Go to full page →

9—ZWINGLE, ƉƆƉƆƉOWƆLA LE SWITZERLAND UGL 145

Miade dzesii be ɖoɖo, si Mawu wɔ na eƒe dɔwɔnuwo tiatia na Reformatio la, nye ɖeka ƒomevi kple esi dzi wòto le eƒe Hamea ƒe gɔmeɖoɖo anyi ɣeyiɣi me. Aƒetɔ la ɖe anyigbadzi-megãwo, ŋusẽtɔwo, kple kesinɔtɔ, siwo amegbetɔwo ƒe kafukafu nye numame na, eye woxɔa bubu abe dukɔa ƒe kplɔlawo ene la, ɖe aga. Alea gbegbe ye dada yɔa wo mee, eye wokana ɖe wo ɖokui dzi le woƒe gatɔnyenye, si wotsɔ ƒoa adegbe la me, ale be womate ŋu alɔ̃ bɔbɔe awɔ ɖeka kple wo haviwo, anye ha- dɔwɔla kple Nazaret ƒe Bɔbɔenyenye-Me la o. Ekem Galilea ƒe tɔƒodela agbalẽmanyalawo ye yɔyɔ la yi na: “Midze yonyeme, eye mawɔ mi amegbetɔwo ɖelawo.” (Mateo 4:19) Nusrɔla mawo nye bɔbɔenyenye-me, siwo le klalo axɔ nusɔsrɔ. Zi alesi wo ŋɔlĩme nudadafiafiawo mewɔ dɔ ɖe wo dzi o la, nenema wònɔ bɔbɔe na Kristo be wòafia nu wo, atu wo ɖo na eƒe dɔ la. UGL 145.1

Nenema ke wònɔ le Reformatio ƒe ɣeyiɣiwo me. Ɖɔɖɔɖowɔla gãwo katã nye amesiwo do go tso ƒome gblɔewo me. Wonye amesiwo me, le wo ŋɔlĩmetɔwo dome la, gãnyenye ƒe dada kple agbalẽnyanya ƒe ɖokuiŋudzedzea ɖeke mele o. Mawu ƒe ɖoɖo enye be yeawɔ bɔbɔenyenye dɔwɔnuwo ŋuti dɔ na nugã nugãwo wɔwɔ. To mɔ sia dzi la, womatsɔ ŋutikɔkɔe ana amegbetɔwo o, ke boŋ na Amesi wɔa didi kple wɔwɔa katã le wo me le eƒe lɔlɔnu nu la ko. UGL 145.2

Le kwasiɖa via ɖewo yome, esi wodzì Luther le tomenu- kulawo ƒe atixɔa ɖe me le Saxoni la, wodzi Ulrik Zwingle hã le agblexɔa ɖe me le Appenzell ƒe Alpes-towo dome. Zwingle xɔ hehe, si atui ɖo na dɔ, si wògbɔna wɔwɔ ge la. UGL 145.3

Le alesi xexeme ƒe dzɔdzɔmenuwo ƒe nyanyakpɔ kple gãnyenye ƒe dzedzeme, siwo ƒo xlã eyama wɔa dɔ ɖe ame ƒe gbɔgbɔ dzi ta, Zwingle ƒe luʋɔ yɔ kple Mawu ƒe ŋusẽ kple gãnyenye ƒe seselelãme tso eƒe ɖevime ke. Ŋutinya, siwo wòse tso kalẽwɔwɔ ƒe nusiwo dzɔ le wode-dua ƒe towo dzi la, dé dzo eƒe ɖevi ƒe susuɖeɖewo me. Enɔa emamã, si nye mawuvɔla la ƒe axa dzi gbesiagbe, nɔa Biblia me ŋutinya, siwo eyama lé ɖe tame le hamea ƒe blemanya kple nufiafia, siwo wòxɔ la, sem tso egbɔ. Eɖoa to kple vivisese mía tɔgbuiwo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuwɔwɔwo, alesi mawudɔlawo ƒo nu kple alẽkplɔlawo le Palestina togbɛwo dzi, ku ɖe Betlehem ƒe Ɖevi la kple Kalvaria- Ŋutsu la ƒe ŋutinya ŋuti. UGL 145.4

Abe Yohanes Luther ke enea, Zwingle fofo hã di be yevi la nade suku nyuie. Ke ele be, kpuie la, sɔhɛ sia nadzo le balime-du, si me wodzii le la. Elabe eƒe nunya le tsitsim kaba kaba, eye wonɔa susu ɖem tso nufiala, siwo woakpɔ na ɖevi la ƒe tutuɖo ŋu. Esi wòxɔ ƒe wuietɔ̃ la, woɖoe ɖe Bern, afisi Switzerland ƒe suku nyuitɔwo le. Le teƒe sia la, esusɔ vie ko wòage ɖe dzɔgbevɔe gãa ɖe, si anye nuwuwu na mɔkpɔkpɔ, si le amewo si ɖe eŋu la, me. Nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo wɔ ŋutete vevie be yewoaxɔe ɖe yewo ƒe kpɔ me. Woƒe hatsotsoe eve, siwo le afima, Dominikatɔwo kple Fransiskantɔwo, ʋlina vevie le wonɔewo dome na dukɔmeviwo ƒe ŋudzekpɔkpɔ le wo ŋu. Wowɔna esia to atsyɔɖoɖo na woƒe gbedoxɔwo, kɔnu keklẽwo wɔwɔ, amekɔkɔewo ƒe ŋutinuwo kple nukunu nudzɔdzɔwo ƒe nɔnɔmetatawo ɖeɖefia me. Berne ƒe Dominikatɔwo ɖe susu be ne yewolé sɔhɛvi sia, si sí talento geɖewo le, ɖe yewo ŋuti la, ahe viɖekpɔkpɔ kple bubu vɛ na yewo. Wokpɔ be eƒe sɔhɛnyenye, nu-nyaƒoƒo kple nuŋɔŋlɔ̃ ƒe nunanawo, eƒe hadzidzi kple nya- srɔgblɔ ƒe aɖaŋu ŋuti dɔ wɔwɔ akpe ɖe yewo ŋu fũ wú yewoƒe atsyɔɖoɖo la, na dukɔa hehe va yewoƒe akpa dzi na subɔsubɔ kple viɖekpɔkpɔ. Esiawo katã anye kesinɔnu sɔgbɔ ƒe mɔnu na woƒe hatsotsoe la. Wodze agbagba geɖe to alakpa kple beble me be wòatsi yewo ƒe kpɔ me. Le eƒe nusrɔɣi la, Luther nɔ kpɔ siawo ƒe xɔ via ɖe me, eye ne menye Mawu ƒe xɔnamee ɖee do goe o la, anye ne abu keŋkeŋ na xexe la. Ke mele be Zwingle hã nadze mɔ vɔɖi ma dzi o. Le Mawu ƒe amenuveve me la, fofoa se nusi nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo le ɖoɖom ɖe via ŋuti. Medi kura be yevi nanɔ woƒe kuviagbenɔnɔ, si ade gbegblẽ eƒe tsɔme la me o. Ale wòyɔe be wòagbɔ va aƒe enumake. UGL 146.1

