Go to full page →

3—MEGBEDEDE LA — Axa UGL 32

Le eƒe agbalẽ evelia, si wòŋlɔ̃ ɖoɖe Tesalonikatɔwo me la, Apostolo Paulo gblɔ nya ɖi ku ɖe megbedede, si ado go tso papa ƒe dziɖuɖu ɖoɖo anyi me la ŋu. Egblɔ be Kristo ƒe ŋkeke la mava o “negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava hafi, eye woaɖe nuvɔme, si nye gbegblẽvi la ɖe go, amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me, hele eɖokui fiam be yenye Mawu.” Eyi edzi kple nyanyananya sia na nɔviawo be: “sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le dɔ wɔm ŋusẽtɔe xoxo.” (Tesa.II 2:3,4,7) . Tso keke ɣeyiɣi mawo me ke la, ekpɔ nu dada fiafia, siwo ata mɔ na papa ƒe vava la nɔa tatram ɖe Hame la me. UGL 32.1

Sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la dze eƒe dɔ gɔme vivivi, gbã le adza me, kple ɖoɖuizizi me. Ke esi eƒe ŋusẽ nɔ dzidzim ɖe dzi, eye wònɔ gã kpɔm ɖe amewo ƒe gbɔgbɔ dzi la, eyi eƒe beble kple busudɔwɔwɔwo dzi le gaglãgbe azɔ. Alea ye, le manyamanya blibo me kloe la, trɔsubɔsubɔ kɔnuwo dze gege ɖe Kristo ƒe Hame la me. Yometiti dziŋɔ, siwo va Hamea dzi tso trɔsubɔlawo si me la, na be alesi amea ɖewo di be yewoate ɖe xexeame ŋu, awɔ ɖe eƒe numamewo dzi la, nu tsi vie. Gake esi yometitiawo nu tso, eye gota kristosubɔsubɔ vadze gege ɖe fiaɖuƒewo kple fiasãwo me la, eɖe asi le Kristo kple eƒe Apostolowo ƒe gblɔenyenye kple bɔbɔenyenye ŋuti, hedze trɔsubɔlawo ƒe fiawo kple nunɔlawo ƒe atsyɔ̃ gãwo ɖoɖo me. Etsɔ amegbetɔ ƒe susuɖeɖewo kple nuɖoanyiwo ɖɔ li Mawu ƒe Seawo. Konstantino ƒe gota dzimetɔtrɔ le ƒe alafa eneliawo ƒe gɔmedzedze me he dzidzɔkpɔkpɔ gãa ɖe vɛ, eye xexeame do dzɔdzɔenyenye-wu na eɖokui, hege ɖe hame la me. Ale gbegblẽ ƒe dɔwɔwɔ kpɔ ŋgɔdede geɖe le ɣeyiɣi via ɖe ko me. Trɔsubɔsubɔ kpɔ dziɖuɖu le Hamea me azɔ, eye amesiwo yɔ wo ɖokuiwo be Kristo subɔlawo la tsɔ eƒe nudadawɔwɔwo, kɔnuwo kple numaɖinuwo dzi xɔse de woƒe xɔse vavã kple subɔsubɔ me. UGL 32.2

Xɔlɔdzedze, si va trɔsubɔsubɔ kple kristosubɔsubɔ dome ƒe metsonu enye “nuvɔ-me” la ƒe ŋgɔdede kpɔkpɔ, si ŋu woƒo nu tso le nyagblɔɖi me be atsi tre ɖe Mawu ŋuti, ahado eɖokui ɖe dzi yi ɖe eƒe ta me ke la. Subɔsubɔ dada ƒe nuɖoanyi gã sia nye Satana ƒe ŋusẽ ƒe aɖaŋudede kɔkɔtɔ kekeake: eƒe ŋutetewo katã ƒe ƒuƒoƒo hena anyinɔnɔ ɖe xexeame ƒe fiazi dzi ale be wòate ŋu akplɔ xexeme sia alesi wòdzro la. UGL 33.1

Tsã la, Satana dze agbagba be yeawɔ ɖeka kple Kristo. Eyi ɖakpɔ Mawuvi la le tetekpɔ-gbeadzi, eye esi wòtsɔ xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔewo fiae la, egblɔ nɛ be nusiawo keŋ azu etɔ nenye be eda asi ɖe viviti-fiavi, si yenye la ƒe dziɖuɖu dzi. Ke Kristo blu ɖe tela ɖokuiŋudzela sia ta, eye wònyae ɖa le eɖokui gbɔ. Gake, nublanuitɔe, Satana kpɔa dziɖuɖu geɖe nenye be etsɔ tetekpɔ ma ke va amegbetɔ gbɔ. Be xexeame ƒe gomekpɔkpɔ kple bubudeameŋu nasu ye si la, Hamea di xexeme-megãwo ƒe kpekpeɖeŋu, eye esi wògbe nu le Kristo gbɔ to esia wɔwɔ me vɔ la, eyi edzi hebɔbɔ eɖokui ɖe Satana teƒenɔla, si nye Roma ƒe nunɔla gã la ƒe ŋusẽ te. UGL 33.2

Roma hamea ƒe nufiafia gãtɔwo dometɔ ɖeka enye be papa ye nye Kristo Hamea le xexeame godo ƒe tatɔ, si wokpɔna la, amesi wotsɔ ŋusẽ blibo na be wòaɖu fia ɖe episkɔpo kple nunɔla, siwo katã le anyigba dzi la dzi. Gawu esia la, papa tsɔ ŋkɔ kple dzena, siwo nye Mawu ɖeka tɔ la, na eɖokui. Eda ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be “aƒetɔ mawu papa”. Egakpɔa eɖokui abe amesi mateŋu ada vo gbeɖe o la ene, eye wòdi tso amegbetɔwo katã gbɔ be woatsɔ bubu na ye. Bubu, si Satana di be woatsɔ na ye le tetekpɔ-gbeadzi la, egale ebiam egbea to Roma hamea dzi, eye ameha gãwo le gbesɔsɔ me atsɔe nɛ. UGL 33.3

