Go to full page →

7—LUTHER KLÃ ƉA TSO ROMA ŊUTI UGL 101

Le ame gbãtɔ, siwo woyɔ be woakplɔ Hame la tso Papa dziɖuɖua ƒe vivitiwo me yi ɖe xɔse vavã ƒe kekeli me dome la, Martin Luther enye amesi xɔ ŋkɔ geɖe wú; enye dɔwɔla, si me dzo, veviedodo kple kutrikuku yɔ fũu, si mevɔna amea ɖeke tsɔ wú Mawu ɖeka ko o, eye medzesi xɔse ƒe gɔmeɖokpea ɖeke wú Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo o. Luther nye amesi dze na eƒe ɣeyiɣi la; Mawu wɔ dɔ gãa ɖe na Hamea ɖɔɖɔɖo to eyama dzi kple na xexea katã ƒe kekeli. UGL 101.1

Abe Mawunya gbeƒãɖela-nyanyanala gbãtɔwo ke enea, Luther do go tso ahedada ƒe ƒomea ɖe me. Etsi le Germania agbledelaa ɖe ƒe ƒome gblɔea ɖe me. Fofoa wɔa dɔ gbesiagbe le tomenukuƒea ɖe ne wòatsɔ do via suku. Eƒe susu enye be wòava nye senyala gãa ɖe; gake Mawu ya di be yeatsɔe awɔ xɔtulaa ɖe le yeƒe gbedoxɔ gã, si wòle tutum ɖɔɖɔɖɔ le ƒe alafalafawo me la me. Dɔ sesẽ wɔwɔ, hiãgbenɔnɔ, ɖoɖo té nɔnɔ ƒe tutuɖo mee Nunya mavɔ la kplɔ Luther to hena eƒe agbe ƒe dɔdasi gã la. UGL 101.2

Luther fofo nye aɖaŋu-mea ɖe, si ƒe susu wɔa dɔ kaba kaba, eƒe dẽ li ke, eye wòganye nuteƒewɔla, nyateƒetola kple ame dzɔdzɔe. Ewɔa nuteƒe le eƒe dɔdasiwo me, alekeake anye emetsonuwo hã. Eyama ƒe susu meɖe mɔ nɛ be wòakpɔ ɖokuiɖeɖagalawo alo nunɔla, siwo ɖea wo ɖokuiwo ɖe aga, ƒe agbe la kple ŋku nyuia ɖeke o. Esia ta wokpɔ dziku vevie ŋutɔ, esi Luther ge ɖe nunɔla siawo ƒe kpɔ me, to gbɔ be melɔ̃ ɖe edzi o hã; ƒe eve sɔŋ va yi hafi wògate ŋu wɔ ɖeka kple via, gake meda asi ɖe eƒe tiatia la dzi kpɔ o. Luther ƒe dzilawo tsɔ asixɔxɔ geɖe na wo viwo ƒe tutuɖo. Wowɔa ŋutete be woada wo ɖe sidzedze Mawu kple kristotɔ ƒe agbenɔnɔ nyuie ƒe mɔ dzi. Zi geɖe Luther sea fofoa wònɔa biabiam le gbedodoɖa na Mawu me be yevi naɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ dzi eye gbe ɖeka la, eyahã nakpe ɖe Nyateƒe la ƒe ŋgɔdede ŋu. Eƒe dzila, siwo nye mawuvɔlawo la, wɔna dɛ̃ nyui kple susu nyui tutuɖo ƒe mɔnu, siwo katã wokpɔna le woƒe dɔwɔ-gbe, si wonɔna la, ŋuti dɔ nyuie. Wowɔa ŋutete vevie kple kutrikuku na wo viwo tutuɖo na mawusosroɖa kple agbe, si ŋu asixɔxɔ le. Woƒe dɛ̃ ƒe kelili kple ŋusẽ, si wotsɔ mlãna wo viwo la na be wowɔa esia kple asi sesẽ gãa ɖe ɣeaɖewoɣi; gake to gbɔ be Ɖɔɖɔɖowɔla gã la susui be yedzilawo daa vo ɣeaɖewoɣi le wɔnaa ɖewo me hã la, ekpɔ be asi sesẽ, si wotsɔ kplɔ yewo la, wɔ nyui na yewo tsɔ wu vɔ.̃ UGL 101.3

Ɖevi ko Luther nye esi wodee suku le du, si te ɖe wo ŋu la me. Le suku sia hã, wokplɔe kple ŋusẽ, ɣeaɖewoɣi kple ŋutasesẽ gɔ̃ hã. Eƒe dzilawo ƒe ahedada lolo ale gbegbe be ele nɛ be, ɣeaɖewoɣi la, wòanɔ ha dzim tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu hafi wòakpɔ eƒe abolo aɖu; ale be evaa me be dɔ wua eyama edzi edzi. Subɔsubɔ ƒe susu do vivitiwo kple nudadadzixɔse, siwo bɔ le ɣemaɣi la, na be vɔvɔ̃ yɔ eyama me. Emlɔa anyi fiẽ me kple vevesese le dzi me, henɔa tsɔ, si do viviti la, me kpɔm kple dzodzonyãnyãnyã, elabena exɔe se be Fofo lɔlɔtɔ, si le dziƒo la, nublanuimakpɔ ƒe ʋɔnudrɔla kple ŋutasesẽ gã ƒe Mawu wònye boŋ. Gake, le eƒe dziɖelameƒo gãwo me la, Luther gawɔa ŋutete kple ŋusẽ na eƒe dɛ̃ kple susu ƒe blibodede. UGL 102.1

Nunya ƒe tsikɔ nɔ ewum, eye eƒe movevieɖoɖo kple didi be nunya nanye nusi akplɔ yeƒe agbe la, na be etia nusi ŋu kelili kple asixɔxɔ le, tsɔ wú nusi klẽna le gota ko la. Esi wòge ɖe Sukukɔkɔ me le Erfurt le eƒe ƒe wuienyilia xɔxɔ me la, eƒe kuxiwo ɖiɖi sɔ gbɔ, eye mɔkpɔkpɔ nɔ dzedzem nɛ le eƒe tsɔ me ŋu azɔ tsɔ wú le eƒe ɖevi me. To woƒe dɔwɔwɔ kple gadzadzraɖo me la, edzilawo do go le ahedada me vie ale be wote ŋu le kpekpeɖeŋu, si wòhiã la wɔm nɛ azɔ. Le go bubu me, exɔlɔ̃ susuɖelawo ƒe kadede kplii hã na be nuwo ka ɖe eme wú nublanui ƒe nɔnɔme, si wònɔ le gɔmedze-suku ƒe ɣeyiɣiwo me. Azɔ la, edze nuŋlɔla gãwo ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ me kple dzo, eye eƒe nunya nɔ tsitsim ɖe edzi esi wònɔ woƒe susu detowo xɔm, ale be nunyalawo ƒe nunya nɔ gegem ɖe eyama me. Eƒe ŋkuɖonudzi sesẽ, susuɖeɖe deto, nugɔmeɖeɖe ƒe nunana gã kple nusɔsrɔ̃ ƒe ŋusẽ, si ŋu dɔ wòwɔna la, esiawo katã na be le ɣeyiɣi kpuiea ɖe me la, exɔ teƒe gbãtɔ le etɔwo dome. Mawuvɔvɔ̃ yɔ Luther ƒe dzi me, si wɔ be ekua kutri le eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, eye wobɔbɔa eɖokui vevie le Mawu ŋkume. Esena le eɖokui me gbesiagbe be yeƒe hiãwo katã le eƒe asi me, eye meŋlɔna be gbeɖe be wòadze eƒe ŋkeke ɖesiaɖe gɔme kple gbedodoɖa o, ke eƒe dzi ɖoa ta Mawu gbɔ ɣesiaɣi henɔa eƒe kpɔkplɔ kple kpeɖeŋu biam. Egblɔna ɣesiaɣi be gbedodoɖa geɖe enye yeƒe nusɔsrɔ̃ ɣeyiɣiwo ƒe akpa nyuitɔ. D’Aubigne ́, liv. 2, ch. 2- UGL 102.2

Gbe ɖeka, esi wònɔ nu xlẽm le Sukukɔkɔa ƒe agbalẽxlẽƒe la, eke ɖe Bibliaa ɖe, si woŋlɔ̃ le Latin-gbe me la ŋu. Mekpɔ Agbalẽ kɔkɔe la kpɔ o. Esena tsã xoxo wonɔa Nyanyui la kple Apostolowo ƒe agbalẽ bubuwo ƒe kpukpuia ɖewo xlẽm le sɔlemewo me, eye wòxɔna se be Mawu ƒe Nya la katã enye ma. Zi gbãtɔ enye esia wòle ŋku dam ɖe Biblia blibo la me. Le vɔvɔ kple nukuname ƒe seselelãmea ɖe me la, enɔ eƒe axa kɔkɔeawo ʋum ɖeka ɖeka; eƒe dzi nɔ ʋu ƒom le esime wònɔ Agbenya la xlẽm na eɖokui, eye wònɔa te edzi edzi hedoa ɣli le eɖokui me be: ” Oo! Nenye ɖee Mawu anam agbalẽ sia, wòanye tɔnye keŋ ɖé! ” (-ibid., liv. 2, ch. 2.) Dziƒodɔlawo le eƒe axawo dzi, eye kekeli ƒe alɔdzewo ɖiɖi tso Mawu ƒe fiazikpui la gbɔ le dziƒo, heɖe Nyateƒe la ƒe kesinɔnuwo fia eƒe nunya. Evɔna ɣesiaɣi be yeada le Mawu dzi, gake vɔwɔlanyenye ƒe seselelãme sesẽa ɖe xɔ eyama me fũ, si mese kpɔ o. UGL 103.1

