Go to full page →

ƲIƲLI GÃ LA UGL

ŊGƆDONYA UGL

Ɖewohĩ nebia ɖokuiwò se bena “Nenye be Mawu dɔmenyotɔ aɖe li vavã ɖe, aleke wɔ míaƒe xexeame le nɔnɔme gbegblẽ manyagblɔ sia me mahã?” Ŋuɖoɖo nyui aɖewo li na biabia sia. Menye dukɔwo katã kple dunyagblɔŋusẽwo ɖeɖe koe dodokpɔ ɣeyiɣi sesẽwo lɔ ɖe nu o, ke boŋ kuxiwo le ƒoƒom ɖe ƒomewo kple amesiame dzi etɔxɛ etɔxɛ le xexeame godoo. Ne ewɔ abe vɔ̃ ye le dziɖuɖu kpɔm ɖe amesiwo le agbagba dzem be yewoawɔ nu nyui dzi ene la, míebiana sena be “Nuka tututue le dzɔdzɔm? Ɖe nane agate ŋu atrɔa? Ɖe nyui ate ŋu aɖu dzi UGL .0

gbeɖea? Ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be nuwo avanyo tsɔgodoa? UGL .0

Agbalẽ, si nelé ɖe wò asi me la, ate ŋu anye wò keke ɖe ŋuɖoɖo, si me kɔ nyui la ŋuti, zi gbãtɔ. To egbɔ be wota agbelẽ sia, ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwo enye sia hã, emenyawo ga ɖo asixɔxɔ geɖe le kuxi klitsu, siwo le ŋu sẽm ɖe dzi le míaƒe xexeame egbea la, ŋku me. UGL .0

̀Ake ɖe kpeɖodzinuwo ŋuti le Biblia kple ŋutinyawo me, siwo aɖee fia wò kɔtɛ be míaƒe anyigba sia nye xexeawome ƒe aʋagbedzi gã aɖe, si dzi nyui kple vɔ̃ le ʋiʋlim le sesiẽ. Esiatae woɖo ŋkɔ na agbalẽ la be: ƲIƲLI GÃ LA. Biblia me ƒe ŋusẽ eve, Kristo, si nye nyui taʋlila, kple Satana, vɔ̃ ƒe dzɔtsoƒe la, woele ŋgɔ na avu dranyi sia. Amehatsotsoe alafalafa, siwo dometɔ aɖewoe nye Kristo ƒe Hame kplɔla gbãtɔwo, kple Ɖɔɖɔɖowɔla, siwo kplɔ wo ɖo le ƒe alafa aɖewo megbe, abe Martin Luther kple Yohanes Huss ene la, hã ge ɖe aʋa la me. UGL .0

Ke nya siawo menye nu kpaŋlɔ aɖekee o. Le axa, siwo gbɔna me la, àkpɔ nugɔmeɖeɖe wɔnukuwo na nusiwo le eme vam egbea le míaƒe anyigba sia dzi kple le egodo la. Àke ɖe alesi Nyaɖeɖefia, Biblia me ƒe agbalẽ mamlɛtɔ, ɖe nyagblɔɖiwo kple xexeame ŋutinyawo ƒe ɖekawɔwɔ fia le nuƒoƒo kakaɖedzitɔe tso, menye nusiwo dzɔ vayi la ɖeɖe ko ŋu o, ke tso esiwo gbɔna dzɔdzɔ ge hã ŋuti. Eto egbe ƒe kuxiwo ŋuti do, heʋu ŋku na mí ɖe nusiwo keke ta wú le ŋgɔ gbɔna la ŋu, eye wòga na mí ŋutiɖoɖo na míaƒe biabia, siwo dzea egɔme kple nyati sia, “Nukata... ?” UGL .0

Le afisia, míaga ke ɖe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe gɔmeɖokpenya sia ŋu be — ame aɖeke etɔxɛ, hamekplɔla, alo dukplɔla, hamedɔwɔƒe alo dudɔwɔƒe, mekpɔ mɔ axɔ Mawu ƒe Nya la teƒe le nusi ka ame ŋutɔ ƒe dzitsinya kple xɔse me o. UGL .0

Agbalẽ sia ŋlɔla ŋkɔ enye Ellen White, si ŋlɔ agbalẽ 130, siwo tam wogale egbe egbe. Woɖe eƒe mawusroɖagbalẽvi, si dzi woda ŋkɔ ɖo be “AFƆƉEƉE YI YESU GBƆ” la gɔme le gbegbɔgblɔ vovovo 140 sɔŋ me. UGL .0

Dzesi vevie ɖeka, si le Ellen White ƒe nuŋɔŋlɔwo ŋuti la, enye bena ewɔa Biblia ŋutidɔ geɖe le wo me. Le “ƲIƲLI GÃ LA” ƒe tata gbãtɔ le ƒe 1888 me kple esiwo kplɔe ɖo me la, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me nya, si ŋutidɔ wowɔ le wo me la, tso Standard King James Version, si woŋlɔ ɖe ƒe alafa enelia ƒe nuŋlɔ-ɖaŋu kple nyafɔkpe, siwo tso blema-ŋlisi gbe, si sesẽ na gɔmesese egbea la, me. UGL .0

Ke azɔ la, ƲIƲLI GÃ LA ƒe tata, si le wò asi me la, nye tata yeye, si me Ellen White ƒe nuŋɔŋlɔ, si ŋu wometrɔ asi le o la le, le blibodede me, eye mawunya, si ŋutidɔ wowɔ le eme la, tso New King James Biblia, si le egbe ƒe Anlisi gbe me. UGL .0

Míele kpewòm be nawɔ mɔzɔzɔ wɔdɔɖeamedzi sia yi ɖe Kristohamea ƒe gɔmedzeŋutinyawo me, ahage ɖe nyagblɔɖi siwo le ŋgɔ gbɔna kple susu, si le ʋuʋu ɖi la me. Míaƒe gbedodoɖa enye be ƲIƲLI GÃ LA ƒe tata yeye sia nakplɔ wò yi ɖe Biblia sɔsrɔ̃ deto me, kple numekɔkɔ gã aɖe ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo, si wòwɔ na xexeame kple na wò agbe ŋuti la. UGL .0

Agbalẽtalawo