Go to full page →

39—XAXAƔI LA UGL 585

Le ɣemaɣi la, amegãwo ƒe Tatɔ Mixael, amesi le mía deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame si woŋlɔ ɖe agbalẽa me. (Dan.12 :1) UGL 585.1

Ne mawudɔla etɔlia ƒe gbeƒãɖenya la wu eƒe dɔ nu vɔ la, Mawu ƒe amenuveve la adzudzɔ nyaxɔxɔ ɖe anyigbadzinɔla fɔɖilawo ta. Mawu ƒe dukɔ la awu eƒe dɔdasi la nu ɣemaɣi. «Keletsi», «gbɔɖemeɣi tso Aƒetɔ la gbɔ” la, dza nɛ vɔ; ele klalo na dodokpɔ ɣeyiɣi, si le ŋgɔ nɛ la; mawudɔlawo le wɔwɔm kabakaba, le yiyim le gbɔgbɔm le dziƒonutowo me. Mawudɔlaa ɖe, si gbɔ tso anyigba dzi la, ɖe gbeƒã be, yewu yeƒe dɔdasi la nu, eye be xexeame to eƒe dodokpɔ susɔea me, eye be amesiwo katã wɔ nuteƒe ɖe Mawu ƒe Seawo ŋuti la xɔ Mawu gbagbe la ƒe nutrenu la. Tete Yesu, amesi le nyaxɔɖakɔdɔ wɔm le dziƒo gbedoxɔ me la, wu eƒe dɔ la nu, kɔ eƒe asiwo dzi, hedo ɣli sesiẽ gblɔ be : «Wowɔe vɔ !” Kasia, dziƒodɔlawo ƒe aʋakɔ la katã ɖe woƒe fiakukuwo ɖi, esime gbeƒãɖeɖe wɔdɔɖamedzi sia tso Aƒetɔ la gbɔ be : «Amesi ke wɔa vɔ̃ la, nenɔ vɔwɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko. (Nyaɖ. 22 :11) Kristo wɔ eƒe dukɔa ŋutikɔklɔ dɔ la, eye wòtutu eƒe nuvɔwo ɖa keŋ. Eƒe fiaɖuƒe la me viwo ƒe xexlẽme nu de blibo. Dziɖuɖu ŋusẽ kple gãnyenye, siwo le dziƒoa katã te la, le yiyim ɖe ɖeɖekpɔkpɔ domenyilawo si me, eye Kristo laɖu fia abe fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ ene. UGL 585.2

Ne Kristo do tso dziƒo-gbadɔxɔa me tetie ko la, viviti atsyɔ̃ anyigbadzinɔlawo dzi. Ame dzɔdzɔewo laɖo ɣeyiɣi sesẽa ɖe, si me woanɔ agbe le Mawu ŋku me, Nyaxɔɖakɔla manɔmee la me. Satana kpɔ mɔ le nuvɔwɔla dzimesẽlawo ŋuti keŋkeŋ azɔ, elabena woɖe liƒo, si Mawu ɖo na eƒe dɔwɔwɔ vɔɖiwo la ɖa. Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la wu nu. Xexeame gbe eƒe amenuveve kple eƒe lɔlɔ̃ la, eye wotu afɔ eƒe Se la dzi. Ame vɔɖiwo tso Mawu ƒe amenuveve liƒo, si wòɖo na wo la, dze egodo, eye eƒe Gbɔgbɔ, si wogbe tso woƒe susuwo me ke la, dzo le xexeame mlɔeba. Esi Mawu ƒe amenuvevea ɖeke meganye akpoxɔnu na wo o ta la, wotsi Satana si me keŋkeŋ azɔ. Eya la, ele anyigbadzinɔlawo katã tutu ge ade xaxa gã mamlɛa me. Ne Mawu ƒe dɔlawo aɖe asi le amegbetɔviwo ƒe lãnuwɔwɔwo kple hlɔdɔdɔ ƒe yaƒoƒowo ŋu be woaƒo la, amenɔvigɔmemase kple masɔmasɔ wɔnawo katã latso ka. Xexeame katã latsi gbegblẽa ɖe, si asesẽ, adzi ŋɔ̃ wú esi dzɔ gbaɖegbe ɖe Yerusalem xoxoa dzi la me. UGL 585.3

Mawudɔla ɖeka koe tsrɔ̃ Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, hede du blibo la konyifafa gãa ɖe me. Esi Dawid da vo ɖe Mawu ŋuti, esime wòna woxlẽ dukɔa la, mawudɔla ɖekae he gbegblẽ va Israel dzi, abe Dawid ƒe vodada la ƒe tohehe ene. Tsɔtsrɔ̃ alo nugblẽdɔ ƒe ŋusẽ, si ŋu dɔ dziƒodɔla kɔkɔewo wɔ le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu la, ke ŋu dɔe dɔla vɔɖiwo hã le wɔwɔ ge ne Mawu ŋutɔ aɖe mɔ na wo. Azɔ, ŋusẽwo sɔ gbe vɔ. Wole Mawu sinu kpɔm be kasia wòaɖe mɔ la, yewoahe gbegblẽ va teƒewo katã. UGL 586.1

Edziedzi la, wobua fɔ amesiwo léa Mawu ƒe Seawo me ɖe asi la be woawoe naa xaxa kple gbegblẽwo vaa xexeame dzi. Ke nenye be dzɔdzɔme ŋusẽwo ƒe nu gbegblẽ dziŋɔwo, aʋawɔwɔ, hũnyahũnya sesẽwo kple ʋukɔkɔɖi wɔnawo ava lɔ xexeame katã ɖe nu la, woagatsɔ nusiawo katã ƒe fɔbubu da ɖe wo dzi. Ŋusẽ, si ade megbe na toklã susɔea la, aho ame vɔɖiwo ƒe dziku, eye woado dɔmedzoe ɖe amesiwo katã laxɔ gbedasi sia ŋuti. Satana hã gale fuléle kple yometiti ƒe gbɔgbɔ de ge wo me ɖe dzi awú tsã. UGL 586.2

Míaɖo ŋku edzi be esi Mawu ƒe Gbɔgbɔ kple amegbɔnɔnɔ dzo le Israel dukɔa me la, nunɔlawo kple dukɔmeviwo mede dzesi naneke o. To gbɔ be wole Satana ƒe kpɔkplɔ te, eye woƒe seselelãmewo nyɔŋu ale gbegbe, eye wovɔɖi ŋutɔ hã la, woganɔa wo ɖokuiwo kpɔm ko abe Mawu ƒe dukɔ tiatia ene. Subɔsubɔdɔ la nɔa edzi yim le gbadɔxɔ la me ; wonɔa vɔwo sam ɖe vɔsamlekpui, siwo wodo busu ŋunyɔe la dzi, eye gbesiagbe, wonɔa Mawu ƒe yayrawo biam na dukɔ, si ɖi fɔ le Mawuvi lɔlɔtɔ la ƒe ʋu ŋuti, le esime nenem dukɔ sia ganɔa mɔnu dim be yeawu eƒe Apostolowo kple dɔwɔlawo la. Nenema ke, ne woaɖe gbeƒã nyametsotso, si ŋuti wɔna ɖeke mele o, tso dziƒo gbadɔxɔ la me vɔ, eye woaɖo kpe xexeame ƒe taɖoƒe mavɔ dzi la, anyigbadzinɔlawo manya naneke o. Ava me be dukɔ sia, si dzi Mawu ƒe Gbɔgbɔ adzo le mlɔeba la, agalé subɔsubɔ ƒe nɔnɔme vovovowo me ɖe asi ko, eye dzoxɔxɔ ɖe dɔ ŋua ɖe, si atso vɔɖitɔ la gbɔ, hena eƒe tameɖoɖo vɔɖi la ŋu dɔ wɔwɔ la, asɔ kple dzoxɔxɔ ɖe Mawu ƒe dɔ la ŋuti pɛpɛpɛ. UGL 586.3

Esi Sabat (Dzudzɔgbe) la dziwɔwɔ ye lahe zitɔtɔ va kristohameawo dome, eye xɔsehame nunɔlawo kple dukplɔlawo aƒo ƒu até kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔa ɖe amewo katã dzi, le esime xɔsetɔwo ƒe ha suea ɖe ya natri to be yemawɔ ɖe ameha gã ƒe biabia dzi o ta, woatsri amesiawo ƒe nya gbɔ vevie le xexeame godoo. Woagblɔ be ame sue, siwo gbe be yewomawɔ ɖe hamea ƒe nuɖoanyi kple dziɖuɖua ƒe se dzi o la, medze be woakpɔ mɔ le dukɔa me kura o, ke boŋ anyo be woatsɔ wo asa vɔe, ale be womagahe zitɔtɔ kple sedzimawɔmawɔ va dukɔ blibowo me o. Nya sia tɔgbi kee Yuda dumegãwo tsɔ ɖe Kristo hã ŋuti. Kayafa, aye-me gã la gblɔ be :” Enyo na mí bena ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta, eye bena dukɔ blibo la nagatsrɔ̃ o.» (Yoh. 11 :50) Woakpɔ be numeɖeɖe sia nyo, eye mlɔeba la, woavahe sededea ɖe ɖe go, ɖe amesiwo katã le Sabat, si nye Se enelia la, ŋuti kɔm la ŋu, eye woaɖoe be woahe to, si dze na woƒe tosesẽ-wɔna la, eye ne wogale edzi ko la, woaɖe mɔ be dukɔa naɖe woƒe agbe ɖa. Xexeme xoxoa, alo Europa, ƒe Roma-ha kple Protestante- hamea, si de megbe le xexeme yeyea, si nye Amerika nyigba dzi la, woawɔ nu ɖeka ƒomevi ɖe amesiwo dea bubu Mawu ƒe Sewo katã ŋu la ŋuti. UGL 587.1

