Go to full page →

23—NUKAE NYE NƆƑE KƆKƆE LA? UGL 379

Biblia ƒe nyati, si nye tometi kple gɔmeɖokpe na Mɔkpɔlawo ƒe xɔse la, enye esi gbɔna: “Ade fiẽ kple ŋdi 2300 emegbe woagaɖo Nɔƒe kɔkɔe la te. (Daniel 8:14) Amesiwo katã xɔ Ɖela ƒe tɔtrɔva kpuie dzi se la dze si nya siawo nyuie. Nyagblɔɖi sia nye kristotɔ akpeakpewo ƒe adãnya. Wo katã se le wo ɖokui me be yewo ƒe ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ xɔasiwo katã ku ɖe nudzɔdzɔ, siwo ƒe nya wogblɔ ɖi, le eme la ŋuti. Woɖee fia, eme kɔ, be nyagblɔɖi ŋkekeawo le enu wúm le ƒe 1844 ƒe ŋukuxaɣi. Abe kristotɔ mamlɛawo ke ene la, Mɔkpɔlawo xɔe se be anyigba, alo eƒe afia ɖe enye nɔƒe kɔkɔe la. Wose egɔme be gbedoxɔa alo nɔƒe kɔkɔe la ŋu kɔkɔ enye anyigba ŋu kɔkɔ kple ŋkeke mamlɛa ƒe dzo, si abi le Kristo ƒe vava zi evelia me. Alea ye woxɔe se blibo be Kristo atrɔ va anyigba dzi le ƒe 1844 me. UGL 379.1

Ke azã la vaɖo, gake Kristo medze le alilikpowo dzi o. To gbɔ be ele nenema hã la, xɔsetɔ geɖewo ka ɖe edzi be Mawu ƒe Nya metrɔna o. Ekem vodada la anɔ nyagblɔɖiawo gɔmeɖeɖe me; ke afika vodada la le? Be woatso nya me kpuie ko la, ame geɖewo gbe, gɔmesesea ɖeke manɔŋui, be fiẽ kple ŋdi alo ŋkeke 2300wo meva woƒe nuwuwu le ƒe ma me o. Woƒe numeɖeɖe koe nye be Kristo meva le ŋkeke, si dzi yewo nɔ mɔ kpɔm nɛ le la o. Wokpɔ be nenye ɖee ŋkeke 2300 wú nu le ƒe 1844 me la, anye ne Ɖela avakɔ gbedoxɔ la ŋuti to anyigba fiãfiã kple dzo me; ke esi meva o la, ŋkekeawo meɖo woƒe nuwuwu o. UGL 379.2

Nyataƒoƒo sia nye asiɖeɖe le nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta, si wowɔ vayi la ŋuti. Wode dzesii be ŋkeke 2300awo dze gɔme tso ŋkeke, si dzi fia Ahasuerus ƒe se ku ɖe Yerusalem ɖɔɖɔɖo kple gbugbɔtu la dze dɔ wɔwɔ gɔme le ƒe 457 lia do ŋgɔ na Kristo dzidzi, ƒe nuxaɣi. Ne míetsɔ azã sia abe gɔmedzedze na nudzɔdzɔ, siwo katã ŋu woƒo nu tso le numeɖeɖe, si wowɔ le Daniel 9:25-27 me ku ɖe ɣeyiɣia ŋuti ene la, wo katã wova me pɛpɛpɛ nukutɔe. Nyagblɔɖi la gblɔ be kwasiɖa 69 alo ƒe 483 gbãtɔwo le ƒe 2300 me la akplɔ mí yi ɖe Mesia, Amesiamina la gbɔ; ke Kristo xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amisisi, esi wòxɔ mawutsilele le ƒe 27 lia me le eƒe dzidzi megbe tututu, abe alesi nyagblɔɖi la gblɔe ene. Le kwasida 70lia ƒe mamãme, ele be woaɖe Mesia ƒe agbe ɖa. Le ƒe etɔ̃ kple afã le eƒe amisisi xɔxɔ yome woklãe ɖe atitsoga ŋu le eƒe ƒe 31lia xɔxɔ ƒe seƒoɣi me. Wotso kwasiɖa 70, alo ƒe 490 ɖi na Yudaviwo tɔxɛ. Ke le eƒe nuwuwu la, Israelviwo ɖo kpe woƒe Kristo maxɔ dzi to eƒe nusrɔlawo yometiti me, eye, le ƒe 34 lia le Kristo dzidzi megbe, Apostolowo ɖo ta trɔsubɔlawo gbɔ. Ekem ne woɖe ƒe 490 gbãtɔ siawo do go tso 2300 me la, asusɔ ƒe 1810, eye ne wotsɔ ƒe 34wo kpee la, ayi ɖe 1844. “Eye dɔla la gblɔ na Daniel be woakɔ gbedoxɔ la ŋu le ƒe 2300 megbe. Nusiwo katã dzi nyagblɔɖi la te gbe ɖo la va me keŋkeŋ ɖikeke manɔmee le woƒe azã la dzi tututu. Nusianu me kɔ nyuie le akɔŋta sia nu. Ekema naneke koe meva eme, si wonya abe gbedoxɔ ŋu kɔkɔ ene, le ƒe 1844 me o. Ne woagbe be nyagblɔɖi ɣeyiɣi la me wu nu le ƒe ma me o la, ekem anye gege ɖe tɔtɔtɔtɔ gãa ɖe me, eye wòaganye nugbegbe le xɔse, si nɔ anyi ɖe nyagblɔɖiawo ƒe mevava le akɔŋtawo nu pɛpɛpɛ la gbɔ. UGL 379.3

