Go to full page →

28—NUMEKUKU ƲƆNUDƆDRƆ̃ UGL 447

(Le agbeme ƒe nuŋlɔɖiwo ŋgɔ) UGL 447.1

Nyagblɔɖila Daniel be: “Meɖe ŋuku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui lí anyi, eye Amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eye eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. Dzo- tɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.” (Daniel 7:9, 10) UGL 447.2

Alea ye woɖe ŋkeke gã ma, si dzi woadzro amegbetɔwo katã ƒe agbea me kpɔ le xexeame katã ƒe Ʋɔnudrɔla ŋku me, eye “woaɖo eteƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu” la, fia nyagblɔɖila la. Amegã ɖeɖi lae nye Mawu Fofo la. Psalmowo ŋlɔla be: “Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Ps. 90:2 ). Eya, amesi nye nuwo katã ƒe dzɔtsoƒe, amesi wɔ Sea katã la, eyae anɔ zi me na ʋɔnudɔdrɔ̃ la. Eye dɔla kɔkɔe, siwo ƒe xexlẽme nye akpe teƒe akpewo kple akpe ewo teƒe akpe ewo la, le ʋɔnudrɔƒe gã sia ŋgɔ abe dɔnunɔla kple ɖaseɖilawo ene. UGL 447.3

“Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe Amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” (Daniel 7: 13, 14 ) Kristo ƒe vava, si ŋu woƒo nu le le afisia la, menye eƒe anyigba dzi vava zi evelia o. Ke eva Amegã ɖeɖi la gbɔ be wòaxɔ dziɖuɖu, ŋutikɔkɔe kple fiaɖuƒe le eƒe nyaxɔɖakɔ- dɔ la ƒe nuwuwu. Vava sia, si menye eƒe anyigba dzi vava zi evelia o la, ƒe nya gblɔm nyagblɔɖi la le be ava eme le ŋukeke 2300 ƒe nuwuwu, le 1844 me. Míaƒe Nunɔla-Fia la ayi ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la, eye le Mawu ƒe ŋku me, adze eƒe dɔwɔwɔ na amegbetɔwo ƒe ɖeɖe ƒe akpa mamlɛa gɔme, si nye numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nuvɔ̃ kɔklɔ ɖa na amesiwo dze nɛ la. UGL 447.4

Le kɔnu si, wowɔna le tsã ƒe agbadɔa me la, amesiwo yina ɖe Aƒetɔ la ƒe ŋku me to ɖokuimeʋuʋu kple vevesese ɖe nuvɔ̃ ta me, wo amesiwo ƒe vɔwo woxɔ yi ɖe gbedoxɔ la me to nuvɔvɔsa ƒe ʋua me la, koe akpɔ gome le avuléŋkeke ƒe kɔnuawo me. Nenema kee le nuwuwu ƒe avuléle kple numekuku ŋkeke gã dzi la, amesiwo ko ƒe nya ŋu woalé ŋku ɖo la woe nye amesiwo le wo ɖokui yɔm be Mawu ƒe viwo. Ke ame vɔɖiwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ya nye dɔ tɔxɛa ɖe, si ava le esia yome. “Azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze gɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe Nyanyui la o mahã?” (Petro I, 4:17 ) UGL 448.1

Ʋɔnudrɔƒea ƒe nyametsotso lanɔ anyi ɖe nusiwo woŋlɔ̃ ɖe dziƒo ƒe agbalẽwo me tso amegbetɔwo ƒe wɔna ɖesiaɖe ŋuti. Nyagblɔɖila Daniel be: “Woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo. Le eƒe nuƒoƒo me tso nudzɔdzɔ sia ke ŋu le Nyaɖeɖefia me la, Nyagblɔɖila Yohanes hã gblɔ be: “…eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo ɖe nusiwo woŋlɔ̃ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. (Nyaɖ. 20:12 ) UGL 448.2

Amesiwo katã ge ɖe Mawu ƒe subɔsubɔ me kpɔ la ƒe ŋkɔwo woŋlɔ̃ ɖe agbegbalẽ la me. Kristo gblɔ na eƒe nusrɔlawo be: “... mikpɔ dzidzɔ bena woŋlɔ̃ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.” (Luka 10:20) Paulo ƒo nu tso eƒe hadɔwɔla nuteƒewɔla, “amesiwo ŋkɔwo woŋlɔ̃ ɖe agbegbalẽa me la..” ŋu. (Filipi 4:3 ) Esi wòle xaxaɣi, si meva kpɔ o, kpɔm ɖaa la, Daniel be: “..woaɖe wò dukɔ, ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ̃ ɖe agbalẽa me.” (Daniel 12:1 ) Yohanes gblɔ le Nyaɖeɖefia me tso amesiwo ayi ɖe Mawu ƒe Du kɔkɔea me ŋu be ” amesiwo woŋlɔ̃ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.” (Nyaɖ. 21:27) UGL 448.3

