo katã wòxɔ la, ƒe kekeme ƒoƒu le abe kilometa-ka million adẽ sɔŋ ene. Le Afrika, vie ko eƒe ŋusẽa nasɔ kple Europa tɔ. Algeria ƒe akpa gãa ɖe gbã keŋkeŋ. Moroko kɔƒea ɖe, si me ame akpe enyi yi ɖe akpe ewo le la, bú keŋ. Ƒutsotsoe gã nyadria ɖe gbã ɖe Spania kpe Afrika ƒe futawo, nyrɔ̃ du geɖewo, hegblẽ nu sɔgbɔ. UGL 277.3

Ke Spania kple Portugal ye anyigbaʋuʋu la sesẽ le wú afisiafi. Wobe ƒutsotsoe, si gbã ɖe Kadix ƒe ƒuta la ƒe kɔkɔme anɔ abe meta wuienyi ene. Portugal ƒe to gãwo dometɔa ɖewo ʋuʋu kpekpekpe le agunu ke; bubuwo ʋu le woƒe ta me, eye wofẽ nukutɔe, le esime ahlihãkpe gãgãwo le fiflím le mimlim yi dze baliwo me, eye toawo nɔ dzo túm.- Sir Charles Lyell, Principes de Geologie, p. 495.- UGL 278.1

Le Lisbon-dua me anyigba nɔ gbe ɖeem le eƒe tu me, kasia anyigbaʋuʋu sẽ ŋua ɖe kplɔe ɖo, si kaka dua ƒe akpa gãtɔ. Le miniti adẽ me la, ame akpe blaadẽ tsrɔ. Atsiaƒu gbãtɔ la te yi megbe, hegblẽ tɔdziʋudzeƒe la ɖe ƒuƒuiƒe. Ke ɣeyiɣi suɛa ɖe megbe la, etrɔva kple ŋusẽ, eye ƒutsotsoewo de dzi abe meta wuiatɔ̃ gbɔ kɔkɔme, si wònɔna tsã la ŋu. Nusi gawɔ nuku la enye ʋudzeƒe yeye, si wotu la ƒe nyɔnyrɔ̃ ɖe atsiaƒu me. Ʋudzeƒe dzeani, xɔ home gãa ɖe, ye wònye wotu kple ahlihã-kpe. Esi dziƒoxɔ gãgãwo le mumum la, ameha gãa ɖe ƒu du yi ɖabe ɖe afima. Ke le aɖabaƒoƒo ɖeka me, ʋudzeƒe la nyrɔ̃ ɖe tsi té kple amesiwo katã le afima, eye ŋutilã kuku ɖeka hã meho ɖe tsia ŋgɔ o.- Ibid. p. 495. UGL 278.2

Kasia anyigbaʋuʋua nanɔ te la, katoliko sista-kpɔwo kple gbedoxɔwo katã, du-dɔwɔƒewo katã kloe kple aƒewo ƒe mamame eneliawo gbã keŋkeŋ. Le gaƒoƒo evea ɖewo megbe la, dzo dze bibi le teƒe vovovowo le dua me, eye wònɔ bibim kple ŋusẽ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ ale be dua katã tsrɔ. Anyigbaʋuʋu sia va eme le azã gãa ɖe ɖuɖu me, esi gbedoxɔwo kple sista-kpɔwo yɔ kple azãɖulawo, eye ame ʋɛa ɖewo koe tsi agbe.- Encyclopedia Americana. Art. “Lisbon” note (ed 1831). UGL 278.3

Vɔvɔ, si dze amewo dzi la, mele gbɔgblɔ o. Amea ɖeke hã mete ŋu le avi fam o, elabe nudzɔdzɔ la kpẽ wú avifafa. Amewo le du dzi tso afii yi afi kemɛ, kple vɔvɔ, hele ŋgonu kple akɔta ƒom, le gbɔgblɔm be: “Ve mía nu”, “Xexeame le nu wum!” Vidadawo gblẽ wo viwo ɖi, le du dzi, helé atitsoga ɖe asi. Nublanuitɔe, ameha gãa ɖe, si du yi ɣla ɖe gbedoxɔwo me. Wokɔ sacramento la ɖe dzi dokpoe, dzodzroe nublanuitɔ siawo tsyɔ̃ akɔ ɖe altarowo dzi. Kpetatawo, nunɔlawo, dumevi bubuwo, wo katã tsrɔ̃ esi gbedoxɔwo mu tsyɔ̃ wo dzi. Wosusu be ame akpe blaasieke tsrɔ̃ le vɔvɔ̃ ŋkeke ma dzi. UGL 279.1