Ke Mawu ŋutɔ nɔ ŋgɔ na eƒe dukɔ la le Mɔkpɔlawo ƒe azɔli sia me. Eƒe ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe nɔ woƒe dɔwɔwɔ dzi, eye maɖe mɔ be wòawu nu le viviti kple dziɖelameƒo sia me ne amewo nagblɔ be wɔglowɔlaa ɖewo ƒe nuwɔgbɔeme kple aɖaʋa dzolelé ƒuƒlu ko wònye o. Medi hã be kakaɖedzimaɖo kple ɖikekea ɖeke nanɔ yeƒe Nya la ŋuti o. (397) To gbɔ be Mɔkpɔla geɖewo ɖe asi le nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta gbãtɔwo ŋuti, hegbe nu le woƒe azɔli la ƒe anyinɔnɔ ɖe akɔnta siawo ƒe nyateƒenyenye dzi hã la, bubuwo ya melɔ̃ be yewoatrɔ megbe de nyateƒe kple nuteƒekpɔkpɔ, siwo dzi Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ ŋgɔ na la o. Woxɔe se vevie be le yewo ƒe numekukuwo me la, yewowɔ nyagblɔɖi gɔmeɖeɖe ƒe ɖoɖo vavãwo ŋuti dɔ, eye be yewo ƒe dɔdeasi enye be yewoalé ɖe nyateƒe, siwo ŋu yewoke ɖo la ŋu sesiẽ kple kelilí, ahayi ɖe Biblia me dzodzro dzi kple gbedodoɖa ale be yewoakpɔ afisi vodada le la. Ke esi womekpɔ vodadaa ɖeke le nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta wɔwɔ me o la, wokpɔ be anyo be yewoagayi ɖe nusɔsrɔ̃ ku ɖe gbedoxɔa ŋu la me nyuie. UGL 380.1

Le esia wɔwɔ me la, woke ɖe eŋu be naneke mele Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me, si ɖee fia, abe alesi ame geɖewɔ xɔe se ene la, be anyigba ye nye gbedoxɔ la o. Wode dzesi Biblia ƒe nugɔmeɖeɖe, si me kɔ nyuie, ku ɖe gbedoxɔ la ŋu, nusi wònye, eƒe nɔnɔme, afisi wòle kple kɔnu, siwo wowɔna le eme la, eye wokpɔ be nuŋlɔla kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖiɖiwo me kɔ, de blibo, ale be ɖikekea ɖeke megale nya sia ŋuti o. Le eƒe agbalẽ, si woŋlɔ̃ ɖo ɖe Hebritɔwo me la, Apostolo Paulo gblɔ be: “Azɔ la mawu- subɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigbadzi ƒe agbadɔ kɔkɔe li na Nubabla gbãtɔa hã. Elabena wotu agbadɔ ŋgɔgbetɔ, si me akaɖiti kple kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔna, si woyɔna be Kɔkɔeƒe. Ke le xɔmetsovɔ evelia godo la, agbadɔ, si woyɔna be Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la li, esi me sikadzudzɔ-mlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le. Ke le aɖaka dzi la, ŋutikɔkɔe ƒe Kerubiwo li, siwo xe nutsyɔnu la dzi..” (Hebri. 9:1-5) UGL 381.1

Gbedoxɔ, si ŋuti Paulo nɔ nu ƒom le, le kpukpui siawo me la, enye agbadɔ, si Mose tu le Mawu ƒe sedede nu, be wòanye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nɔƒe le anyigba dzi: “Eye woatu Nɔƒe Kɔkɔea ɖe nam, be manɔ wo dome.” (Mose II, 25:8). Esiawoe nye nya, siwo Yehowa gblɔ na Mose, esi wòyi ɖe egbɔ le to la dzi la. Israelviwo nɔ mɔ zɔm le gbedadaƒo, eye wotu agbadɔ la ale be woate ŋu anɔ ekɔm tso teƒe yi teƒe le woƒe mɔzɔzɔ la me. (398) To gbɔ be ele alea hã la, agbadɔ sia nye nane, si ŋuti gãnyenye gãa ɖe nɔ. Eƒe gliwo nye ʋuƒo, si ŋuti wofa sika titri ɖo, eye woƒe gɔmeɖokpe nye klosalo. Wogbae kple lã-gbadze kple avɔ titri siwo tsyɔ̃ wonɔewo dzi, eye agbadze lae tsyɔ̃ wo katã dzi le gota, le esime aklala biɖibiɖi, si ŋu wolɔ̃ Kerubiwo ɖo kple aɖaŋu manyagblɔa ɖe la le eme me. To vovo na xɔxɔnu, afisi vɔsamlekpui la le la, gbedoxɔ vavã la ŋutɔ mã ɖe akpa eve, siwo nye Kɔkɔeƒe kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. Xɔmetsovɔ xɔasi, si wolɔ̃ wò dzani alegbegbe la, tsò wo dome ɖe eve. Bubu, si le abe eya ke ene la xe mo na teƒe gbãtɔ la. UGL 381.2

Le Kɔkɔeƒea ƒe dziehe gome la, míakpɔ sikakaɖiti la kple eƒe akaɖi adrẽawo, siwo nɔ keklẽm ɖe gbedoxɔ la me, zã kple keli. Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la le anyiehe gome, eye ʋeʋẽlili ƒe sikakplɔ̃ la le xɔmetsovɔ, si mã Kɔkɔeƒe kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la dome la ŋgɔ. Tso afisia lifi-dzudzɔ nɔa dzi dem gbesiagbe kple Israel ƒe gbedodoɖawo yi Mawu ŋkume. Nubablaɖaka, si wokpa kple ati xɔasia ɖe, hefa sika ɖe eŋu, si me kpe, siwo dzi Mawu ŋlɔ̃ se ewoawo ɖo la, le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. Le Aɖaka kɔkɔea ƒe tame, míakpɔ eƒe nutunui, si nye Amenuve-zikpui la. Enye aɖaŋu geɖe ƒe dɔwɔwɔnaa ɖe, si dzi wowɔ sika Kerubi eve ɖo dze ŋgɔ wonɔewo le mia me kple ɖusi me. Teƒe sia Mawu ɖea eɖokui fiana lena, le ŋutikɔkɔe-lilikpo me le Kerubi eveawo dome. UGL 382.1