Ekema Mawu ƒe dukɔ nuteƒewɔlawo lanyrɔ̃ ɖe nuxaxa kple vevesese ɣeyiɣi gãa ɖe me, esi ŋu nyagblɔɖila la ƒo nu le, hena ŋkɔe be :«Yakob ƒe xaxaɣi» la. «Ale Yehowa gblɔ esi : Míese ŋɔdziɣli, vɔvɔ̃ ɖeɖe sɔŋ, eye ŋutifafaa ɖeke meli o.» «… woƒe ŋkumewo katã fu tititi . Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o ; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.» (Yer. 30 : 5-7) UGL 587.2

Yakob ƒe xaxa ƒe zã, si me wonɔa ʋiʋlim le gbedodoɖa me, henɔa ɖeɖe tso nɔvia Esau sime biam la, enye dzesi na Mawu ƒe dukɔ la, le eƒe nuteƒekpɔkpɔa me toto le xaxaɣi la me. Esi wòwɔ aye ble fofoa, xɔ yayra, si wòɖo be yeana yeƒe ŋgɔgbevi Esau vɔ la, Yakob sí, heɖe eƒe agbe, elabena nɔvia do wuwu ƒe vɔvɔdzi nɛ, eye wòvɔ̃ be ava wu ye. Esi wònɔ gbe dzi le ƒe geɖewo megbe vɔ la, Yakob lé tɔtrɔgbɔ va aƒe ƒe mɔ, le Mawu ƒe yɔyɔ la nu, kple srɔawo, viawo kple eƒe lãhawo. Esime wòɖo wode-nyigba ƒe liƒo dzi la, Yakob vɔ̃ ŋutɔ, esi wòse be nɔvia gbɔna be yeado goe kple aʋawɔlawo ƒe hatsotsoa ɖe, si eya ŋutɔ le ŋgɔ na ɖe hlɔbiabia ta kokoko. Ɖeko wòdze abe esi aʋawɔnu kple akpoxɔnua ɖeke mele wosi o ta la, Yakɔb kple eƒe hatsotsoea woatsi nɔvia ŋutsu ƒe dɔmedzui kple yi nu godoo. Hekpe ɖe vɔvɔ̃ gã sia ŋu la, fɔɖiɖi ƒe seselelãme ƒe agba kpekpẽ la hã le edzi, elabena eya ŋutɔ ƒe nuvɔe he afɔku sia va edzi. Mɔkɔkpɔ ɖeka hɔ, si susɔ nɛ la, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ me, eye ne xɔnamea ɖe li nɛ la, gbedodoɖa me ko wòakpɔe le. Le nusiawo katã me la, Yakob meŋlɔ̃ nusi dze be wòawɔ, axɔ nɔvia ƒe tsɔtsɔke, axe mɔ na afɔku, si le elalam la, wɔwɔ be o. Esime xaxaɣi la gogo vɔ la, ele na Kristo ƒe nusrɔlawo be, woawo hã nawɔ abe Yakob ene. Edze be woawɔ woƒe ŋutete katã aɖe nusi wonye vavã la fia xexeame, ale be taflatsea ɖeke maganɔ anyi na ameŋkume ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔgbevɔe, si nye mɔxexe na dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ, si le ŋgɔ gbɔna la o. UGL 588.1

Esime wòɖo eƒe ƒome la ɖe tɔʋu la godo, bene womagakpɔ yeƒe nuxaxa o ta la, Yakob ɖeka tsi afima, heʋli kple Mawu le gbedodoɖa me. Eʋu eƒe vodadawo me, eye wòda akpe na Mawu be enyo dɔme na ye, eye le ɖokuimeyiyi gãa ɖe me la, ebɔbɔ eɖokui na Mawu, heɖo ŋku ŋugbe, si Wɔla la do na fofoawo la dzi nɛ, kple esi wòdo na eya ŋutɔ, le ɖeɖefia, si wòkpɔ le Betel kple dzronyigbadzinɔɣi me la hã dzi nɛ. Eƒe agbe ɖo xaxa me vɔ. Nusianu le afɔku me. Le viviti ma, si me eya ɖeka tsi me la, ele gbedodoɖa kple ɖokuibɔbɔ dzi na Mawu. Tete amea ɖe ɖo asi abɔta nɛ. Eƒe susu yi futɔa ɖe, si le eƒe agbe dim la dzi, eye wòtsɔ eƒe dziɖelameƒo ŋusẽ la katã wɔ avu kple amesi dze edzi la. Esi ŋkeke le gogom la, amedzro la wɔ eƒe ŋusẽ, si ƒo amegbetɔ tɔ ta la, katã ŋu dɔ. Ke esi wòtɔ asi eƒe aligo la, Yakob, si nɔ ʋiʋlim kple eƒe ŋusẽa katã la, zu abe lãmetututɔ ene, heku ɖe nukunu-me la ƒe kɔ ŋuti kple avifafa, kple kukuɖeɖe, wɔnamanɔameŋutɔe. Enya azɔ be yete kame kple Nubabla ƒe Dɔla la. To gbɔ be woɖu edzi eye wòle veve sem geɖe hã la, meɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu o. Ekpe fu vevie, le tɔtɔtɔtɔ me, le nuxaxa me, le fɔɖiɖi ƒe seselelãme me, le nuvɔ, si wòwɔ la ta, ɣeyiɣi didia ɖe. Azɔ la, edi be woaka ɖe edzi na ye be yekpɔ tsɔtsɔke. Dziƒo avuwɔla la di be yeadzo le egbɔ, gake Yakob lé ɖe eŋu, hele eƒe yayra biam. Dɔla la gblɔ nɛ be: «Ɖe asi le ŋunye, elabena agu le dzedzem.» Gake eɖo eŋu nɛ be: «Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nayram hafi.” Kakaɖedzi kae, tenɔnɔ sesiẽ kae, eye veviedodo kae Yakob meɖe fia oa ! Nenye ɖee nya siawo tso ɖokuiŋudzedze kple ɖokuidodoɖedzi ƒe susu me la, anye ne Yakob tsrɔ̃ enumake. Boŋ eƒe nuƒoƒo tso amea ɖe, si ʋu eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple blibomademade me, vɔ heɖo dzi ɖe Mawu Nublanuikpɔla, si wɔa nuteƒe le eƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ me la, ƒe kakaɖedzi-nyawo ŋu. UGL 588.2

«Ete kame kple Mawudɔla, eye wòɖu dzi.» (Hosea 12 :5) To ɖokuibɔbɔ, ɖokuimeʋuʋu kple toɖoɖo me la, nu kuku, gegeme kple vɔwɔla la zu ŋusẽtɔ gã le eƒe ʋiʋli kple dziƒo ƒe Gãnyenye la megbe. Eƒe asi su Mawu ƒe ŋugbedodo la dzi kple dzodzonyanyanya, eye Lɔlɔmavɔtɔ la mateŋu agbe nuvɔwɔla la ƒe kukuɖeɖe o. Abe eƒe dziɖuɖu ŋusẽ ene, eye abe ŋusẽdodo na amesiwo adze eƒe kpɔɖeŋu yome ene la, woɖɔ li eƒe ŋkɔ. Le ŋkɔ, si le ŋku ɖom eƒe vodadawo dzi teƒe la, exɔ ŋkɔ bubua ɖe, si le ŋku ɖom eƒe dziɖuɖu la dzi nɛ. Yakob ƒe ŋusẽtɔnyenye le ʋiʋli kple Mawu me la nye kakaɖedzi be aganye ŋusẽtɔ wú le eƒe ʋiʋli kple amegbetɔwo me. Megale vɔvɔm azɔ na gododo kple nɔvia, si do dɔmedzoe ɖe eŋu la o, elabena Yehowa zu eƒe akpoxɔnu. UGL 589.1

Satana tso Yakob nu le Mawu ƒe dɔlawo ŋkume hegblɔ na wo be yekpɔ ŋusẽ latsrɔe le eƒe nuvɔ̃ la ta. Ede susu tame na Esau be wòaho aʋa ɖe eŋu, eye le zã didii ma ƒe ʋiʋli la me la, Satana de fɔɖiɖi ƒe seselelãme susu me na Yakob, ale be wòagbɔdzɔ ate ɖa tso Mawu gbɔ. Yakob bú mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ kloe, ke enya be ne Mawu makpe ɖe ye ŋuti o la, ku kee yeaku, eye wòtsɔ eɖokui de dzimetɔtrɔ vavã me le eƒe nuvɔ̃ gã la ta, eye wòbia Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ. Megaɖe mɔ azɔ be woaɖe ye ɖa tso yeƒe taɖodzi la gbɔ o, ke elé ɖe Dɔla la ŋuti sesiẽ kple vevesese ɣlidodo gã, vaseɖe esime wòkpɔ dziɖuɖu. UGL 589.2