“...Eye wòŋlɔ̃ ŋkuɖodzigbalẽ le Mawu ŋku me na Yehowa vɔlawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe Ŋkɔ ŋu la. (Maleaxi 3:16) Woƒe xɔse nuƒoƒowo kple havilɔlɔ̃ dɔwɔwɔwo katã le ŋɔŋlɔ̃ ɖi le dziƒo. Nexemya ƒo nu tso nusia ŋu ale: “Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔdɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o.” (Nexemya 13:14 ) Le Mawu ƒe ŋkuɖodzigbalẽa me woŋlɔna dzɔdzɔenyenye wɔna ɖesiaɖe ɖi na mavɔmavɔ. Tetekpɔ ɖesiaɖe, si gbɔ wogbe nu le, nuvɔ,̃ si dzi woɖu, veveseseɖamenu ƒe akɔfanya ɖesiaɖe, fukpekpe kple vevesese, siwo me míeto ɖe Kristo ta, wo katã le ŋɔŋlɔ̃ ɖi. Psalmowo ŋlɔla gblɔ be: UGL 448.4

“Wòe x lẽ ny e si siƒewo, èd é nye aɖa tsiwo wò goe
me. Ɖe mèŋlɔ̃ wo ɖe wò agbalẽ me oa?” UGL 449.1

(Ps. 56:9)

Agbalẽa ɖe hã li, si me woŋlɔ̃ amegbetɔwo ƒe vɔwo ɖo. “… elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui, alo vɔ̃ o.” (Nyagblɔla 12: 14) Ɖela be: “…Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, woabu akɔŋta le eŋuti le ʋɔnudrɔgbe-ŋkeke la dzi. Elabena wò nyawo woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wo.” (Mateo 12: 36, 37) Tameɖoɖo kple dzimeɖaŋudede ɣaɣlawo katã le ŋɔŋlɔ ɖi le agbalẽ madavowo me, elabena Mawu “ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimeɖaŋudedewo ɖe go afia..” (Korin.I 4:5 ) “Kpɔ ɖa, meŋlɔe ɖi ɖe ŋkunye me…miaƒe vovodadawo kple mia fofowo ƒe vodadawo siaa..” Yehowa ye gblɔe. (Yes. 65:6,7 ) UGL 449.2

Amesiame ƒe dɔwɔwɔwo le Mawu ƒe ŋku me tom, eye wole wo ŋlɔm ɖi abe nuteƒewɔwɔ, alo nuteƒemawɔ ene. Le ŋkɔ sia ŋkɔ ŋgɔ le dziƒo-gbalẽwo me la woŋlɔ̃ ɖokuitɔdidi wɔna ɖesiaɖe, nya vlo ɖesiaɖe, dɔdasi ɖesiaɖe, si womewɔ o, nuvɔ ɣaɣla ɖesiaɖe, alakpanuwɔwɔ ɖesiaɖe, gotanuwɔwɔ ɖesiaɖe ɖi le woƒe blibodede dziŋɔa ɖe me. Mawu ƒe toklãnya, siwo me wometsɔ ɖeke le o, ɣeyiɣi, siwo m egblẽ, asinukpɔkpɔ siwo m ebu, ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe ame dzi na nyui alo vɔ, kple woƒe metsonuwo, wo katã nye nusiwo dɔla-nuŋlɔla la ŋlɔ̃ da ɖi ɖe agbalẽwo me. UGL 449.3

Mawu ƒe Se lae nye dzidzenu, si woatsɔ ado amegbetɔwo ƒe dɛ̃ kple agbenɔnɔ kpɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me. Nyagblɔla gblɔ be: “Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe Seawo me ɖe asi, elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ. Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui..” (Nyagb. 12:13,14 ) Apostolo Yakobo gblɔ nuxlɔamenya sia na enɔviawo be; “Miƒo nu ale, eye miwɔ nu ale, abe amesiwo woatsɔ ablɔɖe Se la adrɔ̃ ʋɔnui ene.” (Yak. 2:12 ) UGL 449.4

Amesiwo ŋu wokpɔ ŋudzedze le, le ʋɔnudɔdrɔa me la, woe lakpɔ gome le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi me. Yesu be: “Amesiwo dze be woƒe asi nasu xexeme keme kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi la…. ɖi mawudɔlawo, eye wonye Mawu kple tsitretsitsi la ƒe viwo.” (Luka 20: 35, 36 ). Egagblɔ be: “..amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi..” (Yoh. 5:29). Ame dzɔdzɔe, siwo ku la, afɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ la megbe, esi wokpɔ be wodze na “agbe ƒe tsitretsitsi la”. Ekem woawo ŋutɔ manɔ ʋɔnu, afisi woadzro woƒe wɔnawo me kpɔ la le, eye woaɖo kpe fetu, si anye wotɔ la dzi o. UGL 450.1

