Go to full page →

40—WOƉE MAWU ƑE DUKƆ LA UGL 607

Ne eva me be amegbetɔwo ƒe sewo magadzɔ amesiwo léa Mawu ƒe Sewo me ɖe asi la ŋuti o la, ekema xexeme dukɔ vovovoawo awɔ ɖoɖo ɖe du na mawuviwo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ. Nenye be ɣeyiɣi, si sedede, si woaɖe ɖe go le aƒe tum la, dukɔa adzra eɖokui ɖo ɖe ameha sue, si wolé fui la tsɔtsrɔ̃ ŋuti. Woaɖoe le zã ɖeka me be woawu nusianu nu, ne ɖoɖui nazi le ɖekamawɔlawo kple nyatsɔɖameŋulawo nu gbidigbidi. UGL 607.1

Le ɣemaɣi me, mawuviwo ƒe ha, si le gaxɔwo me kple esi le gbe dzi kple towo dome la, aga do gbe ɖa na Mawu, aɖe kuku nɛ be wòave yewo nu, esime, le goawo katã me, asrafo-ha, siwo dɔla vɔɖiwo ƒe ha gãa ɖe le megbe na, le gbesɔsɔe na woƒe amewuwu dɔ la wɔwɔ. Le aɖabaƒoƒo mamlɛtɔ ma dzi tututue Israel ƒe Mawu la ado, aɖe eƒe ametiatiawo le. Aƒetɔ la gblɔ be: “Midzi ha abe le ŋkekenyuieɖuɣi ƒe zã me ene, eye miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ abe amesiwo le dze kum, le mɔ zɔm heyina ɖe Yehowa ƒe to la, ɖe Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene. Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe asi ƒe ɖiɖiɖeanyi le dɔmedzoe ƒe gbeɖeɖe, dzobinu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple tsikpewo me.” (Yesa. 30: 29,30) UGL 607.2

Ame vɔɖiwo ƒe ha gãa ɖe atsi tre kple dziɖu-seyetsotso, gbɔɖiame-nya kple vɔdiname-nyawo, be woadzo dze amesiwo wolé la dzi. Tete viviti tsiɖitsiɖia ɖe, si do wú zã la, atsyɔ̃ anyigba la dzi, eye anyieʋɔ, si ŋuti Mawu ƒe fiazikpui ƒe ŋutikɔkɔe le la, ado le dziŋgɔli me, eye wòanɔ abe ɖee wòƒo xla mawuviwo ƒe ƒuƒoƒo vovovo, siwo le gbedodoɖa me ene. (620) Dɔmedzoedolawo ƒe ha la ku yɔɔ enumake; woƒe amekonyawo tsi woƒe nu me; woŋlɔ̃ amesiwo ŋuti wole dɔmedzoea dom ɖo la be. Esi wokpɔ Mawu ƒe nubabladzesia la, eme kɔ na wo keŋ, eye vɔvɔ̃ yɔ woƒe dzi me ɖe nusi le wo dzi va ge la ta; ke nusi wodi la koe nye be yewoaɣla ɖe dzesia ƒe keklẽ, si le ŋku vem na wo la. UGL 607.3

Tete mawuviwo se gbe vivia ɖe, si amesiame ŋutɔ se kple eƒe towo be: “Mikɔ ta dzi”, Ke esi wolé ŋku ɖe dziƒolilia ŋu la, wokpɔ ŋugbedodo ƒe anyieʋɔ la. Alilikpo, si do viviti ŋɔdzitɔe ɖe dziƒoa ŋku me la, bú vĩĩ, eye esi wole dziƒoa kpɔm gãa, abe Stefano ene la, wokpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsi tre ɖe Fofo la ƒe nuɖusi me. To gbɔ be ele mawunyenye me hã la, tetéɖeanyi ƒe dzesiwo dzé le eŋuti, eye le Mawu kple eƒe dɔlawo ŋku me la, wose biabia sia tso enume ɖo ta Fofoa gbɔ be: “Fofo, amesiwo nètsɔ nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, woamawo hã nanɔ ŋutinye.” (Yoh. 17:24). Eye le esia megbe la, wogase gbe vivia ɖe, si do dziɖuɣli sia be: “Woawoe nye si, woawoe nye si, kɔkɔetɔwo, ame maɖifɔ kple dzadzɛtɔwo. Wolé nye dzidonya me ɖe asi, eyata woazɔ kple dziƒodɔlawo.” Kasia, dziɖuɖuɣli ɖi sesiẽ tso amesiwo lé woƒe xɔse me ɖe asi vevie la ƒe nuyi, siwo le ʋuʋum la me. UGL 607.4

Mawu aɖe eƒe ŋusẽ la afia le zãtitina gaƒoƒo la dzi, eye wòaɖe eƒe dukɔ la. Le gaƒoƒo ma dzi, ɣe adze kple eƒe keklẽ katã. Dzesi kple nukunuwo atsã ɖe wonɔewo nu kaba kaba. Ame vɔɖiwo ƒe nu laku kple vɔvɔ̃ gãa ɖe, le esime ame dzɔdzɔewo ya le woƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesiawo kpɔm kple dzidzɔ detoa ɖe. Ɖe ko wòle abe xexeme nuwɔwɔwo katã do go le Se siwo dzi wozɔna le tsã la te ene. Tɔsisiwo dzudzɔ tsatsra. Alilikpo dovivitiwo le go dom wonɔewo kplakplakpla. Le dziƒo ƒe ʋaʋã kple ʋunyaʋunya sia me la, kekeli teƒea ɖe, si ƒe ŋutikɔkɔe mele gbɔgblɔ o la, le dzedzem, eye Mawu ƒe gbe, si le abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ ene la, ɖi tso afima gblɔ bena: “Wowɔe vɔ” (Nyaɖ. 16: 17). Gbe sia ʋuʋu anyigba kple dziƒowo siaa. Eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe, si tɔgbe meva kpɔ, tso esime amewo le anyigba dzi o la va dzɔ. (Nyaɖ 16:18) Ewɔ abe dziƒo nu le ʋuʋum, gale tutum ene; eye wòle abe Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ la dze alilia me ene. Towo le ʋaʋãm, le ʋuʋum abe aƒlati, si ya le ƒoƒom ene, eye kpe, siwo ka le wo ŋu la, hlẽ ɖe afisiafi. Wose howɔwɔwo abe ahomya sesẽwoe tu gbɔna ene. Atsiaƒu tsotsoewo de dzi le dziku me. Yaƒoƒo dziŋɔwo le ɖiɖim abe gbɔgbɔ vɔwo le ɣli dom le nugbegblẽdɔ wɔm ene. Anyigba blibo la le ʋaʋãm, le dzi yim, le vavam abe ƒutsotsoewo ene. Teƒe teƒewo fẽ gblo, gblo, gblo abe ɖee anyigba le fliflím ɖa le eƒe sɔtiwo dzi ene. Towo kple fukpo, siwo dzi amewo le, nyrɔ̃ ɖe tsi gɔme keŋkeŋ. Aƒu dzi ʋudzeƒewo, afisiwo nuvɔ̃ doa gã lena abe Sodom ene la, nyrɔ̃ keŋ le atsiaƒu ƒe agbodzedze la me. Mawu ɖo ŋku Babilon gã la dzi, “bene wòanɛ eƒe dɔmedzoedziku ƒe aha wòano… Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi… eye eƒe fuwɔame la nu sẽ ŋutɔ.” (Nyaɖ. 16: 19-21). Du gã, siwo nye anyigbadzi dukɔwo ƒe dada kple atsyɔ̃ la, mu keŋ. Dziƒoxɔwo, fiasã gã siwo me xexeme ƒe bubumewo ɖe woƒe hotsuikpɔkpɔ kple gãnyenye fia le, hena woawo ŋutɔwo ƒe ŋutikɔkɔe la, gbã gudugudu le wo ŋku me. Gaxɔwo ƒe gliwo mu, eye mawuvi, siwo wolé de wo me ɖe woƒe xɔse ta la, kpɔ ɖeɖe. UGL 608.1