Gake amesiwo vɔa Mawu, eye wodea bubu eŋu la, tsina tre ɖe ɖokuiŋudzedze ƒe biabia sia, si nye vodada ɖe Mawu ŋu la, ŋuti, abe alesi Kristo hã tsi tre ɖe eƒe futɔ vɔɖi, ameblela, ƒe biabia ŋuti ene: “Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Luka 4:8). Mawu megblɔ kpɔ gbeɖe le eƒe Nya la me bena yetia amegbetɔa ɖe be wòanye tatɔ na yeƒe Hame la o. Papa ƒe fiaɖuɖu ɖe hamea dzi nye nusi tsi tre vevie ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋuti. Mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristo ƒe Hame la dzi o, negbe to ameteƒe xɔxɔ to beble kple sesẽnya me ko. UGL 33.4

Papa yomedzelawo tsɔ nya ɖe Protestantetɔwo ŋu madzudzɔmadzudzɔe be woxɔ nu dada fiafiawo dzi se, eye be womã ɖa tso hame la ŋu le tosesẽ me; gake nyatsɔɖameŋu sia trɔ ɖe woawo ŋutɔ ŋu. Woawo ŋutɔe ɖe asi le Kristo ƒe aflaga la ŋuti, eye wode megbe tso “xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã ŋu la..” gbɔ. (Yuda 3) UGL 34.1

Satana nya kɔte be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ana be amegbetɔwo ade dzesi yeƒe alakpawo, eye woado go tso yeƒe ŋusẽ te. To Nya la mee xexeame ƒe Ɖela tsi tre ɖe eƒe aʋawɔwɔ ŋuti le. Ɣesiaɣi, si futɔa alũ ɖe edzi la, Kristo wɔna Nyateƒe ƒe akpoxɔnu la ŋuti dɔ hegblɔna be: “Woŋlɔ̃ ɖi be…”. Eɖoa vɔɖitɔ la ƒe susuɖeɖe ɖesiaɖe ŋu kple Nya la ƒe sidzedze kple ŋusẽ. Le susu sia nu be yeakpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ dzi ɖaa, eye yeaɖo papa, ameteƒexɔla ƒe dziɖuɖu anyi la, ewɔ ŋutete be yeaɣla Nya ɖe amewo ale be womeganya naneke tso Ŋɔŋlɔawo me o. Esi wònye be Biblia doa Mawu ɖe dzi, eye wònana amegbetɔ, si ƒe nunya sẽɖoƒe li na, dzena si eƒe nɔnɔme vavã ku ɖe Mawu ƒe gãnyenye ŋu la, ekpɔ be ehiã be woaɣla Nyateƒe kɔkɔe siawo ɖe wo, alo be woatsrɔ̃ wo gɔ̃ hã. Susu siawo Roma-hamea tsɔ wɔ eɖokui tɔ. Le ƒe alafalafawo me la, womeɖe mɔ be woakpɔ Biblia le amea ɖeke si o. Sedede li be amea ɖeke maxlẽ Biblia o, eye manɔ amea ɖeke si le eƒe aƒe me hã o. Esia na be nunɔla, siwo ƒe agbe me ɖoɖoa ɖeke mele o la, tsɔa woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese, si dzro wo la nana Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia veviwo, ale be wòade woƒe alakpawo dzi. Alea ye xexeame katã kloe vaxɔa papa abe Mawu ƒe teƒenɔla le anyigba dzi ene, eye wotsɔa hamea kple dukɔme dziɖuɖu ƒe ŋusẽwo naa eyama. UGL 34.2

Esi wònye be woɖe Agbalẽ, si kloa nu le eƒe nu vɔɖiwo ŋu, le eŋgɔ la, Satana kpɔ mɔ azɔ be wòawɔ nusiwo katã wòdzro la bɔbɔe. Wogblɔ nya ɖi be papa ƒe dziɖuɖua “aɖo ɖe ta me be yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo.” (Daniel 7:25.) Ke mehe ɖe megbe kura le ŋutetewɔwɔ me na tameɖoɖo sia ƒe mevava o. Kple susu bena yewoatsɔ nane aɖɔ li trɔsubɔla-dzimetrɔlawo ƒe legbawo na wo, ale be woƒe gota dzimetɔtrɔ sia nanɔ bɔbɔe na wo la, wodze nɔnɔmetatawo kple ame kukuwo ƒe ŋutinuwo ƒe subɔsubɔ hehe va Kristo subɔsubɔ wɔnawo me vivivi. Ke le nuwuwu la, hamea ƒe ƒuƒoƒo gãa ɖe ƒe sedede va ɖo kpe trɔsubɔsubɔ ƒe ɖoɖo sia dzi. (Eyae nye Nikea ƒe ƒuƒoƒo le ƒe 787 le Yesu ƒe vava megbe) . Ne wòatsɔ ƒo ta na eƒe dɔwɔnawo na vlododo Mawu la, Roma gatsɔ mawumavɔ̃ ƒe busu kalẽwɔwɔa ɖe heɖe Mawu ƒe Se evelia, si gbe nɔnɔmetatawo wɔwɔ kple woƒe subɔsubɔ la ɖa, eye wòma Se ewolia me ɖe eve ale be woƒe xexlẽme nagade pɛpɛpɛ. UGL 34.3