Esi Hebriviwo xɔ Kanan la, woɖɔ li agbadɔ la kple Salomo ƒe gbedoxɔ gã la. To gbɔ be gbedoxɔ sia lolo fũu wú agbadɔ kɔkɔea hã la, eƒe kpɔɖeŋu alo nɔnɔme dzi wotui ɖo pɛpɛpɛ, eye emenuwo katã nye ɖeka ƒomevi. To vovo na alesi wònye glikpo gbãgbã le Daniel ƒe ɣeyiɣi me ene la, nɔnɔme sia me wònɔ vaseɖe gbesigbe Romatɔwo va gbãe keŋkeŋ le ƒe 70lia me. UGL 382.2

Anyigba dzi ƒe gbedoxɔ ɖeka ma ŋuti ko Biblia nɔ nu ƒom le na mí. Eyae Paulo nɔ yɔyɔm be Nubabla Gbãtɔ ƒe gbedoxɔ la. Ke ɖee gbedoxɔ mele Nubabla Yeyea si oa? UGL 382.3

Esi wogatrɔ va Hebritɔwo ƒe agbalẽa me la, nyateƒe numekulawo ke ɖe gbedoxɔ eveliaa ɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu, si nye Nubabla Yeye la ƒe gbedoxɔ, si ŋuti Paulo nɔ nu ƒom le, le eƒe nya, si wogblɔ va yi me be: “...Mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyiwo kple anyigba dzi Kɔkɔeƒe li na Nubabla gbãtɔ hã.” Nyati ‘hã’ le eɖem fia be Apostolo Paulo ƒo nu va yi tso gbedoxɔ sia ŋu. Ke esi wotrɔ va nyati, si do ŋgɔ ƒe gɔmedzedze dzi la, woxlẽ nya, siwo gbɔna la be: “Ke nya siwo míegblɔ la ƒe emenya gãtɔ enye esi: Nunɔlagã sia tɔgbe le mía si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo, amesi nye Kɔkɔeƒe kple Agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.” (Hebri. 8:1,2) UGL 382.4

Ke woɖe Nubabla Yeyea ƒe nyaa ɖe go le afisia. Nubabla gbãtɔ ƒe gbedoxɔ la nye nusi amegbetɔ tu. Mosee nye amesi tui. Ke esia la, Aƒetɔ la ŋutɔ ye tui, menye amegbetɔ o. Le gbãtɔ me la, amegbetɔ nunɔlawoe subɔna le eme. Ke le evelia me la, Kristo, míaƒe Nunɔlagã lae nɔ vɔsadɔ wɔm le eme, le Mawu ƒe nuɖusi me. Subɔsubɔƒe eve siawo ƒe ɖeka le anyigba dzi, eye evelia le dziƒo. UGL 383.1

Gawu la, Agbadɔ kɔkɔe, si Mose tu la, etui ɖe kpɔɖeŋua ɖe dzi. Le esime wònɔ nu ƒom na Mose ku ɖe gbedoxɔ, si wòatu ŋuti la, Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Alesi mefia nɔƒe la tutume kple eŋutinuwo katã wɔwɔ wò la, nenema pɛpɛpɛ miawɔe.” Egagblɔ kpe ɖe eŋuti nɛ be: “Kpɔ dzi, be nawɔe ɖe nɔnɔme, si wofia wò le toa dzi la nu pɛpɛpɛ.” (Mose II, 25: 9, 40) Eye Paulo gblɔ be agbadɔ gbãtɔ nye lododo na ɣemaɣi, esi me wowɔa nunana kple vɔsawo lena la; be teƒe kɔkɔeawo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli; be Kristo meyi ɖe gbedoxɔ, si wotsɔ asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;” (Hebri.9: 8,9, 23; 8:5; 9:24.) UGL 383.2

Dziƒo gbedoxɔ, si me Kristo yi be yeaʋli míata le la, nye vavãtɔ, si lolo wú fũu, eye wònye kpɔɖeŋu na esi Mose tu la. Mawu ŋutɔe kɔ eƒe Gbɔgbɔ ɖe amesiwo tu anyigbadzi-gbadɔ kɔkɔe la dzi. Aɖaŋu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le etutu me la nye Mawu ƒe nunya ɖeɖefia. Eƒe gli, siwo nɔ abe sika ɖeɖe wotsɔ tu wo ene la, nɔ dzo sìm le go sía go me, le sika-kaɖiti la ƒe akaɖi adrẽawo ƒe keklẽ nu. Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ kple ʋeʋẽlili mlekpui la nɔ keklẽm abe sika, si ŋu wozrɔ̃ la ene. Avɔ dzĩ, blisi kple aɖabẽ, siwo wotsɔ gba xɔ la, siwo ŋuti wolɔ̃ Kerubi dzaniwo ɖo la, hã gaɖo atsyɔ̃ na teƒe kɔkɔe la geɖe. Shekina, afisi Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna le, le xɔmetsɔvɔ evelia godo la, enye teƒe, si Nunɔlagã ɖeka ko ateŋ ayi, eye wòatsi agbe. Anyigbadzi gbedoxɔ la ƒe nyanyakpɔ, si tɔgbi meli o la, nye dziƒo gbedoxɔ ƒe dzesi, afisi Kristo, mía Ŋgɔdola la, le míata ʋlim le, le Fofo la ƒe fiazikpuia ŋgɔ la, ƒe ŋutikɔkɔe na amegbetɔwo. Afimae nye fiawo dzi Fia la ƒe nɔƒe, afisia ame akpe akpewo nɔ esubɔm le, eye miliɔn akpewo nɔa eŋgɔ le. (Daniel 7:10). Gbedoxɔ sia, si fiazikpui mavɔ la ƒe ŋutikɔkɔe yɔ fũu, afisi Serafimwo, eƒe kekeli dɔlawo ɣlana woƒe mo hafi nɔ esubɔm le la, ƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la, ƒe kakɛ vi suea ɖe ko anyigbadzi gbedoxɔ, si amegbetɔa ɖeke ƒe asi metu kpɔ o la, ƒe keklẽ manyagblɔ la ɖe fia le blibomade me. To gbɔ be ele alea hã la, anyigbadzi gbedoxɔ ƒe kɔnu, siwo wowɔna le eme la, nye ɖeɖefia veviwo na nyateƒewo ku ɖe dziƒo gbedoxɔ la ŋuti, kple dɔ gã, si ava eme le afisia na amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋuti. UGL 383.3