Yɔdowo ʋu, “… eye amesiwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe ke me la dometɔ geɖewo nyɔ; woƒe ɖewo na agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuawo hena ŋukpẽ kple ŋunyɔ̃ mavɔmavɔ.” (Daniel 12:2). Amesiwo keŋ ku le mawudɔla etɔlia ƒe gbedasia dzixɔse me la do tso woƒe yɔdowo me kple ŋutikɔkɔe, eye wose ŋutikɔkɔe nubabla, si Mawu wɔ kple amesiwo lé eƒe Seawo me ɖe asi la ƒe nya la. “Wo amesiwo ƒo nu ɖee”, wo amesiwo ɖe alɔme, eye woɖu fewu le Kristo ƒe kudɔƒoƒo ŋuti la, kple amesiwo lé fu eƒe Nyateƒea kple eƒe dukɔa la, atsi tre”, eye woakpɔe le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye woakpɔ bubu gã ƒomevi, si woade amesiwo ƒe dzi to mɔ ɖeka kple toɖoɖo la ŋuti. UGL 609.1

Alilikpo yibɔ, do vivitiwo gado ɖe dziŋgɔlia ŋku me, gake ɣedzedze klẽna ɖe viviti la me enuenu abe Yehowa ƒe hlɔbia- ŋku ene. Dzikedzowo hã le dzo-fliwo tem miam miam miam tso dziƒo ƒo xlã anyigba katã le dziɖegbe sesẽ ƒe gbeɖeɖe me. Evɔ nuku gbeɖiɖi dziŋɔwo hã le nu ƒom le dziɖegbeawo me, le gbeƒã ɖem ame vɔɖiwo ƒe gomekpɔkpɔ. Wo katã mele nuƒoawo me sem o, gake wo me kɔ na aʋatso-nufialawo ya nyuie. Amesiwo katã, anɔ anyi ɣeyiɣi via ɖe do ŋgɔ na vɔvɔ̃ nudzɔdzɔ siawo la, nɔa kalẽ wɔm, nɔa gbɔɖiame nu wɔm henɔa dziɖuɖu dzidzɔ kpɔm le woƒe ŋutasesẽ me ɖe Mawu ƒe vi, siwo léa eƒe Seawo me ɖe asi ŋuti la, woawoe nye si azɔ le dzodzom nyanyanya le vɔvɔ̃ manyagblɔa ɖe me. Woƒe vɔvɔ-ɣliwo de dzi boo gbɔ xexemenuwo ƒe howɔwɔwo ŋuti. Vɔvɔ̃ dze gbɔgbɔ vɔwo hã dzi; woƒe aglãdzedze bú ɖe wo le Yesu ƒe ŋusẽ la ŋgɔ, eye wole eƒe mawunyenye me ʋum, esime amegbetɔviwo ya le anyigba blibɔm, le eƒe amenuveve, si wogbe tsã la biam. UGL 609.2

Le ɖeɖefia kɔkɔe, siwo woxɔ tso Mawu ƒe ŋkeke gã ŋuti me la, blema nyagblɔɖilawo do ɣli be: “Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.. Egbɔna abe Ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.” (Yes. 13: 6) “Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me, tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu! Woabɔbɔ amegbetɔ ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woaté ŋutsuwo ƒe dada ɖe to, ale be Yehowa ɖeka koe woado ɖe dzi le ŋkeke ma dzi. Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi.” “Gbemagbe la, amegbetɔ atsɔ eƒe klosalo-legba kple eƒe sika-legba, siwo katã wòwɔ be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo, ne woayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso be yeado ŋɔdzi na anyigba.” (Yes. 2: 10-12; 20, 21) UGL 610.1

To teƒe keklẽa ɖe le alilikpo do blukɔ me la, wokpɔ ɣletivia ɖe, si ƒe keklẽ nu sẽ ŋutɔŋutɔ, le vivitidodo, si ƒo xlãe la ta. Enye mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ ƒe dzesi na nuteƒewɔlawo, ke ʋɔnudɔdrɔ kple dziku ƒe dzesi na amesiwo daa Mawu ƒe Seawo dzi la. Ke amesiwo tsɔ nuwo katã sa vɔ ɖe woƒe Ɖela ta lae nye si le dedienɔnɔme azɔ le “Mawu ƒe agbadɔ ƒe vɔvɔli te”. Wodo wo kpɔ, eye woɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Amesi ku ɖe wo ta la fia xexeame kple Nyateƒe la ƒe futɔwo. Tɔtrɔ wɔnukua ɖe va amesiwo lé woƒe xɔse me ɖe asi, esi ku tu wo ŋutɔ hã me. Tete ko la, woawoe nye si kpɔ ɖeɖe tso ŋutasẽ-mewo, wo amesiwo tsɔ wo ɖokui wɔ gbɔgbɔ vɔwoe la, ƒe ŋutasesẽ si me. Nublanui, dzimaɖeɖi kple vɔvɔ-mo, si woɖo tsã la, enye si le keklẽm azɔ kple nuku-dzidzɔ, xɔse kple lɔlɔ. Woƒe gbe de dzi le dziɖuha me be : “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔname ŋutɔ wònye le xaxawo me. Eyata míavɔ̃ o, nenye be anyigba gli le enu, eye towo ʋã le atsiaƒu titina, ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. (Ps. 46: 1-4) UGL 610.2

Esime kakaɖedzinya kɔkɔe siawo le ɖiɖim ɖo ta Mawu gbɔ la, alilikpoawo nɔ koklom ɖa le dziƒoa ŋku me, eye kasia, teƒea ɖe dzé, si ɣletiviwo nɔ keklẽm le, ale gbegbe be teƒea ƒe keklẽ mele gbɔgblɔ, ne wotsɔe sɔ kple akpa, si viviti ʋunyaʋunya gale la o. Dziƒo-du kɔkɔe la ƒe ŋutikɔkɔee le keklẽm to teƒe ma. Tete, asia ɖe do le dziƒoa helé kpe eve, si le wonɔewo dzi la ɖe asi. “Dziƒowo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye Ʋɔnudrɔla.” (Ps. 50:6) Se kɔkɔe sia, si nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si woɖe gbeƒãe le dziɖegbewo kple dzo ƒe aɖewo me, le Sinai abe agbenyuinɔnɔ ƒe ɖoɖo ene la, enye si woɖe fia anyigbadzitɔwo, abe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ƒe ɖoɖo ene. Asi la ke kpeawo me, eye wokpɔ Se ewoawo, siwo le abe ɖee wotsɔ dzo ƒe nuŋlɔti ŋlɔ̃ woe ene. Nuŋɔŋlɔawo kɔ nyuie ale be amesiame ate ŋu axlẽ wo. Susu ɖesiaɖe nyɔ, eye numaɖinuwodzixɔse kple megbedede ƒe viviti, si nɔ amewo ƒe susu me la, klo ɖa keŋkeŋ, ale be anyigbadzinɔlawo ƒe ŋkuwo ʋu ɖe Mawu ƒe Se ewoawo, siwo me kɔ nyuie, siwo me ŋusẽ le la ŋu. UGL 611.1