Hamea ƒe mɔɖeɖe na trɔsubɔsubɔ ƒe wɔnaa ɖewo la na be ɖekematsɔ le me na Mawu ƒe gãnyenye la ganɔ edzi yim, eye wòva zu numame gɔ̃ hã. Satana ho aʋa ɖe Se enelia ŋuti, eye wòdze agbagba be yeaɖe Sabat kɔkɔe la, si Mawu yra, eye wòwɔ kɔkɔe la, ɖa, (Mose I, 2:2, 3) ale be yeado kɔkɔ trɔsubɔlawo ƒe azãɖuŋkeke, si woyɔna be “ɣe ƒe bubuŋkeke” la, ɖe eteƒe. Le gɔmedzedzea me la, womena be tɔtrɔ sia nadze nyuie o. Le ƒe alafa gbãtɔwo me, kristotɔ vavãwo katã wɔna ɖe nyateƒe-Sabat la dzi. Woʋãa ŋu le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu eye, le esime woxɔe se be eƒe Seawo nye Se matrɔmatrɔ la, wolé ɖe eƒe ɖoɖoawo ƒe kɔkɔenyenye ŋu vevie, gake to eƒe dɔtsɔlawo dzi la, Satana wɔ dɔ kple ayedzedze gãa ɖe ɖo ta eƒe tamesusuwo dzi wɔwɔ gbɔ. Le eƒe ɖoɖo be yeahe amewo ƒe susu va ɣe ƒe ŋkekea dzi nu la, wotsɔ ŋkeke sia wɔ Yesu ƒe tsitretsitsi ŋkekenyui ɖuɖu le gɔmedzedzea me. To gbɔ be woɖoe be wòanye dzidzɔkpɔkpɔ ŋkeke hã la, wowɔa subɔsubɔ le edzi, le esime woganɔa wɔwɔm ɖe Sabat vavã la dzi le kɔkɔenyenye me. UGL 35.1

Ne wòata mɔ na eƒe taɖodzinu vɔɖiwo ƒe mevava la, Satana flu Yudaviwo, do ŋgɔ na Kristo ƒe vava, be woawo ŋutɔ nagawɔ ɖoɖo, alo se bubu, siwo sesẽ la, kpe ɖe Sabat Se la ŋuti, ale be edziwɔwɔ vazu agba kpekpea ɖe na wo. Esi wòna be alakpa- dzudzɔgbe ƒe nu navivi amewo nu la, egana hã be woalé fu Sabat vavã la abe Yudaviwo ŋutɔ ƒe nuɖoanyi ene. Gawu la, esime kristotɔwo dze ŋkeke gbãtɔa dzi wɔwɔ abe dzidzɔkpɔkpɔ ŋkeke ene la, egana be woatsɔ Sabat kɔkɔe la wɔ ŋutsitsidɔ̃ ƒe ŋkeke, alebe wòadze abe dzidzɔmakpɔ, blanui kple viviti ŋkeke ene, si ana be amewo agatsri Yudaviwo ƒe subɔsubɔ la ɖe dzi. UGL 35.2

Le ƒe alafa enelia ƒe akpa gbãtɔ me, esime fia Konstantino ganye trɔsubɔla la, eɖe sea ɖe ɖe go be amesiame nawɔ ɖe ɣe ƒe ŋkeke la dzi, wòanye du-zã le Roma fiaɖuƒea katã me. Le eƒe dzimetɔtrɔ megbe la, elé dzo le ɣe ƒe ŋkekea ƒe subɔsubɔ me, eye wògate gbe ɖe eƒe trɔsubɔsubɔ ƒe se gbãtɔ la dzi, le eƒe xɔse yeye la ɖeɖe fia me. Gake bubu, si wotsɔ na ŋkeke sia, mesu be wòaxɔ Sabat vavã la teƒe, eye woanɔ edzi wɔm abe Aƒetɔ la ƒe Ŋkeke kɔkɔe la ene o. Ke ele na futɔ la be wòagawɔ afɔɖeɖe bubu; esiata wòdi be woado kɔkɔ alakpa-dzudzɔgbe la, eye woatsɔ asixɔxɔ ɖeka ƒomevi na wo kple Sabat vavã la. Le ƒe via ɖe, siwo dze Konstantino ƒe sededea yome la, Roma ƒe episkɔpo, (papa Sylvesta, le ƒe 325 le Yesu dzidzi megbe) ɖo ŋkɔ na kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔa be “aƒetɔ la ƒe ŋkeke”. Ke blewu blewu, amewo dze ŋkeke sia kpɔkpɔ abe nusi ŋuti kɔkɔenyenyea ɖe le ene. Gake wogale Sabat, si dzɔ kple xexeame la dzi wɔm. UGL 36.1

Ameblela gã la mekpɔwú dɔ, si wòɖo be yeawɔ la nu haɖe o. Eɖo vevie be yeaƒo kristotɔwo katã nu ƒu ɖe yeƒe aflaga te, eye bena yeawɔ yeƒe ŋusẽ ŋutidɔ to eƒe gɔmenɔla, nunɔla gã dadala, si wɔ eɖokui Kristo teƒenɔla la dzi. Ke eƒe tameɖoɖowo kpɔ emevava to trɔsubɔla, siwo trɔ dzime afã kple afã la, kple nunɔla ŋuklẽlawo, kpakple hame, siwo lɔa xexeame geɖe la dzi. Edziedzi la, wowɔa takpekpe gã, siwo me wokpena hamea ƒe akametiwo tso xexeame godoo la be wokpɔ gome le. Le takpekpe siawo katã kloe me la, woɖiɖina Mawu ƒe Sabat, si eya ŋutɔ ɖo anyi la, ƒe asixɔxɔ, eye wodoa ŋkeke gbãtɔ la ɖe dzi. Ale be le nuwuwu la, wotsɔ bubu blibo la katã na kwasiɖagbe, si nye trɔsubɔsubɔ-ŋkeke la, azɔ abe Mawu ƒe nuɖoanyi ene, eye wotsɔ Biblia ƒe Sabat, si nye memliɖa la, wɔ Yudaviwo ɖeɖe ko tɔ, ale be wokpɔna amesiwo wɔna ɖe edzi la abe amesiwo dze na fiƒode ene. UGL 36.2