Anyigbadzi gbedoxɔa ƒe xɔ eveawo nye nusiwo nɔ nu ƒom tso dziƒo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔeƒe eveawo ŋuti. Esi Mawu na asinukpɔkpɔ Yohanes be wòakpɔ dziƒo gbedoxɔ la le ŋutegãa ɖe me la, ekpɔ akaɖi adrẽwo nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ; (Nyaɖ. 5:4) eye wògakpɔ dɔlaa ɖe si lé sika dzudzɔdonu ɖe asi, eye wotsɔ lifi geɖe nɛ be wòatsɔ sa vɔ kple ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo le sika dzudzɔmlɛkpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. (Nyaɖ. 8:3). Woɖe mɔ na Nyagblɔɖila la be wòakpɔ gbedoxɔ la ƒe teƒe gbãtɔa le dziƒo. Ekpɔ akaɖi adrẽ, siwo nɔ bibim la, kple sika- dzudzɔmlɛkpui, siwo anyigbadzi gbedoxɔ la ƒe sikakaɖiti kple sika ʋeʋẽlili-mlɛkpui la nɔa dzesi demee la. Emegbe egavakpɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la nu ʋu le dziƒo (Nyaɖ. 11:19) eye wòkpɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ evelia godo. Ke le afisia, ekpɔ nubablaɖaka, si Mose ƒe aɖaka kɔkɔe, si wòwɔ hetsɔ Mawu ƒe seawo de eme la, nye vɔvɔli na la. UGL 384.1

Alea ye amesiwo nɔ nusiawo me dzrom la ke ɖe kpeɖonudzi, siwo ŋu ɖikekea ɖeke mele o, be gbedoxɔa ɖe le dziƒo la ŋuti. Mose tu eƒe gbedoxɔ la le kpɔɖeŋu, si wotsɔ fiae la nu. Paulo gblɔ be esia enye gbedoxɔ vavã, si le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Ke Yohanes hã ɖo kpe edzi be yekpɔe le dziƒo. UGL 384.2

Le dziƒo gbedoxɔ, si nye Mawu ƒe nɔƒea me la, woɖo eƒe fiazikpui la anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi. Eƒe Se la, si nye dzɔdzɔnyenye ƒe ɖoɖo gã, si woatsɔ drɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã la, le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. Nubablaɖaka, si me se ƒe kpe eveawo le la, ƒe nutunue nye amenuvezikpui, si ƒe ŋgɔ Kristo nɔ eƒe ʋu tsɔm na le ɖe vɔwɔla ta. Nenema woɖe dzɔdzɔenyenye kple amenuveve ƒe ɖekawɔwɔ le amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ɖoɖowo me la fiae. Nunya mavɔ ɖeka koe ate ŋu aɖe susu tso ɖekawɔwɔ sia ŋuti, eye Ŋusẽ mavɔ la koe ate ŋu ana wòazu wɔwɔ hã. Ɖekawɔwɔ sia wɔ moya manyagblɔa ɖe na dziƒowo katã eye woyɔ kple subɔsubɔ. Kerubi, siwo le anyigbadzi gbedoxɔ la me, de mo to hele nubablaɖaka me kpɔm la, le dzesi dem alesi dziƒoʋakɔwo di vevie be yewoase ɖeɖekpɔkpɔdɔ la gɔmee. Esiae nye amenuveve ƒe nuɣaɣla, si gɔme dɔlawo di ŋutɔ ŋutɔ be yewoase la; alesi Mawu te ŋu wɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti dɔ, gake wògana be vɔwɔla, siwo trɔ dzi me la, nazu ame dzɔdzɔewo, eye wòagadzra eƒe kadede kple dzidzime gege la ɖo, le esime Kristo aɖiva ava ɖe ameha xexlẽme manyagblɔwo do go tso tsɔtsrɔ̃ ƒe aʋli la me, ahatsɔ eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenyewu, si ŋuti ɖia ɖeke mele o la, ado na wo, ale be woate ŋu age ɖe dɔla kɔkɔe, siwo mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o la, ƒe asaɖa me, eye bene le nuwuwu la, woate ŋu anɔ Mawu ŋku me yi ɖe mavɔ me. UGL 384.3

Zaxarya ƒe nyagblɔɖi, nyasese ku ɖe amesi wòyɔ be “Alɔdze” ŋu la, ƒo nu tso Kristo ƒe avulédɔ, si wòwɔ ɖe amegbetɔ ta la ale: “Eyama atu Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye atsyɔ̃ anɔ eŋu, abɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye Nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, eye ŋutifafa anɔ woa kple eve la dome. (Zakarya 6:13) UGL 385.1