Eƒe didi vevie be yeakpɔ ɖeɖe tso nuvɔ̃ gbɔ, na Mawu ƒe ŋutifafa xɔxɔ la na be wòtsɔ eɖokui yi de nunɔla, siwo ɖea wo ɖokui ɖe aga la ƒe kpɔ me na woƒe agbe nɔnɔ. Gbɔɖiame ƒe dɔwo wobiana tso esi, eye wòle be wòanɔ nu biam amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Ƒe, si nɔ esi ɣemaɣi la nye ƒe, si me ame dina vevie be bubu nanɔ ye ŋu, eye yeadze ame ŋu le; esiatae dɔ ɖigbɔame, si wobia tso esi la te ɖe eƒe amenyenye ƒe seselelãme dzi sɔgbɔ ŋutɔ; gake exɔ nusiawo katã kple bɔbɔenyenye, kple susu sia be wole vevie na ye, ɖe yeƒe nuvɔwo ta. UGL 103.2

Ke gaƒoƒo siwo susɔna nɛ le eƒe gbesiagbe dɔwɔwɔwo megbe la, ewɔa wo ŋuti dɔ na nusɔsrɔ, alɔ̃ madɔ, eye ɣeaɖewoɣi la, nusɔsrɔ̃ xɔa nuɖuɣiwo gɔ̃ hã le esi. Nusi vivia enu wú nusianu la enye Mawunya sɔsrɔ. Ekpɔ Bibliaa ɖe, si wode kɔsɔkɔsɔ le gli ŋu ale be amea ɖeke nagatsɔe dzo o la. Afima wòyina xlẽnɛ ɣesiaɣi. Esi wònye be nuvɔ̃ ƒe seselelãme gale edzi vevie la, ewɔa ŋutete be yeakpɔ tsɔtsɔke kple ŋutifafa to eyama ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me. Alea ye wòde asi ŋutasesẽ le ameɖokui ŋu ƒe wɔnawo me, kple didi be yeaɖi yeƒe nuvɔ-me la ɖe to le ŋutsitsidɔ, zãmetoto kple atam ƒe ƒoƒo veviewo xɔxɔ me. Mehea ɖe megbe na vɔsaa ɖeke wɔwɔ ale be yeazu ame kɔkɔe na dziƒo o. Agbe sesẽ ma nɔnɔ ƒe metsonuwoe nye be eƒe lãme nɔ gbegblẽm ɖe dzi, eye wòbúna ɖe eɖokui edziedzi. Gbegblẽ siawo tsi eŋu eƒe agbe blibo la katã. Nublanuitɔe la, eƒe ŋutete siawo katã wɔwɔ mehe dzidzemea ɖeke va na eƒe nublanui luʋɔ la o. Ke le nuwuwu la, eva ɖo dziɖelameƒo blibo ƒe liƒo dzi. UGL 103.3

Ɣeyiɣi, si me Luther se le eɖokui me be nusianu bu ɖe ye keŋkeŋ la, ɣemaɣi tutu Mawu na wòke ɖe xɔlɔ̃ kple kpeɖeŋutɔa ɖe ŋuti. Amesia enye mawuvɔla Staupitz, si ʋu Mawunya la na Luther ƒe gbɔgbɔ, eye wòbia tso esi be wòalí ŋku ɖe Kristo, amesi ƒe ʋu klɔa nuvɔwo ɖa la dzi. “Nukata nanɔ nu xam kple susu mawo tɔgbi? Li ŋku ɖe Kristo, si tsɔ eƒe ʋu na ɖe tawò la dzie! Ge ɖe wò Ɖela ƒe abɔwo me. Dé ɖokuiwò asi na Yesu ɖeka ko, nàka ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye kple ɖeɖekpɔkpɔ, si míexɔ to eƒe ku me la dzi. Ɖo to Mawu ƒe Vi la. Etsɔ eɖokui wɔ amegbetɔe, be yeana nàka ɖe Mawu ƒe amenuveve dzi. Lɔ̃ ame sike tre wò lɔlɔ̃ gbã.-ibid. li. 2, ch. 4. Ale amenuve-gbeƒãɖela la ƒo nu enye ma. Nyati siawo wɔ dɔ ɖe Luther ƒe susu dzi ŋutɔ. Le ʋiʋli geɖe wɔwɔ kple nu dada, siwo wòlɔ̃ ɣeyiɣi didia ɖe megbe la, exɔ Nyateƒe la azɔ, eye ŋutifafa ge ɖe eƒe luʋɔ, si tsaka la me. UGL 104.1

Ke Luther vaxɔ nunɔlanyenye, eye woɖee do go le ɖeɖeɖaga ƒe kpɔ la me bene wòazu nufiala le Wittenberg Sukukɔkɔ la me. Afima wòsrɔ̃ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo le vevie le gbe vovowowo me. Edze Biblia fiafia gɔme, eye wòɖe Psalmowo ƒe agbalẽ, Nyanyuiawo kple agbalẽ bubuawo gɔme na ameha geɖe, siwo nu nusɔsrɔ̃ yeye siawo nɔ vivim na ŋutɔ. Staupitz, si nye eƒe xɔlɔ̃ kple aƒetɔ la, bia tso esi be wòade nyagblɔti dzi, aɖe gbeƒã Mawunya la. Luther ke ɖi le eɖokui me, hekpɔ eɖokui abe amesi medze laƒo nu na dukɔ la abe Kristo ƒe amedɔdɔ o la ene. UGL 104.2

Le ʋiʋli didia ɖe wɔwɔ kple eɖokui megbe hafi wòva lɔ̃ ɖe exɔlɔwo ƒe biabia dzi. Ɣemawoɣi la, enya Ŋɔŋlɔawo geɖe, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi; eƒe nuƒoƒo wɔa dɔ ɖe toɖolawo dzi ŋutɔ. Numekɔkɔ kple ŋusẽ, si wòtsɔ fiana nyateƒeawo la, na woxɔa wo dzi se, eye eƒe dzo wɔadɔ ɖe dziwo dzi geɖe. UGL 104.3

Luther gasusɔ nye Papa ƒe hamevi ɣemaɣi, eye mesusui kpɔ be yeava zu nu bubu gbaɖegbe o. Ke eva va eme gbe ɖeka be le Mawu ƒe ɖoɖo nu la, eɖoe be yeaɖi tsa yi ɖe Roma. Ewɔ mɔzɔzɔ sia kple afɔ, eye wòtsina ɖeɖeɖaga ƒe kpɔ, siwo le eƒe mɔ dzi la, dɔna ɣeaɖewoɣi. Ke esi wòva ɖo Italia-dua me la, eƒe nu ku ale gbegbe esi wòge ɖe kpɔ mawo ƒe ɖekaa ɖe me; nusiwo ŋu wòke ɖo, xɔwo me ƒe nyanyakpɔ, awudodowo ƒe atsyɔ,̃ nuɖukplɔ̃ ƒe nuxɔasi, siwo le edzi, kpuie ko, gakpɔkpɔ ɖeɖefia, si le afisiafi la, na be eƒe nu ku. Susu geɖewo le eƒe ta me vam ku ɖe nusiwo anɔ ŋgɔ nɛ ɖaa la ŋu, eye wòtsɔ nusiwo kpɔm wòle la sɔ kple eyaŋutɔ ƒe nugbegbe le ame ɖokui gbɔ ƒe agbe, si wònɔ la. Etɔtɔ le eɖokui me. UGL 105.1

Ke eyi ɖe eƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye mlɔeba, ekpɔ Roma, togbɛ adrẽwo ƒe du la le eŋgɔ ɖaa. Dzidzɔ gãa ɖe yɔ eyama me, eye wòdze klo do ɣli be: Roma kɔkɔe, medo gbe na wo.” -ibid, liv. 2, ch. 6. Ege ɖe du la me, ɖi tsa yi gbedoxɔ vovovowo me, afisiwo wòse ŋutinya wɔ nukuwo tso nunɔlawo kple ɖeɖeɖagalawo gbɔ le, eye wòwɔ kɔnu, siwo wobia tso esi la. Ke le afisiafi la, eke ɖe nuwɔna nyɔŋu geɖewo ŋu, siwo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Ede dzesii be nunɔlawo ƒe hatsotsoe vovovoawo katã le nuvɔ-gbea ɖe me. Ese woƒe fewuɖuɖu makɔmakɔwo, eye eƒe dzi ʋuʋu le alesi wole vlo dom nusianu, yi keke sɔleme kɔkɔea hã ŋu la ta. Ekpɔ le ɖeɖeɖagalawo kple ameŋkuta, siwo dome wòge ɖo la, be gbegblẽ le afisiafi. Afisi ke ko wòtrɔ ŋku ɖo la, gbegblẽ kple vlododo nu kɔkɔewo koe li. Egblɔ le eƒe nuŋɔŋlɔwo me be: “Womate ŋu axɔe se be nuvɔ̃ kple vlodonu wɔwɔ mawo katã le me vam le Roma o; ɖe ko woakpɔe, asee, hafi aka ɖe edzi.” Eyata wòsena amewo gblɔna zi geɖe be: ” Ne dzomavɔa ɖe li la, Romae wotu ɖe edzi. Aʋlia ɖe wònye, si me nuvɔ̃ ɖesiaɖe ƒomevi doa go tso.” -ibid., liv. 2, ch. 6. UGL 105.2

Papa do tsɔtsɔke ŋugbe na amesi alia nusi woyɔna be Pilato ƒe atsrɔkpui la, le klo dzi. Ke gbe ɖeka, esi Luther le akɔfadɔ sia wɔm la, kasia ewɔ nɛ abe ɖe wòse gbea ɖe, si le abe dziɖegbe ene, gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe tso xɔse me.” (Roma 1: 17) UGL 105.3