Yesu anɔ afima abe woƒe Nyaxɔɖakɔla ene, eye wòaʋli wo ta. “Ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, Nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, Dzɔdzɔetɔ la.” (Yoh.I, 2:1) “Elabena Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe, si wotsɔ asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta.” “Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.” (Hebri. 9:24; 7:25 ). Amesiwo katã xɔ Kristo dzi se la ƒe agbe nɔ Mawu ŋku me tom le esime wole ŋkuɖodzigbalẽawo ʋum. Esi wòdze egɔme tso anyigbadzinɔla gbãtɔwo dzi la, míaƒe Nyaxɔɖakɔla la he dzidzimeawo katã ƒe nya va ʋɔnui, hele enu wum kple agbagbeawo tɔ. Woyɔ ŋkɔ ɖesiaɖe, eye wodzro amesiame ƒe agbe me tsitotsito. Woxɔ ŋkɔa ɖewo, ke wogbe bubuwo. Amesiwo ƒe nuvɔwo gale ŋkuɖodzigbalẽwo me, siwo ta womese veve ɖo heʋu wo me o, eye wometsɔke wo o la, woatutu woƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽ la me; nenema ke woaɖe woƒe nyui, siwo wowɔ la, ƒe ŋutinyawo ɖa le Mawu ƒe ŋkuɖodzigbalẽ la me. Mawu gblɔ na Mose be: “Amesi wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔ matutu ɖa le nye agbalẽ me.” (Mose II, 32:33 ) Nyagblɔɖila Xezekiel be: “Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ la…womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o.” (Xezekiel 18:24 ). UGL 450.2

Amesiwo se veve ɖe woƒe vɔwo ta vavã, eye, le xɔse me, woka ɖe Kristo ƒe ʋu dzi abe nuvɔ̃ kɔklɔ ɖa ƒe vɔsa ene la, woŋlɔ̃ ɖe woƒe ŋkɔ gbɔ le dziƒogbalẽwo me be woxɔ tsɔtsɔke. Esi wozu gomekpɔlawo le Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me, eye wode dzesii be woƒe dɛ̃ wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Sea la, woatutu woƒe nuvɔwo ɖa, eye woakpɔ wo be wodze na agbe mavɔ. Aƒetɔ la gblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔwo o.” (Yes. 43:25). Yesu gblɔ be: “Amesi ke ɖu dzi la woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge ɖa le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.”.. Amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.” (Nyaɖ. 3:5; Mateo 10:32, 33 ). UGL 451.1

Mɔkpɔkpɔ gã, si nɔa amewo me na anyigbadzi ʋɔnuwo ƒe nyametsotso sese ƒe kpekpeme, mesu seselelãme, si nɔa dziƒotɔwo me le esime amesiwo woŋlɔ̃ ɖe agbegbalẽa me ƒe ŋkɔwo le anyigba katã ƒe Ʋɔnudrɔla ƒe ŋku me tom ɖeka ɖeka kura o. Mía Taʋlila, si le dziƒo la, le biabiam be amesiwo katã ɖu dzi to xɔse ɖe yeƒe ʋu dzi me la, woatsɔ woƒe nuvɔwo ake wo, ale be woagaɖo wo te ɖe woƒe Eden ƒe aƒe la me, eye woaɖɔ fiakuku na wo kpe ɖe eyama ŋuti abe “dziɖuɖu tsãtɔ” ƒe hadomenyilawo ene. (Mixa 4:8 ) To eƒe ŋutete wɔwɔ me na ameƒomea beble kple etete kpɔ me la, Satana di vevie be yeagblẽ ɖoɖo, si ŋuti Mawu wɔ amegbetɔ ɖo la me. Ke azɔ Kristo le biabiam be ɖoɖo sia nakpɔ emevava, abe ɖe amegbetɔ mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o ene. Menye nuvɔtsɔtsɔke kple dzɔdzɔenyenye blibo ɖeɖe ko biam wòle na eƒe dukɔ la o, ke ega di hã be wòakpɔ gome le yeƒe ŋutikɔkɔe me kple teƒe le yeƒe fiazikpui la dzi. UGL 451.2

Ke esi Yesu le eƒe amenuveve ƒe gomekpɔlawo ta ʋlim la, Satana ya le nya tsɔm ɖe wo ŋuti abe nuvɔwɔlawo ene le Mawu ŋku me. Ameblela gã la di ŋutɔ be yeahe wo de dzimaxɔse me ale be woabú kakaɖedzi, si le wo si ɖe Mawu dzi la, eye woate ɖa le eƒe lɔlɔ̃ ŋu, ahada eƒe Se la dzi. Azɔ ele woƒe dɛ̃ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, woƒe Kristomaɖi, nusiwo katã mede bubu woƒe Ɖela ŋu o, nuvɔ, siwo katã me eya ŋutɔ tutu wo de la, ɖem ɖe go, hele afɔ tum te be, le nusiawo katã ta la, wozu yeƒe aboyomewo. UGL 451.3