“Eyama atu Yehowa ƒe gbedoxɔ la”. To eƒe vɔsa kple avulédɔ wɔwɔ me la, Kristo nye Mawu ƒe Hame la ƒe gɔmeɖokpe kple xɔtula. Apostolo Paulo le eyɔm be ‘Dzogoedzikpe’ amesi me wokpe xɔtutu blibo la katã ɖo, eye wòtsi zu mawuxɔ kɔkɔe le Afetɔ la me, amesi wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.” (Efeso. 2:20-22). UGL 385.2

“Eye wòado ŋutikɔkɔe”. Ameƒomea, si kpɔ gege la, ƒe xɔxɔƒle ƒe ŋutikɔkɔe la yi na Kristo. Ɖeɖekpɔlawo ƒe hadzidzi yi ɖe mavɔ me enye: “Amesi lɔa mí, eye wòklɔ nuvɔwo ɖa le mía ŋuti kple eƒe ʋu la … eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖ. 1:5, 6) UGL 385.3

Anɔ anyi, eye wòaɖu fia le eƒe fiazikpui dzi, eye wòanye Nunɔla le eƒe fiazikpui dzi.” Mekpɔyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi haɖe o. Wometsɔ fiaɖuƒe la kple ŋutikɔkɔe na eyama haɖe o. Ke ne ewú eƒe avulédɔ la nu ko hafi Mawu atsɔ Fofoa Dawid ƒe fiazikpui la na eyama, eye wòanye fiaɖuƒe, si nu mayi gbeɖe o la.” (Luka 1: 32, 33) Ɣeyiɣi sia Kristo nɔ anyi kple Fofoa le eƒe fiazikpui dzi abe Nunɔlagã ene. (Nyaɖ.3:21) UGL 386.1

“Eyae tsɔ miaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te.”; “wotee kpɔ le nuwo katã me abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.” ale be wòate ŋu “axɔ na amesiwo wotena kpɔna.”; eya amesi ŋu wogblɔ le be, “ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la Nyaxɔɖakɔla le míasi le Fofoa gbɔ.” (Yesaya 53:4; Hebri. 4:15; 2:18; 1Yoh. 2:1). Ne wòatsɔ até gbe ɖe eƒe nyaxɔɖakɔ ɖe mía ta dzi la, etsɔa eƒe ŋutilã, si wogbã gudugudu, eye woŋɔe la, kple eƒe agbe dzadzɛ la fiana. Eƒe asi, siwo xɔ abi, eƒe axada, si woŋɔ̃ kple eƒe afɔ gbagbãwo katã nɔa nu ƒom ɖe amegbetɔ, si dze nuvɔ̃ me, esi wòxɔ ƒle kple home manyagblɔ sia la ta. UGL 386.2

Ŋutifafa ƒe gɔmesese anɔ wo ame eveawo dome. Fofo la ƒe lɔlɔ, si ƒe lolo me le ɖeka kple Via tɔ la, enye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzɔtsoƒe na amegbetɔ, si dze nuvɔ̃ me la. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔlawo, esi wònɔ dzodzom le wo gbɔ la be: “Nyemele egblɔm na mi bena nye la mabia Fofo la ɖe mia nu o; ke Fofo ŋutɔ lɔã mi.” Yoh. 16:26,27. “Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome.” (Kor. II 5:19). Eye le eƒe dɔwɔwɔ le dziƒo ƒe gbedoxɔa me la, ɖekawɔwɔ anɔ eya kple Fofoa dome. “Alegbegbe Mawu lɔa xexea me bena wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16). UGL 386.3

Nukae nye Agbadɔ kɔkɔe la? Ŋɔŋlɔawo le biabia sia ŋuti ɖom kple eme kɔkɔ nyuie. Agbadɔ kɔkɔe la, abe alesi Biblia nɔ nu ƒom le eŋuti gbã ene la, enye gbedoxɔ, si Mose tu, abe dzesi kple vɔvɔli na dziƒomenuwo ene, eye evelia, enye “Gbedoxɔ vavã”, si le dziƒo, si dzi anyigbadzi ƒe agbadɔ kɔkɔe la nanɔ ŋku ɖom na mí la. Dzesidekɔnu, siwo wonɔa wɔwɔm le eme la wu enu le Kristo ƒe ku me. Ke Gbedoxɔ vavã, si le dziƒo la, zu Nubabla Yeye la ƒe gbedoxɔ. Ke esi wònye be míaƒe ɣeyiɣi mee Daniel 8:14 ƒe nyagblɔɖi la va eme le la, ele be gbedoxɔ, si ŋu nyagblɔɖi sia nɔ nu ƒom le la, nanye Nubabla Yeye la tɔ. Le ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu le ƒe 1844 me la, agbadɔ kɔkɔea ɖeke meganɔ anyigba dzi, anɔ ƒe alafa geɖe o. Alea ye wòle be nyagblɔɖi, si gblɔ be “ade fiẽ kple ŋdi akpe eve alafa etɔ̃ woagaɖo kɔkɔeƒe la te” alo woakɔ eŋu la, le nu ƒom, ɖikeke manɔmee tso dziƒo gbedoxɔ la ŋu. UGL 386.4