Etsi tre enumake le eƒe afɔwo dzi le ŋukpẽ kple vɔvɔ me, hesí dzo le teƒe ma, si kpɔ eƒe dzixɔse fuflu la ƒe ɖeɖefia. Tso keke gbemagbe la kpukpui sia medzudzɔ dɔwɔwɔ ɖe edzi kpɔ o. Ekpɔe, eme kɔ ƒã, alesi menyo kura o, eye wònye ɖokui beble, be ame naka ɖe eƒe dɔwɔwɔwo dzi na eƒe ɖeɖekpɔkpɔ; ekpɔ alesi gbesiagbe ƒe xɔse ɖe Kristo ƒe dzenawo dzi hã le vevie ŋutɔ. Eƒe ŋkuwo ʋu azɔ, eye womagamía gbeɖe ɖe Papa ƒe ameblenyawo kpɔ o. Esi wòɖe ŋku ɖa le Roma dzi la, eƒe dzi hã te ɖa nenema ke le egbɔ, eye tso ɣemaɣi la, agado, si le wo dome la medzudzɔ keke ɖe dzi o, vaseɖe esime wòtso kadede, si nɔ eya kple Papa hamea dome la keŋkeŋ. UGL 106.1

Esi wògbɔ va aƒe tso Roma la, Wittenberg ƒe Sukukɔkɔ la na eyama Biblia gɔmesese ƒe ɖaseɖigbalẽ gãtɔ.Tso ɣemaɣi la, ekpɔ vovo agayi ɖe Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ, si vivia enu ale gbegbe la dzi. Edo ŋugbe vevie be yeayi ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me kuku tsitotsito dzi, eye yeanɔ gbeƒã ɖem Nya la kple nuteƒewɔwɔ yeƒe agbe ŋkekeawo katã, tsɔ wú be yeanɔ Papa ƒe nya kple nufiafiawo fiam. Ke menye nunɔla gblɔe, alo nufiala suɛ ma, ye gale nu ƒom azɔ o, ke boŋ Biblia taʋlila, si sí ŋusẽ le lae. Woyɔ eyama abe alẽkplɔla ene be wòavanyi Mawu ƒe alẽ, siwo Nyateƒe ƒe dɔ kple tsikɔ nɔ wuwum la. Egblɔna kple ŋusẽ be medze be kristotɔ naxɔ nufiafiaa ɖeke to vovo na esiwo nɔ anyi ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ dzi o. Nyati sia nye nya, si nɔ ké ɖem le Papa ƒe gãnyenye ƒe gu nu ke la te. Enye nya, si dzi Reformatio ƒe ɖoɖowo nɔ anyi ɖo. UGL 106.2

Luther kpɔ afɔku, si wònye, be yeanɔ kɔkɔ dom amegbetɔ ƒe susuɖeɖewo wú Mawu ƒe Nya la. Etsi tre sesiẽ ɖe nuteƒemawɔ ƒe susu, si ŋu dɔ nufialawo wɔna la ŋuti, eye wògatsi tre ɖe amegbetɔ ƒe susuɖeɖe kple xɔsenufiafia, siwo wɔ dɔ didie ɖe dukɔ la dzi la ŋuti. Egblɔ be wonye nufiafia siwo ŋu asixɔxɔa ɖeke mele o, eye woganye nusiwo agblẽ nu le ame ŋu. Egaɖo vevie be yeaɖe nusrɔlawo ƒe susu ɖa le nufiala mawo ƒe alakpa kple susuɖeɖewo dzi ada ɖe Nyateƒe mavɔ, siwo Nyagblɔɖilawo kple Apostolowo fia la dzi. UGL 106.3

Eƒe gbeƒãɖeɖe la xɔ asi ale gbegbe be ameha gãwo dia esese vevie. Womese nufiafia sia tɔgbi kpɔ gbeɖe o. Dzidzɔnya, si nye Ɖela ƒe lɔlɔ̃ Nyanyui la, kakaɖedzi ku ɖe nuvɔ̃ tsɔtsɔke kple ŋutifafa to Xɔla ƒe ʋu me ŋu, esiawo keŋ nye nya, siwo na woƒe dziwo yɔna kple dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ mavɔ. Nenemae, le Wittemberg, kekelia ɖe de asi keklẽ vivivi, esi ƒe alɔdzewo ayi ɖe xexea ƒe mlɔɛnuwo keŋ, eye eƒe keklẽ la anɔ edzi yim yi ɖe ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu ke. UGL 107.1

Ekem kekeli kple viviti mate ŋu awɔ ɖeka o. Ʋiʋli manyagblɔa ɖe le Nyateƒe kple alakpa dome. Kpekpé ɖe akpa ɖeka ŋu kple eta ʋiʋli nye tsitretsitsi ɖe akpa evelia ŋuti kple emumu ƒu anyi. Míaƒe Ɖela ŋutɔ gblɔ be: “Migabu xa bena meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ.” (Matt. 10:34) Luther gblɔ le ƒe via ɖewo siwo kplɔ Reformatio ƒe gɔmedzedzea ɖo la, be: “Menye ɖe Mawu le kplɔyem o, ke tutunyem wòle ɖe ŋgɔ. Nyemeɖu fia ɖe nye wɔnawo dzi o. Medi nyuie be manɔ ɖiɖiɖeme ƒe agbe, gake wotutuam de ʋunyaʋunya kple aglãdzedzewo ƒe titina.”- D’Aubigné , liv.5, ch. 2. Azɔ la wole edege ʋiʋli me. UGL 107.2

Roma hamea tsɔ Mawu ƒe amenuveve la wɔ adzɔdonue. Gaɖɔlilawo lí woƒe kplɔwo ɖe eƒe vɔsamlɛkpuiwo ƒe axawo dzi, eye nuƒlelawo kple nudzralawo ƒe ɣli xɔ ya me keŋ. (Matt. 21:12) Kple susu sia be wole ga ƒom ƒu na Petro kɔkɔe ƒe gbedoxɔ gã la tutu le Roma la, eva me be wonɔa nuvɔ̃ tsɔtsɔke dzram le dutoƒo, le Papa ƒe gbeɖeɖe nu. Ekem míakpɔ be nuvɔ̃ ƒe ga wotsɔ le gbedoxɔ tum na Mawu ƒe subɔsubɔ. Nuvɔ̃ mɔdzi woto helí eƒe gɔmeɖokpe anyi. Gake mɔnu mawo, siwo he nusiwo avanye Roma ƒe atsyɔ̃ vɛ la, kee nye nusiwo de ku-bi eƒe ŋusẽ kple gãnyenye ŋuti. Woawo kee de adã Papa ƒe futɔ sesẽawo me, si na be aʋa gãa ɖe vadzɔ, si ʋuʋu Papa ƒe dziɖuɖua ƒe gu nu ke, eye wòna eƒe fiakuku etɔ-tsã-ɖenu la ge le eƒe ta kloe. UGL 107.3

Amesi wotsɔ tsɔtsɔke dzadzra le Germania ƒe dɔ la de asi na lae nye Dominica nunɔla Tetzel, si wonya be ewɔ vɔ̃ geɖe ɖe hahoa kple Mawu ƒe Se la ŋuti. Ke esi wòsi le tohehe, si dze na eyama nu megbe la, Papa tsɔe wɔ agbate-srafo ƒe dɔwɔnu, si nu gbegblẽa ɖeke wɔwɔ mesẽa ŋu na o la. Edana alakpa sesẽwo ŋumakpẽtɔe, eye wògblɔa glitoto ƒe nya viviwo heflua dukɔ numanyala, si xɔa nusianu dzi sena la. Nenye ɖe Mawunya nɔ dukɔ sia si la, anye ne womablee nenema gbegbe o. Ke woxɔ Biblia le esi ale be woahee te ɖe papa-dziɖuɖua ƒe ŋusẽ té, bena wòazu hotsuikpɔkpɔ mɔnu na kplɔla nugãdila, siwo nye Kristo ƒe futɔwo la. ( John C. L. Giesler, A Compendium of ecclesiastical History , C.4, sec. 1.) UGL 107.4

Ne Tezel le gegem ɖe dua ɖe me la, ɣlidolaa ɖe nɔa ŋgɔ nɛ henɔa nya sia gblɔm: “Mawu kple fofo kɔkɔe, Papa, ƒe amenuve le miaƒe ʋɔtruwo nu.” (D’Aubigné , liv. 3, ch. 1) Ne ɣli sia ɖi la, dukɔa do na go, eye woxɔa busunyagblɔla sia abe Mawu ŋutɔe ɖi tso dziƒo va wo gbɔ ene. Adzɔdodo nyɔŋu sia kpɔa nɔƒe le du, si me Tetzel yi la me, eye wòliaa nyagblɔti dzi heviviaa nu me na amewo be nuvɔ̃ tsɔtsɔke, si dzram yele la, nye dziƒo ƒe nunana xɔasitɔ kekeake, si va na wo la. Egblɔna na amewo be ame sike aƒle tsɔtsɔke ƒe agbalẽvia la, nuvɔ, siwo katã wòdi be yeawɔ le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, woatsɔ wo akee, eye bena magahiã vevesese ɖe wo ta o.-ibid, liv. 3, ch. 1) Ga wu la, eka ɖe dzi na wo be ŋusẽ le tsɔtsɔke-gbalẽvia si be wòana ɖeɖekpɔkpɔ, menye agbagbeawo ɖeɖeko o, ke ame kukuwo hã; be kasia ga la nage dze yeƒe ga-ɖaka via me ko la, eƒe ɖiɖi gleŋ gleŋ ɖena luʋɔ, si ta woxe fe ɖo la, doa go le ŋutiklɔdzo me enumake yia dziƒo. (K.R. Hagenbach, Histoire de la Réformation , vol. 1, p.96.) UGL 108.1