Ke sɔhɛ sia ɖo to fofoa ƒe yɔyɔ, eye wògbɔ; gake mele bɔbɔe nɛ be wòatsi balime-kɔƒe la me didie o. Egadze eƒe Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpuie, eye wòdzo yi ɖe Bale na ewɔwɔ. Afima Zwingle se Mawu ƒe amenuve fe-maxe ƒe Nyanyui la le zi gbãtɔ. Wittembuk, si nɔ blema ƒe gbewo fiam, si hã ke ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋuti le esime wònɔ Hela kple Hebri gbewo srɔm la, nɔa Mawu ƒe kekeli ƒe alɔdzewo hlẽm ɖe sukuvi, siwo wònɔ nu fiam la ƒe susu me. Egblɔna na wo be Nyateƒea ɖe li, si li xoxo, si xɔ asi geɖe wú agbalẽnyala gãwo kple susuɖelawo ƒe nufiafiawo. Blema Nyateƒe sia enye be Kristo ƒe ku ye wotsɔ xe nuvɔwɔla ƒe hlɔfe. Nya sia nye agudzedze ƒe kekeli gbãtɔ na Zwingle. UGL 146.2

Kpuie la, woyɔ Zwingle tso Bale na dɔwɔwɔ azɔ. Eƒe agble gbãtɔ enye hamea ɖe le Alpes-towo dome, si medidi le eƒe kɔƒe la gbɔ o. Esi woɖoe nunɔla vɔ la, etsɔ eƒe luʋɔ ƒe ŋusẽwo katã wɔ numekuku na Mawu ƒe Nyateƒe la; elabena, abe alesi exɔlɔ Ɖɔɖɔɖowɔlaa ɖe gblɔ tso eŋuti ene la, ede dzesi nusiwo katã wòdze be amesi wotsɔ Kristo ƒe alẽha na be wòakplɔ la nanya. -Wylie, liv. 8, ch. 5.- UGL 147.1

Zi alesi wònɔ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea me dzrom la, enɔa kekem ɖe vovototo gã, siwo le eƒe Nyateƒeawo kple nu dada, siwo Roma nɔa fiafiam dome la, ŋuti. Exɔ Biblia abe Mawu ƒe Nya, si wònye kple ɖoɖo ɖeka hɔ, si su, de blibo, nye nyateƒe la ene. Ede dzesii hã be Biblia la ŋutɔ koe lanye eɖokui gɔmeɖela. Mekana tse be yeaɖe egɔme atsɔ ɖo kpe ame ƒe susuɖeɖe alo nufiafiaa ɖe dzi o; ke exɔe se be yeƒe dɔdasi wònye be yeasrɔ̃ nusi nye eƒe nufiafia la. Ewɔ eƒe ŋutetewo katã na kpekpeɖeŋu, siwo ko wòateŋu axɔ na Mawu ƒe Nya la nyanya blibo. Ebiana Gbɔgbɔ Kɔkɔe si, le ye ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ nu la, ɖea nunya blibo la fiana amesiwo le edim vevie kple gbedodoɖa la. UGL 147.2

Zwingle ga gblɔna hã be: Ŋɔŋlɔawo tso Mawu gbɔ, ke menye amegbetɔ gbɔ o. Mawu ma, si kɔa ame ƒe susu me la, nana wosea eme be nusi woŋlɔ̃ la, eyama gbɔ wòtso. (159) Mawu ƒe Nya la mate ŋu ada vo gbeɖe o. Eklẽna, eya ŋutɔ kee nye nufiala, ɖea eɖokui fiana, klẽna ɖe luʋɔ me ku ɖe ɖeɖekpɔkpɔ kple amenuve ŋu, faa akɔ na luʋɔ la le Mawu me, nana wòbɔbɔa eɖokui, ale be wòaŋlɔ̃ eɖokui be, gbea nu le eɖokui gbɔ, be wòate ŋu aku ɖe Mawu ŋu.” Zwingle ŋutɔ do nya siwo wògblɔ la ƒe nyateƒe nyenye kpɔ. Le eƒe nuƒoƒo tso eƒe nuteƒekpɔkpɔ, siwo wòwɔ le ɣemaɣi ŋu la, egblɔ be: “Esi medze Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo sɔsrɔ̃ gɔme blibo la, amegbetɔ ƒe susuɖeɖe kple nusɔsrɔ̃ ku ɖe Mawu kple subɔsubɔ nyawo ŋuti na be mekea ɖi le nu sɔgbɔ ŋu. Ke le nuwuwu la, megblɔ na ɖokuinye be, ele be maɖe asi le nya mawo katã ŋuti ne masrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔnu le eya ŋutɔ ƒe Agbalẽ la me. Le eyome, mebia Mawu be wòaklẽ ɖe menye, eye Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo me dze kɔkɔ nam bɔbɔe.” — ibid. liv. 8, ch. 6.- UGL 147.3