Ke nusi ƒe gɔmesesee gahiã azɔ lae nye: nukae nye agbadɔ la ŋu kɔkɔ? Nubabla Xoxo la nɔ kɔnu siwo wowɔna le anyigbadzi- gbadɔ la me ƒe dometɔ ɖeka yɔm be ‘agbadɔ ŋu kɔkɔ’. Ke biabiae nye be ɖe nane le dziƒo, si ŋu woakɔa? Le Hebritɔwo ƒe agbalẽ ta 9lia me wonɔ nu ƒom, eme kɔ ƒãa tso agbadɔ eveawo ŋu kɔkɔ ŋuti. “Eye mate ŋu agblɔ kloe bena wotsɔ ʋu klɔ nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔkekea ɖeke manɔ anyi o. Eyata ele vevie bena woatsɔ nusiawo [lãwo ƒe ʋu] akɔ nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la ŋuti. Ke dziƒonuawo ŋutɔ la woatsɔ vɔsasa, siwo nyo wu esiawo la, kɔ wo ŋuti.” (Hebri. 9:22,23) si gɔmee nye be woakɔ wo ŋu kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la. UGL 387.1

Woakɔ gbedoxɔ eveawo ŋu kple ʋu, anyigbadzi tɔ kple lãwo ƒe ʋu, eye dziƒo tɔ kple Kristo ƒe ʋu. Paulo ɖe nu me, nusita wòle be woakɔ nuwo ŋuti kple ʋu ɖo. “Ne womekɔ ʋu ɖi o la, nuvɔkeke manɔ anyi o.” Nuvɔ̃ ƒe tsɔtsɔ ke, alo ekɔklɔ ɖa, enye dɔ, si woawɔ le dziƒo. Ke alekee nuvɔ̃ ate ŋu ƒoɖi dziƒo gbedoxɔ, alo anyigba tɔ la? Míake ɖe eŋu le dzesidekɔnuwɔwɔwo me; elabe subɔsubɔdɔ, si nunɔla siawo wɔna la, “nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli”. (Hebri. 8:5) UGL 387.2

Subɔsubɔdɔ, si wowɔna le anyigbadzi-nɔƒe kɔkɔea me la, le go eve me. Nunɔlawo subɔna gbesiagbe le kɔkɔeƒe la, eye zi ɖeka le ƒea me la, Nunɔlagã wɔna nuvɔtsɔtsɔke ƒe kɔnu tɔxɛa ɖe le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me ne wòatsɔ kɔ gbedoxɔ la katã ŋu. Gbawotsyogbe vɔwɔla dzimetrɔla hea ” nunana vɛ le gbedoxɔa ƒe agbo la nu, eye wòdaa asi ɖe lã la ƒe ta dzi, ʋua eƒe nuvɔwo me kɔ ɖe vɔsalã maɖifɔ la dzi, abe dzesidede ene. Eyome ewua lã la. Abe alesi Apostolo la gblɔe ene la, “ne womekɔ ʋu ɖi o la, vɔtsɔtsɔke manɔ anyi o.” ŋutilã ƒe agbe la le ʋu me.” (Mose III 17:11) Mawu ƒe se, si dzi woda la, le vodala ƒe ʋu biam. Nunɔla tsɔa ʋu, si le dzesi dem vɔwɔla, si ƒe fɔɖiɖi xɔm vɔsalã le, ƒe agbe la, gena ɖe gbedoxɔ la me, eye wòwúnae ɖe xɔmetsovɔ, si godo nubablaɖaka, si me Mawu ƒe se, si dzi vɔwɔla da la, ŋuti. Kɔnu sia wɔwɔ le abe ɖe wole nuvɔ̃ la ɖem kɔ ɖe gbedoxɔ la me ene. Le goa ɖewo me, womewotsɔa ʋu la yia agbadɔ kɔkɔe la me o, ke boŋ wotsɔa vɔsalã yia eme, eye nunɔla ɖunae, abe alesi Mose de se na Aaron ƒe viwo ene gblɔ be: “Wotsɔe na mi bena miaɖe ha la ƒe vodadawo ɖa, eye mialé avu na wo le Yehowa ƒe ŋku me‘’. (Mose III 10:17). Kɔnu eveawo gale dzesi dem dzimetrɔla la ƒe vɔwo tsɔtsɔ yi ɖe gbedoxɔ la mee. UGL 387.3

Subɔsubɔkɔnu sia wonɔa wɔwɔm gbesiagbe le ƒea katã me. Ale wonɔa Israel ƒe nuvɔwo katã trɔm kɔ ɖe gbedoxɔ la me, eye wòhiã be woavaɖe wo katã ɖa to kɔnu tɔxɛa ɖe wɔwɔ me. Mawu de se be woawɔ nuvɔkɔklɔɖa ƒe kɔnu le teƒe kɔkɔe eveawo me. “Eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le Kɔkɔeƒe la ŋu le Israelviwo ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo kple vo, siwo woda hewɔ nuvɔ̃ la ta; eye alea ye wòawɔ Mawu ƒe agbadɔ, si le wo gbɔ le woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo le wo dome hãe.” Ele be woakɔ vɔsamlekpui la hã ŋu; “...eye wòakɔ eŋu tso Israelviwo ƒe nu madzɔmadzɔwo me awɔe kɔkɔe.” (Mose III 16: 16, 19) UGL 388.1

Zi ɖeka le ƒea me, le Avuléŋkeke gã la dzi, nunɔlagã gena ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me hena gbedoxɔ la katã ŋuti kɔkɔ. Subɔsubɔ, si wowɔna le eme la nye taƒoƒo na kɔnu, siwo katã wowɔna le ƒea me la. Le nuvɔkɔklɔɖa ƒe ŋkeke gã sia dzi la, wotsɔa gbɔtsu eve vaa agbo la nu, eye wodzidzena nu ɖe lã eveawo dzi, dzidze ɖeka nadze Yehowa dzi, eye evelia nadze Asasel dzi. Wowuna Yehowatɔ la ɖe Israelviwo ta abe nuvɔ̃ vɔsa ene. Ke Nunɔlagã atsɔ eƒe ʋu ayi ɖe xɔmetsovɔ la godo, eye wòawui ɖe nubablaɖaka ƒe nutunu la dzi kple eƒe ŋku me. Wowunae ɖe ʋeʋẽlili vɔsamlekpui la hã dzi. UGL 388.2