Esi Simon, akunyawɔla bia be yeaƒle nukunu wɔwɔ ƒe ŋusẽ le Apostolowo si la, Petro ɖo ŋu nɛ be: “mia kple wò klosalo miatsrɔ, elabena èbu xa bena yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.” (Dɔw.8:20). Gake ame akpe akpewoe ɖo Tetzel ƒe yɔyɔ la ŋuti. Sika kple klosalo geɖe kɔ ɖe eƒe aɖaka la me. Amewo ɖo ta ɖeɖekpɔkpɔ, si woateŋu ƒle kple ga la gbɔ bɔbɔe tsɔ wú esi bia vevesese ɖe nuvɔ̃ ta, xɔse kple ŋutete wɔwɔ le kutrikuku me na nuvɔ̃ dzi ɖuɖu. UGL 108.2

Agbalẽnyala kple mawuvɔla, siwo le hamea me la, tsi tre ɖe tsɔtsɔke ƒe nufiafia dada sia ŋuti. Womexɔ nya mawo dzi se kura o, elabena womesɔ kple amegbetɔ ƒe susu keke woava sɔ kple Ɖeɖefia la o. To gbɔ be ele alea hã la, episkɔpoa ɖeke mekɔ gbe yi dzi tsi tre ɖe amebeble kple asitsatsa vlo ma ŋuti o. Ke azɔ la, ame geɖewo tsɔ mavo le wo ɖokui me hele biabiam be ɖee Mawu madɔ eƒe dɔwɔnua ɖe ɖa ne wòavakɔ hame la ŋuti oa ? UGL 109.1

To gbɔ be ɣemawoɣi katã Luther ganye Papa yomedzela sẽŋua ɖe hã, tsɔtsɔke-sitsala siawo ƒe busunya nuƒoƒowo nyɔ ŋu nɛ ale gbegbe. Eƒe hamevi geɖe, siwo hã ƒle nuvɔ̃ tsɔtsɔke ƒe ɖaseɖigbalẽ viawo la, va egbɔ be yewoaʋu yewoƒe nuvɔ̃ vovovowo me na woƒe kpɔla la, menye kple susu be yewoase veve ɖe wo ta, atrɔ agbenɔnɔ o, ke wova kple tsɔtsɔke, si woƒle la boŋ. Luther gbe be yemana wo tsɔtsɔke o, ke boŋ eka mo na wo gblɔ be ne wometrɔ le woƒe dzi me, heɖɔ li agbenɔnɔ o la, ekem woaku le woƒe nuvɔwo me. Hamevi siawo tɔtɔ geɖe le woƒe susuwo me, eye woyi ɖa kpɔ Tetzel hegblɔ alesi woƒe nunɔla Luther do vlo tsɔtsɔke gbalẽvi la. Ke Tetzel kpɔ dziku ŋutɔ. Egblɔ fiƒodenya sesẽwo, eye wòna wodo dzo ɖe ablɔwo dzi, heɖe gbeƒã be yexɔ ŋusẽ tso papa gbɔ be yeatɔ dzo xɔsedadatɔ, siwo aka tse atsi tre ɖe tsɔtsɔke, siwo nye nu kɔkɔe ŋutɔ la ŋuti.- D’Aubigné, liv. 3, ch. 4. UGL 109.2

Tso gaƒoƒo ma dzi la, Luther dze Nyateƒe la ta ʋiʋli gɔme kalẽtɔe. Ena nyanya sesẽ amewo tso keke nyagblɔti dzi ke. Eɖe nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi fia dukɔ la, eye wòna wonya be amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke kura aɖiɖi eƒe nuvɔ̃ ƒe kpekpeme, alo asi le eƒe tohehe nu gbeɖe o. Ekem vevesese na Mawu ɖe nuvɔ̃ ta kple Kristo dzixɔse koe aɖe nuvɔwɔlawo. Womate ŋu aƒle Kristo ƒe amenuve o. Nunana fã wònye. Ebia wo be womegaƒle nuvɔ̃ tsɔtsɔke o, ke boŋ woatrɔ ɖe Ɖela, si woklã ɖe ati ŋuti la, ŋu kple xɔse. Eyi edzi gblɔ eƒe vevesese nuteƒekpɔkpɔ, si me wòto be yeakpɔ ɖeɖe to tofloko ƒe vlodoameɖokui kple akɔfadɔwo me la na wo; eka ɖe dzi na toɖolawo be esi yeɖe ŋku ɖa le yeɖokui dzi hetrɔ ɖe Kristo ŋu kple xɔse la, yeke ɖe ŋutifafa kple dzidzɔ ŋu. UGL 109.3

Ekem esi Tetzel gayi ɖe eƒe adzɔ dodo kple alakpa vloawo dzi la, Luther hã ɖoe kplikpã be yeatsi tre kple ŋusẽ yeye ɖe wɔna vɔɖi mawo ŋu. Ame kɔkɔewo ƒe azã nye ŋkeke gãa ɖe woɖuna le Wittemberg. Gbemagbe woɖea ŋutinu kɔkɔe, siwo le hamea si la, fiana, eye wòganyena ŋkeke, si dzi amesiwo katã ɖi tsa va afima vaʋu nuvɔ̃ me la, kpɔa tsɔtsɔke blibo le. Ameha gã aɖe nyẽna zĩ tso afisiafi vana. Ke le ŋkeke, si do ŋgɔ na azã sia la, Luther yi ɖe hamea me afisi ame geɖewo ƒoƒu ɖo xoxo, eye kalẽtɔe, etsɔ nyati 95, si wòŋlɔ̃ tsi tre ɖe tsɔtsɔke ƒe nufiafia dada ŋuti la, klã ɖe gbedoxɔa ƒe ʋɔtru nu. Egblɔ be yele gbesɔsɔ aʋli nyati siawo ta, akpe nya kple amesi ke melɔ ɖe wo dzi o la. UGL 110.1

Xexeame katã fɔ ŋku ɖe Luther ƒe nyati siawo dzi. Woxlẽe gaxlẽe ke, eye wokakae le afisiafi. Ede ʋunyaʋunya Sukukɔkɔ gã kple dua katã me. Le eƒe agbalẽ sia me la, eté gbe ɖe dzi be womena ŋusẽ amea ɖeke, eɖanye Papa, alo ame bubu o, be wòatsɔ nuvɔ̃ ake ame, alo wòaɖe eƒe tohehe ɖa le amea ɖe dzi o. Esiawo katã nye mɔnu, si dzi woto le ga xɔm le amesiwo xɔa nusianu dzi sena la si. Enye nusi Satana ɖo anyi na amesiwo axɔ alakpanya mawo dzi se la ƒe luʋɔ tsɔtsrɔ. Luther gaɖee fia, emekɔ nyuie, le eƒe nyati 95 ƒe agbalẽa me be Kristo ƒe Nyanyui la enye Hamea ƒe kesinɔnu xɔasitɔ kekeake, eye bena Mawu ƒe amenuve, si woɖe ɖe go le eme la, li, femaxe, na amesi ko adii to vevesese ɖe nuvɔ̃ ta kple xɔse me. UGL 110.2

Luther bia le eƒe agbalẽa me be amesi ke lɔ̃la, neva ne yewoaɖe nya me. Ke amea ɖeke melɔ̃ ɖe aɖikã nya ma dzi o. Biabia, siwo wòwɔ le agbalẽa me la, kaka ɖe Germania dua me le ŋkeke via ɖewo ko me; eye le kwasiɖa ɖewo me la, egba ɖe Kristo Hamea katã me le xexeame godo. Roma Katoliko mawuvɔla geɖe, siwo kpɔ gbegblẽ, si xɔ hamea keŋ, vɔ womenya alesi woaxe mɔ nɛ o la, xlẽ agbalẽ la kple dzidzɔ gã aɖe, eye wode dzesii be Mawu ƒe gbe wònye. Wose le wo ɖokui me be Aƒetɔ lae do eƒe asi ɖa be yeaxe mɔ na gbegblẽ manyagblɔ, si tso Roma dziɖuɖua gbɔ hele ta kekem ɖe dzi la. Fiaviwo kple sewɔlawo hã kpɔ dzidzɔ le adza me be wɔna siawo le nu wu ge azɔ. UGL 110.3