Abe alesi Satana dɔ Esau be wòalu ɖe nɔvia dzi kple dziku ene la, nenema kee wòle ame vɔɖiwo dɔ gee be woayi ɖatsrɔ Mawu ƒe dukɔ la le xaxaɣi la me. Alesi wòtsɔ nya ɖe Yakob ŋutii la, nenemake wòagatsɔ nya ɖe Mawu ƒe dukɔ la hã ŋutii. Ekpɔna amegbetɔviwo katã abe eƒe fiaɖuƒemeviwo ene, ke ameha sue, si lé Mawu ƒe Seawo me ɖe asi la, koe tsi tre ɖe eƒe tatɔnyenye ŋu. Ne ateŋu aɖe wo ɖa keŋkeŋ tso anyigba la dzi la, eƒe dziɖuɖua ade blibo. Ekpɔe be mawudɔlawo le wo ŋu dzɔm, eye wòsusui be wotsɔ woƒe vodadawo ke wo, evɔ menya be ɖee wotso afia na wo le dziƒo gbadɔxɔ la me o. Enya nuvɔ, siwo wòna wowɔ la, pɛpɛpɛ, eye wòtsɔ wo ɖo Mawu ŋkume gãa wú alesi nuvɔawo le, kple susu sia bena ne Mawu nakpɔe be dukɔ ma, abe ye Satana ŋutɔ ke ene la, medze na eƒe nublanuikpɔkpɔ o. Egblɔ be ne Mawu adrɔ ʋɔnu dzɔdzɔe la, mateŋu atsɔ woƒe nuvɔwo ake wo, eye wòatsrɔ̃ ye ŋutɔ kple yeƒe dɔlawo o. Exɔe se be yeƒe ade-lã wonye, eyata ele be woaɖe asi le wo katã ŋu na ye ne yeatsrɔ̃ wo. UGL 590.1

Le esime Satana anɔ mawuviwo nu tsom le woƒe nuvɔwo ta alea la, Mawu ɖe mɔ nɛ be wòate wo kpɔ sesiẽ alesi wòate ŋui. Woƒe dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu, woƒe mawudzixɔse, kple woƒe tenɔnɔ sesiẽ, wo katã ato kpodzo ƒe dodokpɔa ɖe, si ŋu gbɔgblɔ mele o la me. Ŋkuɖoɖo woƒe tsã-gbenɔnɔwo dzi awɔ be mɔkpɔkɔ abu ɖe wo keŋ, elabena nunyuiwɔwɔ suea ɖewo ko dzi woɖo ŋku le woƒe agbenɔnɔ bliboa me. Wode dzesi woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔnyenye kple alesi womedze na naneke o la. Ke Satana awɔ ŋutetewo katã be yeado ŋɔdzi na wo kple susu sia be mɔkpɔkpɔa ɖeke megali na wo o, eye be woƒe ɖiƒoƒo, si lé ɖe wo ŋu la mateŋu aɖe ɖa gbeɖe o. Adi be to mɔ sia dzi la, yeagblẽ woƒe xɔse me, ale be woadze tetekpɔ me, eye woatrɔ ɖa tso Mawu yomenɔnɔ gbɔ. UGL 590.2

To gbɔ be futɔwo ɖe to ɖee, hele klalo be yewoatsrɔe hã la, vɔvɔ, si anɔ Mawu ƒe dukɔa me la, maku ɖe yometiti le Nyateƒe la ta ŋu o, ke boŋ axa nu be yemetrɔ tso yeƒe vodadawo katã me o, eye be ne nuvɔa ɖe tsi anyi la, avanye mɔxenu na Mawu ƒe ŋugbedodo, si gblɔ be : «…Malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge la me» (Nyaɖ.3 :10) la ƒe mevava. Nenye ɖee woƒe nuvɔwo tsɔtsɔke ƒe kakaɖedzie le mawuviwo si la, anye ne womagavɔ̃ na fuwɔame kple ku o. Ke ne woakpɔ wo ame madzɔmadzɔwoe, eye woabú woƒe agbe le dɛ̃ gbegblẽ, si le wosi ta la, ekema woado ŋunyɔ̃ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔ. UGL 591.1

Le gowo katã me la, woase amewo anɔ nu ƒom tso nugbeɖoɖameŋu, ame nɔvi dede asi ŋu, eye woakpɔ aglãdzedze kple ŋɔdzidoname ƒe wɔnawo le afisiafi. Esiawo katã anyɔ̃ didi sesẽa ɖe le woƒe luʋɔ me ke be megbedede gã sia nawu nu dzro, eye be ame vɔɖiwo hã ƒe vɔɖivɔɖi wɔnawo nu natsi. Gake esime woanɔ kuku ɖem na Mawu be wòaɖo liƒo na aglãdzedze ƒe wɔnawo la, woabu fɔ wo ɖokuiwo vevie be ŋusẽ sɔgbɔ mele yewosi ne yewoakpa ŋgɔ nuvɔ̃ ƒe ƒudzagbo, si le edzi yim la o. Wose le wo ɖokuiwo me be nenye ɖee yewowɔa yewo ƒe ŋutetewo katã ŋu dɔ nyuie le dɔwɔwɔ na Kristo me, hedoa ŋusẽ yewo ɖokuiwo la, anye ne Satana makpɔ ŋusẽ geɖe atsi tre ɖe yewo ŋuti alea o. UGL 591.2

Woƒe luʋɔwo axa nu le Yehowa ŋku me, eye woaɖo ŋku alesi wose veve ɖe woƒe nuvɔ̃ gbogboawo ta ; ke woaɖo ŋu ɖe Ɖela ƒe ŋugbedodo sia ŋu, esi gblɔ be : «Negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi.” (Yes. 27 :5) To gbɔ be womeɖo woƒe gbedodoɖawo ŋuti enumake o hã la, woƒe xɔsemeʋuʋu nu metsi o. Woanɔ vɔvɔ̃ gãa ɖe, dziɖelameƒo kple dzodzonyanya dziŋɔa ɖe me, ke womadzudzɔ gbedodoɖa kpɔ o. Woaku ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti abe alesi Yakob ku ɖe Dɔla la ŋu ene, eye gbe sia aɖi tso woƒe luʋɔ me ke be : «Nyemele asi ɖe ge le ŋu wò o, negbe ɖeko nayram hafi.» UGL 591.3

Ne menye ɖee Yakob trɔ le eƒe dzi me tsã, heʋu eme be yeto aye mɔ dzi, fi Esau ƒe ŋgɔgbevinyenye yayra o la, anye ne Mawu maxɔ eƒe gbedodoɖa, aɖe eƒe agbe kple nublanuikpɔkpɔ gã o. Nenema ke wòanɔ le xaxaɣi la me be, esime woanɔ vɔvɔ kple nuxaxa ƒe fuwɔame me, eye mawuviwo laɖo ŋku nuvɔa ɖe, si me womeʋu o dzi la, woakpɔ tsɔtsrɔ. Dziɖelameƒo agbã woƒe xɔse keŋkeŋ, eye womagado dzi ado gbe ɖa, abia Mawu ƒe ɖeɖe hã o. Gake, to gbɔ be woabu wo ɖokuiwo ame madzɔmadzɔwoe hã la, nu ɣaɣlaa ɖeke mele woƒe dzi me nɔ ge, si woahe ɖe go o. Wolé ŋku ɖe woƒe nuvɔwo ŋuti le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me vɔ, eye wotutu wo ɖa, ale be womagava woƒe susu me akpɔ o. UGL 592.1

Satana de susu ta me na ame geɖea ɖewo, bene woaxɔe se be Mawu metsɔa ɖe le woƒe nuteƒemawɔmawɔ me le agbemenu suesuewo me o. Gake, nusi Mawu wɔ kple Yakob la ɖee fia be meda asi ɖe nuvɔ̃ dzi, alo ɖe ewɔwɔ ƒe mɔ dzi kpɔ o. Amesiwo katã anɔ agbagba dzem be woado taflatse le woƒe nuvɔwo ta, alo aɣla wo, eye woatsi wo me, wo me maʋumaʋu, be womatsɔ woƒe nuvɔ̃ ake wo o la, dziƒogbalẽwo aɖe wo afia, eye Satana aɖu wo dzi. Zi alesi woanɔ teƒe kɔkɔ, eye bubu geɖe anɔ wo ŋui la, nenema kee woƒe vodada akpẽ le Mawu ŋku mee, eye kakaɖedzi hã anɔ woƒe futɔ gã la ƒe dziɖuɖu ŋutie. Amesiwo le hehem ɖe megbe le dzadzraɖowɔwɔ me na Aƒetɔ la ƒe ŋkekea la, magate ŋu wɔe le xaxaɣi la me, alo le egodo, le ɣeyiɣi bubua ɖe me o. Mɔkpɔkpɔa ɖeke mele amesiawo ƒomevi ƒe nya ŋuti o. Ame mawo, siwo ʋu eme be kristotɔwo yewonye, vɔ woava ɖo xaxaɣi sesẽ mamlɛa me, dzadzraɖomawɔe la, avatsɔ dzodzonyanya kple dziɖelameƒo detoa ɖe aʋu woƒe nuvɔwo me, eye le ewɔwɔ me la, ame vɔɖiwo lanɔ alɔme ɖem le woƒe vevesese la ŋuti. Woɖokui me ʋuʋu asɔ kple Esau kple Yuda tɔ. Amesiwo wɔa nenem nuvɔmeʋuʋuawo la sea veve ɖe woƒe dzidadawo ƒe metsonuwo ta, ke menye ɖe woƒe fɔɖiɖi la ta UGL 592.2

o. Womesea veve vavãa ɖeke, ne nuvɔ̃ la nayi ŋunyɔ̃ ge na wo o. Wode dzesi woƒe nuvɔawo, le vɔvɔ̃ na tohehe ta, ke abe alesi Farao wɔ tsã ene la, woagaƒo fi ade dziƒo godo, nenye be ʋɔnudɔdrɔ̃ mava wodzi o. UGL 592.3