Azɔ, Aaron ada eƒe asiwo ɖe gbɔtsu, si le agbe la dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe vodadawo, woƒe nuvɔwo katã ɖe eƒe ta dzi, eye wòaɖoe ɖe gbedadaƒo to amea ɖe, si wòatsɔe de asi na la dzi. Gbɔtsu la adro woƒe nuvɔwo katã le teƒea ɖe, si ame mele o la, eye amesi hee yi la aɖe asi le eŋu le gbedadaƒo wòadzo yii. (Mose III, 16: 8, 21, 22). Gbɔtsu sia magatrɔ ava Israel ƒe asaɖa la me o, eye amesi aɖoe ɖe dzogbea la ale tsi, anya eƒe awuwo hafi wòatrɔ va asaɖa la me. UGL 388.3

Kɔnu blibo la katã ƒe taɖodzinue nye be wòana Israelviwo nade dzesi Mawu ƒe kɔkɔenyenye kple alesi wòtsri nuvɔ̃ ɖo, eye gawú la, be woakpɔe be womate ŋu aka nuvɔ̃ ŋu esi womakpɔ ɖiƒoƒo o. Ke wobia tso Israelviwo katã si be, le esime nuvɔkɔklɔɖa kɔnu sia le edzi yim la, wo katã nanɔ vevesese me ɖe woƒe nuvɔwo ta. Nu bubua ɖeke wɔwɔ megali le ŋkeke ma dzi o, ke Israel ƒe ƒuƒoƒoa katã atsɔ ŋkeke blibo la abɔbɔ eɖokui le Mawu ŋku me le gbedodoɖa, ŋutsitsidɔ̃ kple vevesese deto ɖe nuvɔ̃ ta me. UGL 389.1

To anyigbadzigbadɔ ƒe avuléle kɔnu sia me dzodzro me la, woate ŋu ake ɖe nyateƒe xɔasi geɖe ŋu ku ɖe nuvɔkɔklɔɖa ŋu. Wolɔ̃ be amea ɖe naxɔ ɖe vɔwɔla teƒe, gake vɔsalã ƒe ʋu mete ŋu klɔ nuvɔ̃ la ɖa o. Ke ɖe ko wòna be wokpɔ mɔnu tsɔe yi ɖe gbedoxɔ la me. To ʋu tsɔtsɔ na me la, vɔwɔla lɔ̃ ɖe se la ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi la dzi, hele eƒe sedzidada ƒe fɔɖiɖi me ʋum kple didi sia be yeakpɔ tsɔtsɔke to Ɖelaa ɖe, si gbɔna la dzi xɔxɔse me. Gake mekpɔdo go le se la ƒe fɔbubu me keŋkeŋ haɖe o. Le avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã xɔa vɔsalã ɖeka tso ƒuƒoƒoa me, eye wòtsɔ lã sia ƒe ʋu gena ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la, hewuna ɖe nubablaɖaka ƒe nutunu, si le se ewoawo ta me la dzi, ne wòanye ŋutiɖoɖo na seawo ƒe biabiawo. Azɔ, abe nyaxɔɖakɔla ene la, exɔa nuvɔwo ɖe eɖokui dzi heɖea wo do go tso agbadɔxɔ la me. Edaa eƒe asiwo ɖe Asasel gbɔtsu la ƒe ta dzi, eye wòʋua vɔ, siwo katã wòxɔ ɖe eɖokui dzi la me, hetrɔa wo kɔ ɖe lã la dzi abe dzesidede ene. Ke lã sia tsɔa nuvɔawo yia gbedadaƒo, eye wònyena nuvɔ̃ siawo ɖeɖe ɖa keŋkeŋ le dukɔa ŋu yi mavɔ me. UGL 389.2

Subɔsubɔ siae wowɔna abe vɔvɔli na dziƒomenuwo ene. Ke nusiawo, si wowɔna le anyigbadzigbadɔ la me abe dzesi ene la, vana eme ŋutɔŋutɔ le dziƒogbadɔ kɔkɔe ƒe subɔsubɔ me. Le eƒe dziƒo yiyi megbe la, mía Ɖela la dze dɔ gɔme enumake abe Nunɔlagã ene. Paulo gblɔ be: “…ke dziƒo ŋutɔ wòyi bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta.” (Hebri. 9:24) UGL 389.3

Nunɔlawo ƒe subɔsubɔ, si wowɔna le ƒea me le gbedoxɔa ƒe teƒe gbãtɔ le xɔmetsovɔ, si nye ʋɔtru, si tso Kɔkɔeƒe la kple xɔxɔnua dome godo la, nye dzesidededɔ, si gɔme Kristo dze le eƒe dziƒo yiyi me. Nunɔla ƒe gbesiagbe dɔ lae nye nuvɔ̃ vɔsa ƒe ʋu tsɔtsɔ yi Mawu ŋku me, eye wòganye ʋeʋẽlili ƒe adzudzɔ, si tuna ɖoa ta Mawu gbɔ kple Israelviwo ƒe gbedodoɖawo. Nenemakee Kristo hã nɔa eƒe ʋu tsɔm na le Fofo la ƒe ŋku me ɖe vɔwɔlawo ta, eye wògatsɔa eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe ʋeʋẽlili xɔasi la ɖoa eŋku me kple xɔsetɔ, siwo nɔ veve sem ɖe woƒe nuvɔwo ta la, ƒe gbedodoɖawo. Esiae nye Kristo ƒe dɔ, si wòwɔ le dziƒogbadɔ la ƒe teƒe gbãtɔ la me. Afisia eƒe nusrɔlawo kplɔe ɖo yi le xɔse me, esi wònɔ dziƒo yim, eye woxɔe dzo le wo ŋku me la. Afima wolí woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo, esi ŋuti Paulo nɔ nu ƒom le be “.. mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene, afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu Nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.” “eye metsɔ gbɔtsuwo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.” (Hebri. 6:19, 20; 9:12.) UGL 390.1

