Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    21—TOKLÃ, SI WOGBE SESE LA

    Le woƒe nufiafia ku ɖe Yesu ƒe tɔtrɔva ŋuti me la, William Miller kple eƒe hadɔwɔlawo ƒe ŋutetea katã enye be woana amewo nadzra ɖo vevie na ʋɔnudɔdrɔ̃ la. Wodze agbagba be yewoahe xɔsemeʋulawo ƒe susu va hamea ƒe mɔkpɔkpɔ vavã la gbɔ, eye be woanya alesi kristogbenɔnɔ, si de to wú la le vevie. Wodi vevie hã be yewoana dzimematrɔlawo nade dzesii be dɔdeasi wònye be woase veve ɖe woƒe nuvɔwo ta, eye woatrɔ dzi me na Mawu kaba. Menye woƒe didi kura be yewoatrɔ dzi me, akplɔ amewo de nuɣaɣla ƒe hatsotsoe alo subɔsubɔ haa ɖe me o. Esiatae wowɔ dɔ kple dukɔmehatsotsoe kple subɔsubɔ ha vovovo metɔwo katã, asimatɔ woƒe ɖoɖo kple se, siwo le wo me la.UGL 345.1

    Miller gbɔ be: “Le nye dɔwɔwɔwo katã me, nyemedi alo susu kpɔ gbeɖe be maɖo ƒuƒoƒoa ɖe anyi to vovo na hame, siwo li la o, alo be made hamea ɖe dzi ɖe bubu ŋuti o. Nyui ko medi be mawɔ na wo katã. Ne míetsɔe be kristotɔwo katã akpɔ dzidzɔ le Ɖela ƒe tɔtrɔva ŋu, eye bena amesiwo ƒe nukpɔkpɔ mesɔ kple tɔnye o la, magbe amesiwo xɔ nye nufiafiawo lɔlɔ̃ o la, nyemesusu be ahiã kura be míaɖo ƒuƒoƒo vovovowo o. Nye taɖodzinu ɖeka koe nye be mana amewo natrɔ dzi me na Mawu, ana nyanya xexeame be ʋɔnudɔdrɔ̃ la te tu mí, eye be mahe hanyeviwo ava dzi me ƒe dzadzraɖo gbɔ, ale be woate ŋu akpe kple woƒe Mawu la le ŋutifafa me. Amesiwo kpɔ dzimetɔtrɔ to nye dɔwɔwɔwo me la ƒe akpa gãtɔ wɔ ɖeka kple hame vovovo, siwo li la.” — Bliss, p. 328 .-UGL 345.2

    Esi wònye be eƒe dɔwɔwɔ ɖo ta hameawo ƒe tutuɖo gbɔ la, wokpɔ ŋudzedze le eŋu ɣeyiɣia ɖe. Ke esi nunɔlawo kple hamekplɔlawo melɔ̃ ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva kpuie ƒe nufiafia dzi o, eye womedi be wòayi ŋgɔ o ta la, wometsi tre ɖe eŋu le nyagblɔtiwo dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ wogagbe na woƒe hameviwo be womayi ɖe afi, siwo wole gbeƒã sia ɖem le la o, eye be womaƒo nu tso woƒe mɔkpɔkpɔwo ŋu le hamewo ƒe tutuɖo ƒuƒoƒowo me hã o. Ale be xɔsetɔwo kpɔ wo ɖokui le dodokpɔ kple tɔtɔtɔtɔ sesẽwo me. Wolɔ̃ woƒe hameawo, womedi be yewoaklã ɖa tso wo ŋu o. Gake esi wokpɔ be wole afɔ titim ɖe Mawu ƒe Nya ƒe ɖaseɖiɖiwo dzi, eye wogaxɔ woƒe dzena ku ɖe nyagblɔɖiwo sɔsrɔ̃ ŋu le wosi la, woƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woaxɔ tetéɖeto ƒe nɔnɔme sia o. Womekpɔ amesiwo nɔ nu gbem le mawunya ƒe ɖaseɖiɖiwo gbɔ la be woawoenye Kristo ƒe Hamea, “Nyateƒea ƒe sɔti kple gomeɖokpe” vavã la o. Ale be wokpɔe be ele dzɔdzɔe be yewoaklã ɖa tso yewo ƒe hameawo gbɔ. Le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli la, ame akpe blaatɔ̃ do go tso woƒe hame vovovoawo me.UGL 345.3