Evɔ, ameha gã, si lé ɖe nuvɔ̃ kple numaɖinuwodzixɔse ŋu la, tsɔ mavo elabena womu alakpa, siwo de woƒe gbegblẽwo dzi la ƒu anyi. Nunɔla ame flula, siwo kpɔ be yewo ƒe gadimɔnu vɔɖiwo le afɔku me la, hã kpɔ dziku vevie, eye woƒo ƒu, ɖe susu le alesi woaʋli woƒe wɔnawo ta la ŋuti. Ke ele na Ɖɔɖɔɖowɔla Luther be woakpa ŋgɔ nyatsɔɖameŋula geɖe siwo tsi tre ɖe eŋu kple ŋusẽ. Wo dome amea ɖewo le gbɔgblɔm be ele nu wɔm kple dɔmedzui, le eɖokui dom ɖe dzi. Bubuawo gblɔ be eyaŋutɔ ƒe susu nu wòle nuwo wɔm ɖo, menye Mawu ye dɔe o, ke boŋ dada kple nugãdidie le ewɔm. Luther nɔa gbɔgblɔm be: “amekae menya bena esu ko be nàɖe susu yeyea ɖe ɖe go ne woatsɔ wò be dadalae nènye, alo be dzre dim nèle oa? Nukata Kristo kple xɔsetakulawo katã wokpɔ ku ɖo? Elabena wokpɔ wo abe dadala, siwo tsi tre ɖe ɣemaɣi ƒe nunya, si li la ŋuti, eye woɖe susu yeyewo ɖe go, le esime wome xɔ aɖaŋuɖoɖoa ɖeke tso tsãtɔwo gbɔ o. Egagblɔ be nusi wɔm yele la, yemele ewɔm to amegbetɔ ƒe ayedzedze me o, ke boŋ to Mawu ƒe nuxlɔamenya mee. Ne etso Mawu gbɔ ɖe, amekae late ŋu axe mɔ nɛ? Ke ne metso egbɔ o ɖe, amekae late ŋu doe ɖe ŋgɔ ? Menye nye lɔlɔnue o, alo wotɔ o, alo míatɔ o, ke Wò, Fofo Kɔkɔe, si le dziƒo la, ƒe lɔlɔnu koe awɔ esia.”- ibid. li, 3, ch. 6- (kpɔ GC p 122, 2e mamã 2lia). UGL 111.1

To egbɔ be Yehowa ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ ye kplɔ Luther le dɔ la gɔmedzedze me hã, mayi edzi ʋiʋli sesẽwo me mato o. Eƒe futɔwo ƒe nyatsɔɖameŋu, alesi wotrɔna eƒe susuwo dea ta agu, nusiwo katã wogblɔna tso eƒe dɛ̃ kple taɖodzinuwo ŋu, esiawo katã lɔ nɛ ɖe nu kple ŋusẽ, ale be wodze dɔ wɔwɔ ɖe edzi. Exɔe se be hamea ƒe kplɔlawo kple dukɔa me ƒe susuɖela gãwo woakpe ɖe ye ŋu na ɖɔɖɔɖo wɔwɔ. Dzideƒonya, siwo wòxɔ tso dumegãwo gbɔ la na be dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ yɔ eyama me, eye wòxɔe se be ŋkeke nyuiwo ƒe agu le dzedzem na hame la. Kpuie ko la, dzideƒonyawo trɔ zu mokaname kple fɔbubu le ɣeyiɣi via ɖe ko me. Hamemegãwo kple dua ƒe ameŋkutawo de dzesii be eƒe nyati, siwo wòɖe ɖe go la, nye nyateƒe vavã. Gake wokpɔ be ne yewoxɔ wo la, ava he tɔtrɔ gã gãwo vɛ. Ŋku ʋuʋu na dukɔa ana be Roma dziɖuɖua ƒe ŋusẽ aɖiɖi geɖe, eye ame akpeakpe, siwo ƒe ga kɔna ɖe woƒe gadzraɖoƒewo la, atrɔ le wo yome. Alea ye Papa kple eƒe ŋutimewo magate ŋu akpɔ mɔnu na woƒe yakagbenɔnɔ o. Gawu la, afia dukɔa alesi woɖea susu, wɔa nu le ameɖokui si kple alesi wolia ŋku ɖe Kristo ɖeka ko dzi na ɖeɖekpɔkpɔ la, esiawo katã amu Papa ƒe fiazikpui la, eye woawo hã ƒe ŋusẽ aɖiɖi. Ke le susu siawo ta wogbe nu le nunya, si Mawu tsɔ ɖo woƒe asitsɔƒe la gbɔ, eye woƒu asaɖa ɖe Kristo kple eƒe Nyateƒe la ŋuti to tsitretsitsi ɖe amesi Aƒetɔ la dɔ ɖoɖe wo gbɔ kple eƒe kekeli la ŋu. UGL 111.2

Luther ʋuʋuna nyanyanya ne ekpɔ eɖokui, eye wògakpɔ anyigbadzi ŋusẽ gã, siwo eyama ɖeka pɛ kpa ŋgɔ la. Ekea ɖi ɣeaɖewoɣi le eɖokui me be ɖee wònye nyateƒe be Mawue le yekplɔm le tsitre tsitsi ɖe hamea ƒe kplɔlawo ŋua? Egblɔ le eƒe nuŋɔŋlɔwo me be: “Ameka nye la menye, be matsi tsitre ɖe Papa ƒe gãnyenye ŋu, amesi ŋgɔ menye anyigbadzi fiawo ɖeɖe o, ke xexea katã ʋuʋuna le?” «Amea ɖeke mate ŋu anya veve, si nye dzi se, le ƒe eve gbãtɔwo me, nye gbɔdzɔgbɔdzɔ, alo, magblɔ ko, dziɖelameƒo, si me meto o. » -ibid, liv. 3, ch. 6.- Gake womegblẽe ɖe dziɖelameƒo blibo me o. Le esime amegbetɔ ƒe kpeɖeŋu bu ɖee la, etrɔ kɔ kpɔ Mawu ɖeka hɔ, eye wòde dzesii be yeate ŋu agbɔ ɖe me dedie le eƒe asi sesẽ la me. UGL 112.1

Le eƒe agbalẽa ɖe, si wɔŋlɔ̃ na eƒe Reformatio xɔlɔa ɖe me la, Luther gblɔ be: «Enye nusi dzi woaka ɖo be womate ŋu ase Ŋɔŋlɔawo gɔme to nusɔsrɔ̃ me alo nunya me o. Wò dɔdasi gbãtɔ enye be nàdze egɔme kple gbedodoɖa. Nàbia Aƒetɔ la be, le eƒe amenuve gã me, wòana wò nunya vavã na eƒe Nya la. Gɔmeɖelaa ɖeke meli na Mawu ƒe Nya la tsɔ wú Amesi tɔ wònye la o.» Nusi eya ŋutɔ gblɔ enye si: «…wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.” (Yoh. 6:45) Megakpɔ mɔ na naneke tso wò dɔwɔwɔwo gbɔ, naneke tso wò nunya gbɔ o. Tsɔ ɖokuiwò de asi na Mawu ɖeka ko, kple na Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ. Xɔ amea ɖe, si wɔ nuteƒekpɔkpɔ sia dzi se.” -ibid., liv. 3, ch. 7.- Afii nufiame tɔxɛ, si ɖo asixɔxɔ gãa ɖe la, le na amesiwo se le wo ɖokui me be Mawu le yewo yɔm ne yewoamã ɣeyiɣi sia ƒe Nyateƒewo kple amewo la. Nyateƒe siawo hona dzi na Satana kple amesiwo lɔa eƒe glinyawo la. Le ʋiʋli kple vɔ̃ ƒe ŋusẽwo me la, míehiã nusi lolo wú amegbetɔ ƒe nunya kple sidzedze. UGL 112.2

Ne futɔwo le nu ƒom tso dekɔnuwo kple numamewo ŋuti la, alo tso Papa ƒe nyagbɔgblɔ kple eƒe ŋusẽ ŋu la, Luther ya ɖoa wo ŋuti kple Biblia, kple Biblia ɖeka ko. Womegate ŋu kpɔna ŋuɖoɖoa ɖeke na eƒe numeɖeɖe o; esia ta amesiwo nye kluviwo na ame ƒe nuɖoanyiwo kple numaɖinuwo dzi xɔse la, dia eƒe ku, abe alesi Yudaviwo hã di Yesu ƒe ku ene. Ke papa yomedzela, siwo yɔ kple dziku la doa ɣli be: “Xɔsedadatɔe!” “Nuvɔ̃ wònye be miaɖe asi le eŋu wòanɔ agbe gaƒoƒo ɖeka gɔ̃ hã!” “Mina woatɔ dzoe fifilae!”-Ibid. liv. 3, ch. 9.- Gake Luther mezu adelã na woƒe dziku sesẽ la o. Dɔdasi le Mawu si nɛ be wòawɔ, eyata wòdɔ eƒe dɔlawo ɖoɖa be woakpɔ eta. Gake amesiwo xɔ Luther ƒe Nyateƒe xɔasi, siwo wòɖe gbeƒãe la, tsi Satana ƒe dziku sí me. Woxɔ fuwɔamewo kalẽtɔe, heku le woƒe lɔlɔ̃ na Nyateƒe la ta. UGL 113.1

Luther ƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe ŋugbledela, siwo le Germania nyigba katã dzi la, ƒe susu dzi. Kekeli ƒe alɔdzewo klẽna tso eƒe mawunya kple nuŋɔŋlɔwo me henyɔna ame akpeakpeawo. Azɔ xɔse gbagbe xɔ gotanu ƒuƒlu, siwo me woté wo ɖo didie la, teƒe. Blewu blewu, ŋkeke yi ŋkeke dzi, dukɔa ƒe xɔse ɖe Roma ƒe tofloko nufiafiawo dzi la le bubum. Mawu ƒe Nya, si Luther tsɔna tua te le nufiafia kple nyagbɔgblɔwo katã ŋgɔ la, le abe yi nu eve, si le mɔ tam yi ɖe dziwo me la ene. Didi le amewo me ɖom le afisiafi na tsitsi le gbɔgbɔ me. Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le amewo wum, nusi womegakpɔ kpɔ o, ƒe alafawoe nye sia. Dukɔa ƒe ŋku, siwo lí ɖe amegbetɔ ƒe kɔnuwo kple anyigba dzi nyaxɔɖakɔlawo dzi didie la, trɔ azɔ le dzimetɔtrɔ kple xɔse me, ɖe Kristo dzi, ɖe Kristo, si woklã ɖe atitsoga ŋuti la dzi. UGL 113.2