Abe ƒe blaeve vɔ atɔ̃ ene le nudzɔdzɔ sia megbe la, dzesi evelia, si ŋu nyagblɔɖi la ƒo nu le, si nye ɣe kple ɣleti ƒe vivitidodo la, hã va eme. Nusi wɔ dɔ ɖe ame dzi le nyagblɔɖi sia me la enye be nuwo va eme le ɣeyiɣi, si wogblɔ la, tututu. Le eƒe dzeɖoɖo kple nusrɔlawo me le Amito la dzi, esi wòƒo nu tso fukpekpe ɣeyiɣi, si me Hame la le toto ge ŋu le Papawo ƒe ƒe 1260 ƒe ameyometiti, si ŋu wògblɔ le be woaɖe le ŋkeke siawo me la, egblɔ dzesia ɖewo, esiwo le ŋgɔ do ge na eƒe vava la, eye wòɖo ɣeyiɣi na dzesi gbãtɔa ƒe mevava. “Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o.” (Marko 13:24). Ŋkeke 1260, si nye ƒe 1260 le nyagblɔɖi gɔmeɖeɖea nu la, wu nu le ƒe 1798 lia me. Yometitiawo nu tso, ƒe 25 do ŋgɔ. Ekem, le Aƒetɔ la ƒe nya nu la, ɣe ƒe viviti dodo la ava le ɣeyiɣi eveawo dome. Nyagblɔɖi sia va eme le 19 Mai 1780. UGL 279.2

Viviti ŋkeke, si va eme le ɣleti Damɛ 19 le ƒe 1780 lia me, ne mele tɔxɛ kekeake o hã, nye nusi wɔ nuku geɖe wú wo katã. Amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme keŋkeŋ vaseɖe egbea o…Viviti manyagblɔa ɖe do ɖe dziŋgɔli la katã kple New England ƒe ya me katã.- R. M. Devens, Our first Century, p. 89.- wode dzesii be zã-do-keli sia metso ɣe-lé-ɣleti ƒe wɔnaa ɖeke gbɔ o, elabena esusɔ vie ko ɣleti la nade blibo. Metso alilikpowo ƒe agbɔsɔsɔ gbɔ o, eye menye yame ƒe babla sɔgbɔ hã o, elabena le vivitiawo me le teƒea ɖewo la ɣletiviwo le keklẽm. Dzinuvimekpɔla Herschel, si nɔ nu ƒom tso alesi amegbetɔ ƒe nunya gã mete ŋu kpɔ gɔmeɖeɖea ɖeke na nudzɔdzɔ sia o la, gblɔ be: ” Anyiehe Amerika ƒe ŋkeke doviviti la nye dzɔdzɔme ƒe nu-vaemewo dometɔ ɖeka, si ŋuti susuɖela gãwo tɔtɔ le wo ɖokui me le.” UGL 279.3

“Viviti la ƒe takeke la lolo. Wokpɔe le New England ƒe ɣedzeƒe duwo me; le ɣetoɖoƒe gome la, eyi ɖe keke Connecticut ƒe adzɔge nutowo me kple Albania ƒe du me le New York. Le dziehe la, exɔ ƒuta-duwo keŋ, eye woxɔse be egbɔ du tsotsowo ƒe liƒowo ŋu yi ɖe afisi womenya o la. Viviti la nɔ anyi le Boston gaƒoƒo wuiene alo wuiatɔ̃ sɔŋ, alo awú ŋutɔ gɔ̃ hã” . UGL 280.1

“Ŋu nyuia ɖe ye ke ŋdi ma, eye xexea me kɔ; ke tso ga enyi ko la, nu wɔnukua ɖe le dzedzem le ɣe la me. Alilia ɖeke menɔ anyi o, gake ya la me kpẽ, nɔ litii abe dzudzɔ ene, eye keklẽ aŋutiɖiɖia ɖe ƒo xlã ɣe la, eye wòle tɔtrɔm yibɔ vivivi vaseɖe esime ɣe la bu keŋkeŋ.” Alea ye zã ga wuieve ƒe viviti do blibo le ŋdɔ ga wuieve me.” UGL 280.2