    Le ɣemawoɣi la, tɔtrɔ gãa ɖe va hameawo katã kloe me le Amerika nyigba dzi. Ƒe geɖewo va yi, si me wode dzesii be lelé ɖe xexeame ƒe wɔnawo kple numamewo ŋu kple gbɔgbɔmegbenɔnɔ ƒe toyiyi, si kplɔnɛ ɖo la, le edzi yim. Gake le ƒe ma me la, gbɔgbɔme ƒe gege sia ga sesẽ ɖe dzi le dua ƒe hameawo katã kloe me. To gbɔ be amea ɖeke mete ŋu tɔ asi nusi gbɔ nudzɔdzɔ sia tso o hã la, amewo katã de dzesii, eye wonɔ nu ƒom tso eŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me kple le nyagblɔtiwo dzi.UGL 346.1

    Le Nyanyui-Hamea kplɔlawo ƒe takpekpea ɖe le Filadelfia, Aƒetɔ Barnes, si nye kplɔla na hame gãtɔwo dometɔ ɖeka le du ma me la, gblɔ be: “Tso ƒe blaeve sɔŋ, si menɔ dɔ wɔm abe osɔfo ene la, meva eme nam kpɔ gbeɖe, vaseɖe Nuɖuɖu Kɔkɔe mamlɛ sia me, be mawɔ kplɔŋudede kɔnu sia, eye ame geɖe, alo suɛa ɖe teti hã mava o. Ke fifia la, fɔfɔ meli o, dzimetɔtrɔ hã meli o, eye tsitsi geɖe le amenuve me megale dzedzem le xɔsemeʋulawo me o. Amea ɖeke megavana be míaƒo nu tso yeƒe luʋɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu o. …Xexemelɔlɔ̃ le ŋgɔdede kpɔm, zi alesi asitsatsa, adzɔ gã dodo kple dɔwɔƒe gãwo hã le ŋgɔ yim ene. Susu ƒe kuku ɖe xexeme ŋuti le ŋusẽ kpɔm ɖe dzi. Nenema wòle le hameawo katã me. Congregational Journal, 23 Mai 1844 . —UGL 346.2

    Le ƒe ma ke ƒe ɣleti evelia me la, nufiala gã Finney le Oberlin ƒe Suku kɔkɔa me gblɔ nya, si gbɔna la be: “Míele dzesi dem nudzɔdzɔ, siwo le míaŋgɔ, siwo le eɖem fia be Nyanyui-hamea katã le míaƒe dua me le alɔ̃ dɔm ɖekematsɔlemetɔe, alo tsi tre ɖe dɛ̃ ƒe ɖɔɖɔɖowo katã kloe ŋuti le ɣeyiɣi sia me. Ame ɖeka ɖekaa ɖewo koe to le eme, gake woƒe xexlẽme mede naneke le hahoa katã ƒe gege gbɔ o. Nu bubu, si gate gbe ɖe nusi gblɔm míele la dzi enye alesi fɔfɔ tso gbɔgbɔme mele hamea ɖeke kloe me le xexea katã me o la. Gbɔgbɔmelɔdɔdɔ̃ le afisiafi, eye wòle amesiame me xɔm, abe alesi subɔsubɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo katã le egblɔm le dua me ene. Hameviwo zu kluvi na atsyɔ̃ yeyewo kplɔkplɔ ɖo, eye wole ɖeka wɔm kple ame mavɔmawuwo le xexeme ƒe vivisesewo, ɣeɖuɖuwo kple azãɖuɖuwo me. Gake mehiã be míaƒo nu sɔgbɔ tso nu siawo ŋu o. Ke míagblɔ ko be gbegblẽ la le edzi yim, le tetém ɖe mía dzi, le eɖem fia alesi hameawo ƒe gege la le to dem nublanuitɔe la. Wote ɖa le Aƒetɔ la ŋu, eye Aƒetɔ la hã te ɖa le wo ŋuti.UGL 346.3

    Nyadzɔdzɔgbalẽa ɖe gblɔ be: “Mímekpɔ hamewo ƒe gege le gbɔgbɔ me sia tɔgbi kpɔ abe alesi wòle fifia ene la o. Le nyateƒe me la, ele be hamea nafɔ, eye wòadi nusi he dɔlelé sia vɛ; ele be amesiame, si lɔ̃ Ziɔn la nakpɔe be dɔlelé wònye vavã.”UGL 347.1