Zi alesi gbɔgbɔme nyawo le ta kekem ɖe edzi la, nenema kee Papa yomedzelawo hã ƒe mavo le dzi yimee. Woyɔ Luther be wòava Roma aɖo xɔsedada ƒe nya, si wotsɔ ɖe eŋu la ŋuti. Eƒe xɔlɔwo vɔ̃ ɖe enu ŋutɔ. Wonya afɔku, siwo le eƒe agbe ŋu le du gbegblẽ ma, si Yesu ƒe xɔsetakulawo ƒe ʋu le mumum la, me. Wotsi tre ɖe nya sia ŋu, hebia tso Roma si be ne nyamekukua ɖe li la, woawɔe le Germania. UGL 113.3

Ke nya sia dzi wova ɖo kpee, eye Papa teƒenɔla ye lakplɔ wɔnawo. Le gbedasi, si wòxɔ tso Papa gbɔ me la, woɖo kpe edzi xoxo be Luther nye xɔsedadatɔ. Ekem wobia tso teƒenɔla sia si be wòatsɔ nya ɖe eŋu, até ɖe edzi ne wòatsɔ eɖokui na le madidi me. Ke ne egbe, sẽ to, eye mate ŋu alée hã o la, ele nɛ be wòade se be womagana teƒe Luther le Germania ƒe dua ɖeke me o, eye woanya amesiwo katã nye eyomedzelawo hã do go, aƒo fi de wo, aɖe wo do go le hamea hã me. -Ibid., liv. 4, ch. 2.- Gawu esia la, Papa de se na eƒe teƒenɔla be, ne woate ŋu atsrɔ̃ xɔsedada ƒe dɔvɔ̃ sia keŋkeŋ la, amesiwo katã lagbe be yewomalé Luther kple edzidélawo, akplɔ wo dé asi na Roma ƒe tohehe o la, ne woganye hamea alo dua ƒe ame ŋkutawo hã, woaɖe wo ɖa le hamea me, negbe fia gã la ko. UGL 114.1

Míade dzesii be nusi nye papa ƒe gbɔgbɔ vavã la le eɖokui ɖem fia le nya siawo me. Kristotɔ ƒe ɖoɖo, alo dzɔdzɔenyenye ƒe dzesi vi kakɛa ɖeke mele eƒe nuŋɔŋlɔa me o. Luther le didiƒe ke na Roma; womenae asinukpɔkpɔa ɖeke be wòaɖe eɖokui nu, eye wòaʋli eƒe nufiafiawo ta o; gake hafi woadzro eƒe nya me la, woɖo kpe edzi be enye xɔsedadatɔ, eye le ŋkeke ɖeka me ko, woxlɔ̃ nui, tsɔ nya ɖe eŋu, bu fɔe enumake; amesi wɔ nusiawo katã, woyɔe be fofo kɔkɔe, si nye ” ŋusẽ-ƒo-ŋusẽwo- katã ta, amesi mewɔa nuvɔ̃ gbeɖe o, ɖeka, si ko li le hame la kple dukɔ la me siaa”. UGL 114.2

Ɣemaɣi, esi Luther le xɔlɔ̃ vavãa ɖe, si ase veve kplii, axlɔ̃ nui, dim vevie la, Mawu ƒe amenuve dɔ Melankton ɖo ɖe Wittemberg. Sɔhɛ ko wòganye, si ŋu bɔbɔenyenye, susuɖeɖe ƒe kelili kple nunya gã dzé le. Kpe ɖe nusiawo ŋuti la, eƒe nu- nyaƒoƒo, eƒe dɛ̃ ƒe nyonyo kple dzadzɛnyenye na be amewo lɔ̃ eƒe nya gbɔ geɖe. UGL 114.3

Augsbourg ƒe du la enye afisi wotia na Luther kple Papa teƒenɔla ƒe gododo. Ke Luther dze mɔ kple afɔ ɖo ta godoƒe la. Amewo vɔ̃ ɖe enu ŋutɔ. Amewo ka atam le dutoƒo be yewoawui le mɔ ta, eye exɔlɔwo ɖe kuku nɛ be megade eƒe agbe afɔku me o. Ɖewo bia tso esi be wóado go le Wittemberg dua me vie, ayi ɖa ɣla ɖe amesiwo le klalo be yewoakpɔ eta la gbɔ. Gake medi be yeadzo le afisi Mawu ŋutɔ dae ɖo la o. Ele nɛ be wòayi Nyateƒea taʋiʋli dzi, to gbɔ be ahomya sesẽwo le ƒoƒom ɖe edzi hã. Egblɔ be: «Mele abe Yeremya, amesi wokpena dzre kplii, kple amesi gɔme womesena o la ene; zi alesi woƒe adãkaka anɔ dzi yim la, nenema nye dzidzɔ anɔ dzidzim ɖe dzie.[...] Wovuvu bubu kple ŋkɔ-de-du, si le ŋunye la vɔ. Nusi ko susɔ nam la enye nye blanuiŋutilã sia; wonexɔe fãa, gaƒoƒo via ɖewo koe woaɖe le nye agbe la dzi. Ke nye luʋɔ ya la, womaxɔɛ le asi nye gbeɖe o. Ame sike di be yeatsɔ Kristo ƒe Nya la yi ɖe xexea me la, ele nɛ be wòakpɔ mɔ na ku gaƒoƒo sia gaƒoƒo.”-Ibid.,liv.4,ch.4. UGL 114.4

Dzi dzɔ Papa teƒenɔla la geɖe esi wòse be Luther ge ɖe Augsbourg dua me. Ewɔ abe ɖee xɔsedadatɔ, si trɔ xexea katã ƒe ŋku va eɖokui dzi la, ge ɖe Roma ƒe ŋusẽ te azɔ ene, eye Papa teƒenɔla ɖo kpe edzi vevie be yemaɖe asi le eŋu wòagado go le Augsbourg dua me abe alesi wòge ɖe eme la ene o. Ɖɔɖɔɖowɔla la metsɔ ɖe le me na du-fia gã la ƒe¬ ametakpɔgbalẽ lelé ɖe asi hafi adze mɔ o. Ke exɔlɔwo xlɔ̃ nui be ele be wòalée ɖe asi hafi age ɖe Papa ƒe amedɔdɔ la ŋku me. Woawo ŋutɔ dze agbagba xɔe nɛ. Roma ƒe amedɔdɔa ƒe ɖoɖo enye be yeaté ɖe Luther dzi ne wòagbe nu le eƒe nufiafiawo gbɔ, alo ne manye nenema o la, woayɔe va Roma, ale be nusi dzɔ ɖe Yohanes Hus kple Yeromo, si tso Prag dzi la, natu eyama hã le afima. Eyata wòdɔ eƒe subɔlawo ɖoɖee be wòva kaba, ametakpɔgbalẽa malé ɖe asi, ne wòaku ɖe yeƒe dɔmenyo ɖeɖe ko ŋu. Ɖɔɖɔɖowɔla la gbe nya sia kple ŋusẽ. Esi Germania fiagã la ƒe agbalẽ la ka esi la hafi wòdze mɔ na gododo Papa teƒenɔla la. UGL 115.1

Romatɔwo ƒe susu enye be yewoable Luther ɖe ŋu kple gota akɔfanyawo, abe ɖe wolɔ̃ eƒe nya gbɔ ene. Le woƒe gododowo me la, amedɔdɔ la gblɔ alesi wònye eƒe xɔlɔ, si lɔe vevie la; gake ebia tso esi be wòabɔbɔ ɖe hamea ƒe ŋusẽ te, eye wòaɖe asi le eƒe nya, siwo katã wòɖe ɖe go la ŋu, nyaa ɖeke mabia. Ke medzesi amesi ƒomevie wòkpe nya kple o. Le eƒe nyaŋuɖoɖo me la, Luther gblɔ bubu, si wòɖo na hame la, eƒe lɔlɔ̃ na Nyateƒe la, kple eƒe gbesɔsɔ be yeaɖo nya, siwo katã wotsɔ ɖe yeƒe nufiafiawo ŋu la ŋuti, eye be yeatsɔ nufiafia siawo ɖo ŋkume na Sukukɔkɔ, siwo dzi woda asi ɖo la. Gake melɔ̃ ɖe kardinal, papa ƒe amedɔdɔ la, ƒe wɔnawo dzi, esi wòbia kpuie ko be wòagbe nu le eƒe nufiafiawo kple nyawo katã gbɔ, le esime meɖee fia ye be yeda vo o. Ke nusi ko ganye Papa teƒenɔla ƒe ŋuɖoɖo na Ɖɔɖɔɖowɔla enye: “Gbe nu le wò nyawo gbɔ! gbe nu le wò nyawo gbɔ!” Luther ɖee fia, eme kɔ nyuie, be yeƒe nyawo nɔ anyi ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo dzi, eye wògblɔ kple ŋusẽ be yemagbe nu le Nyateƒe la gbɔ o. UGL 115.2