Yesu medo taflatsɛ na woƒe nuvɔwo o. Eɖe woƒe vevesese ɖe vɔwo ta kple woƒe xɔse fia, eye, le esime wòle tsɔtsɔke biam na wo la, edo eƒe asi, siwo woŋɔ̃ la, ɖe dzi le Fofoa kple dɔla kɔkɔeawo ƒe ŋku me hegblɔ be: ” Medzesi wo kple woƒe ŋkɔwo, meŋlɔ̃ wo ɖe nye asiƒome. “Vɔsawo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote ɖe anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o. (Ps. 51:19 ). Ke eɖo ŋu na eƒe dukɔa nutsola la be: “Yehowa blu ɖe tawò, Satana. Yehowa, amesi tia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzome oa? (Zaxarya 3:2 ) Kristo di be yeatsɔ yeŋutɔ ƒe nutrenu ɖo yeƒe nuteƒewɔlawo dzi, ale be yeakplɔ wo va ye Fofo la ƒe ŋku me abe “Ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke, alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o la ene.” (Efeso. 5:27 ) Woŋlɔ̃ woƒe ŋkɔwo ɖe agbegbalẽ la me, eye woŋlɔ̃ tso wo ŋu be: “woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabe wodze.”(Nyaɖ. 3:4) UGL 452.1

Alea ye Nubabla Yeye la ƒe ŋugbedodo akpɔ emevava blibo: “...Matsɔ woƒe vodadawo ake, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔwo azɔ o.” “Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la, woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔwo o.”Gbemagbe la, Yehowa ƒe atidzedze la anye atsyɔ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susuɛawo, eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋkɔ woŋlɔ̃ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la, be kɔkɔewo.” (Yesa. 4: 2,3 ) UGL 452.2

Numekuku ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nuvɔkɔklɔɖa nye nusiwo ava me do ŋgɔ na Aƒetɔ la ƒe tɔtrɔva. Esi wònye be woadrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo ku ɖe nusiwo woŋlɔ̃ ɖe agbalẽawo me ŋu ta la, ekem mate ŋu ava me be woaklɔ amegbetɔwo ƒe nuvɔwo ɖa do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ, si me woadzro woƒe agbe me kpɔ le la, ƒe nuwuwu o. Ke Apostolo Petro gblɔ kple kakaɖedzi be woatutu xɔsetɔwo ƒe nuvɔwo ɖa “ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye woadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mí la ɖa.” (Dɔwɔ. 3:20 ) Ne numekuku ʋɔnudɔdrɔa wu nu la, Kristo ava kple eƒe fetu, eye wòaɖo eteƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔ nu. UGL 452.3

Le anyigbadzi-gbadɔ ƒe subɔsubɔ me, nenye be Nunɔlagã wu nuvɔ̃ kɔklɔɖa ƒe kɔnua nu la, edona go, eye wòyrana ƒuƒoƒo la katã. Nenema ke ne Kristo wu eƒe nyaxɔɖakɔdɔ nu la, “aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔwo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta” (Hebri.9:28 ), eye wòana agbe mavɔ eƒe dukɔ la. Abe alesi Nunɔlagã, ɖea nuvɔwo ɖa le gbedoxɔ la me, eye wòʋua wo katã me ɖe Azazel gbɔtsu la ƒe ta dzi la, nenema ke Kristo hã alɔ nuvɔwo katã kɔ ɖe Satana, si nye vɔ ƒe dzɔtsoƒe la, dzi. Woɖoa gbɔtsu, si xɔ Israel ƒe nuvɔwo katã la, ɖe gbedadaƒo. (Mose III, 16:22 ) Nenema ke Satana, si dzi nuvɔ, siwo wòna mawuviwo wɔ ƒe fɔɖiɖi le la, atsi anyigba, si dzi amegbagbea ɖeke maganɔ o la, dzi ƒe akpe ɖeka sɔŋ. Le nuwuwu la axɔ nuvɔ̃ ƒe tohehe blibo le dzo, si atsrɔ̃ vɔwɔlawo katã gbidigbidi la me. Tete ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo la akpɔ eƒe nuwuwu keŋkeŋ kple amesiwo di nugbegbe le nuvɔ̃ gbɔ la ƒe ɖeɖe. UGL 453.1

Tso ɣeyiɣi, si woɖo na ʋɔnudɔdrɔ̃ le ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu, si va me le 1844 dzi la, numekuku ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nuvɔkɔklɔɖa ƒe dɔ la dze egɔme. Amesiwo katã ʋu Kristo ƒe ŋkɔ me lato dodokpɔ sesẽ sia me. Wodrɔ̃ ʋɔnu na kukuawo kple agbagbeawo siaa le woƒe dɔwɔwɔwo nu, ku ɖe nusi woŋlɔ̃ tso wo ŋu le agbalẽwo me la ŋuti. UGL 453.2