Le go bubu me la, Yakob ƒe ŋutinya la le kakam ɖe dzi na mí be amesiwo wote kpɔ, woble wo, hetutu de nuvɔ̃ me, gake wogbugbɔ va Aƒetɔ la gbɔ kple dzimetɔtrɔ vavã la, Mawu matsɔ wo aƒu gbe gbeɖe o. Esime Satana anɔ mɔnu dim be yeatsrɔ̃ amehatsotsoe sia la, Mawu aɖo eƒe dɔlawo ɖo ɖe wo gbɔ be woadzɔ wo ŋu, ado ŋusẽ wo le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Satana ƒe agbodzedze ɖe wo ŋu anye tamevɔɖoɖo ƒe wɔnaa ɖe, si nu asẽ ŋutɔ, eye ŋɔdzi anɔ eƒe amenubeble hã ŋuti, gake Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo anɔ viawo dzi, eye eƒe towo hã anɔ ʋuʋu ɖi ɖe woƒe ɣlidodo sesẽwo ŋu. To gbɔ be xɔsetɔwo ƒe nuxaxa la ado gã ɖe dzi, eye wòanɔ dzedzém abe kpodzo, si me tom wole la, ƒe bibi sesẽ la le wo fiage ene hã, amesi le ɖiwo ɖem ɖa le wo ŋuti, hele wo ŋu kɔm la, avaɖe wo, eye woado go abe sika, si wololo le dzo me ene. Mawu ƒe lɔlɔ̃ na viawo le woƒe dodokpɔ sesẽtɔwo ƒe ŋkeke mawo me, anɔ abe xɔlɔ-lɔlɔ̃ gã ma, si wòɖena fiaa wo le dzidzemenɔnɔ ƒe ŋkekeawo me ke ene, gake la, ehiã vevie be woato dodokpɔ ƒe kpodzo la me. UGL 593.1

Ele be nusianu, si nye anyigbadzinu le wo me la nabú keŋkeŋ, bene woakpɔ Kristo ƒe dzedzeme la katã le wo me. UGL 593.2

Dziɖelameƒo kple vɔvɔ̃ ƒe xaxaɣi, siwo le ŋgɔ gbɔna la, hiã tso mía si be xɔsea ɖe nanɔ mía si, esi ate ŋu ato ɖeɖiteameŋu, dɔwuame kple míaƒe mɔkpɔkpɔwo ƒe megbetsitsi me maʋãmaʋãe, xɔsea ɖe, si magbɔdzɔ gbeɖe, ne dodokpɔa asesẽ ale gbegbe hã o. Wotsɔ amenuveɣi la na amesiame be woadzra eɖokui ɖo. Yakob ɖu dzi elabena eɖoe ɖe ta me, eye wòdo veviee. Eƒe dziɖuɖu la nye kutrikuku-gbedodoɖa ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia. Amesiwo katã laɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu abe alesi wòwɔ ene, eye woanye movevietɔ kple veviedolawo, abe eya ene la, aɖu dzi abe eyama ke ene. Amesiwo wòsesẽ na be woagbe nu le wo ɖokuiwo gbɔ, abɔbɔ wo ɖokuiwo kple aɖatsi le Mawu ŋku me, ado gbe ɖa vevie madzudzɔmadzudzɔe, na Mawu ƒe yayra xɔxɔ o la, maxɔe o. Kristotɔ ʋɛa ɖewo koe se UGL 593.3

« ʋiʋli kple Mawu » gɔme. Nenema kee ame suea ɖewo koe te ŋu dia Mawu ƒe xɔname kple kokoƒoƒo detoa ɖe, si ƒe ŋusẽ tso luʋɔ ƒe gogloƒe ke. Ne dziɖelameƒo manyagblɔa ɖe ƒe viviti tsyɔ̃ kokoƒolawo dzi la, ame ʋea ɖewo koe te ŋu tena ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu kple xɔse maʋãmaʋã. UGL 593.4

Amesiwo anye xɔseʋetɔwo le egbe ŋkekewo me la, le Satana ƒe beble ƒe ŋusẽ kple ame ƒe dzitsinya dzi zizi ƒe sedede, si gbɔna la ƒe afɔku gãa ɖe me. Eye ne woate ŋu ado dzi le dodokpɔ me hã la, woavatsi dziɖelameƒo gãa ɖe me le xaxayi la me, le esi dzidodo ɖe Mawu ŋuti memã wo o la ta. Alea ye wòanɔ be xɔse nufiafia, siwo wogbe sɔsrɔ̃ le ŋkekenyuiwo me la, woavasrɔ̃ wo le dziɖelameƒo ƒe amedzinɔnɔ ŋusẽtɔe ƒe gaƒoƒowo me. UGL 594.1

Tso fifia xoxo la, ele be míanɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dom kpɔ. Mawudɔlawo le to lém ɖe gbedodoɖa ɖesiaɖe, si wowɔ tso dzi vavã me kple veviedodo la ŋuti. Anyo na mí be míaxe mɔ na dzidzeme didi wú esi míaxee ɖe mía kple Mawu dome kadede nu. Ahedada gã menɔnɔ, nugbegbe keŋkeŋ le ameɖokui gbɔ faa le Mawu ƒe didi nu la xɔ asi wú kesinɔnuwo, ŋkɔgãxɔxɔ, dzidzemenɔnɔ kple amegbetɔwo ƒe xɔlɔkadede mawumanɔmee la fũ. Mina gbedodoɖa ƒe asinukpɔkpɔ nanɔ mía si. Ne míeɖe mɔ be xexesiamenuwo naxɔ mía me, ale be míaŋlɔ gbedodoɖa be la, ate ŋu ava me be Aƒetɔ la akpɔe be, anyo be yeaɖe mí tso míaƒe domenyinu, siwo ate ŋu nye galɔlɔ, aƒe kple agble wɔnukuwo la, si me, ale be gbedodoɖa ɣeyiɣiwo nasu mia si. UGL 594.2

Sɔhɛwo mage ɖe nuvɔ̃ me kpɔ, ne womelɔ̃ wokplɔ wo to mɔ bubua ɖe, si to vovo na esi ko dzi woate ŋu bia Mawu ƒe yayra le la o. Nenye be gbeƒãɖela, siwo aɖe gbeƒã toklãnya mamlɛa na xexeame, abia Mawu ƒe yayra, eye womawɔe kple ɖekematsɔleme kple kuvia ƒe gbɔgbɔ o, ke boŋ kple dzo kple xɔse, abe alesi Yakɔb wɔe ene la, ekem woateŋu agblɔ le afisiafi, abe Yakɔb ene, be: «Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me, gake metsi agbe.” (Mos. I; 32 : 31). Le dziƒo la, woabu wo abe fiaviwo ene, abe ŋusẽtɔ, siwo te kame kple Mawu kple amewo, eye woɖu dzi ene. UGL 594.3

Xaxayi, si meva kpɔ o la, atu mí kpuie, eye nuteƒekpɔkpɔa ɖe, si mele míasi kpɔ o, si masu ame geɖewo si hã o, le esi wogbe édidi ŋuti la, hiã na mí veviẽ ŋutɔ. Evana eme enuenu be afɔku, siwo míenɔa mɔ kpɔm na la, nu mesẽa ŋu abe alesi míesusunɛ ene o. Gake la, xaxa, si le mía ŋgɔ ya, manɔ nenema o. Alekeake amea ɖe laɖe susu aƒo nu tso xaxaɣi sia ŋutie la, mate ŋu aɖe ɣeyiɣi vɔ̃ sia ƒe ŋɔdzinu manyagblɔ, si wònye la ƒe kpekpẽme ɖe go gbeɖe o. Le dodokpɔ ƒe ɣeyiɣi ma me la, ele na luʋɔ ɖesiaɖe ŋutɔ be, wóaɖe eɖokui nu le Mawu ŋku me. Eye ne wòanye be Noa, Daniel kple Hiob anɔ afima ɣemaɣi la, Aƒetɔ Yehowa be: «Metà ɖokuinye ƒe agbe : Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke o, negbe woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta.” (Xez. 14: 20). UGL 594.4