Esi kardinal la mekpɔ nya, si wòatsɔ ɖo ŋu na Luther o la, megate ŋu ɖu eɖokui dzi kura o; edo ɣli kple dɔmedzoe: “Gbe nu le wò nyawo gbɔ! gbe nu le wò nyawo gbɔ! ne menye nenem o la, maɖo wo ɖe Roma, eye nàkpa ŋgɔ ʋɔnudrɔla, siwo wotsɔ wò nya la de asi na. Mele miaɖem ɖa le hamea me, mi kple amesiwo katã dze yowòme, kple amesiwo le dziwò dém, alo avadé dzi wò la, mele miaɖem do go tso hamea me.” Ewu nu kple dada ƒe gbea ɖe, si yɔ kple dziku be: Gbe nu le wò nyawo gbɔ, ne menye nenem o la, megatrɔ va kpɔm o. - D’Aubigné , liv. 4, ch. 8.- Luther kple exɔlɔwo do go, hegblẽ kardinal kple eŋutimewo ɖi, siwo le ŋku me kpɔm na wonɔnɔewo, elabe womexɔe se kpɔ be gododoa ava wu nu nenema o. Medidi hafi Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe ŋutete, si wòwɔ le takpekpea la, dze ku tsetse gɔme o. Ameha gã, si nɔ ƒuƒoƒoa me la, tsɔ akpa eveawo sɔ ɖe wonɔewo nu, eye wokpɔ gbɔgbɔ to vovo, si woɖe fia, kple ame eveawo ƒe xɔse ƒe ŋusẽ kple nyateƒenyenye. Vovototo gã ka enye sia le wo ame eveawo dome! Ɖɔɖɔɖowɔla, ame gblɔe, bɔbɔenyenye-me, si me kelili le, si va kple Mawu ƒe ŋusẽ, eye wòle Nyateƒea ƒe akpa dzi; Papa teƒenɔla, si yɔ kple gãnyenye ɖeɖefia, gbeɖeɖe kple dada, amesi mebua naneke ŋu o, si si nyameɖeɖea ɖeke mele, si nɔ anyi ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, gake wòle gbe ɖem kple ŋusẽ be:“Gbe nu le wò nyawo gbɔ, ne menye nenem o la, maɖo wò ɖe Roma ne woahe to na wò”. UGL 116.1

To gbɔ be Germania-fia gã ƒe ametakpɔgbalẽ le Luther si hã, Papa yomedzelawo ɖo nugbe be yewoalée de gaxɔ me. Exɔlɔwo na wònya be megahiã be wòatsi dua me didie o, ke boŋ wòatrɔ yi Wittemberg enumake, eye wòle vevie be wòakpɔ nyuie be megana woanya eƒe susu o. Mɔfiala siawo domea ɖeka kplɔe do go tso Augsbourg hafi ŋu ke. Kple vɔvɔ̃ le dzi me, woto dua ƒe mɔ dovivitiwo dzi le ɣaɣla me. Futɔ ŋutasẽlawo le nugbe ɖom ɖe eƒe agbe ŋu. Ɖe wòate ŋu do go le woƒe mɔtetrewo mea? Wole vɔvɔ̃ kple gbedodoɖa vevie ƒe gaƒoƒoa ɖe me. Le ɖoɖoezizi me wova ɖo ʋɔtrua ɖe le gli, si ƒo xlã dua la me gbɔ. Woʋui da ɖi nɛ, eye wo kple eƒe kplɔla wodo go dzaa, mɔxenuaa ɖeke makpɔ. Ekem afɔ netsɔ. Hafi Papa ƒe amedɔdɔ la nava nya nusi dzɔ la, Luther le didiƒe ʋĩi na yometilawo ƒe fetsuwo. Satana kple eƒe dɔwɔnuwo kpɔ ŋukpẽ. Amesi woxɔ se be ege ɖe yewo ƒe ŋusẽ té la, to le woƒe asi me, abe xevi, si do go tso mɔtrela ƒe mɔ-kawo me ene. UGL 116.2

Esi kardinal la se Luther ƒe dzodzo la, ewɔ nuku nɛ, eye wòdo dɔmedzui ŋutɔ. Exɔe se be bubu agadze bubu dzi na ye ɖe alesi yetsɔ nunya kple ŋusẽ le amesi le ʋunyaʋunya dem hamea me la, ƒe nya ŋuti dɔ wɔmee; ke eƒe mɔkpɔkpɔ la bu keŋ. Eɖe eƒe dziku la ɖe go le agbalẽ, si wòŋlɔ̃ ɖoɖe Saxe nutomedzikpɔla, Frederik, si me wòtsɔ nya ɖe Luther ŋu le, hele ebiam be wòaɖo Ɖɔɖɔɖowɔla la ɖe Roma, alo wòaɖee do go tso Saxoni nutoame la me. Luther bia be Roma teƒenɔla, alo Papa ŋutɔ gɔ̃ hã, naɖee fia ye le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me be yeƒe nya mele me o, eye nusi me yeda vo le la, woagblɔe na ye; edo ŋugbe vevie be yeatrɔ le yeƒe nufiafiawo yome, ne woteŋu ɖee fia be wotsi tre ɖe Mawu ƒe Nya la ŋuti. Eda akpe na Mawu geɖe be eve ye nu, ɖe mɔ be yehã yeakpe fu ɖe eƒe Nya kɔkɔe la ta. Nyati siawo katã wɔ dɔ ɖe Dzikpɔla Frederik dzi ale gbegbe be wòɖoe be yeakpɔ Luther ta. Egbe hã be yemaɖoe ɖe Roma o, alo anyae do go tso yeƒe dua me o. UGL 117.1

Saxoni ƒe fiavi sia de dzesii be gbegblẽ yɔ dukɔa me keŋ, eye liƒoa ɖeke megali na agbe vlo nɔnɔ o. Ke ehiã ɖɔɖɔɖo-dɔ gãa ɖe.(129) Mɔnu, si woato, kple ga, si ŋu dɔ woawɔ hena mɔxexe na vɔ̃ kple tohehe na vɔwɔlawo la, magahiã kura nenye be amegbetɔwo xɔ ɖe Mawu ƒe Seawo ƒe biabiawo dzi, alo ɖo to amesiwo xɔ kekeli la ƒe gbe o. Ekpɔ be Luther ƒe dɔwɔwɔwo ɖo ta susu sia gbɔ, eye wòle dzidzɔ kpɔm le adza me be nu nyuia ɖe le ta dom ɖa le hame la me. UGL 117.2

Egade dzesi Luther ƒe dɔwɔwɔ, abe Sukukɔkɔ ƒe nufiala ene ƒe ŋgɔdede. Sukugã nusrɔlawo tsona Germania ƒe du vovovowo me vana Wittemberg be yewoaɖo to eƒe nufiafiawo. Ɣeaɖewoɣi ne sɔhɛ siawo, le woƒe mɔzɔzɔa ƒe nuwuwu ɖom, eye wokpɔ dua le adzɔge ʋĩ la, wokɔa woƒe asi eveawo ɖe dzi, hedana akpe na Mawu be ena eƒe kekeli la klẽ tso teƒe sia, abe tsã xoxo, tso Yerusalem ene. UGL 118.1

Le ɣemaɣi katã, Roma ƒe gbegblẽa ɖewo ŋuti ko Luther ke ɖo. Esi wòva le Ŋɔŋlɔ̃awo tsɔm le sɔsɔm kple Papa ƒe ɖoɖowo kple sewo la, ewɔ moya nɛ geɖe. Egblɔ le eƒe nuŋɔŋlɔ̃awo me be: « Mexlẽ Papa ƒe sededewo,[....] nyemenya ne eya Papa ŋutɔ yenye antekristoa loo, alo eƒe apostolo wònye o, ale gbegbe be wòtrɔ Kristo, ɛ, Kristo, si woklã ɖe atitsoga ŋu la, ƒe nɔnɔmee.-D’Aubigné, liv. 5, ch. 1.- Ɣemawoɣi, Luther gasusɔ nye Roma hamea taʋlila hafi, eye mesusu gbeɖe be yeava klã ɖa le eŋu o. UGL 118.2

Luther ƒe nuŋɔŋlɔwo kple nufiafiawo xɔ kristotɔwo ƒe dukɔwo katã me. Reformatio la le ta kekem yi ɖe Switzerland kple Holand. Ɖewo yi Frans kple Spania. Woxɔ eƒe nuŋɔŋlɔawo le Aŋlisi blɔtsi abe Agbe-Nya ene. Nyateƒe la ge ɖe Belgium kple Italia dua me. Ame akpeakpewo fɔ tso alɔ̃ me, esi dzidzɔ kple mɔkpɔkpɔ na xɔsegbenɔnɔ yɔ woƒe dziwo me. UGL 118.3

Roma ƒe dɔmedzui le sesẽm ɖe dzi, esi Luther hã ƒe gbeƒãɖeɖewo le edzi yim. Papa yomedzela sesẽa ɖewo ɖo kpe edzi le ɣaɣla me be manye nuvɔɖi kura be woaɖe Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe agbe ɖa o. Gbe ɖeka, amedzroa ɖe, si ɣla tukpui ɖe eƒe dziwui ʋlaya me la, te ɖe Luther ŋu hebiae be nukata eya ɖeka do go nenema ɖo ? Eɖo ŋu be: “Mawu ƒe asi mee mele. Eyae nye nye Xɔname kple Akpoxɔnu. Nukae amegbetɔ ate ŋu awɔ na ma?” -Ibid, liv. 6, ch. 2.- Kasia amedzro la se nya siawo la, eƒe mo trɔ ɖe bu, eye wòsi afɔtsɔtsɔe, abe ɖe wòle dziƒodɔlawo ƒe ŋkume ene. UGL 118.4

Roma ƒe ɖoɖo enye be Luther maganɔ agbe o, gake Mawue nye etaʋlila. Eƒe nufiafiawo yi afisiafi, sista-kpɔwo me, alo nyɔnu ɖokuiɖeɖagalawo ƒe kpɔwo me hã, agblewo dzi, dumegãwo nɔƒe, suku kɔkɔwo me, fiasã gãwo me; kalẽtɔwo tso le teƒe vovowo be yeawoakpe ɖe eŋu le eƒe ŋutetewo wɔwɔ me. -Ibid. liv.6, ch. 2.- UGL 119.1