Nufiafia, siwo Switzerland ƒe Ɖɔɖɔɖowɔla ɖe gbeƒãe la, mexɔ wo tso Luther gbɔ o. Kristo ƒe nufiafia wònye. Egblɔ be: “Ne Luther le gbeƒã ɖem Kristo la, ele nusi wɔm nyehã mele la wɔm. Ekplɔ ame geɖewo va Kristo gbɔ wú nye ya. Neva me nenema. Gake nyemedi be matsɔ ŋkɔ bubu to vovo na Kristo, si ƒe asrafo menye, si nye nye Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ la o. Gbeɖe, nye kple Luther mímeŋlɔ̃ nu fli ɖeka teti hã ɖo ɖe míanɔewo kpɔ o. Nukata wònye nenema? Bene eme wòakɔ na amesiame le alesi Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe ɖaseɖiɖi la le ɖekae; ne míekpɔ be mí ame eve, siwo dome kadede mele o la, míete ɖe míanɔewo ŋu alea gbegbe le Kristo ƒe nufiafia me tae.- D’Aubigné , liv. 8, ch. 9.- UGL 148.1

Le ƒe 1516lia me, wokpe Zwingle be wòanye gbeƒãɖela le Einsiedeln ƒe kpɔ la me. Afimae wògakpɔ nusiwo nye Roma ƒe gbegblẽ la le tututu, eye wòwɔ dɔ abe Ɖɔɖɔɖowɔla, si ƒe nufiafiawo keke ta dze Alpes-toawo godo ke ene. Nu tɔxɛ, siwo hea amewo yia Einsiedeln la, dometɔ ɖeka enye ɖetugbi dzadzɛ ƒe nɔnɔmetata, si ŋu wogblɔ tso be ewɔa nukunu la. Woŋlɔ̃ ɖe kpɔa ƒe agbo nu be: “woate ŋu axɔ nuvɔwo tsɔtsɔke blibo le teƒe sia.” Ibid., liv. 8, ch. 5.- Le ƒea katã me la, mɔzɔlawo tsoa teƒe teƒewo vaa ɖetugbui dzadzɛ la gbɔ. Gake ƒesiaƒe ƒe azã gã, si woɖuna nɛ la, dzi ameha geɖewo tsoa Switzerland ƒe nuto vovovowo me, kple Frans kpakple Germania ŋutɔ gɔ̃ hã. Zwingle sea veve ŋutɔ nenye be ele nusiawo kpɔm, gake ewɔa ɣeyiɣi sia ŋu dɔ hegblɔa Nyanyui la ƒe ablɔɖe kpɔkpɔ na numaɖinudzixɔse ƒe kluviawo. UGL 148.2

Egblɔna na wo be: “Migaxɔe se be Mawu le teƒe sia wú afi bubu le eƒe anyigba, si wòwɔ la dzi o. Afisi ko mianɔ le anyigba sia dzi la, Mawu ƒo xlã mi, eye wòle miaƒe nyawo sem… Ŋusẽ kae ate ŋu anɔ tofloko dɔwɔwɔwo, mɔzɔzɔ didi wɔwɔ, nunanawo kple gbedodoɖa wɔwɔ na ɖetugbi dzadzɛ la alo na ame kɔkɔewo be miakpɔ Mawu ƒe amenuveve ma? Gɔmesese kae le nya geɖewo gbɔgblɔ le gbedodoɖawo me me? Nuka miaƒe kuku da-dzowo, miaƒe ta lulũ, miaƒe nunɔla ƒe awu ʋlaya, siwo woɖo atsyɔ̃ na kple sika la, awɔ na mi? Dzi mee Mawu kpɔna. Míaƒe dzi le adzɔge ʋĩ na Mawu. Eyi edzi gblɔ be: “Kristo, si tsɔ eɖokui sa vɔ le atitsoga ŋu zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã ta la, eyae nye vɔsa kple vɔsalã, si ɖe xɔsetɔwo katã ƒe nuvɔ̃wo ɖa hena ɣeyiɣi mavɔwo.” Ibid., liv. 8, ch.5. UGL 148.3

Toɖola geɖewo mexɔ nufiafia siawo nyuie o. Dziɖelameƒo gãa ɖe wònye na wo be woaxɔe se be mɔzɔzɔ didi sesẽ, si yewo wɔ la, katã nye tofloko. Womete ŋu se tsɔtsɔke ƒe nunana faa, si tso Kristo me la, gɔme o. Ke wokpɔ ŋudzedze le mɔ, si Roma ta na wo xoxo ɖo ta dziƒo la ŋu boŋ. Wokpɔ be esesẽ na yewo be yewoaga di mɔ yeye bu, si nyo wú la. Enɔ bɔbɔe na wo be woatsɔ woƒe ɖeɖekpɔkpɔnya la agblẽ ɖe nunɔlawo kple Papawo si me, wú be woadi dzi ƒe dzadzɛnɔnɔ. UGL 149.1

Gake ame bubuwo ya xɔ ɖeɖekpɔkpɔ le Kristo me ƒe Nyanyui la kple dzidzɔ. Dɔwɔwɔ, siwo Roma ɖo na wo la mete ŋu na wo ŋutifafa, si dim wole na woƒe luʋɔ la o, eye le xɔse me la, woxɔ Ɖela ƒe ʋu ƒe nuvɔ̃ ɖeɖe ɖa. UGL 149.2

Ke amesiawo trɔ yi woƒe tsoƒewo, eye wotsɔ Nyateƒe xɔasi sia, si woxɔ la, yi ɖa na wotɔwo. Alea ye Nyateƒe la tso kɔƒe yi kɔƒewo me, du gã yi du gãwo me, ale be tso ɣemaɣi la, mɔzɔla, siwo yi ɖasubɔna ɖetugbi dzadzɛ la, ƒe xexlẽme ɖiɖi sɔgbɔ. Nenema ke nunana, siwo me woxea fe na Zwingle ŋutɔ le la hã ɖiɖi geɖe. Gake esi wòle nenema hã, ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe alesi nu wɔgbɔeme kple numaɖinudzixɔse ƒe ŋusẽ hã nu tsi vie ta. (161) UGL 149.3