Nudzɔdzɔ sia ɖo vɔvɔ̃ na ame geɖewo ŋutɔ keke vakɔ ɖe lãwo hã dzi. Koklowo nɔ du dzi yi ɖe woƒe kpowo me, xeviwo ɖo woƒe atɔwo me, eye aƒemelãwo yi woƒe dɔƒewo. Wole akpɔkplɔbitowo kple adze-xewo ŋkɔ sem. Koklotsuwo le atɔ kum abe ŋue le keke ge ene. Agbledelawo gblẽ woƒe dɔwo ɖi. Dɔ sia dɔ nu tso, eye akaɖiwo dze bibi le aƒewo me. Connecticut ƒe sewɔƒe, si le ƒuƒoƒo me le Hartfort ɣemaɣi la, tso takpekpe la. Nusianu le zãdodo ƒe nɔnɔme wɔnublanuia ɖe me. Ke abe gaƒoƒo eve do ŋgɔ na ɣetrɔ gbɔ la, keklẽ via ɖe va, eye ɣe la dze le afú yibɔa ɖe me. “Ke le ɣeyiɣi suɛa ɖe megbe la, viviti la gatrɔ va kple babla kɔtɔɔ wú tsã, si na be zã ƒe mamame gbãtɔ ƒe dodo la ɖo vɔvɔ̃ ŋutɔ, eye ame million siwo kpɔe la gblɔ be etɔgbi menɔ anyi kpɔ o. Tso ɣetoɖoɣi vaseɖe zã ga wuieve la, keklẽ ƒe alɔdzea ɖeke meŋɔ̃ dziƒolilia o, eɖanye ɣleti alo ɣletiviwo o. Woyɔe be vivitiwo ƒe nyɔnyrɔ.” Ɖaseɖila, siwo kpɔ nusia teƒe la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Le gaƒoƒo ma me la, mesusu le ɖokuinye me be ne viviti tsyɔ̃ xexea katã ƒe nu keklẽwo dzi, alo be woƒe ɖeke meli o la, viviti la magate ŋu ado wú esia o.- Samuel Tenney of Exeter, New Hampshire, December1785 (in Massachussets Historical Society Collections, 1792, 1st series, vol. 1p. 97) To gbɔ be ɣleti la le blibo zã ma me hã la, mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖe ku ƒe vɔvɔli ma, si tsyɔ̃ xexeame dzi la, dzi o. Viviti la klo ɖa le zã ga wuieve me, eye esi ɣleti dò la, enɔ abe ʋu ene. … UGL 280.3

Woŋlɔ̃ ƒe 1780 ƒe ɣleti atɔlia ƒe ŋkeke 19 lia ƒe nyawo ɖe ŋutinya-gbalẽwo me kple ŋkɔ sia be “Ŋkeke-do-viviti” la. Tso keke Mose ƒe ŋkekewo dzi la, womegakpɔ zãdo-kelia ɖeke, si nɔ yibɔ, keke ta, eye wodidi abe esia ene o. Nusi wogblɔ tso eŋuti la koe nye be enye gbeɖiɖi tso Mawu gbɔ, si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ, ƒe alafa blaeve vɔ atɔ̃ hafi wòvadzɔ la. “Ɣe ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava do.” (Yoel 3:4) (Joel 2:31) UGL 281.1

Kristo bia tso eƒe nusrɔlawo sí be woanɔ ŋudzɔ, alé ŋku ɖe yeƒe tɔtrɔva ƒe dzesiawo ŋu, eye ne wode asi eme vava la, woakpɔ dzidzɔ be yewo ƒe Fia la gogo. “Ke ne nusiawo de asi emevava la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.” Ehe eƒe nusrɔlawo ƒe susu va atiwo gbɔ ne wole aŋgbawo tom le seƒoɣi la, eye wogblɔ na wo be: “Ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si bena dzomeŋɔli le ɖoɖom. Nenemake miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena Mawufiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:28,30,31) UGL 281.2

Ke esi dada kple gotanuwɔwɔ le teƒe xɔm blewu le bɔbɔenyenye kple mawusosroɖa sí le hamea me la, lɔlɔ̃ na Kristo kple eƒe tɔtrɔva dzixɔse hã nu le tsitsim ɖɔɖɔɖɔ. Esi wònye be wokplɔ xexeame kple eƒe vivisesewo ɖo la, amesiwo xɔ ŋkɔ be kristotɔwo la ŋlɔ Ɖela ƒe nuxlɔamenyawo ku ɖe eƒe vava ŋuti la be. Womegatsɔ ɖeke le me na eƒe vava zi evelia ƒe nufiafiawo o. Wotsɔ gɔmesese totro de viviti Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe kpupkui, siwo ƒo nu tso eŋuti la me, eye, le nuwuwu la, woŋlɔ wo be keŋ. Ale wònɔ na Amerika ƒe hameawo. Ablɔɖe kple dzidzeme, si wokpɔ, ŋukeklẽ na kesinɔnuwo kple nu dzaniwo na be wokplɔ ga didi vivivo ɖo. Ŋkɔ gã xɔxɔ, kple ŋusẽ kpɔkpɔ, siwo dze abe wole asitsɔƒe na wo ene la, kplɔ wo yi ɖe ŋutete wɔwɔ kple mɔkpɔkpɔ na agbe sia me ƒe nudidiwo gbɔ, ale be wokpɔ ŋkeke gã, si dzi xexeame kple emenuwo le tsɔtsrɔ̃ ge le la, abe nusi le ŋgɔ boo la ene. UGL 281.3