Nudadafiala gã la wɔ eƒe ŋutetea katã hedo “eɖokui ɖe dzi, ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu, alo nusi wosubɔna la dzi…” (Tesa.II, 2:4). Vɔvɔa ɖeke manɔmee la, edze agbagba trɔ sedede ɖeka hɔ, si le Seawo dome, ɖe Nyateƒe ƒe Mawu gbagbe la fiaamegbetɔ-ƒomea le blibodede me la. Le Se sia, si nye enelia me la, woɖe Mawu fia abe dziƒo kple anyigba Wɔla ene, eye wòde vovototo eyama kple mawututɔwo dome. Bene wòanye ŋkuɖodzinu na xexeamewɔwɔ la, wokɔ ŋkeke adrẽlia ŋu hetsɔe wɔ dzudzɔgbe na amegbetɔ. Eƒe taɖodzinu enye be wòanɔ ŋku ɖom edzi na amegbetɔ be Mawu gbagbe, si na wole agbe, eye wòle be woatsɔ woƒe nuteƒewɔwɔ kple subɔsubɔ na la, li ɖaa. Satana le eƒe ŋutetewo katã wɔm ale be yeaɖe amegbetɔwo ɖa tso ɖokuibɔbɔ na Mawu kple toɖoɖo eƒe Seawo gbɔ; esia tae wòtsɔ eƒe ŋusẽ la katã tsitre ɖe Se, si ɖe Mawu fia abe xexeme Wɔla ene la ŋuti. UGL 36.3

Le egbe ŋkekeawo me la, Protestantetɔwo le gbɔgblɔm be Yesu ƒe tsitretsitsi le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la na be ŋkeke sia zu kristotɔwo ƒe sabat. Evɔ ɖe ko nya sia mekpɔ kpeɖonudzia ɖeke tso Biblia me o. Kristo ŋutɔ, alo eƒe Apostolowo mede bubu sia ŋkeke gbãtɔ, si nye kwasiɖagbe la ŋuti o. Ŋkeke gbãtɔ dziwɔwɔ abe kristotɔwo ƒe nuɖoanyi ene la kpɔ eƒe dzɔtsoƒe tso “sedzimawɔmawɔ ƒe nyaɣaɣla là” me. (Tesa. II, 2:7) (sedzimawɔmawɔ alo tsitretsitsi ɖe Se ŋuti) sia dze egɔme tso keke Paulo ƒe ɣeyiɣi me ke. Le afika, eye ɣekaɣi Aƒetɔ la da asi ɖe papa dziɖuɖua ƒe ɖoɖo sia dzi? Taflatse vavã ka woate ŋu ado na tɔtrɔa ɖe, si dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o la wɔwɔ? UGL 37.1