Hamea kplɔlawo kpɔ dɔ, si Zwingle le wɔwɔm la; gake wometsi tre ɖe eŋu enumake o. Wolala vie, kple mɔkpɔkpɔ sia be yewoablee ɖe ŋu ne wòazu yewo tɔ. Ke ɣemawoɣi katã Nyateƒe la le gegem ɖe dukɔa ƒe dzi me. UGL 149.4

Zwingle ƒe dɔ, si wòwɔ le Einsiedeln la, tui ɖo na agble, si keke ta wú, si dzi wòle yiyi ge kpuie la. Le ƒe etɔ̃ yome la woyɔ eyama be wòava nye gbeƒãɖela le Zurik ƒe gbedoxɔ gã la me. Zurik nye Switzerland ƒe dukɔ-ƒoƒuwo ƒe du gã ɣemaɣi, eye nusiwo dzɔna le afima la, ƒe yaƒoƒowo yia didiƒe ke. Ke kplɔla, siwo kpe eyama va Zurik la, medi nu yeyea ɖeke ƒe mevava le afima o, esia ta wode asi nya gbɔgblɔ me nɛ tso eƒe dɔdasiwo ŋuti enumake. UGL 150.1

Nya, siwo wogblɔ nɛ la, woenye esi: “Nàkpɔ egbɔ nyuie be gakpɔkpɔ mɔnu ɖesiaɖe nanɔ ga hem vɛ nyuie, mɔnu suetɔ kekeake hã. Nàxlɔ̃ nu hameviwo le nyagblɔti la dzi, alo le nuvɔgɔmeʋuƒe, be woahe nusiwo wobia tso wo si la kple ewoliawo vɛ, eye woaɖe woƒe lɔlɔ̃ na hame la fia to woƒe adzɔnuwo me. Nàwɔ ŋutetewo katã be nunana, siwo tsona dɔnɔwo gbɔ, sɔleme wɔwɔ me, kpuie ko, tso nunɔlawo ƒe dɔwɔwɔ ɖesiaɖe me ko la, nadzi ɖe dzi. Ku ɖe sacramentowo nana, mawunya gbɔgblɔ kple belelé na alẽha ŋu la, woawo hã nye nunɔla ƒe dɔdasiwo. Gake àteŋu ana be wò gɔmenɔlaa ɖe naɖɔ li wò le go aɖewo me, vevietɔ le mawunya gbɔgblɔ gome. Ke sacramentowo ya la, ameŋkutawo ko nàna, eye ne wobia wo hafi. Míele se dem na wò be mègana wo le vovototo made amesiwo le woxɔm la ƒe hatsotsoewo katã dome o. —Ibid., liv. 8, ch. 6.- UGL 150.2

Zwingle se nyanyananya siawo katã le ɖoɖuizizi me, eye esi wòda akpe na wo le bubu, si wode eŋu to dɔ gã sia tsɔtsɔ nɛ ta vɔ la, eyi edzi ɖe nu me na wo ku ɖe ɖoɖo, si wòwɔ na dɔ la ŋuti. Egblɔ be: “Woɣla Yesu ƒe agbenɔnɔ ɖe dukɔ la didie. Maɖe gbeƒã Nyanyui la, tɔxɛ Mateo ƒe Nyanyui la, eye maɖe nyawo tso Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me, adzro wo me yi to, atsɔ nyati sɔ ɖe nyati nu, le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe susu didi me vevie to gbedodoɖa me. Nye dɔwɔwɔ ayi na Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, na Evia ɖeka hɔ̃ la ƒe kafukafu kple na luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ to nufiafia wo le xɔse vavã la me.- Ibid., liv.8, ch. 6.- To gbɔ be kplɔlaa ɖewo melɔ̃ ɖe eƒe ɖoɖo sia dzi o, eye wodi be wòaɖe asi le eŋu hã la, Zwingle hã nɔ tsitre sesĩe. Egblɔ na wo be yemele nu yeyea ɖeke hem vɛ o, ke boŋ ɖoɖo, si dzi Hamea wɔna dɔ le tsã xoxo le nuteƒewɔwɔ me la koe. UGL 150.3

Nyateƒe, siwo wòle fiafiam la dze ame geɖewo yɔyɔ, eye amehawo le du dzi be yewoase Mawunya la. Ame geɖe, siwo megayina subɔsubɔa ɖeke o la, le eƒe nyaselawo dome. Edze dɔ la gɔme kple Nyanyui la ƒe agbalẽ, siwo me wòxlẽ ŋutinya ku ɖe Kristo ƒe agbe, eƒe nufiafiawo kple ku ŋuti. Abe alesi wòwɔ le Ensiedeln ene la, eɖe Mawu ƒe Nya la fia abe ŋusẽ dzɔdzɔe ɖeka, si wòle be míaɖo to, kple Kristo ƒe ku abe vɔsa ɖeka, si su na mí la ene. Egblɔ na wo be: “Kristo medi be makplɔ mi ayi na, Kristo ɖeka, si nye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe tsoƒe vavã la” —Ibid. liv. 8, ch.6- Dukɔa me hatsotsoe vovovoawo katã le du dzi be yewoase gbeƒãɖela yeyea ƒe nyawo, tso dukplɔlawo kple nunyalawo dzi yi ɖe asinudɔwɔlawo kple agbledelawo siaa dzi. Wo katã le Nya la sem kple vivisese. Menye ɖeɖekpɔkpɔ femaxe ƒe nya ɖeɖe ko gblɔm wòle na wo o, ke eƒoa nu hã vɔvɔmanɔmee ɖe gbegblẽ, siwo le ɣeyiɣi mawo me la ŋuti. Geɖe woenye amesiwo doa go le gbedoxɔ gã la me henɔa Mawu kafum ɖe nusiwo wose la ta. Wogblɔna be: “Nyateƒe gbeƒãɖelae nye amesia. Enye míaƒe Mose, si aɖe mí do go tso Egypte ƒe vivitiwo me.” —Ibid., liv.8 Ch.6. — UGL 151.1