Nuvɔ, siwo ta womese veve ɖo heɖe asi le wo ŋu o la, makpɔ tsɔtsɔke o, eye womatutu wo ɖa le ŋkuɖodzi gbalẽwo me o, ke woanye ɖaseɖiɖi atsi tre ɖe vɔwɔla ŋu le Mawu ƒe ŋkeke gã la dzi. Eɖanye le ŋkeke ƒe kekeli nu alo zã ƒe viviti tsiɖitsiɖi me wòwɔ eƒe nuvɔwo le o, woakpɔ wo katã, eye woadze le amesi wòle be míana akɔnta na la ƒe ŋku me. Mawu ƒe dɔlawo kpɔ nuvɔ̃ ɖesiaɖe, eye woŋlɔ̃ wo ɖe agbalẽ, si ŋu vodada mele o la me. Woate ŋu aɣla nuvɔa ɖe, alo agbe be yemewɔe o; woate ŋu aɣlae ɖe ƒomefofo, ƒomedada, srɔ, ɖeviwo alo hadɔwɔlawo, eye amea ɖeke, to vovo na amesi wɔe la, manya naneke fĩi tso eŋu o; gake nuvɔ̃ sia adze gã le dziƒo nunyawo ƒe ŋku me. Zãdodo tsiɖitsiɖi, nu ɣaɣla kple ayedzedze manyagblɔ mesu kura aɣla nane, alo susu ɖeka pɛ hã ɖe Mawu o. Nu madzɔmadzɔ kple sedzimawɔ ƒe afɔɖeɖe ɖesiaɖe ƒe ŋutinya vavã le Mawu ƒe asi me. Alakpa mawusosroɖaa ɖeke meflua eyama o. Medana vo hã le eƒe nukpɔkpɔ ku ɖe amesiame ƒe dɛ̃ ŋu me o. Nu vlo wɔlawo ate ŋu flu ame geɖe, gake Mawu ƒe ŋkuwo kpɔa nu le alakpawu ɖesiaɖe godo, eye wòxlẽa nu le ame ƒe dzi me. UGL 453.3

Nukunya wònye be ŋkeke sia ŋkeke, si dzea wonɔewo yome, hegena ɖe mavɔ mavɔ me la, gblẽna ŋkuɖodzinu ƒe agbawo ɖe dziƒogbalẽwo me. Nyaa ɖe, si do tso ame ƒe nu me, alo wɔnaa ɖe, si wowɔ la, magate ŋu tutu ɖa o. Dɔlawo ŋlɔ̃ gbegblẽ kple nyuiwo katã ɖi. Aʋafia dziɖula gãtɔ kekeake mate ŋu aɖe eƒe ŋkeke ɖeka pɛ hã ƒe nuŋlɔɖiwo ɖa le agbalẽawo me o. Míaƒe nuwɔnawo, nuƒoƒowo, míaƒe susuɖeɖe ɣaɣlawo gɔ̃ hã, wo katã ƒe kpekpemee aɖo kpe míaƒe gomekpɔkpɔ mavɔ na nyui alo vɔ dzi. To gbɔ be míate ŋu aŋlɔ̃ wo be hã, wonye ɖaseɖiɖi, siwo li goŋ goŋ, na míaƒe dzɔdzɔenyenye alo na míaƒe fɔɖiɖi. UGL 454.1

Abe alesi míaƒe mo ƒe nɔnɔme tana ɖe fotoɖela ƒe taflo dzi pɛpɛpɛ ene la, nenema ke míaƒe dɛwo dzena godo le dziƒogbalẽwo mee. To gbɔ be ele alea hã, mímetsɔa vevienyenye fũ na agbalẽ siawo me nu, siwo ava dze le ŋku me na dziƒotɔwo o. Nenye ɖee woate ŋu adze avɔ, si mã xexeme kpɔkpɔ kple makpɔmakpɔwo dome, eye amegbetɔwo akpɔ alesi dɔlaa ɖe le nuƒoƒo ɖesiaɖe kple wɔna ɖesiaɖe ŋlɔm ɖe agbalẽ, si woatsɔ ava ɖo wo ŋku me le ʋɔnudrɔgbe la, anye ne nya geɖe, siwo do tso míaƒe nu me le ŋkekea me la, mado o, eye wɔna siwo míewɔ la, mímawɔ wo akpɔ o. UGL 454.2