Tso ƒe alafa adẽlia me kee papa dziɖuɖua lí eɖokui anyi goŋgoŋ. Etsɔ Roma ƒe fia-du la wɔ eƒe ŋusẽ nɔƒe, eye wotsɔ Roma ƒe episkɔpo la wɔ aƒetɔ ɖe hamea katã nu. Papa dziɖuɖua xɔ trɔsubɔsubɔ teƒe. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã la na lã la. (Nyaɖ. 13:2b). Afii papa-dziɖuɖua ƒe ƒe 1260 ƒe ametéɖeto wɔna, siwo ŋuti woƒo nu tso le Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖiwo me la, (Daniel 7:25; Nyaɖ. 13:5-7) dze egɔme le. Woté ɖe kristotɔwo dzi be woawɔ tiatia: be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ loo, alo woanɔ woƒe agbea katã le gaxɔ kple gume-xɔ dovivitiwo me, woakpɔ ku to fuwɔame me, woatɔ dzo wo, alo woatso ta na wo. Nenemae Yesu ƒe nya, si wògblɔ la kpɔ emevavae: “…Dzilawo kple nɔviŋutsuwo, kple ƒometɔwo kple xɔlɔwo ade mi asi, eye woawu mia dometɔa ɖewo. Eye amewo katã ale fu mi le nye Ŋkɔ la ŋuti. (Luka 21:16,17) . Yometiti, si kɔ ɖe nuteƒewɔlawo dzi la nu sẽ ale gbegbe be etɔgbi menɔ anyi kpɔ o, ale be xexea katã vazu abe aʋagbedzi gã ɖe ene. Le ƒe alafa geɖewo me la enɔ na Kristotɔ ƒe Hame la be wòaɣla eɖokui ɖe adza me, eye wòabu ɖe viviti me. Ale Nyagblɔɖila la gblɔ enye esi: “Eye Nyɔnu la si yi gbe dzi, afisi Mawu dzra teƒea ɖe ɖo ɖi nɛ le, bena wòanyii le afima ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.” (Nyaɖ. 12:6). Roma hamea ƒe dziɖuɖu kpɔkpɔ nye gɔmedzedze na viviti ƒe ɣeyiɣi gã la. Zi alesi eƒe ŋusẽ nɔ dzi yim la, nenema viviti la hã nɔ dodom ɖe dzi. Xɔse, si wotsɔ na Kristo, si nye Gɔmeɖokpe vavã la, wotrɔe na Roma ƒe episkɔpo la. Le esime woatrɔ ɖe Mawuvi la ŋu na nuvɔ̃ ƒe tsɔtsɔke kple agbe mavɔ la, dukɔ la ɖo ta papa kple eƒe nunɔla siwo wòtsɔ ŋusẽ na la gbɔ. Wofia wo be papa enye woƒe nyaxɔɖakɔla le anyigba sia dzi, be amea ɖeke mate ŋu ate ɖe Mawu ŋu negbe to eyama ko dzi o, eye, gawu la, bena eyae nye amesi le Mawu teƒe na wo le anyigba la dzi, eyata ele be woaɖo toe. Amesi ke atra ɖa tso nya siawo gbɔ la akpɔ tohehe sesẽtɔwo kekeake na eƒe ŋutilã kple luʋɔ ŋutɔ gɔ̃ hã. Nenemae woɖe amewo ƒe susu ɖa le Mawu dzi heda ɖe amegbetɔ madeblibo, siwo ate ŋu ada vo bɔbɔe, siwo nye ŋutasẽlawo la dzi, eye le esia wɔwɔ me la wotsɔ wo ɖokuiwo de viviti fiavi, si le eƒe ŋusẽ ŋuti dɔ wɔm to wo dzi la, ƒe kpɔkplɔ te. Ale nuvɔ̃ vaɣla eɖokui ɖe kɔkɔenyenye ƒe awuʋlaya me. Ne eva me be woɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ɖe aga, eye amegbetɔ va le eɖokui kpɔm abe Mawu ene la, nusiwo adze wo yome kpuie koe nye alakpa wɔnawo, amefuflu kple nuvɔ, si ɖia gbɔ ame la. Ne wodo amegbetɔ ƒe sedede kple numamenuwo ɖe dzi gbɔ Mawu ƒe Seawo ta me la, emetsonu koe nyena gbegblẽ, si tsoa nugbegbe le Mawu ƒe Sea gbɔ la me. Kristo ƒe Hamea nɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkekewo me tom ɣemaɣi. Nublanuitɔe la, kristotɔ siwo galé Nyateƒe la ɖe asi la mede ha kura o. To gbɔ be Nyateƒea ƒe ɖaseɖilawo metsrɔna gbeɖe o hã la, ɖe ko wòdzena ɣeaɖewoɣi abe ɖee nudadafiafia kple numaɖinuwodzixɔse le nusianu teƒe xɔm, eye subɔsubɔ vavã la le tsɔtsrɔm keŋkeŋ le anyigba dzi ene. Nyanyui la bu ɖe amewo ; subɔsubɔ kɔnuwo nɔ dzidzim ɖe edzi, eye wonɔ dɔ sesẽwo ɖom na dukɔa. Menye ɖeko wofia amewo be woakpɔ papa abe woƒe nyaxɔɖakɔla ɖeɖe ko ene o, ke wogafia wo hã be woaka ɖe woƒe dɔwɔnawo dzi na woƒe nuvɔwo ƒe tsɔtsɔke. Alea ye wowɔa mɔzɔzɔ didiwo, wɔa akɔfadɔ sesẽwo, subɔna ame kɔkɔewo ƒe ŋutinuwo, tùna gbedoxɔwo, ŋutinu dzraɖoƒewo kple altarowo, alo wodzɔna ga home kpekpẽwo na Hame la. Nusiawo katã nye mɔnu, siwo dzi wotona be yewoatsɔ tsí Mawu ƒe dziku nu, alo be wòakpɔ ŋudzedze le yewo ŋuti, abe ɖee Mawu le abe amegbetɔ, si kpɔa dziku ɖe numaɖinuwo ŋuti, eye woate ŋu afa dzi nɛ to nunana alo akɔfadɔ wɔwɔ me ene. UGL 37.2

To gbɔ be gbegblẽ xɔ afisiafi, eye wòle hamea kplɔlawo dome hã la, ele abe Roma hamea gale ŋusẽ kpɔm ɖe dzi ene. Le ƒe alafa enyilia ƒe nuwuwu la, papa yomedzelawo na be amewo naxɔe se be gbɔgbɔme ŋusẽ, si tsɔm yewo le na yewoɖokui fifia la, nɔ Roma ƒe episkɔpowo si le keke hamea ƒe ƒe alafa gbãtɔwo me hã. Bene alakpa sia nakpɔ ŋusẽ via ɖe la, ele be woatui ɖe aʋatsoɖasea ɖewo dzi. Mesesẽ na aʋatsokafofo la be wòakpɔ mɔnu, si wohiã la na wo o. Nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo kpa aʋatso- UGL 39.1

blema nuŋɔŋlɔa ɖewo na amewo fuflu. Alea ye wobe yewo ke ɖe blemame ƒe takpekpea ɖewo ƒe sededewo ŋuti, takpekpe, siwo ƒe nya amea ɖeke mese kpɔ o la. Le woƒe nyagbɔgblɔnu la, takpekpeawo ɖo kpe papa ƒe fiaɖuɖu le hamea dzi le xexea me godoo tso keke Kristo Hame gbãtɔa ƒe ɣeyiɣi ke. Nenemae hame, si gbe nu le Nyateƒea gbɔ la, xɔ aʋatso sia bɔbɔe kple dzidzɔ. UGL 39.2