Gake, to gbɔ be woxɔ eƒe nufiafiawo le gɔmedzedzea me kple dzitsitsi gãa ɖe hã la, tsitretsiɖameŋu dze egɔme le ɣeyiɣia ɖewo megbe. Nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo tso be yewoaxe mɔ na dɔ la dzi yiyi, eye wotsi tre ɖe eƒe nufiafiawo ŋuti. Wo dome amea ɖewo ɖua fewu le eŋu, eye bubuwo doa ŋɔdzi nɛ, henɔa edzum. Ke Zwingle xɔa nusiawo katã kple Kristotɔ ƒe dzigbɔɖi, eye wogblɔna be: “Ne míebe míakplɔ ame vɔɖiwo yi na Kristo la, ele be míaŋẽ ŋku ƒu nu geɖe, siwo míado go le míaƒe mɔ dzi la dzi.” —Ibid., liv. 8, ch. 6.- UGL 151.2

Le ɣemawoɣi ke la, nudzɔdzɔa aɖe va eme, si kpe ɖe Ɖɔɖɔɖo dɔ la ŋuti. Luther ƒe xɔlɔa ɖe, si le Bale la, dɔ nɔvia ɖe, si ŋkɔ enye Lusien la, ɖo ɖe Zurik kple eƒe nuŋɔŋlɔa ɖewo. Xɔlɔ sia, si woyɔna be Rhenan la, se egɔme be agbalẽ dzadzra hã nye mɔnu sesẽa ɖe na Nyanyui la ƒe nufiafiawo kaka. Eŋlɔ̃ ɖo ɖe Zwingle be: “Kpɔ ɖa be ɖee Lusien sia nye amea ɖe, si dze aye, si ŋu ŋutetea ɖe le mahã; ne ateŋ awɔ nane la, ekem netsɔ Luther ƒe agbalẽawo, vevietɔ, nusi wòŋlɔ̃ na hameviwo tso Aƒetɔ la ƒe gbedodoɖa ŋuti la, ɖi tsa tso du gã yi du gã me, kɔƒe yi kɔƒe me, alo aƒe yi aƒe me ŋutɔ gɔ̃ hã, le Switzerland du la katã me. Alesinu woadzesi wo la, nenema woaƒle woe.” Ibid. liv. 8, ch. 6.- To mɔ sia dzi kekeli la age ɖe teƒe yeyewoe. UGL 151.3

Ɣeyiɣi, si Mawu nɔ dzadzram ɖo na numanya kple na alakpa dzixɔse ƒe kɔsɔkɔsɔwo tsotso la, ɣemaɣi tutu kee Satana hã nɔ dɔ wɔm kple ŋusẽ yeye na amewo teté ɖe viviti me kple ŋusẽdodo woƒe gakawo la. Le esime amewo nɔ mawunya gblɔm le afisiafi, nɔ gbeƒã ɖem tsɔtsɔke kple dzɔdzɔenyenye le Kristo ƒe ʋu la me la, ɣeyiɣi sia tutu ke Roma tsɔ dzo gayi ɖe eƒe nuvɔ̃ tsɔtsɔke ƒe asitsatsa dzi vevie le kristotɔ ƒe duwo keŋ me, henɔa tsɔtsɔke dzram na amewo. UGL 152.1

Ga homea ɖe li na nuvɔ̃ ɖesiaɖe, eye woate ŋu dɔ hlɔ̃ si, dzro ame faa, ne woxe fe, si dze na hame la ko. Wɔna evewoe li ɣemaɣi: akpa ɖeka le ga xɔm le amewo si hena nuvɔ̃ tsɔtsɔke, le esime akpa evelia le tsɔtsɔke ma ke nam amewo le Kristo me fea ɖeke maxe. Roma ʋu mɔ na nuvɔ, eye wòtsɔe wɔ gadimɔnu.Ɖɔɖɔɖowɔlawo bu fɔ nuvɔ, nuvɔ̃ ta kple Ɖela ene. heɖe Kristo fia abe amesi ku ɖe nuvɔ̃ ta kple Ɖela ene. UGL 152.2

Le Germania-dua me la, Dominika ƒe nunɔla ɖokuiɖegalawoe nɔ ŋgɔ na nuvɔtsɔtsɔke ƒe asitsatsa, le ŋunyɔ-me Tetzel ƒe kpɔkplɔ te. Ke amesiwo le dɔ sia nu le Switzerland la woenye Fransiskantɔ, siwo ƒe kplɔla enye Italia nunɔla Samson. Nunɔla sia wɔ nenem dɔ la didie na hame la le Germania kple Switzerland, afisiwo wòlɔ ga sɔgbɔ le na Papa. Enɔ tsa ɖim le Switzerland, nɔa ƒu ƒom ameha gã gãwo, hexɔa agbledela dahewo ƒe ga sue, si le wosi, eye wòtena ɖe kesinɔtɔwo dzi, xɔa ga sɔgbɔ le wo si. Ke ɖɔɖɔɖo dɔ la le ŋusẽ kpɔm vivivi, ale be asitsatsa sia nu le tsitsim geɖe. Zwingle gale Einsiedeln ɣemaɣi, esi Samson ge ɖe Switzerland na eƒe dɔ la wɔwɔ. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, ege ɖe du suea ɖe, si medidi tso Einsiedeln gbɔ o la me kple eƒe asitsanuwo. Esi Zwingle se eƒe vava la, edze gbeƒã ɖeɖe sesiẽ tsi tre ɖe tsɔtsɔke dzadzra ŋuti. Ŋutsu eveawo medo go kpɔ o, gake Zwingle ƒe gbeƒãɖeɖe ku ɖe nuvɔ̃ tsɔtsɔke dzadzra ŋu la wɔ dɔ ale gbegbe be ele na Samson be wòadzo le du ma me. UGL 152.3

Le Zurik hã, Zwingle gatsɔ dzo tɔxɛa ɖe ƒo nu tsi tre ɖe tsɔtsɔke ƒe asitsatsa sia ŋu ale be esi asitsala Samson de gege ge ɖe dua me la, wodɔ amea ɖe ɖo ɖee be megava o. Ke, le nuwuwu la, eto aye mɔnua ɖe dzi yi ɖe eme, gake mete ŋu dzra tsɔtsɔke ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. Eye wònɔ nɛ kpuie be wóado go tso Switzerland dua me. UGL 153.1