Le ʋɔnudrɔgbe, woadzro nusi míewɔ kple míaƒe talento ɖesiaɖe me kpɔ. Aleke míewɔ ga, si Mawu do na mí la ŋutidɔe? Ɖee ne Aƒetɔ ava la, axɔ nusi wòdo na mí la kple eƒe dziɖedzi a? Nunana, siwo wòtsɔ de míaƒe asi me, alo míaƒe dzi kple susu me, ɖee míena wotsi ɖe dzi na Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple mía haviwo ƒe nyona? Aleke míewɔ míaƒe ɣeyiɣiwo, míaƒe nuŋlɔti, míaƒe gbe, míaƒe ga kple míaƒe ŋusẽ ŋutidɔ? Nuka míewɔ na Kristo to hiãtɔwo, konyifalawo, tsyɔeviwo kple ahosiwo dzi? Mawu tsɔ eƒe Nya kɔkɔe la de míasi; nuka míewɔ kple kekeli kple Nyateƒe, si wotsɔ na mí ne woawɔ mí nunyalawo na agbexɔxɔ? Kristo dzixɔse me ʋuʋu menye naneke o. Lɔlɔ,̃ si ɖea eɖokui fia to dɔwɔwɔ me koe nye nusi xɔ asi. Lɔlɔ̃ koe naa asixɔxɔ wɔnaa ɖe le Mawu ŋku me. Nusi ke wowɔ le lɔlɔ̃ me, eɖanye nu suɛtɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋku me hã, Mawu xɔnɛ, eye wònaa fetu, si dze lae. UGL 454.3

Amegbetɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ɣaɣla ɖena eɖokui fia le dziƒogbalẽwo me. Afima míakpɔ dɔdasi ku ɖe mía haviwo ŋu, siwo mímewɔ o, kple Ɖela ƒe yɔyɔ, siwo wòwɔ na mí, vɔ míeŋlɔ̃ wo be la, le. Afima ke amegbetɔwo akpɔ alesi wotsɔa woƒe ɣeyiɣiwo, susuwo, ŋusẽ, siwo nye Kristo ƒe nunanawo la, nana Satana edziedzi le. Akɔŋta, si dɔlawo nana le dziƒo tso amegbetɔwo ŋu la, wɔ nublanui ŋutɔ. Amesiwo si nunya le, siwo ʋua wo ɖokui me be yewo nye Kristo yomedzelawo la, tsɔ woƒe ɣeyiɣiwo na xexemenuwo didi, alo na anyigbadzi vivisesewo. Wotsɔ woƒe ga, ɣeyiɣi kple ŋusẽwo sa vɔ na dada kple ɖokuitɔdidi. Ke gbedodoɖa, mawunyamedzodzro, luʋɔ ƒe bɔbɔenyenye kple nuvɔmeʋuʋu wɔnawo nye vlavo ƒe nya ko. UGL 455.1

Satana dia mɔnu, siwo wòato alé míaƒe susuwo ale be míaŋlɔ̃ nusiwo nye nu vevi, siwo axɔ míaƒe ɣeyiɣiwo la be. Ameblelagã tsri Nyateƒe gã gã, siwo fiaa asi nuvɔkɔklɔ-vɔsa kple Nyaxɔɖakɔla Ŋusẽkatãtɔ la mí. Enya be nusi le vevie na ye azɔ la enye alesi wòate ŋu aɖe amewo ƒe susu ɖa le Yesu kple eƒe Nyateƒe la dzi. Mele na amesiwo di be yewoakpɔ gome le Ɖela ƒe nyaxɔɖakɔ ƒe nyonawo me la be, woaaɖe mɔ na naneke wòaxe mɔ na dɔdasi, si nye be woawu woƒe kɔkɔenyenyedɔ la nu le Mawu vɔvɔ̃ me o. Edze be ɣeyiɣi, siwo ŋu dɔ wowɔ na vivisese kple toflokowo la, nayi azɔ na nyateƒenya la sɔsrɔ̃ kple veviedodo. Ehiã be Mawu ƒe dukɔ la nase Agbadɔ kɔkɔe la kple numekuku-ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nusɔsrɔwo me nyuie. Ele be amesiame nanya afisi míaƒe Nunɔlagã la le kple nusi wɔm wòle fifia la nyuie na eɖokui. Ne menye nenem o la, xɔse, si dze be wòanɔ wo si ɣeyiɣi sia la, manɔ wo si o, eye womanɔ nɔnɔme, si Mawu le didim be woanɔ fifia la me o. Luʋɔa ɖe le amesiame si, esi ta wòaʋli, hena ɖeɖekpɔkpɔ, alo, esi wòabú la. Nya le amesiame dzi le Mawu ƒe ʋɔnudrɔƒea. Amesiame akpa ŋgɔ Ʋɔnudrɔla la, ŋku me kple ŋku me. Ale gbegbe wòle vevie be amesiame ƒe susu nanɔ ŋugbledede me tso ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe wɔna gãwo ŋuti, eye, abe Daniel le eƒe ɣeyiɣi mamlɛawo me ene la, míawo hã míanɔ nɔnɔme, si dze na mí le nuwuwu la. UGL 455.2