Ekema egbegbe, esime míaƒe Nunɔlagã la le nyaxɔɖakɔdɔ wɔm ɖe míata lae míadi vevie be míade Kristo ƒe blibodede la gbɔ. Míaƒe Ɖela la meɖe asi le eɖokui ŋuti na tetekpɔ ƒe ŋusẽa ɖeke wòaɖu edzi, le tamesusu me ŋutɔ gɔ̃ hã o. Ke Satana kpɔna bebeƒea ɖe kokoko le amegbetɔvi, si metrɔ dzi me o la me, le kpɔɖeŋu me fɔɖiɖi ƒe dzodzroa ɖe, si wòɣla ɖe eɖokui me, si dzi futɔ la ƒe tetekpɔwo tona kpɔa ŋusẽ le. Ke Kristo ya gblɔ be : Xexeame fia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o (Yoh. 14 : 30) Satana mete ŋu kpɔ naneke le Mawu ƒe Vi la me, si dzi wòato aɖu dzi o. Kristo lé Fofoa ƒe Sewo me ɖe asi, eye nuvɔa ɖeke menɔ eme, si anye gomekpɔkpɔ na Satana o. Esia nye nɔnɔme, si me amesiwo ato xaxayi la me la, lanɔ. UGL 595.1

Agbe sia me ko wòdze na mí le be míamã ɖa tso nuvɔ̃ gbɔ le, ne míexɔ Kristo ƒe nuvɔkɔklɔɖa ƒe ʋu la dzi se ko. Míaƒe Ɖela vevie la le mía kpem be míaƒo ƒu ɖe ye ŋu, ne míatsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ la awɔ ɖeka kple yeƒe ŋusẽ, míaƒe numanyamanya awɔ ɖeka kple yeƒe nunya, míaƒe madzemadze awɔ ɖeka kple eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzenawo. Kristotɔ-gbenɔnɔ lae nye nusrɔƒe, afisi dze be miasrɔ̃ Kristo ƒe dɔmefafa kple ɖokuibɔbɔ le. Esiata Aƒetɔ la tsɔa agbe mɔ vavãwo ɖoa mía ŋkume ɖaa, ke menye mɔ, siwo dze mía ŋu, siwo le bɔbɔe, siwo dzi zɔzɔ vivia mía nu lae o. Edze be míawɔ dɔ kple mɔnu, siwo ŋu dɔ Aƒetɔ la le wɔwɔm, le míaƒe dẽ tɔtrɔ me ɖe dziƒo kpɔɖeŋu la tɔ ŋuti. Enye ameɖokui ƒe agbe dome gbegblẽ be wòanɔ dɔ sia hem ɖe megbe, alo aɖe ŋu ɖi le ewɔwɔ ŋuti. UGL 595.2

Le ɖeɖefiaa ɖe me la, Apostolo Yohanes se gbea ɖe, si le gbɔgblɔm be: «…Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.» (Nyaɖ. 12:12). Nusiwo ava ve me, siwo na be ɣlidodo sia ɖi tso dziƒo la, nye ŋɔdzinya gã ŋutɔ. Zi alesi eƒe vovoɣi la le vɔvɔm ɖee la, zi geɖe ma ke Satana le dɔmedzoe dom, eye eƒe amenubeble kple tsɔtsrɔ-dɔ la hã aɖo eƒe kɔkɔƒe le xaxaɣi la me. UGL 596.1

Madidi o, dzesi, siwo womekpɔ kpɔ o la, lado le dziŋgɔli me, esiwo lanye gbɔgbɔ vɔwo ƒe nukunudɔwo ɖeɖe fia. Gbɔgbɔ blibawo laɖi tsa le fiawo kple anyigbadzitɔwo katã dzi, be woable wo nu, ne woaƒo ƒu woƒe ŋusẽwo ɖe Satana tɔ ŋuti, ale be woaho aʋa gã susɔea ɖe dziƒo ƒe dziɖuɖu la ŋuti. Alea ye wòanɔ be fiawo kple woƒe ŋutimewo latsi beble gã sia me. Amea ɖewo latsi tre, ado wo ɖokuiwo ɖe dzi, be yewoe nye Kristoa ŋutɔ. Woada ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo dzi be yewo nye ɖela, eye woabia subɔsubɔ, si nye xexeame katã Ɖela ɖeka tɔ la, na wo ɖokuiwo. Nuku-dɔyɔyɔwo lava me, eye woado wo ɖokuiwo ɖe dzi be yewoxɔ ɖeɖefia, siwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖiɖiwo ŋu la, tso Mawu gbɔ. UGL 596.2

Wɔna, si aƒo ta na aʋatsokaka ƒe hlɔnya gã la, enye Satana ƒe agbagbadzedze be wòaɖe eɖokui fia le Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe dzedze me. Hamea ʋu eme le ɣeyiɣi didia ɖe me be Yesu ƒe tɔtrɔva lae nye yeƒe mɔkpɔkpɔ ƒe nuwuƒe. Ke aʋatsokafofo gã la awɔ ŋutetewo katã be wòadzé na amewo be Kristo va ɖo. (609) Le teƒeteƒewo le anyigba dzi la, Satana aɖe eɖokui fia le amehawo dome le fiagãnyenye ƒe nɔnɔme me kple kekeli gãa ɖe abe alesi Yohanes ƒo nu tso Yesu ŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ ta 1: 13-15 me ene. Ŋutikɔkɔe, si aƒo xlãe la, aƒo ta na nusianu, si amegbetɔ ƒe ŋkuwo kpɔ kpɔ la. Eye woado dziɖuɖuɣli sia be: «Kristo va vɔ! Kristo va vɔ! » Dukɔ la ade ta agu nɛ kple subɔsubɔ ƒe bubudeameŋuwo, eye wòakɔ eƒe asiwo dzi ahayra wo. Eƒe gbe afa miaa, vɔ ahavivi sese ŋutɔ. Atsɔ lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ gblɔ dziƒo nyateƒenya aɖe, siwo ayɔ kple amenuveve, nya, siwo Aƒetɔ Yesu lɔa gbɔgblɔ la ; ayɔ dɔ dɔlélawo, eye abe amesi nye Kristo ene la, agblɔ be yetsɔ kwasiɖa ŋkekea ɖɔ li Sabat la, eye wòade se be amewo katã nakɔ ŋkeke, si yeyra la ŋuti abe dzudzɔgbe ene. UGL 596.3

Aɖe gbeƒã be amesiame, si aganɔ kwasiɖa ƒe ŋkeke adrẽlia ŋuti kɔm la, lado busu yeƒe ŋkɔ ŋuti, le esi wòagbe toɖoɖo dɔla, siwo yedɔ ɖo ɖa kple keklẽ kple nyateƒe la, ƒe gbe dzi wɔwɔ. Esia anye aʋatsokaka gãtɔ, si aƒo ta na beble-dɔ sia beble-dɔ, si Satana awɔ kple aɖaŋudede gã la. Abe alesi Simon afakala la na Samariatɔwo ƒe nu ku le eƒe afãkaka ta ene la, nenema ke amehawo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, axɔ nukunu-me sia dzi se, eye woado ɣli be: «Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, esi woyɔna be gãa. (Dɔwɔwɔwo 8: 10) UGL 597.1

Gake Mawu ƒe dukɔ la maɖe asi le eɖokui ŋuti be woakplɔe to mɔ tatra dzi o. Aʋatso-Kristo sia ƒe nufiafiawo masɔ kple Ŋɔŋlɔ̃ Kɔkɔeawo o. Eƒe yayranyawo ayi na amesiwo asubɔ alo ade ta agu na lã la kple eƒe legba la, wo amesiwo ŋuti Biblia gblɔ le be: woano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha tsimatɔe, si wokɔ ɖe eƒe dɔmedzoe-kplu la me. UGL 597.2

Le go bubu me, womeɖe mɔ na Satana be wòasrɔ̃ Kristo ƒe vava la awɔ wòade blibo o. Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔe ɖi na eƒe nusrɔlawo be woakpɔ wo ɖokuiwo dzi nyuie tso beble sia ŋuti, eye wògblɔ nɔnɔme, si me eya ŋutɔ le vava ge le la ɖi, eme kɔ nyuie: «Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo, bena ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã… Eyaŋuti ne wogblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, ele gbedzi, migayi o; kpɔ ɖa, ele xɔgã me, migaxɔe se o. Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. (Mateo 24:24-27) UGL 597.3

Womate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe vava alea wòade blibo o. Elabena xexeame katã le ekpɔ ge, aɖi ɖase le eŋuti. UGL 597.4

Amesiwo katã lasrɔ̃ Biblia kple veviedodo, eye Nyateƒe la lɔlɔ̃ le wo me la, ɖeɖe koe lado go tso bleble gã, si le xexeame katã dzi va ge la me. Mawu ƒe Nya la ɖeɖe koe ate ŋu kpe ɖe wo ŋuti bene woateŋu ade dzesi ameblela, si trɔ eƒe nɔnɔme la. Xaxaɣi la ava na amewo katã, eye ɖeɖekpɔɣi la mee woade dzesi kristotɔ vavãwo le. Ɖee Mawu ƒe dukɔ la li ke sesiẽ ɖe Mawu ƒe Nya la dzi egbea, ale gbegbe be eya ŋutɔ ƒe susuwo maflui oa? Le xaxaɣi sia ƒomevi me la, ɖee wòaziɔ ɖe Biblia ŋu, ɖe Biblia ɖeka ko ŋua? Ne ate ŋui la, Satana axe mɔ nɛ be wòaganɔ te le ŋkeke ma dzi o. Nuwo le esi nɔ ge ale gbegbe be eƒe mɔ la ayɔ fũ kple xexeame kesinɔnuwo kple fuwɔame ƒe agba kpekpewo, ale be ne dziwo me nayɔ fũ kple agbe sia me nuxaxawo, eye dodokpɔ ŋkeke la avadze xɔsetɔwo dzi le avo me, abe fiafitɔ ene. UGL 597.5