Nu bubu hã gadzɔ, si na ŋusẽ Ɖɔɖɔɖɔɖo la ƒe zɔɖeɖe. Eyae nye “ku-gã” alo dɔvɔ, si ƒo ɖe Switzerland dua katã dzi le ƒe 1519 lia me. Esi wodo go ku ŋku me kple ŋku me la, ame geɖewo va de dzesi nuvɔtsɔtsɔke, siwo woƒle kple ga la, ƒe toflokonyenye, eye wodi gɔmeɖokpe, si ŋu kakaɖedzi le la, na woƒe xɔse. Dɔlelé vɔɖi sia va lé Zwingli hã, eye wobú mɔkpɔkpɔ na eƒe hayahaya. Eɖi le afia ɖewo ŋutɔ gɔ̃ hã be eku. Le eƒe dodokpɔ gaƒoƒo ma me la, mebú eƒe dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ o. Ekɔ ta dzi kple xɔse hekpɔ Kalvaria ƒe atitsoga, si nye kakaɖedzi na nuvɔ̃ ɖeɖeɖa la. Esi wòge tso ku si me la, egayi ɖe gbeƒãɖeɖe la dzi kple dzo wú tsã, eye eƒe nyawo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ale gbegbe. Dukɔ la xɔ eƒe kplɔla lɔlɔa, si gbɔ tso yɔdo to la. Eƒe nyasela, siwo nɔ dɔnɔwo ŋuti, eye wokpe ɖe kukulawo ŋu la, gase alesi Nyanyui la xɔ asii la le wo ɖokui me sesiẽ. UGL 153.2

Zwingle ŋutɔ gase Nyanyuia ƒe Nyateƒewo gɔme wú tsã, eye eƒe nuteƒekpɔkpɔ ku ɖe alesi wòtrɔa ame ƒe agbe ŋuti la galolo wú. Elí ŋku ɖe amegbetɔ ƒe nuvɔmedzedze kple ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo la dzi tɔxɛ. Egblɔ be, esi wònye be amegbetɔwo katã kpɔ ku to Adam me la, amea ɖeke mate ŋu agbɔ wo agbe o; ke “Kristo, si nye amegbetɔ vavã kple Mawu le blibodede me la, eyae xɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ na mí.” “Eƒe fukpekpe kple ku nye vɔsa mavɔ; etsɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ, enye ŋutiɖoɖo mavɔ na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ku ɖe amesiame, si abiae kple xɔse, si li ke la ŋuti.” Gake ega fiana nu kple numekɔkɔ be Kristo ƒe amenuveve la meɖe mɔ na amegbetɔ be wòayi nuvɔwɔwɔ dzi o. “Afisiafi, si Mawu dzixɔse le la, Mawu le afima, eye afisi Mawu le la, dzoxɔxɔ na dɔ nyui wɔwɔ hã li.” UGL 153.3

Zwingle ƒe gbeƒãɖeɖe le amewo nu vivim ale gbegbe be teƒe megali le gbedoxɔ gã alo Katedral la me axɔ nyaselawo ƒe ameha gã, siwo le vavam hena Mawu nya la sese o. Zwingle na nyaselawo le kekem ɖe Nyateƒe la ŋuti blewuu, alesi ko woate ŋu axɔe la. Ekpɔna egbɔ be yemegatsɔ nane, si ana woahe ɖe megbe alo woalìa le susu me la, va do ŋgɔ o. Ke Edina gbã be yeaxɔ woƒe dziwo na Kristo ƒe nufiafiawo, be woasusu eƒe lɔlɔ̃ ne wòawɔ dɔ ɖe wo dzi, eye be woakpɔ eƒe kpɔɖeŋu; nenemae, esi wole Nyanyui la ƒe ɖoɖowo xɔm la, woƒe numaɖinuwodzixɔse kple wɔnawo hã le bubúm. UGL 154.1

Alea ye Reformatio la le zɔ ɖem ɖeka ɖekae. Ke esi vɔvɔ̃ dze eƒe futɔwo dzi la, wowɔ ɖoɖo na tsitre tsitsi sesiẽ ɖe eŋu. Ƒe ɖeka do ŋgɔ na nusiwo le eme vam la, Wittemberg ƒe nunɔla Luther, ɖe “Kpao” kalẽtɔe, le Worms, na Papa kple Fiagã la, eye fifia hã ele dzedzem le Zurik be tsitretsitsi ma ke le eme va ge ɖe Papa ƒe ɖoɖowo ŋuti. Wotsi tre ɖe Zwingle ŋu zi geɖe. Le katoliko ƒe nutowome, evaa me be wowua Nyanyuia yomedzelaa ɖewo, gake mesu na wo o. Ele be woatsi gbè ɖe « alakpaxɔse » ƒe gbeƒãɖela la nu. Le susu sia ta, Konstansia ƒe episkopo gã ɖo amedɔdɔ etɔ̃ ɖo ɖe Zurik nutome dzikpɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa, hetsɔ nya ɖe Zwingle ŋu be ele dukɔa fiam be woada hamea ƒe sewo dzi, nusi ade gbegblẽ ŋutifafa kple ɖoɖo nyui, si le hadomegbenɔnɔ me la me. Episkɔpo la yi edzi be ne wometsɔ ɖeke le me na hamea ƒe amedziɖuɖu ŋusẽ o la, sedzimawɔ ƒe ʋunyaʋunya gãa ɖe axɔ dua me. Zwingle ɖo eŋu be ƒe ene sɔŋ yele Nyanyui la fiam le Zurik dua me, eye du la le ŋutifafa kple sedziwɔwɔ ƒe nɔnɔme, si tɔgbi mele afia ɖeke le Switzerland ƒe dukɔ-ƒoƒuwo me o la. Ebe :“Ɖee kristotɔgbenɔnɔ menye kakaɖedzi nyuitɔ kekeake na dukɔa ƒe dedienɔnɔ oa?” Wylie, liv. 8, ch. 11. UGL 154.2