Esi Ɖela nɔ nu ƒom na eƒe nusrɔlawo le eƒe tɔtrɔva dzesiwo ŋuti la, egblɔ nya ɖi ku ɖe xɔse ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ, si anɔ anyi, kpuie hafi wòatrɔva la ŋuti. Abe le Noah ƒe ɣeyiɣiwo me ene la, woakpɔ amewo anɔ dɔ dzi, asitsatsa anɔ edzi yim, eye woadze dzidzɔkpɔkpɔ yome. Woanɔ nuƒeƒle kple nudzadzra dzi, anɔ nu ƒãm, anɔ xɔ tum, woanɔ srɔ̃ ɖem, anɔ woviwo tsɔm na srɔɖeɖe. Woaŋlɔ̃ Mawu kple agbe, si gbɔna la be. Kristo le nyanya nam amesiwo anɔ agbe le ɣeyiɣi siawo me be: “Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.” “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.” (Luka 21:34,36) Ɖela gblɔ nɔnɔme, si me Hame la anɔ ɣemaɣi : « … menya wò dɔwɔwɔwo” bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku. » (Nyaɖ. 3:1). Wole toklã vevie sia hã nam amesiwo medi be yewoaɖe asi le yewoƒe ŋutilã me ƒe dedienɔnɔ ŋu o la: “Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye mànya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.” (Nyaɖ. 3:3). UGL 282.1

Ehiã be woana amewo nanya xaxa, si le ŋgɔ na wo la, ale be woate ŋu adzra ɖo na nu gã, siwo le dzɔdzɔ ge le amenuveɣeyiɣia ƒe nuwuwu la. Mawu ƒe Nyagblɔɖila la gblɔ nya sia be: “…Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?” (Yoel 2:11). Amekae ate ŋu anɔ te ɖe amesia ƒe vava nu? “…Amesi ƒe ŋkuwo dza, be mate ŋu akpɔ nu vɔɖi wɔwɔ o..”(Hab. 1:13). Na amesiwo le ɣli dom be: “Nye Mawu… míedze si wò..” gake “wosẽ to ɖe nye Seawo ŋu” hetsɔa “mawu bubuwo ɖɔa li Mawu” (Hosea 8:2, 1; Ps.16:4) eye wole makɔmakɔnyenye ɣlam ɖe woƒe dziwo me, hele lelém ɖe madzɔmadzɔ ƒe mɔwo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋkeke la anye viviti. “Ɖe menye vivitie nye Yehowa ƒe ŋkeke la, eye menye kekeli oa, ɖe menye blukɔ wònye, eye eme mekɔ oa?” (Amos 5:20). “Le ɣemaɣi la màtsɔ akaɖi atsa le Yerusalem, eye mahe to na amesiwo katã ɖo ƒã ɖi hele gbɔgblɔm le woƒe dzi me bena: Yehowa mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.” (Zefanya 1: 12, ). “Matu xexeame ƒe vɔɖiwɔwɔ kple ame vɔɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.” (Yes 13:11) “Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo o…woaha woƒe kesinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo..” (Zefanya 1:18,13) UGL 282.2

Esi wònɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe ŋuti bum kpɔ la, Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ be: “Mele togotogoe ƒom le vevesese ta…nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem. Gligbagbã tsia ɖe wo nɔewo nu, elabena wogblẽ anyigba blibo la..” (Yer. 4:19,20) UGL 283.1

“Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbee, aƒedoɖigbe kple nugblẽgbee, blukɔ kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee, lãdzo kple kpẽkugbe wòanye..” (Zefanya 1:15,16). ” Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ̃ la gbɔna..ne wòado gbegbe anyigba la, eye wòatsrɔ̃ nuvɔwɔlawo ɖa le edzi.” (Yes. 13:9) UGL 283.2