Avuléle ɖe vɔwɔla ta ƒe dɔ sia yi edzi ƒe alafa wuienyi sɔŋ le dziƒogbadɔa ƒe xɔ gbãtɔ la me. Kristo ƒe ʋu, si wòtsɔ na ɖe vɔwɔla, siwo trɔ dzi me ta, na be Fofo la xɔ eyama hetsɔ eƒe vɔwo kee. Gake woƒe nuvɔawo gale ŋɔŋlɔ̃ ɖi le dziƒo ŋkuɖodzigbalẽwo me. Ke abe alesi wònye be le anygbadzi gbedoxɔa ƒe dzeside- kɔnuwo me, wowɔa nuvɔkɔklɔɖa ƒe dɔa ɖe le ƒea ƒe nuwuwu me la, nenemakee hafi Kristo ƒe amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ dɔ la nawú nu ade blibo la, ele be wòawɔ nuvɔkɔklɔɖa-dɔ sia na ɖiƒoƒowo katã ɖeɖe ɖa keŋkeŋ le gbedoxɔ la me. Dɔ siae dze egɔme le ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu. Le ɣeyiɣi sia me, abe alesi nyagblɔɖila Daniel ŋlɔe ɖi ene la, míaƒe Nunɔlagã la ge ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me hena eƒe dɔ la ƒe akpa mamlɛa, si nye gbedoxɔa ŋu kɔkɔ la, wɔwɔ. UGL 390.2

Le blema la, wotsɔa Israelviwo ƒe nuvɔwo kɔna ɖe nuvɔvɔsalã la dzi le xɔse me, eye to eƒe ʋu me la wotsɔa wo yina anyigbadzi gbedoxɔ la me abe dzesi ene. Le nubabla yeyea me hã, wotsɔa vɔwɔla dzimetrɔlawo ƒe vɔwo kɔna ɖe Kristo dzi le xɔse me eye wòxɔa wo yia dziƒogbadɔ kɔkɔe la me. Azɔ, abe alesi woɖea nuvɔ, siwo ƒo ɖi anyigbadzi gbadɔ kɔkɔe la ɖa to vɔkɔklɔɖa kɔnuawo me ene la, to gbedoxɔ ŋu kɔkɔ ƒe dɔ, si le edzi yim fifia le dziƒo me la, wole nuvɔ, siwo katã woxɔ ɖe eme la klɔm alo tutum ɖa keŋkeŋ. Gake hafi nusia nava eme la, ele be woaʋu ŋkuɖodzi gbalẽawo, adzro wo me, akpɔ amesiwo, to vevesese ɖe nuvɔ̃ ta kple xɔse ɖe Kristo dzi me wodze na eƒe nyaxɔɖakɔ ƒe gomekpɔkpɔ. Ekem gbedoxɔ ŋukɔkɔdɔ la ƒe akpaa ɖee nye numekuku; akpa bubue nye ʋɔnudɔdrɔ. Ele be dɔ sia nawu nu hafi Kristo nava akplɔ eƒe dukɔ la. Elabena ava, eye eƒe fetu akpe ɖe eŋuti bene wòaɖo eteƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu. (Nyaɖ. 22:12). UGL 391.1

Alea ye amesiwo le nyagblɔɖinya la ƒe kekeli kplɔm ɖo la, ke ɖe eŋuti be, le esi wòaɖi va anyigba dzi le ƒe 2300 ƒe nuwuwu le 1844 me la, Kristo yi ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me na dɔ mamlɛa wɔwɔ, si nye nuvɔɖeɖeɖa ƒe dɔ, si do ŋgɔ na eƒe tɔtrɔva la. Míade dzesii hã be, le esi nuvɔvɔsa le dzesi dem Kristo abe míaƒe vɔsa ene, eye be Nunɔlagã le dzesi dem Kristo abe míaƒe Nyaxɔɖakɔla ene la, gbɔtsu agbatsɔla, alo Asasel ƒe gbɔtsua le dzesi dem Satana, si nye nuvɔ̃ ƒe dzɔtsoƒe, eya amesi atsɔ vɔwɔla dzimetrɔlawo katã ƒe nuvɔgba la. Nenye be nunɔlagã la klɔ nuvɔwo ɖa le gbedoxɔ la me, to nuvɔvɔsalã ƒe ʋu me la, ekɔnɛ ɖe gbɔtsu agbatsɔla ƒe ta dzi. Nenemae ne Kristo, to eyama ŋutɔ ƒe ʋu me, klɔ eƒe dukɔa ƒe nuvɔwo ɖa le dziƒogbadɔ la me le eƒe dɔ la ƒe nuwuwu me la, akɔ wo ɖe Satana ƒe ta dzi, eya amesi laxɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tohehe mamlɛa le nuwuwu. Wonyaa gbɔtsu agbatsɔla la yi ɖe gbedadaƒo, afisi amea ɖeke mele o la, ale be magatrɔ va Israel ƒe asaɖa la me gbeɖe o. Nenema ke woaɖe Satana ɖa le Mawu kple eƒe dukɔ la ƒe ŋku me ayi ɖaae, eye eƒe anyinɔnɔ ava eƒe nuwuwu keŋkeŋ le nuvɔ̃ kple nuvɔwɔlawo ƒe tsɔtsrɔ̃ blibo me. UGL 391.2

-------