Ne du, siwo me kristosubɔsubɔ xɔ teƒe le la, ƒe dziɖuɖu vovovoawo avawɔ se tsi tre ɖe Mawu ƒe Sewo dziwɔlawo ŋuti, aɖe wo afia abe amesiwo tsi tre ɖe dukɔa ƒe sededewo ŋuti ene, eye woade wo asi na wo yometilawo la, ekem mawuviwo asi tso du gãwo kple kɔƒewo me, aƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe habɔbɔwo me, ayi ɖanɔ adzɔge-adzɔge ʋĩi, kple teƒe, si amea ɖeke mele o la. Ame geɖewo lakpɔ bebeƒe le towo tame, eye, abe Piemont- balime ƒe xɔsetɔwo ene la, woatsɔ anyigba ƒe kɔkɔƒewo awɔ woƒe subɔsubɔƒe kple wo nɔƒe, eye woada akpe na Mawu ɖe agakpe, siwo zu mɔ̃ sesẽ na wo la ta. (Yes.33 :16). Gake ameha gãa ɖe, si atso dukɔwo katã me, ɖeviwo kple tsitsiawo, kesinɔtɔwo kple amedahewo, ameyibɔwo kple yevuwo katã lakpe ŋutasesẽ dziŋɔ̃ ƒe fu le gakpɔ sesẽwo me. Mawu ƒe lɔlɔtɔ vevie siawo, si wode kɔsɔkɔsɔ, eye wotso kufia na la, akpe fu ŋkeke geɖe le gaxɔwo me. Woade wo dome amea ɖewo gumexɔ nyɔŋu, dovivitiwo me, be woaku dɔwuame ƒe ku le afima. Amegbetɔa ɖeke ƒe to mase woƒe xɔname ɣlidodo, eye amea ɖeke hã meli axɔ na wo o. UGL 598.1

Ɖee Aƒetɔ la aŋlɔ eƒe dukɔ la be le gaƒoƒo sesẽ ma mea? Ɖee wòŋlɔ Noa dzɔdzɔetɔ la be, esime wòtsɔ tsiɖɔɖɔ drɔ̃ ʋɔnu Noa ɣeyiɣi me tɔwoa ? Ɖee wòŋlɔ Lot be, esime dzo dza tso dziƒo hefiã gbadzaƒe-nyigba duwoa ? Ɖee wòŋlɔ Yosef be, esime eya ɖeka tsi trɔsubɔlawo dome le Egiptea? Ɖee wòŋlɔ Eliya be, esime Izebel di be yeawu eya hã abe alesi wòwɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo ŋuti enea? Ɖee wòŋlɔ Yeremia be, esime wodee vudo doviviti la mea ? Ɖee wòŋlɔ Israelvi etɔ,̃ siwo wode kpodzo me la bea? Alo Daniel le dzatawo ƒe do me la bea? UGL 598.2

«Zion gblɔ be: Yehowa gblẽm ɖi, Aƒetɔ la ŋlɔm be. Ɖee nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nye ya nyemaŋlɔ wò be o! Kpɔ ɖa, meŋlɔ̃ wò ɖe nye asi ŋu, wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.» (Yesaya 49:14- 16) Yehowa Zebaot gblɔ be …amesi ka asi mia ŋu la, eka asi yeƒe ŋkuvi ŋu. (Zax.2:12) UGL 599.1

To gbɔ be futɔwo ade wo gaxɔ me hã la, gaxɔwo ƒe gliwo mate ŋu axe mɔ ɖe woƒe luʋɔ kple Kristo dome-kadede nu o. Amesi le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe kpɔm, si nya woƒe dodokpɔ ɖesiaɖe hã la, ƒo ta na anyigbadzi ŋusẽtɔwo katã. Gaxɔ mawo azu fiasãwo. Mawudɔlawo ava wo gbɔ le afisi ke woƒe gaxɔ goglowo anɔ, eye woahe kekeli kple dziƒo ŋutifafa va na wo. Gaxɔ mawo anɔ na wo abe fiasã me ene, elabena afima amesiwo si xɔse ƒe agbɔsɔsɔ le la le. Woƒe gliwo laklẽ kple dziƒo kekeli abe alesi wònɔ le filipi gaxɔ me, afisi Paulo kple Silas do gbe ɖa, dzi kafuhawo na Mawu le, le zã titina la ene. UGL 599.2

Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ lava amesiwo ladi be woaté Mawu ƒe dukɔa ɖe to, atsrɔ̃ wo la dzi. Eƒe dzigbɔgbɔ blewu didie na vɔwɔlawo na be amewo ƒe dzime ga sesẽ, helia ɖe dzi goŋgoŋ; ke woƒe tohehe, si adzi ŋɔ̃ ŋutɔ le woƒe tosesẽ didie ta la, ava wo dzi godoo, eye mada o. «Elabena Yehowa akɔ eɖokui ɖe dzi abe le Perazim-to la gbɔ ene, eye wòanyrã abe le Gibeon-bali me ene, ne wòawɔ eƒe dɔ, dɔ tutɔ enye eƒe dɔ la, ne wòawɔ eƒe nuwɔwɔ, nuku enye eƒe nuwɔwɔ.” (Yes. 28:21) UGL 599.3

Anye dɔ tutɔa ɖe na Yehowa, mía Mawu nublanuikpɔla la, be wòahe to na eƒe nuwɔwɔwo kple anyrãwɔwɔ, elabena «Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be ame vɔɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu ne wòanɔ agbe boŋ ye.” (Xez. 33:11) Aƒetɔ la nye «Nublanuikpɔla kple amenuvela, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ… Yehowa tsɔa nuvɔwo kena, gake matsɔ fɔɖila awɔ fɔmaɖila o.» (Mose II 34:6,7) «Yehowa gbɔa dzi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o.» (Nax. 1:3) Aƒetɔ la atsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽwo abia hlɔ̃ ɖe eƒe Se la ƒe ŋusẽ, si dzi wotu afɔe la ta. Míate ŋu ade dzesi tohehe, si ava vɔwɔlawo dzi la, ƒe kpekpẽme, ne míekpɔ alesi wòsesẽ na Mawu be wòawɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ŋu dɔ. Ɣeyiɣi geɖe Aƒetɔ la gbɔ dzi blewuu na dukɔ sia be yematsrɔe ɖa o, negbe eƒe vodada ƒe dzidzenu, si kpɔm wòle la, koe ayɔ gba go hafi. Ke mlɔeba la, avano eƒe dɔmedzui-kplu, si me eƒe amenuveve mele o la. UGL 599.4

Ne Kristo lawu eƒe nyaxɔɖeakɔdɔ la nu le dziƒo gbadɔxɔ la me la, ekema ŋɔdzinya sia lava me be amesiwo de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye woxɔ eƒe dzesi la, lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, tsimatɔe, esi wokɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me. (Nyaɖ. 14 :9,10) Fuwɔame, siwo va Egipte dzi, esime tututu Mawu le Israel ɖem la, ƒomevi kee lava xexeame dzi, tetie ko Mawu avaɖe eƒe dukɔa zi mamlɛa, ke fuwɔame siawo akeke ta, eye woasesẽ wú tsã. Míekpɔ afisi woŋlɔ fuwɔame siawo ɖo la le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me: «… eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la.” «… eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kukua ɖe ƒe ʋu ene.» «…eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye wotrɔ zu ʋu.” (Nyaɖ. 16:2-6) Ne fuwɔame siawo nu gasesẽ ŋutɔ hã la, Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la le eteƒe, eye étɔ dzɔ. Mawu ƒe Dɔla la gblɔ be : «…Wò Kɔkɔetɔ la, wòe nye dzɔdzɔetɔ, le esi nedrɔ̃ ʋɔnu alea la ŋuti ; elabena wotrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo bena woano, eye wòdze wo nenema.” (5, 6) Esi wotso kufia na mawuviwo la, woɖi fɔ le woƒe ʋu ŋu, abe woawo ŋutɔ ƒe asi wotsɔ kɔe ɖi ene. Nenema tututu Yesu gblɔ le eƒe ɣeyiɣime tso Yuɖatɔwo ŋue be, woɖi fɔ le Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe, siwo ƒe ʋu wokɔ ɖi, tso keke Abel, dzɔdzɔetɔ la, dzi ŋuti, elabena gbɔgbɔ ma kee le woawo hã me, eye woawo hã le didim be woawɔ abe nyagblɔɖilawo wula mawo ene. UGL 600.1