Nyagbea ɖeke meli, si ate ŋu aɖe amesiwo tu afɔ Mawu ƒe sededewo dzi la, ƒe ŋukpẽ kple dziɖelameƒo ɖe go, wòade blibo o. Aƒetɔ la tsɔ eƒe Se la na wo; ɖe wòle be woatsɔ woƒe dẽwo nɔ sɔsɔm ɖe eŋuti, ale be, esime ɣeyiɣia ɖe gasusɔ na wo la, woanɔ nusi menyo le wo me la o ɖɔm ɖo hena dzimetɔtrɔ hafi; gake le woƒe didi me be xexeame nakpɔ ŋudzedze le yewo ŋu la, woɖe asi le Se siawo ŋuti, eye wofia ame bubuwo hã be woada wo dzi. Wodze agbagba be woaté ɖe Mawu ƒe dukɔ la dzi be wòada Sabat ƒe Se la dzi. Ke azɔ la Se, si wolé fui la wotsɔ drɔ̃ ʋɔnu woe. Eme kɔ na wo nyuie azɔ be taflatsɛa ɖeke mele wo si o. Wotia aƒetɔ, si wodi be yewoasubɔ, ade ta agu na la vɔ. “Emegbe miagakpɔ vovototo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔɖi dome, kple vovototo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔ nɛ o la dome.” (Maleaxi 3 :18). Mawu ƒe Sea ƒe futɔwo, tso nunɔlawo dzi, yi wo yomedzela gblɔetɔ kekeake dzi la, ƒe susuwo ku ɖe nusi nye Nyateƒe kple nu dzɔdzɔe ŋuti la zu nu yeye na wo azɔ. …Game yi ɖe wo vɔ hafi wovadze sii be Se enelia ƒe Sabat lae nye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu la. Game su xoxo hafi wovade dzesi woƒe aʋatso dzudzɔgbea ƒe nɔnɔme vavã la, eye wokpɔe be yewotu xɔ ɖe kewɔ ƒe gɔmeɖokpe dzi. Woke ɖe eŋu azɔ be yewoʋli tsi tre ɖe Mawu ŋuti. Gbɔgbɔme nunɔlawo kplɔ luʋɔwo yi ɖe tsɔtsrɔ̃ me henɔa gbɔgblɔm be yewokplɔ wo ɖo ta dziƒo ƒe agbowo nu. Do ŋgɔ na akɔŋtanagbe la, womateŋu adze si alesi gbegbe amesiwo xɔ dɔdasi kɔkɔewo ƒe agba la loloe, kple alesi woƒe nuteƒemawɔmawɔ ƒe metsonuwo dzi ŋɔe la o. Ŋkeke mavɔ me ko míateŋu akpɔ kpekpẽme na luʋɔ ɖeka ƒe tsɔtsrɔ. Ŋɔdzinya wòanye na amesiwo Yehowa agblɔ na be: “Mite ɖa le gbɔnye, dɔla vɔɖiwo!” UGL 611.2

Ekema woase Mawu ƒe gbe tso dziƒo wòaɖe gbeƒã ŋkeke kple gaƒoƒo, si dzi Yesu lava le, kple nubabla mavɔ la hã na eƒe dukɔ la. Eƒe gbe la aɖi le anyigba katã dzi abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene. Mawu ƒe Israel la le tsitre, kɔ ta dzi le esem. Eƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe mo na wo, eye woƒe mo ƒe keklẽ la le abe Mose ƒe mo, esime wòɖi tso Sinai-to la dzi ene. Ame vɔɖiwo mete ŋu kpɔ woƒe ŋku me o. Eye esi woyra amesiwo de bubu Mawu ŋuti helé eƒe Sabat kɔkɔe la me ɖe asi la vɔ la, dziɖuɖu-ɣli gãa ɖe de dzi boo! Kasia, le ɣedzeƒe gome la, wokpɔ alilikpo yibɔ suɛa ɖe, si melolo wú asiƒome ɖeka o. Eyae nye alilikpo, si ƒo xlã Ɖela la, si dze yibɔ, ne wokpɔe le didiƒe la. Mawuviwo ya kpɔe, nya be eyae nye Amegbetɔvi la ƒe dzesi la. Eye, le lãmeblefu ƒe ɖoɖoezizi gã me, woli woƒe ŋkuwo ɖe ya me, ɖe alilikpo ma, si le keklẽm ɖe dzi, zi alesi wòle tetem ɖe anyigba ŋuti la dzi, vaseɖe esime wòdze na wo abe alilikpo ɣie gãa ɖe, si ƒe gɔme le abe dzobibi, si ƒe ta me anyieʋɔ le la ene. Yesu le sɔ dzi, eye wòle ɖiɖim va anyi abe aʋadziɖula ŋusẽtɔ gã ene. Azɔ meganye ŋutsu kpehiã, si ano ŋukpẽ kple fiƒode kplu, si le vevem heliheli la o. Eya amesi ɖu dzi le dziƒo kple anyigba lae gbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo. “Amesi nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ” la, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔnyenye me…”eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome…” (Nyaɖ. 19:11, 14) Dɔla kɔkɔe, siwo ƒe aʋakɔwo mele xexlẽme o la, dze eyome kple dziƒo ha viviwo. Ewɔ abe dziŋgɔlia katã yɔ fũ kple ŋutikɔkɔe- dɔla akpeakpe ƒe akpe nanewo ene. Amea ɖeke mate ŋu aŋlɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ sia ŋuti o, eye amegbetɔ, nu kuku, ƒe nunya mate ŋu akpɔ ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ manyagblɔ sia ƒe nusi wònye vavã la le eƒe susu me o. “…Eƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe dziƒo la katã, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ. Keklẽ do abe ɣe tɔ ene; keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ ɣla ɖo. (Xab. 3: 3, 4) Esi alilikpo gbagbe la le ɖiɖim hele tetem ɖe anyigba ŋuti la, ŋku sia ŋku le Agbe-Fia la kpɔm, eye ŋudza-kukua ɖeke megale abi dem eƒe ta kɔkɔe la ŋuti o, ke boŋ ŋutikɔkɔe fiakuku, si le dzo dam lae ɖo atsyɔ̃ na eyama. Eƒe mo le keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ le ŋudɔ dzatse me ene. “Eye ŋkɔŋɔŋlɔ̃ le eƒe awu kple aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple Aƒetɔwo dzi Aƒetɔ.” (Nyaɖ.:16) Dzidzi ƒo amewo katã.. “woƒe mo fu tititi”… le eŋgɔ. Dziɖelameƒo mavɔ ƒe vɔvɔ̃ gãa ɖe dze amesiwo gbe Mawu ƒe amenuveve la dzi… “Dziwo alólo gbanaa, eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi. (Yer. 30:6); (Nax. 2:11). Ame dzɔdzɔe ado ɣli kple dzodzo nyanyanya be: “Ameka ate ŋu anɔ te?” Mawudɔlawo ƒe hadzidzi nu tso, tete vɔvɔ̃ ƒe ɖoɖui gãa ɖe zi. Azɔ wose Yesu ƒe gbe ɖi be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na mi.” Kasia ame dzɔdzɔewo ƒe ŋku me klẽ, eye dzidzɔ yɔ wo me. Emegbe dɔlawo gado ha ɖa kple gbe sesiẽ, eye woga le ha vivia ɖe dzim esime wole ɖiɖim gbɔna anyigba. UGL 612.1

Fiawo dzi Fia la ɖi gbɔna le alilikpo dzi, eye dzoƒaɖewo ƒo xlãe. “Eye woŋlɔ̃ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ̃ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe. (Nyaɖ. 6:14). “Mía Mawu gbɔna, ɖoɖoe mazi le enu o, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye ahom sesẽ ɖe to ɖee.” (Ps. 50:3,4). “Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me; eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mía dzi, eye miɣla mí tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso Alẽvi la ƒe dziku la nu, elabena eƒe dziku- ŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?” (Nyaɖ.6:15, 16). UGL 613.1