Ke nuteƒewɔla sue, siwo nɔ xɔ tum ɖe gɔmeɖokpe vavã dzi la, (Kor.I, 3:10, 11) tɔtɔ le wo ɖokui me geɖe, esi alakpa ƒe gbeɖuɖɔ sia le mɔ xem na Mawu ƒe dɔ la ƒe ŋgɔyiyi. Abe amesiwo nɔ Yerusalem ƒe gliwo ɖom le Nehemia ƒe ɣeyiɣi me ene la, amea ɖewo de gbɔgblɔ ge kloe be “ŋusẽ vɔ le agbatsɔlawo ŋu, eye anyiglãgoawo sɔ gbɔ akpa, eye míate ŋu aɖo gli la o.” (Neh. 4:4) Ame bubu, siwo ŋu ɖeɖi te le ʋiʋli madzudzɔ kple yometiti, beble, nuvɔɖi kple mɔxenu vovovo, siwo ŋu dɔ Satana nɔ wɔwɔm atsɔ xe mɔ na dɔa dzi yiyi la, wo amesiwo nye gliɖola nuteƒewɔlawo keke va ɖo ɣeyiɣi sia la, dzi ɖe le wo ƒo keŋkeŋ azɔ; eye ŋutifafa didi, lelé ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu kple vɔvɔ̃ na woƒe agbe kple dedienɔnɔ na be woɖe asi le woƒe gɔmeɖokpe vavã la ŋuti. Gake ame bubuwo li, siwo futɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe wo ŋuti la meʋuʋu kura o. Amesiawo gblɔ, vɔvɔmanomee be: “Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku Aƒetɔ gã dziŋɔ la dzi, eye miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo kple mia srɔwo kple miaƒe aƒewo ta.” (Neh. 4:8) Ale woyi dɔ la dzi, eye amesiame bla eƒe yi la ɖe ali dzi. (Efeso 6:17) . UGL 39.3

Fuléle kple tsitretsitsi ɖe Nyateƒea ŋuti ƒe gbɔgbɔ ma ke ʋanya Mawu ƒe futɔwo le dzidzimewo katã me, eye wònɔ na eƒe subɔlawo be woanɔ ŋudzɔ le nuteƒewɔwɔ me nenema ke. Kristo ƒe nya, si wògblɔ na eƒe nusrɔlawo la, gale yiyim na amesiwo katã anye eyomedzelawo yi ɖe nuwuwu ke la. : “Ke nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!” (Marko 13:37). UGL 40.1

Ewɔ abe viviti la nɔ gã dom ɖe dzi ene. Nɔnɔmetatawo ƒe subɔsubɔ hã nɔ ŋgɔ dem. Wonɔ dzo dram ɖe kpetatawo ŋgɔ, henɔa gbe dom ɖa na wo. Abunɛ numame, siwo gɔmesese meli na o, ke numaɖinu dzi xɔse ko wonye la, kaka ɖe afisiafi. Ŋkuagbã ƒe fuléle subɔsubɔ, si to vovo na wotɔ la, yɔ woƒe dzi me ale gbegbe be womeganɔa wo ɖokuiwo me le woƒe wɔnawo me o. Esi wònye be nunɔlawo kple episkɔpowo nye amesiwo seselelãme gbegblẽwo doa dzidzɔ na geɖe la, ele bɔbɔe be dukɔ, si kpɔa wo abe woƒe kpɔɖeŋuwo ene la, hã nage ɖe numanya kple gbegblẽ me. UGL 40.2

Wogawɔ afɔɖeɖe ɖeka ɖo ta papa ƒe ɖokuidodoɖedzi gbɔ le ƒe alafa wuiɖekɛlia me, esi papa Gregorio VII ɖe gbeƒã Roma hamea ƒe gãnyenye. Nya siwo wòɖe ɖe go la dometɔ ɖeka enye be, Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo gblɔ be hamea meda vo kpɔ o, eye madae hã gbeɖe o. To gbɔ be eya gblɔ nenema hã la, Biblia meɖo kpe alakpa nya sia dzi kura o. Nunɔla gã, dadala sia, gblɔ hã be ŋusẽ le ye si yeaɖe fiawo le zi dzi, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ atrɔ nusi dzi yeɖo kpe la o, ke ye ɖeka koe kpɔ ŋusẽ atrɔ amesiame ƒe ɖoɖowo. UGL 40.3

Tamesesẽ kple ametetéɖeto ƒe dɛ, si nɔ vomadalanyenye taʋlila sia si la, ƒe kpɔɖeŋu gã ɖeka enye nusi wòwɔ kple Germania-fia Henri IV la. Eɖe fia sia, si tsi tre vɔvɔmanɔmee, ɖe eƒe dziɖuɖu ŋusẽ ŋuti la, ɖa le hamea me, eye wògaɖee ɖa le eƒe fiazi dzi. Fia ƒe ŋutimewo ka hlẽ le eŋuti, hedze aglã ɖe eŋu, le papa ƒe ŋusẽdoamewo nu. Vɔvɔ̃ gãa ɖe dze fia Henri dzi, eye wòkpɔ be ele vevie be yeawɔ ɖeka kple papa-dziɖuɖua. UGL 41.1