Le fuwɔame, siwo dze esiawo yome la, wona ŋusẽ ɣe be wòafiã amegbetɔwo. (Nya ɖ.16 :8,9) Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me, alesi nyagblɔɖilawo ƒo nu le anyigba ƒe nɔnɔme ŋuti la enye esi : «Agble zu gbegbe, eye anyigba le nu xam… agblemetiwo katã ke hã ; dzidzɔkpɔkpɔ nu tso le amegbetɔviwo dome…. Blikuwo lé akpɔ̃ ɖe to me, avawo ɖi ƒuƒlu… Gbemelãwo hã le xɔxlɔm na wò, elabena tɔʋuwo mie, eye dzo bi lãnyiƒewo ƒe gbewo. (Yoel 1:10-12, 17-20). Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atsɔ wo ƒu gbe ɖe teƒewo katã. (Amos 8 :3) UGL 600.2

Fuwɔame siawo makpe xexeame katã ɖo o, anye ne anyigbadzitɔwo katã latsrɔ. Gake anye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ, si atso eƒe dziku me, ƒe vɔɖitɔwo kekeake, si tɔgbi meva xexeame dzi kpɔ o la, ƒe wɔna. Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ, siwo va amegbetɔwo dzi, do ŋgɔ na amenuveve ɣeyiɣia ƒe nuwuwu la, mesesẽ nenema gbegbe o, elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ ganɔ dɔ wɔm. Yesu ƒe ʋu, si wòkɔ ɖi le wo ta la, kpɔa wo dzi kokoko, be woagaxɔ woƒe nuvɔwo ƒe fetu, si dze la o ; ke le fuwɔame susɔeawo ya me la, Mawu akɔ eƒe dɔmedzoe la ɖi, nublanui makpɔtɔe. UGL 601.1

Gbemagbe la, ame geɖe ladi Mawu ƒe amenuveve, si wogbe le ɣeyiɣi didia ɖe me la, té nɔnɔ azɔ. «Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke menye abolodɔ, alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu. Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu, yi atsiaƒu nu, eye woanɔ tsatsam tso anyiehe yi ɣedzeƒe, ne woadi Yehowa ƒe Nya, ke womakpɔe o.» (Amos 8 :11,12) UGL 601.2

Womaɖe Mawuviwo ɖe aga le fukpekpe la me o ; gake to gbɔ be woti wo yome, wɔ fu wo, eye wotsi ahedada kple dɔwuame me hã la, womatsi ku si me o. Mawu, si kpɔ Eliya ta la, magblẽ viawo dometɔa ɖeke ɖi o. Amesi nya woƒe ta ɖa ƒe xexlẽme la alé be na wo, eye wòanyi wo le dɔwuame ɣeyiɣi la me. Esime ame vɔɖiwo anɔ kukum le dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ƒe nugbegblẽ ta la, mawudɔlawo ladzɔ ame dzɔdzɔeawo ŋu, akpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Na amesi zɔna le dzɔdzɔenyenye me la wodo ŋugbe sia be : «…Woana aboloe, eye eƒe tsi mamie o.» (Yes.33 :16b) «Ame dahewo kple hiãtɔwo, siwo le tsi dim, ke ɖeke meli o, eye woƒe aɖe ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Yehowa makpe ɖe wo ŋu, nye Israel ƒe Mawu, nyemagblẽ wo ɖi o.» (Yes. 41 :17) UGL 601.3

Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o ; amiti agbe ami nana, eye agblewo magana nuɖuɖu o ; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o. Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye Xɔnametɔ la ŋu. (Xab.3 :17,18). UGL 602.1

Yehowa enye ŋuwòdzɔla, Yehowa enye wò vɔvɔli le wò nuɖusi me. Ɣe maɖu wò le ŋkeke me o, eye ɣleti hã le zã me o. Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔwo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu. (Ps. 121 :5-7). Elabena aɖe wò tso xevimɔtrela ƒe adoboli me, tso dɔvɔ, si gblẽa nu me. Atsɔ eƒe fu atsyɔ̃ dziwò, eye eƒe aʋala te nabe ɖo ; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe Nyateƒe la. Màvɔ̃ zã me ŋɔdzi kple aŋutrɔ, si le ʋɔ lũm le ŋkeke me, dɔvɔ, si le zɔzɔm le blukɔ me kple dɔ xɔleameŋua, si le nu gblẽm le ŋudɔ la o. Akpe nenɔ anyi dzem ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusi me, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o. Vavã, akpɔe kple wò ŋkuwo, eye akpɔ alesi woaɖo eteƒe na ame vɔɖiwoe. Elabena Yehowa enye wò sitsoƒe, eye Dziƒoʋĩtɔ la netsɔ wɔ nɔwòƒee. Dzɔgbevɔe maƒo go wò o, eye hiãkame mate ɖe wò agbadɔ ŋu o. (Ps. 91 : 3-10) UGL 602.2

Gake le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, ewɔ abe ɖee mawuviwo le woƒe ʋu tsɔ ge atré woƒe ɖaseɖiɖi la nu abe alesi xɔsetakula, siwo dze wo ŋgɔ la, wɔe ene. Woawo ŋutɔ de asi vɔvɔ̃ me be, yewoƒe Aƒetɔ la gblẽ yewo ɖe futɔ la ƒe asi me. Enye vevesese gã ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi na wo. Ŋkeke kple zã, wole ɣlidodo dzi na Yehowa be wòava xɔ na yewo. Ame vɔɖiwo ɖu dzi, eye fewuɖunya sia ɖi le wo me be : «Afika miaƒe xɔse la le azɔ ? Nukata Mawu mevaxɔ mi le mía si o, ne nye nyateƒe be viawo mienye ?” Tete, ame kɔkɔeawo laɖo ŋku Yesu dzi, esime wònɔ atitsoga ŋu, eye nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo ɖu fewu le eŋuti le gbɔgblɔm bena : «Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o ; nenye Israel ƒe Fia wònye la, ekema ne ɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye míaxɔ edzi ase.» (Mat. 27 :42) Ame dzɔdzɔewo katã laʋli vevie kple Mawu, abe alesi Yakob ʋli ene. Woƒe luʋɔ me ƒe ʋiʋli adze le woƒe mo siwo afu tititi la, gake womadzudzɔ gbedodoɖa vevie o. UGL 602.3

Nenye ɖee amegbetɔwo ate ŋu akpɔ dziƒo me nuwo la, anye ne woake ɖe mawudɔla sesẽwo ƒe hatsotso, siwo ɖea to ɖe amesiwo léa Kristo ƒe dzidonya me ɖe asi la ŋu. Mawudɔlawo kpɔ woƒe xaxawo, eye wose woƒe gbedodoɖawo kple lɔlɔ dɔmetɔtrɔɖameŋu vavãtɔ. Wole lalam be yewoƒe Tatɔ la naɖe gbe, ne woayi ɖa ɖe wo tso dzɔgbevɔe la me. Gake ele be woagalala ɣeyiɣi didia ɖe hafi. Ele na Mawu ƒe dukɔa be wòano Aƒetɔ la ƒe kplu la, ne wòaxɔ dodokpɔ ƒe mawutsilele la hã. Heheɖemegbe sia, si sesẽ na wo ŋutɔ la, yenye woƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo nyuietɔ. Esime woanɔ lalam kple kakaɖedzi be Aƒetɔ la ŋutɔ awɔ nusi dze la, heheɖemegbe sia anye asinukpɔkpɔ na Mawu ƒe dukɔa be wòatu eƒe xɔse, mɔkpɔkpɔ kple dzigbɔɖi, siwo me mesẽ ŋu le tsã o la, ɖo. Gake, le lɔlɔ̃ na ɖeɖekpɔlawo ta la, woava ɖe xaxaɣi la dzi. «Ɖee Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli dom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã? Mele egblɔm na mi bena: aɖe wo kaba… » (Luka 18:7, 8). Nuwuwu la ava kaba wú alesi amegbetɔwo lanɔ mɔ kpɔm nɛ la. Woaƒo luawo nu ƒu, abla wo de Mawu ƒe ava la me, eye woabla gbe wuwluiawo ta, ta, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzo bibi la me. UGL 603.1

Dzɔla, dziƒotɔwo, anɔ te ɖe woteƒe kple nuteƒewɔwɔ ƒe ŋudzɔnɔnɔ. To gbɔ be woavade se, aɖo azãgbe, si dzi woawu amesiwo léa Mawu ƒe Seawo me ɖe asi le hã la, woƒe futɔwo labia le teƒea ɖewo be woaɖe mɔ na yewo ne yewoawu wo kaba do ŋgɔ na azãgbe la. Gake amea ɖeke mate ŋu alia kpɔ sesẽ dziŋɔ̃ ma, si mawudɔla sesẽwo tɔ, ƒo xlã mawuvi nuteƒewɔla ɖesiaɖe o. Wolé amea ɖewo, amesiwo si tso du gãwo kple kɔƒeduwo me, gake woƒe yi, si wokɔ dzi ɖe wo ŋu la ŋe, hedze anyigba abe aƒla ŋeŋe ene. Mawudɔla, siwo abla akpa abe aʋawɔlawo ene la, aʋli bubuwo ta. UGL 603.2