Fewuɖuɖu kple yakanyawo nu tsi. Ɖoɖoe zi le aʋatsonuyiwo nu. Aʋawɔnuwo ƒe gbeɖiɖi kple aʋaɣliwo nu tso. “Elabena woatɔ dzo amesiwo ƒo aʋazi la ƒe afɔkpawo katã kple awu, siwo wobliba ɖe ʋu me la, eye dzo afiã wo.” (Yes. 9:4) Azɔ la, gbedodoɖawo, avifafa kple konyifaɣliwo koe le ɖiɖim. Tso nuyi, siwo ɖua fewu tsã me la, wose nya sia be: “Eƒe dziku- ŋkeke gã la ɖo, ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu?” Ame vɔɖiwo bia be towo ne mu dze yewo dzi, wú be yewoanɔ te ɖe amesi yewo tsri, gbe nu le egbɔ la ƒe ŋku me. UGL 613.2

Wodze si Yesu ƒe gbeɖiɖi ma, si ge ɖe ame kukuwo ke hã ƒe to me la nyuie. Zi nenie dɔmenyo-gbe fafɛ ma meɖe kuku na wo, henɔ wo yɔm na dzimetɔtrɔ oa? Zi nenie womese eƒe nuxlɔamenyawo wòɖi ɖe woƒe to me, abe xɔlɔ, alo nɔvi, alo xɔnametɔ ƒe gbeɖiɖi ene oa? Ke azɔ la, gbeɖiɖi bubua ɖeke, si yɔ kple fɔbubu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ la, megali wú esi nɔ woyɔm, nɔ nu xlɔm wo ɣeyiɣi didia ɖe be: “Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔɖiwo ŋu, nukaŋuti miebe yewoaku ɖo?”, la o. (Xez. 33:11) Oo! Nenye ɖee wònye abe amedzro ƒe gbe sem wonɔ hã… Yesu be: “Mele ame yɔm, eye miegbe, meke nye abɔwo, eye amea ɖeke melé ŋku ɖe eŋu o, miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo katã, eye miegbe nye mokaname la.” (Lod. 1:24, 25) Gbeɖiɖi sia gbɔ agbe nusiwo wodi be yewoaŋlɔ̃ be la: toƒoɖo, siwo wometsɔ ɖeke le me na o, yɔyɔ, siwo womeɖo to o, asinukpɔkpɔ, siwo womede dzesi o la. UGL 614.1

Amesiwo nɔ fewu ɖum le Kristo ŋuti le eƒe bɔbɔɖeanyi ɣeyiɣi me la le ameha sia dome. Vɔvɔ̃ detoa ɖe dze wo dzi, esi woɖo ŋku amesi wonɔ fu wɔm la ƒe nya sia, si wòtsɔ ɖo nunɔlagã ƒe biabia ŋu nɛ be: “…Tso esia dzi, miele Amegbetɔvi la kpɔ ge, wòabɔbɔ nɔ anyi ɖe Ŋusẽ ƒe nuɖusi me, anɔ dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.” (Mateo 26:64) Ke azɔ wole ekpɔm le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye woagakpɔe wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽ la ƒe nuɖusi me. UGL 614.2

Amesiwo ɖu fewu le eŋu, esi wòna wonya be Mawu ƒe Vi yenye la, ƒe nu ku keŋ azɔ. Le afima woakpɔ fia Herodes, dadala, si hã nɔ alɔme ɖem le eƒe fianyenye ŋu, eye wòɖe gbe na gbadagba fewuɖulawo be woaɖoe fia. Teƒe sia ke ŋutsu, siwo tsɔ woƒe asi makɔmakɔwo do aɖabɛ-wu na eyama, tsɔ ŋu kuku ɖɔ na eƒe ta kɔkɔe la, hetsɔ aƒlati de esi abe fiatikplɔ ene, eye wonɔ klo dzem ɖe eŋgɔ gbɔɖiametɔe le woƒe busunuwɔnawo me. Amesiwo ƒo to me na Agbefiavi la, ɖe ta ɖe mo nɛ lae le mɔnu dim be yewoaɣla yewoɖokui azɔ, eye be yewoasi tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ, si le ŋku vem na wo la nu. Gbadagba, siwo ƒo gatagbadze ɖe eƒe asi kple afɔwo, kple esi ƒo nu ɖe eƒe axada me la, wo katã kpɔ abi teƒeawo kple ŋɔdzi kple dzitsinya ƒe fuɖename sesẽ. Nunɔlawo kple dumegãwo ɖo ŋku nusiwo dzɔ le Kalvaria-toa dzi la kple dzodzonyanya. Vɔvɔ̃ kple ŋukpẽ yɔ wo me, esi woɖo ŋku nya, siwo wogblɔ le ta ʋuʋum, le woƒe dziɖuɖu dzidzɔkpɔkpɔ, si tso Satana me be: “Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; ne Israel ƒe Fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye míaxɔ edzi ase. Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya neɖee azɔ, ne elɔnɛ, elabena egblɔ be Mawuvi yenye.” (Mateo 27:42, 43). UGL 614.3

Woɖo ŋku Ɖela ƒe lododo, si me weingbledelawo wɔ funyafunya subɔla, siwo woƒe aƒetɔ dɔ ɖo ɖe wo be woaxɔ agblea ƒe kutsetsewo vɛ, ke wogbe, eye wowu via ŋutɔ gɔ̃ hã la. Woɖo ŋku nya, si woawo ŋutɔ gblɔ, hetso nya me gbemagbe be: “Agbledela nuvlowɔla siawo ƒe aƒetɔ la atsrɔ̃ wo nublanuimakpɔtɔe” la dzi. Nunɔlawo kple dumegãwo kpɔ le weingbledela vɔɖi siawo ƒe nuvɔ̃ kple tohehe me be enye yewo ŋutɔ ƒe zɔzɔme kple fetu, si dze la ƒe lododo boŋ. Kasia, ŋɔdzi manyagblɔa ɖe ƒe ɣli ɖi le wo nu, si sesẽ wú esi wodo gbemagbe be: “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”, eye wòxɔ Yerusalem ƒe ablɔwo keŋ dzi la. Wole ŋeŋẽm kple dziɖelameƒo gblɔ be: “Mawuvi lae! Mesia vavã lae!” Wodi mɔnu be woasi le Fiawo dzi Fia la ŋku me. Wowɔ ŋutete be yewoakpɔ bebeƒe vavã le anyigba-ʋe goglo, siwo anyigbaʋuʋu ɖe la me, gake womete ŋui o. UGL 615.1

Le amesiwo katã gbe Nyateƒe la le woƒe agbe-ŋkekewo katã me la, ɣeyiɣia ɖewo li, siwo me woƒe dzitsinya nyɔna le, siwo me woɖoa ŋku woƒe gotanuwɔwɔwo dzi kple vevesese, eye wonyamana wo ɖokui le luʋɔ me kple nuxaxa dzodzro. Gake nuka wòanye, ne wotsɔ ɣeyiɣi mawo sɔ kple ŋkeke gã ma ƒe nuxaxa ; “Ne ŋɔdzi xa aƒe na mi abe dziya ene, eye miaƒe dzɔgbevɔe do abe ahom ene; ne hiã kple vɔvɔ̃ va mia dzi”? (Lod. 1: 27) Amesiwo di be yewoawu Kristo kple eƒe nusrɔla nuteƒewɔlawo la, kpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe wòɖi azɔ ɖe etɔwo dzi. Tso woƒe nuxaxa ƒe gogloƒe ke wose ame dzɔdzɔewo ƒe aseyetso-ɣliwo ɖi sesiẽ be: “Kpɔ ɖa, mía Mawu, Amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo be, aɖe mí la, enye si; Yehowa, Amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si.” (Yes. 25:9) UGL 615.2