Le agbalẽa ɖe, si wòwɔ ɖoɖe Germania Fiagã kple dua ƒe amegãwo hele woƒe kpeɖeŋu biam na Reformatio la, Luther gblɔ tso Papa ŋu bena: « Nu manyakpɔa ɖe wònye be, amesi le eɖokui yɔm be Yesu Kristo teƒenɔla yenye la, nanɔ hotsuikpɔkpɔ kple gãnyenye ƒe nɔnɔme, si fia gãa ɖeke mete ŋui kpɔ o la, ɖem fia. Nenema woɖina Kristo amedahe, alo Petro, bɔbɔenyenye- me lae nye ma? Papa gblɔna be yenye xexea ƒe aƒetɔ! Gake Kristo, si teƒe wòbe ye le la ya gblɔ be: Nye fiaɖuƒe la mele xexe sia me o. Ekem ɖee teƒenɔla ƒe fiaɖuƒe la alolo wú eƒe aƒetɔ la tɔ ma?” D’Aubigné , liv. 6, ch. 3.- UGL 119.2

Ku ɖe Sukukɔkɔwo ŋu la egblɔ be: «Mele vɔvɔm be Sukukɔkɔwo ava zu ʋɔtru, siwo ʋu na dzomavɔ, ne womewɔ ŋutete vevie heɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me na sɔhɛawo nyuie, eye woŋlɔ̃ wo ɖe woƒe dziwo me o la.» UGL 119.3

Nyemaxlɔ̃ nu amea ɖeke be wòaɖo via ɖe afisi Ŋɔŋlɔawo maɖu fia le la o. Gbegblẽ koe lanɔ teƒe, si womasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la le kple veviedodo o la. UGL 119.4

Yɔyɔ sia ɖi le Germania-dua katã me, eye wòwɔ dɔ ɖe dukɔa dzi geɖe. Amewo ƒe dzi ʋuʋu, eye ameha gãgãwo ƒoƒu ɖe Ɖɔɖɔɖo ƒe aflaga te. Luther ƒe futɔwo xɔ dzo kple hlɔbiabia dziku, eye wobia tso Papa si be wòatso ɖe eŋuti blibo azɔ. Woɖo kpe edzi be woabu fɔ eƒe nufiafiawo enumake. Wona ŋkeke blaadẽ Ɖɔɖɔɖowɔla kple eyomedzelawo be woagbe nu le woƒe nufiafiawo gbɔ; ne womewɔɛ le ŋkeke mawo me o la, woaɖe wo katã dogo tso ha la me. UGL 119.5

Kuxi manyagblɔa ɖe wònye na Reformatio ƒe azɔli la. Le ƒe alafa, siwo va yi me la, nusi kplɔna Roma ƒe ame ɖeɖe do go tso hamea me enumake la koe nye ku. Luther dzesi ahomya, si le ƒoƒo ge ɖe edzi la nyuie; gake meʋã le eɖokui me o, ke etsɔ eɖokui dé Kristo, si nye eƒe Kpeɖeŋutɔ kple Akpoxɔnu la si me. Nusi wògaŋlɔ̃ kple eƒe xɔsetakula ƒe xɔse kple dzidodo la, enye esi gbɔna: «Nukae le ŋgɔgbe gbɔna? Nyemenyae o, eye mehiãm hã be manyae o.» «Nyemavɔ̃ na nusiwo woawɔ nam la o. Ati ƒe aŋgbaa ɖeke megena dze anyigba, mía Fofo la ƒe lɔlɔnu manɔme o. Aleke gɔ̃ eƒe belelé na mí malolo wú oa! Nu gã kae wònye be míaku ɖe Nya la ta? Menye naneke kura o, elabena Nya la, si vatrɔ zu ŋutilã ɖe mía ta la, ku do ŋgɔ xoxo. Ke míawo hã míafɔ kplii, nenye be míeku kplii, eye ne míeto eƒe afɔtoƒewo la, ɖoƒe afisi wòɖo, eye wòle fifia la, míawo hã míaɖo afima, anɔ kplii yi mavɔ.- Ibid., liv. 6, ch. 9.- UGL 119.6

Esi Papa ƒe agbalẽ la ka Luther si la, egblɔ be: «Nyemebui naneke o, eye mekpɔ eƒe nyatsɔɖameŋu abe nu makɔmakɔ kple aʋatso ene.. Kristo ŋutɔ wòtso afia na le eme.» «Dzidzɔ wònye nam be makpe fu via ɖe ɖe nusi nye nu nyuitɔ kekeake la ta. Megavo le nye dzi me wú, elabe azɔ la, menyae be Papae nye Kristo ƒe futɔ la, eye bena eƒe fiazi la nye Satana tɔ.” - D’Aubigné , liv. 6, ch. 9.- UGL 120.1

Ŋusẽ gãa ɖe le Roma osɔfowo ƒe nunɔla gã ƒe agbalẽ la ŋu. Gakpɔ me, fuwɔame kple yi woenye eƒe aʋawɔnu, siwo wòtsɔ kplɔna amewo yi ɖokuibɔbɔ ɖe eƒe ŋusẽ te la me. Nusianu le eɖem fia be Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe azɔli la ɖo nuwuwu. Vɔvɔ̃ dze ame gblɔewo, kple numaɖinuwo dzi xɔselawo dzi le Papa ƒe gbeɖeɖea ŋku me, eye to gbɔ be ameha gã katã kloe le Luther yome hã la, geɖewoe nye amesiwo kpɔ be mele vevie be yewoatsɔ yewoƒe agbe de afɔku me ɖe Reformatio la ta o. UGL 120.2

Gake Luther tsɔ agbalẽ, si woɖo ɖe eyama, Papa ƒe segbalẽ kple hamea ƒe se bubu, siwo katã dzi eƒe dziɖuɖua nɔ anyi ɖo la, tɔ dzoe le amewo katã ƒe ŋku me le Wittemberg gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu. To wɔna sia me la, eɖee fia kalẽtɔe be yeklã ɖa gbidi gbidi tso Roma hame la gbɔ. Elɔ̃ eƒe ɖeɖe ɖa tso hamea me, eye wòɖee gblɔ na xexea katã be azɔ, aʋa ɖo ye kple papa dome. Ʋiʋli gã la dze egɔme nyateƒe. Fefem ko menɔ kple Papa tsã. UGL 120.3

Le nya ŋutiɖoɖo na eƒe futɔ, siwo nɔ ekom be ŋusẽa ɖeke mele esi na ʋiʋli la o me la, Luther gblɔ be: “Amekae nya ne Mawu meyɔm, eye wòtiam oa? Eye ne enye nenema ɖe, ɖe mele be vɔvɔ̃ naɖo mi be fulélem anye fuléle Mawu ŋutɔ oa? Akogo Mose nɔ esi wòdo go tso Egipte. Eliya ɖekae nɔ anyi le fia Axab ŋɔlĩ me; Yesaya ɖekae nɔ Yerusalem; Xezekiel ɖeka nɔ Babilon…. Menye nunɔlagãwo alo ameŋkutawo dome Mawu tiana eƒe nyagblɔɖilawo le o. Ke boŋ, edziedzi la etiaa ame gblɔewo abe alẽkplɔla Amos ene. Le dzidzimewo katã me la, enyena dɔdasi na ame kɔkɔewo be woaka mo na fia gãwo, fianyɔnuwo, nunɔla gãwo kple nunyala gãwo, eye wowɔa esia le woƒe agbe ƒe dzɔgbevɔe me nɔnɔ me. Nyemele gbɔgblɔm be menye nyagblɔɖila o. Ke medi ko be woanya be ele be vɔvɔ na ɖo wo, vevietɔ esi nye ɖeka metsi anyi, eye woawo ya sɔ gbɔ ta. Nusi dzi meka ɖo la enye be Mawu ƒe Nya la li kplim, ke meli kpli wo o.” —Ibid. b. 6, Ch. 10. Egblɔ hã be: “Medze dɔ sia gɔme le Mawu ƒe Ŋkɔ me; awu nu le megbe nye le eƒe Ŋusẽ me.” UGL 120.4

Medidi o, agbalẽ yeye bu gakplɔ nyanyanagbalẽ gbãtɔ la ɖo. Azɔ woɖo kpe edzi be Luther kple amesiwo katã xɔ eƒe nufiafiawo la meganye hameviwo o. UGL 121.1

Amesiwo katã nyena Mawu ƒe amedɔdɔwo na gbeƒãɖeɖe Nyateƒe, siwo le vevie na woƒe ɣeyiɣiwo la, kpɔa tsitretsiɖameŋu sesẽwo godo. UGL 121.2

Nyateƒea ɖe nɔ anyi, si ɖo asixɔxɔ tɔxɛa ɖe na ɣemaɣi, le Luther ƒe ŋkekewo me. Egbe ƒe Nyateƒea ɖe li na Hame la le mía ŋɔli sia hã me. Abe alesi Papa kple etɔwo tsi tre ɖe Luther ŋuti le wo ŋɔli me ene la, amegbetɔviwo ƒe akpa gãtɔ mele lɔlɔm̃ axɔ egbe ƒe Nyateƒeawo o. Abe tsã ene la, wolɔa amegbetɔ ƒe susuwo, numamewo kple dekɔnuwo dzi wɔwɔ wú Mawu ƒe Nya la. Mele be amesiwo le egbe ƒe Nyateƒe tɔxɛawo mãm la naxɔ se be woaxɔ yewo bɔbɔe wú alesi woxɔ Ɖɔɖɔɖowɔla gbãtɔwo ene o. Ʋiʋli, si le Nyateƒe la kple alakpa dome, Kristo kple Satana dome la, aga nɔ ŋu sẽm ɖe dzi yi ɖe xexe sia ƒe ŋutinya ƒe nuwuwu ke. UGL 121.3

------