Hena eƒe ŋkeke gã la, Mawu le nu xlɔ̃m eviawo le eƒe Nya la me, kple nyati vevie, siwo me kɔ nyuie be, woado go le woƒe gbɔgbɔme ƒe alɔ̃dɔdɔ̃ me, eye woadi yeƒe ŋku me le dzimetɔtrɔ kple bɔbɔenyenye me. “Mi ku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!...” “... Miɖo nutsitsi-dɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe. Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vinɔwo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me. Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la dome. Mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye! Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.” (Yoel 2:1, 15-17, 12,13) UGL 283.3

Ele be ɖɔɖɔɖo gãa ɖe nava me, ale be woadzra dukɔa ɖe, si ate ŋu anɔ te le Mawu ƒe ŋkeke la dzi la ɖo. Aƒetɔ la kpɔ be kristotɔ geɖewo mele dzadzram ɖo na agbe mavɔ la o, eye, le eƒe amenuve me la, ena nyanya wo ale be woado le woƒe alɔ̃dɔdɔ me, eye woadzra ɖo na Aƒetɔ la. UGL 283.4

Wona mí toklãnya sia le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa, ta wuienelia me. Enye gbedasi etɔ̃ƒoƒu, eye abe dzesidonu ene la, dziƒodɔlawoe le gbeƒã la ɖem, kasia Amegbetɔvi la dze gbeƒãɖeɖeawo yome, heva be yeaŋẽ “anyigba la ƒe nukuwo”. Gbedasi gbãtɔ le nyanya nam ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkekea ƒe vava ŋu. Nyagblɔɖila la kpɔ dɔlaa ɖe “le dzodzom le dziƒo titina eye wòle Nyanyui mavɔ la ɖe asi be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔsubɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔgaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” (Nyaɖ. 14:6,7) UGL 284.1

Wogblɔ be gbedasi la nye Nyanyui mavɔ la ƒe akpaa ɖe. Menye dziƒodɔlawo wotsɔ gbeƒãɖeɖe la na o, ke amegbetɔwo boŋ. Wona be dɔlawo nakplɔ dɔ sia wɔwɔ. Wole ɖoɖo gãwo nu na amegbetɔ ƒe ɖeɖe. Gake Nyanyui mavɔ la ƒe gbeƒãɖeɖe dɔ la ŋutɔ nye Kristo ƒe subɔla, siwo le anyigba dzi la tɔ. UGL 284.2

Amesiwo atsɔ gbeƒãɖeɖe siawo na xexea la nye mawusubɔla, siwo wɔna ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe ɖeɖefiawo kple eƒe Nya la ƒe nufiafiawo dzi. Wonye amesiwo tsɔ ɖe le me na Nyagblɔɖilawo ƒe nyateƒenya, kple na “akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe” la. (Petro II, 1:19) Wodi sidzedze Mawu wú kesinɔnu ɣaɣlawo, esi wokpɔ be “enyo wú klosaloƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta” la. (Lod. 3:14). Eyata Aƒetɔ la ɖe fiaɖuƒeamenu gãgãwo fia wo. “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔnɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.” (Ps. 25:14) UGL 284.3

Menye hamea kplɔlawoe nya Nyateƒe sia, heɖe gbeƒãe o. Nenye gbetakpɔla wɔnuteƒe wonye, le Ŋɔŋlɔawo me dzrom vevie kple gbedodoɖa la, anye ne wonya zã ƒe gaƒoƒo la. Anye ne nyagblɔɖiawo ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔge la fia wo. Ke menɔ na wo alea o, eye wotsɔ gbedasi la na ame hatsotsoe bubu. Yesu gblɔ be: “Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o.” (Yoh.12:35). Amesiwo te ɖa le kekeli, si Mawu na wo la gbɔ, alo metsɔ ɖeke le me na edidi, le esime wòle woƒe asitsɔƒe o la, wogblẽ wo ɖe viviti me. Gake Ɖela gagblɔ nya sia be: “...Amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.” (Yoh. 8:12). Amesi le dzɔdzɔe le dzi me, si di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔnu, eye wòlé kekeli, si wonae la, me ɖe asi vevie la, agaxɔ kekeli ɖe edzi. Woadɔ ɣletivia ɖe, si le keklẽm kple dziƒo kekeli la ɖo ɖe luʋɔ sia be wòakplɔe le Nyateƒe la katã me. UGL 284.4