Esime anyigba la gli le enu, dzikedzo le fli tem ɖe dziŋgɔlia ŋu, eye dziɖegbe le tu dam la, Mawu ƒe Vi ƒe gbe le ame kɔkɔe, siwo dɔ alɔ̃ le anyigba ƒe tu me la, yɔm be woado tso yɔdowo me. Etsa ŋku le yɔdowo dzi, eye wòdo eƒe asiwo ɖe dzi, do ɣli sesiẽ gblɔ be: “Minyɔ, minyɔ, minyɔ, mi amesiwo le alɔ̃ dɔm le ke me la, mitsi tre!” Ame kukuwo ase gbe sia le anyigba katã dzi, eye amesiwo asee la, woe agbɔ agbe. Anyigba katã aʋuʋu le aʋakɔ gãa ɖe ƒe afɔzi nu, wo amesiwo lafɔ tso dukɔ sia dukɔ, to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me la. Wodo tso ku ƒe gaxɔ me, eye wodo makumaku ƒe ŋutikɔkɔe-wu hele ɣli dom be: “Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le? (Kor. I, 15:55) Tete ame dzɔdzɔe, siwo le agbe, kple kɔkɔetɔ, siwo tsi tre la, ƒo ƒu hedo dziɖuɖu ƒe aseyetsoha didia ɖe ɖa kple dzidzɔ. UGL 616.1

Alesi amesiame ƒe takɔkɔme nɔ hafi wòku woɖii la, nenema ke wònɔ le eƒe tsitretsitsi mee. Adam, si hã nɔ tsitretsilawo dome la, nye ame dzɔatsu, si ŋu gãnyenye le, gake eƒe atsudzɔdzɔ mesɔ kple Mawuvi la tɔ o. Vovototo gã ɖe le wo kple amegbetɔ dzidzime mamlɛtɔwo dome. Afisiae ame ƒomevi, si míenye egbea ƒe ɖiɖí ɖe anyi alo gegeme ga dze gã le ŋutɔ ŋutɔ. Gake wo katã tsi tre, mlɔmlɔmlɔ, kple ɖekakpui agbodzadza mavɔ ƒe nɔnɔme kple ŋusẽ. Le gɔmedzedzea me la, wowɔ ame ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu, menye le dɛ̃ gome ɖeɖe ko o, ke le eƒe kpɔkpɔme hã nu. Azɔ nuvɔ̃ va gblẽ, alo tutu Mawu ƒe nɔnɔme sia ɖa keŋkeŋ kloe le mía me; ke Kristo va be yeaɖɔ nusi bú ɖa la ɖo. Eyata ele míaƒe nuvɔ-ŋutilã sia ƒe nɔnɔme trɔ ge wóaɖi eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe ŋutilã la. Ku ŋutilã gbegblẽ, ŋutikɔkɔemanɔŋu, si nuvɔ̃ ƒo ɖi la, zu blibo le nyonyo kple makumaku me. Blibomademade kple nusi gblẽ le míaƒe ŋutilã katã ŋuti la tsi yɔdo me. Esi wogakpɔ mɔnu ayi ɖe Eden-bɔ, si wobú ɣeyiɣi didia ɖe, ƒe agbeti la gbɔ la, eƒe ɖuɖu ana be ɖeɖekpɔlawo anɔ tsitsim ɖe dzi, vaseɖe esime woade blibo le amegbetɔ ƒomea ƒe ŋutikɔkɔe nɔnɔme, si me wowɔe ɖo tsã la gbɔ. (Mal.4:2) Woatutu fiƒode ƒe dzesi mamlɛawo ɖa, eye Aƒetɔ Yesu ƒe nusrɔla nuteƒewɔlawo lado le Yehowa mía Mawu la ƒe atsyɔ̃ me, eye woƒe Ɖela la ƒe blibodede la katã adze le woƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã siaa me. Oo! Nuku ɖeɖekpɔkpɔ! Si ŋu woƒoa nu le geɖee, si wokpɔa mɔ na tegbetegbee, si wodona “Ɖoaƒe” na le adzɔgeadzɔge ɖaa, si gɔme womese keŋkeŋ kpɔ gbeɖe o la! UGL 616.2

Kasia, woatrɔ ame dzɔdzɔe agbagbeawo ƒe nɔnɔme, le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu woxɔ ŋutikɔkɔe. Azɔ makumakunyenye su wo si, eye wohe wo kple ame kɔkɔe, siwo tsi tre la, yi ya me kple Aƒetɔ la. Dziƒodɔlawo ƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi; tso anyigba ƒe go ɖeka dzi yi ekemɛ dzi. Mawudɔlawo kɔ vidzĩwo va de asi na wo dadawo. UGL 617.1

Xɔlɔ, siwo ku mã dome na ɣeyiɣi didia ɖe la, kpɔ wonɔewo, eye woaganɔ du, eye wo dome magaklã akpɔ o; wo katã yina ɖe Mawu ƒe Du la me kple dzidzɔ hadzidziwo. UGL 617.2

Le alilikpo-tasiaɖam la ƒe axa ɖesiaɖe dzi la, aʋalawo li, eye nu gbagbe woenye afɔ le ete. Zi alesi tasiaɖam la le dzi yim la, afɔawo kple aʋalawo doa ɣli be “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe!” Mawudɔlawo ƒe asaɖa la hã doa ɣli be “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Aƒetɔ Mawu-Nusẽkatãtɔ.” Eye zi alesi tasiaɖam la ɖo ta yina Yerusalem Yeyea la, ɖeɖekpɔlawo nɔa ɣli dom be “Aleluya!” UGL 617.3

Hafi woage ɖe Mawu ƒe Du la me la, Aƒetɔ la mã dziɖuɖudzesi na eƒe nusrɔlawo kple woƒe fiaɖuɖu ƒe bubudzesiwo hã. Woƒe aʋakɔ, si le keklẽm la mã ɖe ɖoɖo ene ene me, ɖe to ɖe woƒe Fia la, eye eyama, si ƒe kɔkɔme gbɔ dɔlawo kple kɔkɔetɔwo tɔ ta le eƒe gãnyenye me la, tsa ŋku le wo dzi kple lɔlɔ̃ manyagblɔa ɖe, si le keklẽm le eƒe mo la. Ɖeɖekpɔlawo ƒe aʋakɔ gã, si ŋu xexlẽme meli na o la, fɔ ŋku ɖe eya ɖeka ko dzi, eye wole “amesi ƒe nɔnɔme vlo wú amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wú amegbetɔviwo tɔ la”, (Yes. 52:14) ƒe ŋutikɔkɔe kpɔm kple nuku. Yesu tsɔ eƒe nuɖusi ɖɔ ŋutikɔkɔe kuku na dziɖula ɖesiaɖe. Amesiame xɔ kuku, si dzi woŋlɔ̃ eƒe “ŋkɔ yeye” la ɖo (Nyaɖ. 2:17), si hã dzi woŋlɔ̃ ɖo be: “Kɔkɔenyenye na Yehowa!” Wo katã xɔ dziɖuɖu ƒe debaya kple kasaŋku dadzo la. Tete mawudɔla gbeɖelawo dze egɔme, eye amesiame de asi eƒe kasaŋku-kawo ŋuti kple aɖaŋu geɖe, hele hagbe vivi, siwo nya sese ale gbegbe la ƒom. Amewo katã le dzidzɔ kpɔm kple vivisese manyagblɔa ɖe, eye woyɔ fũ kple akpedada hele ha dzim sesiẽ be: “Amesi lɔã mi, eye wòtsɔ eƒe ʋu klɔ míaƒe nuvɔwo ɖa le mía ŋuti, eye wòwɔ mí fiawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! (Nyaɖ. 1: 5,6) UGL 617.4