Amedɔdɔawo xlɔ̃ nu Zurik nutomedzikpɔlawo be woanɔ hamea me, elabe le egodo la ɖeɖekpɔkpɔ meli o. Zwingle gaɖo eŋu be: “Nyatsɔɖameŋu sia megawɔ dɔ ɖe mia dzi o. Hamea ƒe gɔmeɖokpe ye nye Agakpe ma, Kristo ma, si ɖo Petro ƒe ŋkɔ la nɛ, elabe eyama ʋu eme kple nuteƒewɔwɔ. Le dukɔ ɖesiaɖe me la, Mawu xɔna amesi ke xɔ Yesu Kristo dzi se kple dzi blibo la. Le nyateƒe me la, eyae nye Hame, si godo amea ɖeke makpɔ ɖeɖe le o la. — D’Aubigné , London ed., liv. 8, ch. 11.- Gododo sia ƒe metsonu enye be episkɔpo la ƒe amedɔdɔ etɔawo dometɔ ɖeka trɔ dzime hexɔ Ɖɔɖɔɖo ƒe xɔse la. UGL 154.3

Ke Zurik nutome dzikpɔƒea melɔ̃ wɔ naneke ɖe Zwingle ŋu o, eye Roma gaɖe susu bubu na aʋawɔwɔ ɖe Zwingle ŋu. Esi wòse nusi woɖo ɖe eŋu la, edo ɣli gblɔ be: ‘Woneva! Mele wovɔm, abe alesi ƒuta ƒe agakpe kɔkɔ vɔna ƒutsotsoe, siwo le bublum le eƒe afɔ nu ene.- Wylie, liv. 8, ch. 11.- Hamea kplɔlawo ƒe ŋutete, si wɔm wole la, ƒe kutsetse koe nye be nusi wodi be yewo atsrɔ̃ la koe gale ŋgɔdede kpɔm. Nyateƒe la le kakam ɖe dzi. Eyomedzela, siwo le Germania, esiwo ƒo dzi ɖe le, esi Luther bu vĩi, eye amea ɖeke menya nusi dzɔ ɖe edzi o la, gakpɔ dzideƒo le Nyanyui la ƒe afɔ, si ɖem wòle le Switzerland la ta. UGL 155.1

Zi alesi Ɖɔɖɔɖoa le kelili kpɔm le Zurik la, eƒe kutsetsewo le dzedzem to gbegblẽ ƒe toyiyi me hekpe ɖe ɖoɖoténɔnɔ kpakple tomefafa, si le afisiafi la ŋuti. Le eƒe nuŋɔŋlɔa ɖe me la, Zwingle gblɔ be: “Ŋutifafa le míaƒe du la me; dzrehehe, ameŋkumenuwɔwɔ, ŋubia kple ʋiʋli megali o. Afika ɖekawɔwɔ sia ate ŋu tso, ne menye Aƒetɔ la gbɔ kple míaƒe nufiafia, siwo na míaƒe dziwo yɔ kple ŋutifafa kple mawusosroɖa mee oa? —Ibid., liv. 8, ch 15.- UGL 155.2

Dziɖuɖu yeye, siwo Reformatio gakpɔ la, na be Roma yomedzelawo gabla ali dzi sesiẽ na egbagbã . Esi wokpɔ alesi yometiti mete ŋu xe mɔ na Luther ƒe dɔ la ƒe ŋgɔyiyi le Germania o la, woɖe susu be yewoaho aʋa ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla ŋu kple eya ŋutɔ ƒe aʋawɔnuwo. Woɖoe be yewoadɔ amewo ɖo ɖe Zwingle hena nyameɖeɖe; wokpɔ be, ne dziɖuɖu anye yewo tɔ la, ele be yewoe latia godoƒe la kple amesiwo latsò nya me na akpa eveawo. To ɖoɖo sia me la, woakpɔ mɔnu alé Zwingle, akpɔ nyui be mage le yewosi o, eye ne megavali o ko la, eƒe dɔwɔwɔ nu hã latsi. Wowɔ ɖoɖo sia le ɣaɣla blibo me ale be amea ɖeke naganya nyaa ɖeke tso eŋu o. UGL 155.3

Bade ye nye godoƒe hena nyameɖeɖe sia. Gake Zwingle meyi ɖe du la me o. Zurik nutomedzikpɔlawo ɖe susu be ewɔ abe Papa ƒe amewo le nugbea ɖe ɖom ene, eye esi wònye be wole dzo tɔm Nyanyuia yomedzelawo le katoliko ƒe nutowo katã me ta la, wogblɔ na woƒe alẽkplɔla lɔlɔtɔ Zwingle be megade eɖokui dzɔgbevɔe ma me o. Nenye Zurik nyameɖeɖea anɔ la, éle klalo ado go kple amesiwo katã Roma adɔ ɖo ɖa la, gake ne wòanye Basel, afisi Nyateƒea ƒe martirowo ƒe ʋu gakɔ ɖi le kpuie ye wòayi la, anye ameɖokui tsɔtsɔ na ku ɖikeke manɔmee. Ke wotia Oekolampadius kple Haller be woanye Reformatio ƒe amedɔdɔwo ɖo ɖe Basel dua me, eye nunyala gã Eck, si ƒe ŋkɔ de du, kple nunyala bubuwo kpakple nunɔlawoe lanɔ Roma teƒe. UGL 156.1

To gbɔ be Zwingle meyi o hã la, eƒe nufiafia ƒe dzesiwo dze le afima. Roma teƒenɔlawo tia nuŋlɔla ene be woawoe laŋlɔ̃ nu tso nyameɖeɖewo ŋuti. Ke ame bubu, si aŋlɔ̃ nane la, dze na ku. To gbɔ be wowɔ ɖoɖo ma hã, Zwingle xɔna akɔŋta tso Basel ƒe gododoa ŋu gbesiagbe. Sukukɔkɔdelaa ɖe, si hã nɔ nyameɖeɖea teƒe la, ŋlɔa nu ɣetrɔ sia ɣetrɔ tso ŋkekea me ƒe nyameɖeɖewo ŋuti, eye sukukɔkɔdela bubuwo tsɔa akɔŋta nana, kple Oekolampadius ƒe nuŋɔŋlɔwo yina na Zwingle le Zurik. Ke eya ɖoa agbalẽawo ŋu kple nuxlɔamenyawo kpakple susuɖeɖewo le zã me, eye le ŋdi me la, sukuviawo gaxɔa ŋutiɖoɖoawo yia Basel. Ne dua ƒe agboŋudzɔlawo nagaɖe susua ɖeke o la, sukuvi siawo drona kusi, siwo me koklowo le la ɖe ta, eye woɖea mɔ na wo be woava yi bɔbɔe. UGL 156.2