Le ɣeyiɣiwo katã me la, Mawu wɔna eƒe dɔla kɔkɔeawo ŋu dɔ, xɔna na eƒe dukɔ la, heɖea wo tso eƒe futɔwo si me. Mawudɔlawo wɔ dɔ ŋutɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Wodzena le awu keklẽ dadzowo me; woɖe wo ɖokui fia amewo le mɔzɔwuwo hã me. Mawudɔlawo ɖe wo ɖokuiwo fia Mawu ƒe amewo le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. Abe amesiwo ŋu ɖeɖi te ene la, woawo hã gbɔ ɖe me le Mamre logotiwo te. Wolɔ̃ dze amegbetɔviwo ƒe aƒewo me. Wofia mɔ mɔzɔla, siwo tra mɔ la. Wotsɔ woƒe asiwo do dzo le vɔsamlekpui dzi. Woʋu gaxɔ ƒe agbowo, eye woɖe ga Aƒetɔ la ƒe dɔtsɔlawo. Wodo dziƒo- ʋawɔnuwo, ɖi va mli kpe la ɖa le Ɖela Yesu ƒe yɔdo la nu. UGL 603.3

Enuenu la, mawudɔlawo tsɔna amegbetɔviwo ƒe nɔnɔme, eye wonɔa ame dzɔdzɔewo ƒe takpekpewo me, eye woyia ame vɔɖiwo hã dome abe Sodom ene ne woalé ŋku ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu, akpɔ be wogbɔ Mawu ƒe dzigbɔgbɔblewu liƒo la ŋu yi mahã. Aƒetɔ la lɔa nublanuikpɔkpɔ, ale be esi wòlɔ amesiwo subɔnɛ vavã ƒe ha sue la ŋuti la, exana ɖe wo ta heɖea fuwɔamewo dzi, eye wòdana ɖe amehawo ƒe dzidzeme ɣeyiɣi la dzi. Amesiwo le vɔ̃ wɔm ɖe Mawu ŋuti la, mese egɔme kpɔ gbeɖe be ne yewogale agbe la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ na anukwaretɔ sue, siwo wolɔna ɖia gbɔ alo tena ɖe to kple vivisese la tae o. UGL 604.1

Ne xexe sia me ameŋkutawo menyae o hã la, mawudɔlawo vana ƒoa nu le woƒe takpekpewo me. Ame ƒe ŋkuwo kpɔ wo, ame ƒe towo se woƒe yɔyɔwo, ame ƒe nuyiwo ɖe nya me, tsi tre ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu, heɖe alɔme le wo ŋu; ame ƒe asiwo wɔ vɔwo tsyo ƒomevi ɖe wo ŋu. Le ʋɔnudrɔƒe kple takpexɔwo me la, dziƒodɔla, siawo ɖe ame-ƒomea ƒe ŋutinya fia kple sidzedze gã ŋutɔ. Woɖee fia be woate ŋu aʋli ame, siwo woté ɖe anyi la, ta nyuie wú senyala ŋkɔxɔla, siwo bi le nuƒoƒo me la. Wogbã nugbeɖoɖo sesẽwo, eye woxe mɔ ɖe gbegblẽ, siwo ahe Mawu ƒe dɔa ƒe zɔɖeɖe ɖe megbe kple esiwo ahe fukpekpe geɖe va Mawu ƒe dukɔa dzi la nu. Le xaxa kple tsɔtsrɔ̃ ƒe gaƒoƒo me la, «Yehowa ƒe Dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔnɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.» (Ps. 34:8). UGL 604.2

Mawuviwo le mɔ kpɔm vevie na woƒe Fia la ƒe vava ƒe dzesiwo. Abe alesi wobia gbe dzɔlawo gblɔ be: «Dzɔla, zã gbɔ tsɔa ? eye woɖo ŋu be: «ŋkeke kple zã sia gbɔna.» (Yes. 21:11, 12) ene. Kekeli klẽ ɖe alilikpowo me le to dzi. Dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe la adze kpuie. Ŋkeke kple zã siaa gbɔna, ame dzɔdzɔewo ƒe ŋkeke mavɔ, kple ame vɔɖiwo ƒe zã mavɔ la. Esime mawuviwo ƒe gbedodoɖa na Mawu anɔ dzi dem la, dometsovɔ, si mã wo kple xexeme makpɔmakpɔ dome la anɔ ɖeɖem ɖa. UGL 604.3

Ŋkeke mavɔ la ƒe kekeli aklẽ ɖe dziƒo, eye woase eƒe nyawo abe mawudɔlawo ƒe hagbe vivia ɖe ene be: «Milé miaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesiẽ. Xɔxɔgbe ɖo.” Kristo, Dziɖula gã la dzra ŋutikɔkɔe fiakuku magblẽmagblẽa ɖe ɖo ɖi na eƒe asrafo, siwo ŋu ɖeɖi te la; tete eƒe gbe laɖi tso dziƒo ƒe agbowo nu bena: UGL 605.1

«Kpɔɖa, nye la meli kpli mi. Migavɔ̃ o. Menya miaƒe hiãwo katã, metsɔ miaƒe vevewo. Miegale ʋiʋlim kple futɔ manyamanyawo o. Meʋli xɔse ƒe ʋiʋli la ɖe mia ta, eye, le nye Ŋkɔa dzi la, miezu dziɖulawo.» UGL 605.2

Mía Ɖela lɔlɔa aɖo eƒe xɔxɔ ɖa mi le ɣeyiɣi, si wòhiã mí tututu la dzi. Dziƒomɔ la ƒe dzesi yenye eƒe afɔtoƒewo. Aŋudza ɖesiaɖe, si atɔ míaƒe afɔwo la de abi eya hã tɔwo ŋuti. Atitsoga ɖesiaɖe, si wòyɔ mí be míatsɔ la, eyama tre etsɔtsɔ na mí. Aƒetɔ la ɖe mɔ le ʋiʋliwo ŋuti bene yeatsɔ wo adzra luʋɔ la ɖo hena ŋutifafa xɔxɔ. Xaxaɣi la nye dodokpɔ sesẽa ɖe na Mawu ƒe dukɔa, gake eganye ɣeyiɣi, si me xɔsetɔ vavã la akɔ ta dzi kple xɔse, akpɔ ŋugbedodo kple nubabla ƒe anyieʋɔ, si ɖe to ɖee la le. UGL 605.3

Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la atrɔ gbɔ va Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ ƒe kuku anɔ ta na wo ; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo. Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si anɔ abe gbe ene la vɔm? Eye nèŋlɔ̃ Yehowa, Wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa, le ameteɖeanyila, ƒe dziku ta, ne eɖo be yeagblẽ wò? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ? Woaɖe ga amesi do dɔgɔe ɖi la kaba, maku ɖe gaxɔ me o, eye abolo mavɔ ɖee o. Nyee nye Yehowa, wò Mawu, amesi de adã ta me na atsiaƒu, ale be eƒe tsotsoewo dze agbo; eƒe ŋkɔ nye Yehowa Zebaot. Metsɔ nye nya de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te. UGL 605.4

Eyata, se nya sia, wò, si le konyi fam, si le ya mum, si meno wein hafi o! Ale wò Aƒetɔ kple wò Mawu, amesi wɔa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: «maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o; matsɔe ade asi na amesiwo wɔ funyafunya wò, amesiwo gblɔ na wò be: “Bɔbɔ ne míato dziwò ayi, wɔ wò mẽdome wòasɔ kple anyigba, eye wòanɔ abe alesi mɔ le na edzitolawo ene.”» (Yes.51:11-16; 21-23) UGL 605.5

Esi wòtsɔ ŋku kpɔ ƒe akpewo me la, Mawu to nya siawo dzi gblɔ xaxa, si le eƒe dukɔa dzi va ge ŋunya, ne eva me be anyigbadzi ŋusẽwo vaƒo takpli ɖe eŋuti. Abe aboyomewo le amedzrodu me ene la, wɔanɔ vɔvɔm na dɔwuame ƒe ku alo ku, si atso hlɔdolawo si me. Gake Mawu, Kɔkɔetɔ, si mã Atsiaƒu Dzĩ la ɖe eve le Israel-viwo ŋku me la, aɖe eƒe ŋusẽ gã la ɖe go, eye wòaxɔ wo tso aboyo la me. «Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.» (Mal. 3:17) Nenye ɖee wokɔ Kristo ƒe dɔla nuteƒewɔlamawo ƒe ʋu ɖi la, anye ne manɔ abe xɔsetakulawo ƒe ʋu, si nye nuku woƒã, vaŋe na Mawu la ene o. Woƒe nuteƒewɔwɔ la maganye ɖase, si woaɖi tso Nyateƒe la ŋuti na ame bubuwo, si ana woawo hã natrɔ dzi me o. Nenye ɖee amedzɔdzɔe siawo ku tsi woƒe futɔwo si me la, anye ne viviti-fia la ɖu dzi. Psalmowo kpala gblɔ be : «Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔegbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, ekɔm ɖo agakpe dzi; » (Ps. 27:5) Kristo be: «Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nàtu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi. Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo.” (Yes. 27:20,21) Ɖeɖekpɔkpɔ le ŋutikɔkɔe gã me wòanye na wo amesiwo tsɔ dzigbɔɖi nɔ mɔkpɔkpɔ me na eƒe vava la, wo amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ hã ɖe agbe-gbalẽa me. UGL 606.1

----------