Du kɔkɔe la enye si le ɖeɖekpɔlawo ƒe ameha gã la ŋku me. Yesu ʋu eƒe agbo, siwo wowɔ kple adzagba la, eye dukɔ, siwo lé eƒe Nyateƒe me ɖe asi la, ge ɖe wo me. Wokpɔ Mawu ƒe Paradiso la ƒe nyonyo, afisi Aɖam nɔ tsã, le eƒe fɔmaɖimaɖi ƒe ɣeyiɣi me la. Tete gbe vivi, fafɛ, si amegbetɔvia ɖeke mese kpɔ o la, ɖi be: “Miaƒe aʋawɔwɔ la wu nu.” “Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo. Minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la ƒe dome!” UGL 618.1

Azɔ gbe, si Aƒetɔ la do ɖa ɖe eƒe nusrɔlawo ta la kpɔ eƒe ŋuɖoɖo: “Fofo, amesiwo nètsɔ nam la, mele didim bena afisi nye la mele la, woamawo hã nanɔ ŋutinye.” Ekema, esi Kristo tsɔ amesiwo wòƒle kple eƒe ʋu la, tu tsitre ɖe Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me, mokaka manɔŋui, le dzidzɔ gã me la, (Yuda 24) egblɔ bena: “Nyee nye si, nye kple ɖevi siwo netsɔ nam la. Mekpɔ amesiwo netsɔ nam la ta. Oo, Ɖela ƒe nuku lɔlɔ̃ kae nye si na amesiwo woxɔ ƒle la! Dzidzɔ manyagblɔ kae wòanye le gaƒoƒo ma me, ne Fofo mavɔ la atsa ŋku le ɖeɖekpɔlawo dzi, akpɔ eƒe nɔnɔme le wo me, ahade dzesii be nuvɔ̃ ƒe vovototo kple eƒe ɖiƒoƒowo bú ɖa keŋ le wo ŋu, eye ɖekawɔwɔ blibo gava Mawu kple amegbetɔ dome azɔ! UGL 618.2

Le lɔlɔ̃ manyagblɔ ma, si yɔ eme la me, Yesu do dzaa na ɖeɖekpɔlawo, eye woxɔ wo ɖe woƒe Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ me. Nusi do dzidzɔ na Ɖela ŋutɔ la enye be ekpɔ amesiwo kpɔ ɖeɖe to ɖokui bɔbɔɖeanyi kple fukpekpe, siwo wòxɔ ɖe eɖokui dzi me la, le eƒe ŋutikɔkɔe fiaɖuƒe la me. Nenema kee ɖeɖekpɔlawo hã lakpɔ dzidzɔe, ne wònye be, le yayramɔkpɔlawo dome, woke ɖe amesiwo Kristo ɖe to woƒe gbedodoɖa, dɔwɔwɔ, kple ɖokuitsɔtsɔ sa vɔe le lɔlɔ̃ me la ŋu. Esi wo katã ƒo xlã fiazikpui ɣie gã la, dzidzeme manyagblɔa ɖe yɔ wo me taŋtaŋ, esi wokpɔ luʋɔ, siwo woɖe na Kristo la, ƒe luʋɔ, siwo woawo hã ɖe, eye woamawo hã ga ɖe bubuwo la, katã va gbɔɖemeƒe la, be yewoatsɔ yewo ƒe dziɖuɖu kukuawo da ɖe Yesu ƒe afɔ nu, ahanɔ ekafum yi mavɔmavɔ me. UGL 618.3

Esime wole ɖeɖekpɔlawo xɔm le Mawu ƒe du la me la, dziɖuɖu kple subɔsubɔ ɣli gãa ɖe ɖi. Adam eveawo kpe ŋku me. Mawuvi la ke eƒe abɔwo me na amesi nye amegbetɔ ƒomea ƒe fofo, amesi wòwɔ la, amesi da vo ɖe eƒe Aƒetɔ la ŋuti, kple esi ƒe vodada ta Ɖela ƒe kaka ɖe atitsoga ŋuti ƒe dzesiwo le la. Esi Adam kpɔ ŋutasesẽ ƒe abiteƒewo le eŋuti la, medze eƒe Ɖela la ƒe abɔwo, si wòke ɖi la me o, ke le ɖokuibɔbɔ me, edze anyi hetsyɔ̃ mo anyi ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ bena: “Wòedze, wòedze, Alẽvi, si wowu la!” Yesu lee tsi tre kple lɔlɔ, eye wòkpee be wòavakpɔ eƒe nɔƒe, Eden-bɔ, si wògblẽ ɖi ɣeyiɣi didia ɖe la ɖa. Esi wonya Adam ɖa le Eden-bɔ la me la, enɔ anyigba dzi le vevesese kple nuxaxa me. Aŋgba ɖesiaɖe, si ayrɔ age, vɔsalã ɖesiaɖe, si woawu, xexeame, si nyo tsã ƒe gbegblẽ dzesi ɖesiaɖe, ɖiƒoƒo ɖesiaɖe, si ta ɖe amegbetɔ ƒe dzadzɛnyenye ŋuti la, nɔa ŋku ɖom eƒe vodada la dzi nɛ. Alea ye eƒe fɔɖiɖi ƒe seselelãme, si nyamanɛ la, zua abe kudɔƒoƒo na eyama ene, eye ne ekpɔ nuvɔɖi wɔwɔ nɔ dzidzim ɖe dzi, nɔ ta kekem gbesiagbe la, eƒe dzi xaa nu vevie ŋutɔ. Alesi dzidzimea meɖo to eƒe nuxlɔamenyawo o la, trɔ zu fɔbubu kple mokanameɖokui le vevesese me be yeŋutɔe he nuvɔ̃ vɛ. Le ɖokuibɔbɔ ƒe dzigbɔɖi me, etsɔ eƒe nuvɔ̃ metsonuwo ƒe agba la ƒe akpe ɖeka kloe. Adam se veve ale gbegbe ɖe eƒe vodada la ta, hetrɔ le eƒe dzi me, eye wòtsɔ eɖokui de Xɔla, si ƒe ŋugbe wodo la ƒe dzenawo si me, eye wòku le mɔkpɔkpɔ me na tsitretsitsi. Mawu ƒe Vi la xɔ amegbetɔ ƒle tso eƒe anyidzedze me, eye azɔ, to eƒe nuvɔkɔklɔ-dɔ la me la, wogagbugbɔ Adam ɖo tè le eƒe nɔƒe gbãtɔ la me. UGL 619.1