Amesiwo si nunya le ku ɖe nya sia ŋu la ƒe dɔdasi wònye be woaɖi ɖase tso Nyateƒe gã, siwo Mawu tsɔ de míasi la ŋuti. Dziƒogbadɔ kɔkɔe la nye tometi na dɔ, si wɔm Kristo le fifia ɖe amegbetɔwo ta. Eku ɖe luʋɔ gbagbe, siwo le anyigba dzi la ŋu. Eʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo nu le mía ŋgɔ, eye wòle mía kplɔm yi ɖe ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu, hele dziɖuɖu, si atso ʋiʋli, si le dzɔdzɔenyenye kple nuvɔ̃ dome la, ɖem fia mí. Ele vevie ŋutɔ be amesiame nasrɔ̃ nu nyuie tso nya siawo ŋuti, ale be wòate ŋu aɖe nu me na amesiame, si abia gɔmesese na mɔkpɔkpɔ, si le wo si la. UGL 456.1

Kristo ƒe nyaxɔɖakɔ-dɔ, si wɔm wòle le dziƒogbadɔ me fifia ɖe amegbetɔwo ta, hã le vevie na ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo la abe eƒe ku le atitsoga ŋu ke ene. Edze dɔ sia gɔme to eƒe ku me, eye wòyi dziƒo le eƒe tsitretsitsi megbe hena dɔ la nu wuwu. Ke, le xɔse me, ele be míakplɔe ɖo yi ɖe xɔmetsovɔ la godo, afisi wòyi abe mía ŋgɔdola ene. (Hebri. 6:20 ). Afima Kalvaria-titsoga ƒe keklẽ le. Afima míate ŋu axɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nuɣaɣlawo ƒe gɔmesese, si me kɔ nyuie la le. Amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ te ŋu kpɔ emevava to fe mavɔ, si dziƒo xe ɖe eta la, ɖeɖe ko me. Vɔsa, si wowɔ la, nye ŋutiɖoɖo, si de blibo na Mawu ƒe Se, si dzi woda la, ƒe biabia. Yesu ʋu mɔ na mí yi ɖe Dziƒo-Fofo la ƒe fiazikpui ŋgɔ, eye amesiwo katã va egbɔ le xɔse me kple woƒe didi tso dzi me la, aʋli wo ta le Fofo la ŋku me. UGL 456.2

Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” (Lodo. 28:13 ) Nenye ɖe amesiwo tsɔ nu tsyɔa woƒe vodadawo dzi, alo doa taflatsɛ na wo la, ate ŋu akpɔ alesi Satana kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu, eye wòɖua fewu le Kristo kple dɔla kɔkɔewo ŋu le woƒe wɔnawo ta la, anye ne woɖe abla ʋu woƒe nuvɔwo me kaba, ahaɖe asi le wo ŋuti. Satana wɔa ŋutete to dɛ̃ ƒe gbegblẽwo me be yeaɖu fia ɖe ame ƒe susu katã dzi. Enya be ne womeho aʋa ɖe gbegblẽ mawo ŋu o la, ekem yeakpɔ dziɖuɖu. Esia ta wòdina edziedzi be yeable Kristo yomedzelawo to susu vɔɖi sia me be womate ŋu akpɔ dziɖuɖu o. Ke Yesu tsɔa eƒe asi, siwo woŋɔ,̃ kple eƒe ŋutilã, si wogã gudugudu la, fiana ɖe wo ta hegblɔna na amesiwo di be yewoadze eyome la be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò.” (Korinto. II, 12:9 ). “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11: 29, 30 ). Ekem amea ɖeke nagagblɔ be wɔnaa ɖeke meli na yeƒe dɛ̃ gbegblẽwo ɖɔɖɔ ɖo o. Mawu ana xɔse kple amenuveve, si hiã lae, na wo dzi ɖuɖu. UGL 456.3

Nuvɔkɔklɔɖa ƒe ɣeyiɣi veviewo me tom míele fifia. Le anyigbadzi gbadɔ ƒe dzesidekɔnuwo wɔwɔ me, ne Nunɔlagã le nuvɔɖeɖeɖa ƒe kɔnu wɔm ɖe Israel ta la, ele be amewo katã nanɔ wo ɖokui me ʋum kple vevesese le dzi me ɖe woƒe nuvɔwo ta, le ɖokuibɔbɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋku me ne womagatsrɔ̃ o. Nenema ke amesiwo katã le didim be yewo ƒe ŋkɔ natsi agbegbalẽa me le dziƒo la, ele na wo be, le amenuveɣeyiɣi sue, si le wo ŋgɔ me la, woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋgɔ kple vevesese deto ɖe woƒe nuvɔwo ta. Ele be amesiame nadzro eƒe dzi me kpɔ nyuie, aɖe asi le yaka susu kple tofloko gbɔgbɔ, si kristotɔ geɖewo le ɖeɖem fia le ɣeyiɣi siawo me la, ŋuti. Ele be amesiwo katã le didim be yewoaɖu dɛ̃ gbegblẽ, si di be yeaxɔ wo me keŋkeŋ dzi la, naʋli sesiẽ ŋutɔ. Dzimedzadzraɖo-dɔ sia nye amesiame tɔ etɔxɛ etɔxɛ. Menye hatsotsoewo me míakpɔ ɖeɖe le o. Amea ɖe ƒe dzadzɛnyenye kple mawusosroɖa mate ŋu axɔ na ame bubu, si hiã wo la o. To gbɔ be dukɔwo katã ato ʋɔnudɔdrɔ̃ me le Mawu ŋku me hã la, Aƒetɔ la le amesiame ƒe nya me dzrom ɖeka ɖeka, tsitotsito, abe eya ɖeka koe le anyigba dzi ene. Edze be woado amesiame kpɔ, eye woakpɔ be kpɔtsotso, alo ayiléle, alo nusiawo ƒomevi ƒe ɖeke mele eŋu o. UGL 457.1