Ke ekplɔ srɔa kple eƒe subɔla nuteƒewɔla ɖeka ɖe asi, hedze mɔ to Alpes-towo dome le vuvɔŋɔli, be yeayi aɖe kuku, abɔbɔ yeɖokui ɖe nunɔla-fia la te. Le eƒe Kanosa fiasã, papa nɔƒea, ɖoɖo me la, wokplɔ eya ɖeka pɛ yi ɖe fiasã la ƒe xɔxɔnu, afisi wobia tso esi be woalala le, afɔ ƒuƒlu, naneke matsyɔ̃ ɖe ta, le awu fafla, si mate ŋu ale dzodzo le vuvɔ sesẽ ma me o la me. Ɖokuibɔbɔ ɖe anyi ma me wònɔ hafi woɖe mɔ nɛ be wòage ɖe papa ŋku me. Esi wòle alea hã, mete ŋu kpɔ papa ƒe tsɔtsɔke, vaseɖe esime wòtsi ŋu dɔ̃ henɔ nuvɔ̃ gɔme ʋum ŋkeke etɔ̃ sɔŋ hafi o. Gake le esia megbe hã, ɖeko wòganɔ na fia Henri be wòalala Gregorio ƒe gbeɖeɖe hafi wòaganɔ eƒe fiazikpui la dzi. Dziɖuɖu, si papa sia kpɔ le nya sia me la na be eƒe dada gasesẽ ɖe edzi, eye wògblɔ be yeƒe dɔdasi enye be yeabɔbɔ fia, siwo le wo ɖokui ŋu dzem la ɖe anyi. UGL 41.2

Vovototo gã kae nye esia le nunɔla-fia sia ƒe dada manyagblɔ kple Kristo ƒe ŋutifafatɔnyenye kple bɔbɔenyenye dome, Kristo, si gblɔ tso eɖokui ŋuti be yele amewo ƒe dzi ʋɔtru nu le eƒom, bena yeage ɖe eme, ale be yeahe tsɔtsɔke kple ŋutifafa vɛ na wo la; eye wògblɔ na eƒe nusrɔlawo be: “amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla.” (Mateo 20:27) Esi ƒe alafalafawo vale yiyim la, Roma ƒe nudadafiafiawo ganɔ ŋu sẽm ɖe edzi. Do ŋgɔ na papa-dziɖuɖua ɖoɖo anyi la, trɔsubɔla susuɖela gãwo ƒe nufiafiawo nɔa dɔ wɔm ɖe amewo dzi, eye wonɔa ŋusẽ kpɔm le hamea me hã. Ame geɖe, siwo be yewo trɔ dzi me la, galé woƒe trɔsubɔsubɔ ƒe susuwo ɖe asi, eye womele wo sɔsrɔ̃ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔa ame bubuwo hã fiam, ale be wòanye mɔnu, si dzi yewoato akpɔ ŋusẽ ɖe trɔsubɔlawo dzi. Nusia na be nudadafiafia geɖewo va ge ɖe Kristo dzixɔse la me. Nudadafiafia siawo dometɔ ɖeka enye luʋɔ ƒe makumakunyenye kple amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ le tsiẽƒe. Alakpa siawo dzi Roma tu eƒe gbedodoɖa na amekɔkɔewo kple Maria ƒe subɔsubɔ ɖo. Esia me kee wòto he dzomavɔ ƒe tohehe mavɔ mavɔ ƒe nufiafia gbegblẽ, si zu katoliko xɔsea ƒe akpa vevia ɖe la vɛ. UGL 41.3

Nusiawo katã ta mɔ na trɔsubɔsubɔ ƒe nudadafiafia bubu, si Roma ɖo ŋkɔ na be ŋutiklɔdzo la. Alakpanya sia ɖoa vɔvɔ̃ ŋutɔ na ameha gã, siwo ge ɖe beble kple numaɖinuwodzixɔse me. Aʋatso nya siawo na be amewo xɔe se be fukpekpe teƒea ɖe li na amesiwo medze be woayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me o la, be woaxɔ wo ɖe afima na woƒe nuvɔwo ƒe tohehe xɔxɔ, ale be ne wokɔ wo ŋuti vɔ la, woate ŋu axɔ wo ɖe dziƒo. UGL 42.1

Azɔ ele be alakpa bubu nagado go, si awɔ be Roma nakpɔ gome le vɔvɔ, si nɔa eyomedzelawo me ku ɖe ŋutiklɔdzo ƒenya la kple woƒe agbe vlo nɔnɔ ŋuti la me. Aʋatso sia ku ɖe nuvɔtsɔtsɔke ŋuti. Le nufiafia sia nu la, woate ŋu atsɔ tsɔ, si va yi, egbe kple tsɔ, si gbɔna la ƒe nuvɔwo kple woƒe tohehewo ake amesi ke alɔ̃ ayi aʋa na papa ƒe ŋusẽ ƒe takeke le xexeame, alo na tohehe na eƒe futɔwo kple na amesiwo malɔ̃ be yewoanɔ eƒe ŋusẽ te o la ƒe tsɔtsrɔ. Nenema ke wofia amewo be ne wona ga homea ɖe na hamea ko la, woate ŋu akpɔ tsɔtsɔke na wo ɖokuiwo kple woƒe ame vevi, siwo ku hele fu kpem le dzo me la. Mɔ siawo dzi Roma tona hea ga yɔa eƒe ga-ɖakawo fũu. Alea ye woamawo, siwo be yewonye teƒenɔlawo na Amegbetɔvi, si mekpɔ afisi hã wòada ta ɖo o la, kpɔa mɔnu nɔa kesinɔtɔ gã, gãnyenye kple gbegblẽ ƒe agbe ɖaa. UGL 42.2