Dzidzɔ, si yɔ eme la na be eƒe nu ku esime wòkpɔ ati, siwo doa dzidzɔ nɛ tsã la dze si; ati, siwo ƒe tsetse wògbena, esime fɔɖiɖi menɔ eŋu o kple dzidzeme. Ekpɔ weingble, si eyaŋutɔ dè kple eƒe asiwo, seƒoƒo, siwo wòlea be na kple dzidzɔ la hã. Eƒe susu ʋu keŋkeŋ ɖe teƒe, si wòle la ŋuti. Eden-bɔ, si woɖɔ ɖo la enye esia, si nyo wú alesi wònɔ tsã hafi wonyae do goe la. Aƒetɔ la kplɔe yi agbeti la gbɔ, gbe eƒe tsetse, si nya kpɔkpɔ la, eye wòkpee be wòaɖu eƒe ɖe. Adam tsa ŋku godoo, eye wòkpɔ ɖeɖekpɔlawo ƒe ameha gã la, wo amesiwo nye eƒe ƒometɔwo la, le tsitre le Mawu ƒe Paradiso la me. Tete wòtsɔ eƒe fiakuku keklẽ la da ɖe Yesu ƒe afɔ nu, eye wòdze eƒe abɔwo me, hekpla asi kɔ nɛ. Azɔ edze eƒe sika kasaŋku la dzi, hede asi dziɖuɖu hagbe vivi sia, si xɔ dziƒo nutowo katã me la, dzidzi me be: “Wòedze, wòedze, wòedze, Wò Alẽvi, si wowu, eye wògale agbe la!” Adam ƒe ƒomea hã dze eƒe kpɔɖeŋu la yome. Wo katã tsɔ woƒe fiakukuwo da ɖe Ɖela la ƒe afɔ nu, eye wode ta agu nɛ, hesubɔe. UGL 620.1

Dziƒodɔla, siwo fa avi esime Adam dze anyi, eye wogayɔ fũ kple dzidzɔ le ŋkeke, si dzi Kristo yi dziƒo le eƒe tsitretsitsi, si ʋu xɔsetɔwo ƒe yɔdowo nu da ɖi, megbe la, dziƒodɔla siawo hã kpɔ dzidzɔ le ƒuƒoƒo gã sia teƒe. Wode dzesii be ɖeɖe-dɔ gã la wu nu azɔ, eye kasia, woawo hã wɔ ɖeka kple kafukafuhadzilawo. Atsiaƒu ɖiahuhɔe, si le fiazikpui la ŋgɔ, si me bia hɛ̃ abe dzoe ene, le alesi Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le keklẽm ɖe edzi ta la, atsiaƒu ɖiahuhɔe sia nue amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la (Nyaɖ. 15:2), tsi tre ɖo. Ame akpe ɖeka alafa blaene vɔ ene, siwo woƒle tso dukɔwo dome la, le tsitre ɖe Zion-to la dzi kple Alẽvi la, eye Mawu ƒe kasaŋkuwo le wo si. Eye wose gbea ɖe tso dziƒo, “abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si wose la le abe sankuƒola, siwo le woƒe sankuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene…” (Nyaɖ. 14:2) “Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe ɖeka alafa blaene vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.” (Nyaɖ. 14:3). Enye Mose kple Alẽvi la ƒe ha, si nye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ha. Amea ɖeke mate ŋu asrɔ̃ ha sia o, negbe woamawo ɖeɖe ko, elabena woƒe nuteƒekpɔkpɔ ƒe hae, eye be dzidzimea ɖeke mekpɔ nusi teƒe wokpɔ la kpɔ o. Amesiawo dzea Alẽvi la yome, yia afisiafi, si wòyina.” (Nyaɖ. 14:4) Esi woɖe wo tso agbagbewo dome le anyigba dzi ŋuti la, wobu wo abe ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple Alẽvi la ene. (Nyaɖ. 14:1-5); (15:3) Woawoe nye amesiwo do go tso xaxa gã la me. Woto xaxaɣi, si tɔgbi meva kpɔ, tso esime dukɔwo li la o me. Woto Yakob ƒe vɔvɔ̃ kple xaxawo me. To gbɔ be nyaxɔɖeakɔla menɔ wo si le ɣeyiɣi, si me Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mlɔetɔwo ƒo ɖe nuvɔɖiwɔlawo dzi o hã la, wonɔ te sesiẽ maʋãmaʋã. Ke azɔ la woɖe wo, elabena wonya woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu me. Eye womekpɔ aʋatsokakaa ɖeke le woƒe nu me o, elabena “wonye mokaka manɔŋuitɔwo” le Mawu ŋku me. Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye woasubɔe zã kple keli le eƒe gbedoxɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la anɔ wo dome. Wokpɔ dɔwuame kple dɔ vɔ, siwo va anyigba dzi la teƒe, wokpɔ ɣe ƒe dzoxɔxɔ, si nu amewo ku le la teƒe, eye dɔ kple tsikɔ wu woawo hã. Ke azɔ la dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo ɖu ge o; elabena Alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.” (Nyaɖ. 7:14-17). UGL 620.2

Le ɣeyiɣiwo katã me Aƒetɔ la ƒe ame tiatiawo koe xɔa hehe kple tutuɖo le dodokpɔ ƒe sukuwo me. Wozɔa mɔ xaxɛwo dzi le anyigba dzi. Wokɔa wo ŋuti le vevesese kple nuxaxa ƒe kpodzo me. Esi wolɔ̃ Yesu ŋuti la, wokpe tsitretsiɖameŋu, fuléle kple vlodoame ƒe fu. Wodze eyome le ʋiʋli sesẽwo me toto me. Wokpe nugbegbe le ameɖokui gbɔ kple dziɖelameƒo ƒe veve heliheli ƒe fu. Vevesese ƒe nuteƒekpɔkpɔ siawo me toto na wose nusi nuvɔ̃ lɔ ɖe nu, siwo nye: ŋunyɔnuwo, fiƒode, fɔɖiɖiwo kple eƒe ŋusẽ la gɔme, eye wòdzina ŋɔ̃ na wo ŋutɔŋutɔ. Vɔsasa mavɔ, si wowɔ be woatsɔ ayɔ nuvɔ̃ dɔléle na ame la, ƒe gɔmesese na be wokpɔ wo ɖokuiwo numaɖinuwoe, eye esia na be woƒe dziwo yɔ fũ kple akpedada, kple kafukafua ɖe, si gɔme nuwɔwɔ, siwo medze anyi kpɔ o la, mate ŋu ase o. Wolɔa ame geɖee, elabena wokpɔ tsɔtsɔke geɖe. Esi wònye be wokpɔ gome le Kristo ƒe fukpekpewo me ta la, wozu eƒe ŋutikɔkɔea hã ƒe gomekpɔlawo. Mawu ƒe domenyilawo do go tso xɔ maɖixɔwo, xɔ gbagbãwo, be-xɔwo, ametakoliteƒewo, gaxɔwo, towo dome, dzogbewo, agadowo, anyigbatumewo kple atsiaƒu ƒe agakpetotrowo me. Le woƒe anyigbadzi nɔnɔ me la, naneke meganye wotɔ o. Wowɔ fu wo, do vevesese na wo. Wo dome ame akpeakpewo yi yɔme kple vlodoame kple ŋukpẽdoame geɖe, elabena wogbe Satana ƒe alakpanyawo teteɖeamedzi xɔxɔ kple kelili maʋãmaʋã. Anyigbadzi ʋɔnudrɔƒewo drɔ̃ ʋɔnu wo abe hlɔdɔla vɔɖitɔwo kekeake ene. Ke azɔ la, “Mawu ŋutɔ enye Ʋɔnudrɔla.” (Ps, 50:6). … UGL 621.1