Wɔna siwo katã ku ɖe nuvɔɖeɖeɖa ƒe dɔ mamlɛa ŋu la nye nusiwo wɔ dɔ ɖe ame dzi geɖe. Kpekpeme manyagblɔ le wo ŋu. Ʋɔnudɔdrɔ̃ la le edzi yim le dziƒogbedoxɔ la me. Ƒe geɖewoe nye esia, esi dɔ la dze egɔme. Madidi o, eye amea ɖeke menya alesi wòatsɔ kaba la o, woadze agbagbeawo dzi. Míaƒe agbewo lato Mawu, amesi ŋu ŋɔdzi le la ŋku me. Ele na luʋɔ ɖesiaɖe fifia, tsɔwú ɣeawokatãɣi, be wòatsɔ Ɖela ƒe nuxlɔamenya sia vevie: “Minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o.” (Marko 13:33 ). “…Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye mànya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.” (Nyaɖ. 3:3 ) UGL 458.1

Numekuku-ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ava eƒe nuwuwu kple kpeɖoɖo amesiame ƒe gomekpɔkpɔ mavɔ na agbe, alo na ku dzi. Ne dodokpɔ ɣeyiɣi sia wu nu kpuie ko la Aƒetɔ la adzé le alilikpowo dzi. Esi Kristo nɔ ŋkeke ma kpɔm ɖa la, egblɔ le Nyaɖeɖefia me be: “Amesi ke wɔa vɔ̃ la, nenɔ vɔwɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko. Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋunye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.” (Nyaɖ. 22:11, 12 ) UGL 458.2

Le gaƒoƒo ma dzi la, ame dzɔdzɔewo kple vɔwɔlawo katã gale anyigba dzi le woƒe kuŋutilã me. Amewo lanɔ nu ƒãm, anɔ xɔ tum, anɔ nu ɖum, alo nu nom, wo katã le manyamanya me be kpeɖonudzi matrɔmatrɔwo va me le dziƒogbedoxɔ la me. Do ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ, esi Noa ɖo aɖakaʋua me la, Mawu tu ʋɔtru ɖe wo nu, eye ame makɔmakɔwo tsi ʋu la godo. Gake le ŋkeke adrẽ sɔŋ me la, dukɔ la menya be woɖo kpe nusi ava wo dzi la dzi vɔ o, ke wole ɖekematsɔleme kple vivisese ƒe agbe dzi, hele fewu ɖum le tohehe ƒe toklã-gbedasi, siwo katã wogblɔ na wo la ŋuti. Ɖela be: “Nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:39 ). Le ɖoɖuizizi kple manyamanya me, abe fiafitɔ le zã titina ene, nenema ke wòanye le gaƒoƒo matrɔmatrɔ ma, si dzi woaɖo kpe amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe gomekpɔkpɔ mamlɛa dzi, eye amenuveɣeyiɣi, si wona fɔɖilawo la nu atso gbidii. “..minɔ ŋudzɔ […] bena ne eƒe vava ɖi ɖe mi la, ne megakpɔ mi le alɔ̃ me o.” Amesiwo ŋu ɖeɖi te le ŋudzɔnɔnɔ ta, eye wotrɔ ɖe xexeme ƒe nudzodzrowo gbɔ la, ƒe nɔnɔme nye dzɔgbevɔe na wo. Le ɣeyiɣi, si me adzɔdola le eƒe viɖe dim vevie, agbeɖulawo kplɔ vivisese ɖo, amesiwo nye kluvi na atsyɔ̃ yeyewo hã le woƒe atsyɔɖoɖo dzi la, ɖewohĩ gaƒoƒo ma dzi tututue anyigba katã ƒe Ʋɔnudrɔla aɖe gbe be: “Woda wò le nudanu me, ke ele wodzoe akpa.” (Daniel 5:27 ) UGL 458.3

------