Le Kristo ƒe vava gbãtɔ me la nunɔlawo kple nuŋlɔlawo le du kɔkɔe la me, siwo wotsɔ Mawu ƒe ɖeɖefiawo de asi na la, ate ŋu ke ɖe ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo ŋu, eye woaɖe gbeƒã Mesia, si ƒe ŋugbe wodo la, ƒe vava. Mixa ƒe nyagblɔɖi la ƒo nu tso afisi woadzii le la ŋuti: (Mixa 5:2). Daniel ya gblɔ ɣeyiɣi, si wòava la (Daniel 9:25). Mawu tsɔ nyagblɔɖiawo de asi na Israel ƒe kplɔlawo. Taflatsɛa ɖeke meli na wo, ne womegblɔ na dukɔa be Mesia ƒe vava la gogo o. Woƒe numanya tso ɖekematsɔleme ƒe fɔɖiɖi me. Yudaviwo lí ŋkuɖoɖzikpe anyi na nyagblɔɖila, siwo wowu la, le esime wonɔa kafukafu tsɔm na Satana ƒe dɔtsɔlawo to bubudede anyigbadzi-megãwo ŋuti me. Esi wònye be xexeame ƒe bubu kple amegbetɔ ƒe ŋusẽ didi vevie xɔ woƒe susuwo me la, woŋlɔ̃ bubudeameŋu, si Dziƒo-Fia la tsɔ na wo la be. UGL 285.1

Ɖe wòle be Israel-megãwo natsɔ veviedodo kple bubu deto asrɔ̃nu tso teƒe, ɣeyiɣi kple nɔnɔme, si me nudzɔdzɔ gãtɔ kekeake le xexea ƒe ŋutinya me, si nye Mawuvi la ƒe vava be yeavawɔ amegbetɔ ƒe ɖeɖedɔ la, ŋuti hafi. Ɖe wòle be Israelviwo katã nanɔ ŋudzɔ, ale be woanye ame gbãtɔ, siwo ado dza na xexea ƒe Ɖela hafi. Nukae dzɔ? Mɔzɔla eve, siwo ŋu ɖeɖi té la, ɖi tso Nazaret ƒe togbɛwo dzi, hege ɖe Betlehem. Wozɔ to du la ƒe mɔ xaxɛ la dzi, yi ɖe keke eƒe ɣedzeƒe gome ƒe nuwuwu ke, hele gbɔɖemeƒea ɖe dim le zã, si do la me. (299) Ʋɔtrua ɖeke meʋu be woage ɖe eme o. Ke mlɔeaba la wokpɔ blanui bebeƒea ɖe le agbadɔa ɖe, si wotu na lãwo la té, eye afima wodzi xexeame ƒe Ɖela la le. UGL 285.2

Dziƒodɔlawo kpɔ ŋutikɔkɔe, si me Mawuvi la nɔ kple Fofoa do ŋgɔ na xexeamewɔwɔ, eye wokpɔ mɔ na eƒe anyigbadzi vava vevie, abe nudzɔdzɔa ɖe, si ahe dzidzɔ va na dukɔwo katã ene. Woɖe dɔlaa ɖewo be woatsɔ Nyanyui sia yi na amesiwo le klalo axɔe la, ale be woawo hã woayi ɖa mãe kple dzidzɔ na anyigbadzinɔlawo katã. Kristo bɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòlɔ xɔ amegbetɔ ƒe nɔnɔme. Ele nɛ be wòaxɔ amegbetɔ ƒe fiƒode ƒe agba mavɔ, si wòhe va eɖokui dzi to eƒe tonumase me la, ɖe eɖokui dzi, to eƒe agbe tsɔtsɔ na ɖe nuvɔ̃ ta la me. Ɖee dɔlawo di be, le eƒe ɖokuibɔbɔɖanyi me hã la, Dziƒoʋĩtɔ ƒe Vi la nadze le agbetɔwo ƒe ŋku me le eƒe gãnyenye kple ŋutikɔe, si nye etɔ la me hafi. Wobia wo ɖokui se be ɖe Israel ƒe dumegãwo aƒo ƒu le fiadu la me akpee le eƒe vava mea? Ɖe mawudɔlawo ƒe legio legiowo anɔ afima aɖee fia ameha gã, si aƒo ƒua? UGL 285.3

Dɔla ɖeka ɖi tsa va anyigba dzi be yeakpɔ amesiwo le klalo axɔ Yesu la. Ke mekpɔ mɔkpɔkpɔ ƒe dzesia ɖeke o. Mese akpedada kple dziɖuɖu ƒe haa ɖeke o, gbeɖiɖia ɖeke mele eƒe dzidzɔ ɖem fia be gaƒoƒo la ɖo azɔ na Mesia ƒe vava o. Dɔla la sa gba vie le Du-kɔkɔe la dzi, eye wòyi ɖe gbedoxɔ la hã dzi, afisi, le ƒe alafalafawo me, Mawu ɖe eƒe amegbɔnɔnɔ ƒe dzesiwo fia le. Ke afisia hã, ɖekematsɔleme ƒe nɔnɔme koe li. Nunɔlawo le vɔsa makɔmakɔwo wɔm le aglotutu kple dada me. Farisitɔwo le nu ƒom na dukɔ la le ʋunyaʋunya me, alo le gbe dom ɖa kple ɖokuiŋudzedze le mɔa ɖe ƒe dzogoe dzi. Le fiasãwo me, le susuɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo me, le rabiwo ƒe sukuwo, afia ɖeke meli, si wole ŋku ɖom nuku nudzɔdzɔ, si na dziƒo yɔ kple dzidzɔ kple kafukafu hawo, si nye be amegbetɔwo ƒe Ɖela le xexeame vam la o. UGL 286.1