Wogatsɔ trɔsubɔsubɔ ƒe misa-vɔsa ɖɔ li Biblia me ƒe nuɖuɖu kɔkɔe ƒe ɖoɖo la. Papa ƒe nunɔlawo gana be woaxɔe se, to numanya ƒe aʋatso wɔnawo me be, yewo trɔna abolo ƒuƒlu kple wein wozua Yesu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu vavã le misa kɔnu la me. Nya sia le kardinal Wiseman ƒe agbalẽ sia me : -.”—Cardinal Wiseman, The Real Presence of the Body and Blood of Our Lord Jesus Christ in the Blessed Eucharist, Proved From Scripture, lecture 8, sec. 3, par. 26. Le agbalẽ sia me la, kardinal sia gblɔ be Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzi be Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu vavã nɔna eukaristia ƒe abolo la me. Le woƒe busu-ʋatsokaka me la, wona be amewo nase egɔme be yewokpɔ ŋusẽ awɔ Mawu, Amesi nye nuwo katã Wɔla la bɔbɔe. Ke ele na Kristotɔwo katã be woaxɔ nudadafiafia dziŋɔ̃ sia, si nye vlododo dziƒo la, dzi ase; eye amesi malɔ̃ ɖe aʋatso sia dzi o la, woatso kufia nɛ. Alea ye ame geɖe, siwo gbe be yewomaxɔ ɖe nya sia dzi o la, wotɔ dzo wo. UGL 42.3

Le ƒe alafa wuietɔlia me la, papa ƒe fuwɔame dɔwɔnu dziŋɔ manyagblɔa ɖe kpɔ emevava. Eya enye “Inquisition” alo xɔse ƒe ʋɔnudɔdrɔ, si viviti-fiavi la ɖo anyi to papa kple eŋutimewo dzi. Satana kple eƒe dɔla vɔɖiwo nɔna amesiawo ŋuti le woƒe takpekpe ɣaɣlawo me, henɔa susu ɖem na ŋutasẽla siawo, le esime Mawu ƒe dɔlaa ɖe hã, si le ɣaɣla ɖe wo katã la, nɔa nusiwo katã dzi wonɔa kpe ɖom la ŋlɔm ɖi. Nusiawo dzi ŋɔ̃ ale gbegbe be, mele be amegbetɔ ƒe ŋku nakpɔ wo o. Ame kɔkɔewo ƒe ʋu nɔ Babilon gã la mum abe aha ene. Ame miliɔn miliɔn, siwo ku ɖe woƒe xɔse ta la, ƒe ʋu le ɣli dom vevie tso anyigba la dzi yi ɖe dziƒo ke, na hlɔ̃ biabia megbedede ƒe ŋusẽ gã sia. UGL 43.1

Papa dziɖuɖua trɔ zu dziɖula ŋutasẽtɔa ɖe ɖe xexeame katã dzi. Fiaviwo kple fia gãwo bɔbɔna ɖe Roma ƒe nunɔla gã la ƒe sededewo te. Ɖe ko wòle abe amegbetɔwo katã ƒe agbe tso ɣamaɣi heyi ɖe mavɔ mavɔ la le eƒe asi me ene. Le ƒe alafalafawo me, woxɔa Roma ƒe nufiafiawo enumake le afisiafi, wowɔa eƒe kɔnuwo dzi kple bubu, eye woaɖua eƒe azãwo hã. Wodea bubu eƒe nunɔlawo ŋuti, eye wosubɔna wo kple ɖokuitsɔtsɔna geɖe. Tso ɣemaɣi ke la, Roma hamea megakpɔ nenem ƒe gãnyenye bubudede kple ŋusẽ ma togbi kpɔ o. Ke le esime, papa ƒe gãnyenye ɖo eƒe kɔkɔƒe gãtɔ kekeake, alo eƒe ŋdɔ ga wuieve me le ɣemaɣi la, xexeame ya nɔ eƒe zã ga wuieve ƒe viviti gã me. —J. A. Wylie, l’Histoire du Protestantisme, liv.1, ch. 4- Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo nye nusi amea ɖeke kloe medze si o, menye le dukɔa ɖeɖe ko me o, ke le nunɔlawo ŋutɔ dome gɔ̃ hã. Abe alesi wònɔ na Farisitɔwo tsã ene la, Roma hamea kplɔlawo hã lé fu kekeli, si aklẽ ɖe woƒe nuvɔwo dzi. Esi wònye be woɖe Mawu ƒe Sea, si nye dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu ɖe aga la, wotso ka le agbe baɖa nɔnɔ me. Ame fuflu, ŋkutsitsi, nu vlo wɔwɔ ɖu fia le afisiafi. Amewo megahea ɖe megbe le nusianu, si woawɔ akpɔ hotsui alo ŋusẽ me o. Papawo kple wo ŋutimewo ƒe fiasãwo zu makɔmakɔ wɔna, siwo nu mate ŋu agblɔ o la teƒe. Ha kplɔla siawo dometɔa ɖewo ƒe nuvɔɖiwo vlo ale gbegbe be du-fiaa ɖewo di ŋutɔ gɔ̃ hã be yewoaɖe wo ɖa le zi dzi le woƒe agbe ƒe ŋunyɔ̃ ta. Le ƒe alafa geɖewo me la, xexeame megakpɔ ŋgɔyiyi le naneke me kpɔ o, eɖanye le aɖaŋu nuwo me, nunya, alo kpuie ko, le ŋkumekɔkɔ me o. Ɖe ko wòle abe kristotɔ dukɔawo katã zu dẽ kple susu me ƒe tekunɔwo. UGL 43.2

Xexeame ƒe nɔnɔme, si wònɔ le Roma hamea ƒe dziɖuɖu te ɣemaɣi la nye Hosea ƒe nya, si wògblɔ ɖi la, ƒe ɖeɖefia kple emevava dziŋɔ̃ la : “Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èdo vlo sidzedze, eyata nyehã mado vlo wò […] “èŋlɔ̃ wò Mawu ƒe Se la be, eyata nyehã maŋlɔ̃ viwòwo be […] “nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o. Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔdodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.” (Hosea 4:6, 12) . Nusiawo katã nye Mawu ƒe Nya la ɖeɖe ɖa ƒe metsonu. UGL 44.1

------