Alea ye Zwingle teŋu wɔ aʋa kple eƒe futɔ aye vɔɖi wɔla mawo. Abe alesi Osvaldo Mykonius gblɔ ene la, “Zwingle wɔ dɔ geɖe to eƒe ŋugbledede, zãmetoto kple aɖaŋuɖoɖo, siwo wòtsɔ ɖo ɖe Basel la me, wú be eya ŋutɔ nanɔ nyameɖeɖea me le eƒe futɔwo dome.” UGL 156.3

Roma teƒenɔla, siwo ka ɖe dziɖuɖu dzi la, va Basel le woƒe atsyɔɖoɖo gãtɔwo me, kple woƒe kpe xɔasi, siwo le wo ŋu. Wonɔa kesinɔtɔ ƒe agbe, eye nuɖuɖu tiatiawo kple wein, siwo mebɔ o la nɔa woƒe nuɖukplɔwo dzi. (168) Woɖea woƒe nunɔla dɔwɔwɔwo ƒe agba dzi kpɔtɔ to azãɖuɖu kple nu nyui kpekpẽwo ɖuɖu me. Ke Ɖɔɖɔɖowɔlawo ya to vovo sãa le wo ŋuti. Le amewo ŋku me la, wodzena kloe abe amesiwo menye naneke wú nubialawo o ene, wo amesiwo ƒe nuɖuɖu maxɔasiwo meléa wo ɖe kplɔ̃ ŋuti didie o. Oekolampadius ƒe amedzrodzeƒe, si wònɔ, ƒe aƒetɔa, si nɔa ekpɔm le bebeme, eye wode dzesii be nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa dzi ko wònɔna gbesiagbe la, gblɔ tso eŋu gbe ɖeka be : “Ele be woaʋu eme be alakpaxɔsetɔ, si vɔã Mawu ŋutɔ ye wònye!” UGL 156.4

Le takpekpea me, nunyala gã Eck yi ɖe nyagblɔti, si woɖo atsyɔ̃ na geɖe la me, le gãnyenye ƒe nɔnɔme me, le esime nublanui-me Oekolampadius, si le ahedada ƒe awua ɖe me la, hã lia nyagblɔti manyakpɔa ɖe dzi le eŋgɔ. —Ibid. liv. 11, ch. 13.- Eck ƒo nu kple gbe gã, si me ŋusẽ le la, kple kakaɖedzi manyagblɔa ɖe. Fetu, si wòle mɔ kpɔm na kple eƒe ŋkɔ ƒe dziyiyi la na dzo yeye gage ɖe eme; elabe xɔsea taʋlila axɔ home kpekpẽa ɖe ƒe fetu. Nenye be, le nyameɖeɖewo me, mekpɔ ŋutiɖoɖoa ɖeke na nyaa ɖewo o la, nusi wòwɔna koe nye be edoa ɣli sesĩe anɔ ame dzum loo, alo ɣeaɖewoɣi la, nya vlowo ŋutɔ hã ge na le enu. UGL 157.1

Ke Oekolampadius gblɔɛ, si me vɔvɔ̃ via ɖe ŋutɔ hã nɔ la, de asi ʋiʋli gɔme kple nya siawo: Nyemexɔ nyametsotso ƒe ɖoɖoa ɖeke wú Mawu ƒe Nya la o.- Ibid., liv. 11, ch. 13.-To gbɔ be eƒe wɔnawo nye bubudeameŋu kple ɖokuibɔbɔ hã la, eɖe talento kple kalẽwɔwɔ geɖe fia. Ke nunyala Eck ya, nusi wòwɔna vevie la koe nye be wòabia ɖokuibɔbɔ na hamea ƒe ŋusẽ kple numamewo dziwɔwɔ, le esime Ɖɔɖɔɖowɔla ya ku ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ŋu maʋã maʋã. Oekolampadius gblɔ le eƒe nyaŋuɖoɖo me be: “Numame le miaƒe Switzerland du sia me mekpɔ ŋusẽa ɖeke o, negbe le Du-se la me ko; ke le xɔse gome me la, Biblia enye míaƒe Du-Se la.” -Ibid., liv. 11, ch.13.- UGL 157.2

Vovototo, si le ame eveawo dome la, medo kpo dɔwɔwɔ ɖe amewo dzi o. Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe numeɖeɖe, si me kɔ nyuie la, esi yɔ kple ɖokuibɔbɔ, eye wòwɔe le fafa kple ɖokuibɔbɔa ɖe me la, wɔ dɔ ɖe amewo ƒe gbɔgbɔ dzi ŋutɔ, eye woɖe mo ɖa kple ŋunyɔ̃ tso Eck ƒe ɖokuiŋudzedze kple howɔwɔ gbɔ. UGL 157.3

Nyameɖeɖe la yi edzi ŋkeke wuienyi sɔŋ. Le eƒe nuwuwu la, Roma ƒe amedɔdɔwo do wo ɖokui ɖe dzi be yewoeɖu dzi. Ke esi wònye be nyametsolawo katã nye Romatɔwo ta la, takpekpea na wonya be woɖu Ɖɔɖɔɖowɔlawo dzi, eye bena woɖe wo kple Zwingle ɖa le hamea me. Takpekpea ƒe metsonuwo ɖe akpa, si ɖu dzi vavã la fia. Ʋiʋli la na be tsitretsitsi ɖe Roma ŋuti gakpɔ ŋgɔdede, eye le ɣeyiɣi kpuia ɖe megbe la, du gã gã eve, siwo nye Basel kple Bern la hã ge ɖe Reformatio la me. UGL 158.1

------