Dzesia ɖeke mele afia ɖeke, si fia be wole Kristo lalam o. Womewɔ dzadzraɖoa ɖeke na Agbe Fiavi la xɔxɔ o. Nuawo katã wɔ nuku, eye wògaɖo vɔvɔ, na dziƒo ƒe amedɔdɔ sia, eye wòɖo be yeadzo ayi na akɔŋta tso ŋukpẽnanu, siwo yevakpɔ la ŋu. Kasia, eke ɖe alẽkplɔlawo ƒe hatsotsoa ɖe ŋu wole alẽwo ŋu dzɔm le zã me. Wolí ŋku ɖe dziƒoɣletiviwo ŋu hele ŋugble dem tso nyagblɔɖi, si ƒo nu tso Mesiaa ɖe si, le anyigbadzi va ge la ŋuti, eye wonɔ mɔ kpɔm na xexea ƒe Ɖela la vevie. Ke amewo li, siwo dzra ɖo ɖi axɔ dɔla sia ƒe gbedasi la. Enumake Aƒetɔ la ƒe dɔla la dzé na wo, eye wòɖe dzidzɔ Nya la na wo. Dziƒo ƒe ŋutikɔkɔe la klẽ ɖe gbea katã dzi. Dɔla, siwo ŋu xexlẽme mele o la dzé na wo, eye abe ɖe wole gbɔgblɔm be Nyanyui sia lolo akpa na dɔla ɖeka ƒe gbɔgblɔ la, gbeɖiɖi manyagblɔwo ɖi sesiẽ kple dzidzɔha, si ɖeɖekpɔlawo ƒe dukɔwo avadzi gbeɖeka la: “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; ” (Luka 2:14) UGL 286.2

Nusɔsrɔ̃ kae mele Betlehem ƒe nuku ŋutinya sia me na mí oa! Nukae womagblɔ tso míaƒe dzimaxɔse, dada kple ɖokuiŋudzedze ŋu oa! Ŋusẽ kae ŋutinya sia metsɔ le nyanya nam mí be míanɔ ŋudzɔ, be míaƒe ɖematsɔleme vɔɖi la nagakplɔ mí yi ɖe nuwuwu ƒe dzesiwo manya gbɔ, eye ɣeyiɣi si, Mawu adi mí kpɔ la, nagayi ɖe mí oa! UGL 287.1

Menye Yudea ƒe togbɛwo dzi, le alẽkplɔla, bɔbɔenyenye-me mawo dome koe dɔlawo kpɔ luʋɔ, siwo le Mesia lalam le la o. Amea ɖewo hã li, siwo nye trɔsubɔlawo. Wonye ɣedzeƒe ƒe nunyalawo, hotsuitɔwo, bubumewo kple susuɖelawo. Nunyala siawo, siwo nɔa ŋku lém ɖe dzɔdzɔme nuwo ŋuti la, ke ɖe Mawu ŋuti le eƒe dɔwɔwɔwo me. Esi wonɔ Hebriviwo ƒe Ŋɔŋlɔawo xlẽm la, woke ɖe ŋu be Ɣletivia ɖe le dodo ge tso Yakob me, eye wonɔ mɔ kpɔm vevie na amesi avanye “akɔfafa”, menye na Israel ɖeɖe o, ke anye “kekeli, si aklẽ na trɔsubɔlawo”, eye wòatsɔ ɖeɖekpɔkpɔ ayi “anyigba ƒe seƒe ke”. (Luka 2:25, 32; Dɔw. 13:47). Wonɔ Kekeli la dim, eye keklẽ tso Mawu ƒe fiazi la gbɔ hekɔ ɖe mɔ, si woato la dzi. Le esime Yerusalem ƒe rabi, siwo nye dzikpɔla na Nyateƒe, si gɔme wòle be woaɖe na amewo la, bú ɖe viviti, si ƒo xlã wo me la, ɣletivi, si wodɔ tso dziƒo la, le ɣedzeƒe mɔzɔla siawo kplɔm ɖo ta afisi wodzi Fiavi la le. UGL 287.2