Azɔ etrɔ xexeame ƒe ʋɔnudɔdrɔwo ŋku me tsyɔ̃ anyi. “Aɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpẽ ɖa tso anyigba blibo la dzi.” (Yes. 25:8) “Woayɔ wo be Dukɔ kɔkɔe, Yehowa ƒe amesiwo wòɖe… Eɖoe be yeana “atsyɔɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔvɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu tikɔ na teƒe.” (Yes. 62:12; 61:3). Womaganye ame gblɔe, siwo woka hlẽ, siwo woté ɖe to la azɔ o. Tso ɣemaɣi dzi la, woanɔ kple Aƒetɔ la tegbetegbee. Wole awu xɔsi, si xexeame ƒe bubumewo medo kpɔ o la me, ƒo xlã Mawu ƒe fiazikpui la. Woɖo atsyɔ̃ na wo kple fiakuku keklẽ, si ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ anyigbadzi-fiaa ɖeke mekpɔ kpɔ, eye mexɔ ɖe eƒe ta dzi kpɔ o la. Fukpekpe kple avifafa nu yi tegbetegbee. Ŋutikɔkɔe-Fia la ŋutɔ tutu aɖatsiwo ɖa le wo katã ƒe mo, Eye Woɖe vevesesedoname nuwo katã ɖa keŋkeŋ. Wolé deʋayawo ɖe asi le ʋuʋum, hele kafukafuhaa ɖe, si me kɔ, vivi sese, si ƒe gbeɖiɖi vovovowo ƒe ɖekawɔwɔ wú gbɔgblɔ. Gbewo katã de asi ha la dzidzi me, eye kpuie la, dziƒo nutometɔwo katã yɔ kple ha sia be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.” Eye dziƒometɔwo katã xɔe ɖe dzi kple gbe ɖeka be: “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen! (Nyaɖ. 7:10, 12) UGL 622.1

Le agbe sia me la, ɖe ko míate ŋu adze nuku ɖeɖekpɔkpɔ nyanyui sia ƒe gɔmesese gɔme. Míate ŋu ade ŋugble vevie kple míaƒe anyasã madeblibo sia, si sẽƒe li na la, tso ŋukpẽ kple ŋutikɔkɔe, agbe kple ku, dzɔdzɔenyenye kple amenuveve, ƒe gododo le atitsoga me la ŋuti, gake ale gbegbe míawɔ ŋutetee la, míaƒe susu ƒe ŋusẽ mate ŋu ade eƒe gɔmesese blibo la gbɔ o. Lɔlɔ, si le ɖeɖekpɔkpɔ ɖoɖoa gɔme na mí la, ƒe didime kple kekeme, goglome kple kɔkɔme mate ŋu akɔ na mí keŋkeŋ o. Ne amesiwo woxɔ ƒle la akpɔ nu abe alesi wole wo kpɔm ene, eye woadze si nu abe alesi wodzea si wo ene hã la, womase ɖeɖekpɔkpɔ ɖoɖoa gɔme avɔ kpɔ o. Ke boŋ le ƒe akpeakpe mavɔwo me la, Nyateƒe yeyewo aganɔ woƒe susuwo me vam, eye wòanye nuku kple dzidzɔ na wo yi ɖaa. To gbɔ be xexeame ƒe vevesese, fukpekpe kple tetekpɔwo nu tso, eye nusi he wo vɛ hã megali o hã la, asi sesẽ, si wotsɔ xɔ Mawu ƒe dukɔa ƒle la, ƒe kpekpeme anɔ susu me na wo ɖaasi. UGL 623.1

Kristo ƒe atitsoga anye sidzedze ŋu nusɔsrɔ̃ kple hadzidzi na ɖeɖekpɔlawo yi ɖe mavɔmavɔ me. Le Kristo, si ŋuti wokɔ kpɔkpɔ me la, woaganɔ Kristo, si woklã ɖe atitsoga ŋuti la kpɔm ɖaa. Womaŋlɔ̃ esia be kpɔ gbeɖe o be, Amesi ƒe ŋusẽ wɔ xexeme gbogbo, siwo ŋu xexlẽme mele o, eye wòlé wo ɖe te, Amesi nye Mawu ƒe lɔlɔtɔ gã, dziƒo ƒe atsyɔ̃ kple gãnyenye, Amesi kerubimwo kple ŋutikɔkɔe serafimwo subɔna kple dzidzɔ la, eya ŋutɔ bɔbɔ eɖokui ɖe anyi, be yeado amegbetɔ nuvɔmedzela la ɖe dzi, atsɔ nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi kple ŋukpẽ ƒe agba, eye wòakpɔ Fofoa gɔ̃ hã natrɔ megbe adee vaseɖe esime xexeme sia, si bu keŋ la, ƒe dzɔgbevɔewo nagbã eƒe dzi, axɔ eƒe agbe le esi le Kalvaria ƒe atitsoga ŋu. Nukunu kple bubu ƒe nyae wòanye ɣesiaɣi na xexemeawo katã, ne wode ŋugble tso nya sia ŋu be xexemewo katã ƒe Wɔla, Nyametsola, si ɖoa kpe amesiame ƒe nusi ava edzi la dzi, eya ŋutɔe lɔ̃ faa tsyɔ̃ nu eƒe ŋutikɔkɔe dzi, ɖi gbɔlo eɖokui nenema gbegbe le eƒe lɔlɔ̃ na amegbetɔ ta. Ɣesiaɣi, si amesiwo woxɔ ƒle anɔ Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kpɔm le mo na Ɖela, kple susu sia be eƒe fiazikpui anɔ anyi ɖaa, eye nuwuwu manɔ anyi na eƒe fiaɖuƒea o la, woaɖe woƒe dzidzɔkpɔkpɔ afia le ha sia dzidzi me be: “Bubu, bubu na Wò Alẽvi, si wowu la, eya Amesi xɔ mí ƒle na Mawu kple eƒe ʋu xɔasi la.”Atitsoga ƒe nya ɣaɣla lae ɖe nya ɣaɣla bubuawo katã gɔme. Le Kalvaria ƒe kekelia nu la, Mawu ƒe nyenye, siwo katã doa ŋɔdzi na mí geɖe tsã la, le dzedzem azɔ le woƒe nyonyo manyagblɔ, si hea ame yia egbɔ la me. Kekeli sia klẽ ɖe alesi Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ, dzigbɔɖi kple dzilanyenye ƒe lɔlɔ̃ wɔ ɖeka kple eƒe kɔkɔenyenye, dzɔdzɔnyenye kple ŋusẽ la dzi. Le míaƒe ŋkuléle ɖe eƒe fiazikpui la ƒe gãnyenye, si lolo, si kɔkɔ ale gbegbe ŋuti me la, míanɔ eƒe dẽ hã ƒe nyonyo ɖeɖe fia kpɔm le eƒe nublanuikpɔkpɔ ƒe wɔnawo me, eye míase lɔlɔ-ŋkɔ, si woyɔna nɛ be “Mía Fofo” la, gɔme kple gɔmesese, si menɔ míasi kpɔ o la. UGL 623.2

Azɔ la míade dzesii be Amesi ƒe nunya sẽƒe meli na o la, mate ŋu aɖe mí o, negbe ɖeko wòatsɔ Via asa vɔe hafi. Nusi wòakpɔ ɖe vɔsasa sia teƒe lae anye dzidzɔ, si wòakpɔ be yena anyigba la dzi yɔ kple amesiwo woƒle, siwo le kɔkɔe, yɔ kple dzidzɔ, eye woxɔ makumakunyenye la. Ɖela kple vivitime ŋusẽwo dome ʋiʋli la awu nu kple ame tiatiawo ƒe dzɔgbenyui hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amegbetɔviwo ƒe luʋɔ xɔ asi ale gbegbe be Mawu akpɔ ŋudzedze le fe, si woxe ɖe wo ta la ŋuti. Ke, na Kristo ŋutɔ ya la, eƒe vɔsa gã la ƒe kutsetsewo kpɔkpɔ anye eƒe dzidzɔ ɖaa. UGL 624.1

----------