Ekema amesiwo le elalam na ɖeɖekpɔkpɔ la, woawoe Kristo ava na zi evelia, “maganye ɖe nuvɔwo ta o.” (Hebri. 9:28). Abe le Kristo ƒe vava gbãtɔ me ke ene la, wometsɔ eƒe tɔtrɔva ƒe gbedasi la na hamea kplɔla xɔŋkɔwo o. Womelé woƒe ɖekawɔwɔ kple Mawu me ɖe asi o, eye wogbe eƒe kekeli la. Eyata womele amesiwo Apostolo Paulo le nya, si gbɔna la gblɔm na dome o: “Ke miawo, nɔviwo, miele viviti me bena ŋkeke la naɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o; elabena mi katã mienye kekeli viwo kple ŋkeke viwo; mienye zã alo viviti tɔ o.” (Tesa.I, 5:4,5). UGL 287.3

Gbetakpɔla, siwo le Ziɔn ƒe gliwo ta la, woe anye ame gbãtɔ, siwo axɔ Kristo ƒe vava ƒe Nyanyui la ɖe akɔ, ame gbãtɔ, siwo akɔ gbe dzi aɖe gbeƒã eƒe vava kpuie la, ame gbãtɔ, siwo ana nyanya amewo be woadzra ɖo na eƒe vava la. Gake gbetakpɔlawo vo le woɖokui me, le drɔe kum ŋutifafa kple dedienɔnɔ le esime dukɔ la le alɔ̃ dɔm le eƒe nuvɔwo me. Yesu kpɔ hame la abe gboti matseku, si vu kple ɖokuiŋudzedze ƒe aŋgbawo, to gbɔ be kutsetse xɔasia ɖeke mele edzi wo hã. Wogale gota subɔsubɔ kɔnuwo wɔwɔ dzi kple dada, le esime bɔbɔenyenye, dzimetɔtrɔ kple xɔse vavã ƒe gbɔgbɔ, si ko ate ŋu ana woƒe subɔsubɔ adze Mawu ŋu la, ƒe ɖeke kura mele hameviwo me o. Nusiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe amenuvevewo teƒe la woenye gota nu, tofloko gãnyenye, ɖokuitɔdidi kple ametetéɖeto. Hame, si kpɔ gegé la, mía ŋku ɖe nuwuwu dzesiwo. Mawu megblẽe ɖi o, eye meɖe asi le eƒe nuteƒewɔwɔ ŋu o, ke eya ŋutɔe te ɖa le eƒe lɔlɔ̃ la ŋuti. Esi wògbe be yemaɖoto eƒe biabiawo o la, ekema eƒe ŋugbedodowo makpɔ emevava nɛ o. UGL 288.1

Esiawoe nye nusiwo vana godoo, nenye be míetsɔ asixɔxɔa ɖeke na kekeli, si wona mí la o, eye mímewɔ asinukpɔkpɔ, si wotsɔ na mí la, ŋuti dɔ o la. Ne Hamea mezɔ le mɔ, si amenuveve ta ɖi nɛ la dzi, hexɔ kekeli ƒe alɔdze ɖesiaɖe, si wonae la, eye wòwɔ eƒe dɔdasiwo o la, eƒe subɔsubɔ lage ɖe gota nuwɔwɔ ko me, eye mawusosroɖa ƒe gbɔgbɔ vavã la abú keŋ. Nyateƒe sia kpɔ eƒe ɖeɖefia zi geɖe le hamea ƒe ŋutinyawo me. Mawu bia tso viawo si be woƒe xɔse dɔwɔwɔwo kple toɖoɖo nasɔ kple yayra kple asinukpɔkpɔ, siwo wona wo la. Toɖoɖo hiã vɔsa wɔwɔ kple atitsoga tsɔtsɔ; esia tae Kristo yomedzela geɖewo gbe dziƒo kekeli la xɔxɔ eye, abe tsã ƒe Yudaviwo ene la, womenyana “ɣeyiɣi, si Mawu adi wo kpɔ la o”. (Luka 19 :44). Le woƒe dada kple dzimaxɔse ta, Ɖela la to wo ŋu yii, heɖe eƒe Nyateƒe la na amesiwo, abe Betlehem ƒe alẽkplɔlawo kple ɣedzeƒe ƒe nunyalawo enea, wolé ŋku ɖe Nyateƒe, si woxɔ la ŋuti. UGL 288.2

-------