    Nudzɔdzɔ sia tɔgbi meva hamea me kpɔ, si womenya nusi hee va o la o. Gbɔgbɔme viviti, si kɔ ɖe dukɔwo dzi, hameawo kple ame ɖesiaɖe dzi la, menye nusi tso Mawu ƒe amenuveve ƒe xɔname ɖeɖeɖa gbɔ o, ke etso amegbetɔ ƒe ɖekematsɔleme, alo nugbegbe le Mawu ƒe kekeli la gbɔ boŋ. Míakpɔ nyateƒe sia ƒe kpɔɖeŋua ɖe, si dze ƒãa, le Israelviwo ƒe ŋutinya me le Kristo ƒe ɣeyiɣi me. To woƒe lɔlɔ̃ na xexeame kple Mawu kple eƒe Nya la ŋɔŋlɔ̃ be me la, Yudaviwo ƒe susu ge ɖe viviti me, eye woƒe dziwo yɔ kple ŋutilã kple eƒe vivisesewo. Ale be wonɔ manyamanya me na Mesia ƒe vava la, eye le woƒe dada kple dzimaxɔse me la, wogbe nu le Ɖela la gbɔ. Gake esi wonɔ alea hã la, Mawu mexɔ asinukpɔkpɔ na sidzedze ɖeɖe ƒe mɔ la, alo na gomekpɔkpɔ le eƒe nyonawo me le Yuda dukɔ la si o. Ke amesiwo gbe nu le nyateƒea gbɔ la bú woƒe didí na Mawu ƒe nunana la xɔxɔ. Wotsɔ “viviti wɔ kekeli, eye kekeli wɔ viviti” na wo ɖokui vaseɖe esime kekeli, si nɔ wo me la, va zu viviti vavã, viviti, si do alegbegbe la.UGL 347.2

    Satana ƒe ɖoɖo, si wòwɔ la, enye be amegbetɔ nalé subɔsubɔ ƒe nane ko ɖe asi, eye womaganya nusi nye mawusosroɖa vavã la o. Esi wogbe nu le Nyanyui la gbɔ la, Yudaviwo gayi ɖe woƒe kɔnu xoxoawo dzi kple dzo, eye wogaku ɖe woƒe dukɔ tɔxɛ nyenye ƒe nya ŋu sesiẽ, le esime wòle be woakpɔe be Mawu megale eɖokui ɖem fia le yewo dome o la. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɣeyiɣi, si tututue Mesia aɖe eɖokui fia le la ɖi kple eƒe xaxa hã ɖi eme kɔ nyuie, alegbegbe be kplɔlawo de se be womega ku nyagblɔɖi sia me o, eye le nuwuwu ŋutɔ hã la, wogblɔ fiƒodenya ɖe amesiwo katã adze agbagba be yewoabu akɔŋta ku ɖe emevava ƒe ɣeyiɣi ŋuti la dzi. Le woƒe ŋkuagbatɔ nyenye kple dzimesesẽ me la, Israelviwo wɔ ƒe alafalafawo le totutu ɖe amenuve yɔyɔwo na ɖeɖekpɔkpɔ la me, le ɖekematsɔleme na Nyanyuia ƒe yayrawo me kple na gbedeasi dziŋɔ̃ ku ɖe dzɔgbevɔe manyagblɔ, siwo atso dziƒo kekeli la gbegbe ŋuti la me.UGL 348.1

    Afisiafi, si xaxa sia le la, emetsonuwo nyena ɖeka ƒomevi godo. Amesi ko aɖo mokplala agbe eƒe dɔdeasi, si nye etɔ la xɔxɔ, elabe mewɔ ɖeka kple eƒe didiwo o la, abú sidzedze nyateƒe le vodada gbɔ le nuwuwu. Eƒe nunya ado viviti, dzitsinya ƒe ŋusẽ anɔ ɖiɖim, eƒe dzi anɔ lialiam ɖe dzi, eye eƒe luʋɔ ate ɖa tso Mawu ŋuti. Hame ɖesiaɖe, si agbe Mawu ƒe Nyateƒe-gbedeasi la, alo matsɔ ɖeke le me o la, anyrɔ̃ ɖe viviti me le ɣeyiɣi kpuie me, xɔse kple lɔlɔ̃ nu atsi le eme, eye dzidzememakpɔ kple nɔvigɔmemase ayɔ eme fũu. Hameviwo ƒe susu kple ŋutetewo katã kuna ɖe xexemenuwo didi ŋuti, eye vɔwɔlawo galiana kɔ le woƒe dzimematrɔmatrɔ me.UGL 348.2

    Nyaɖeɖefia ta 14lia ƒe mawudɔla gbãtɔ ƒe gbedeasi, si le gbeƒã ɖem ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo, si gogo, hele nuxlɔm amewo be woavɔ̃ Mawu, eye woasubɔe la, ƒe taɖodzinue nye be wòate amewo ɖa tso xexeme ƒe gbegblẽ ŋusẽwo gbɔ, eye wòana woadze si woƒe ŋutilãlɔlɔ̃ kple megbedede ƒe nɔnɔme, si me wole la. To gbedeasi sia me la, Mawu ɖo gbedeasia ɖe ɖo ɖe hame si, nenye be ɖe woxɔe la, akɔ wo ŋuti tso nuvɔ, siwo le wo klãm ɖa tso Mawu gbɔ la me. Nenye ɖe kristotɔwo xɔ dziƒo ƒe gbedeasi sia, hebɔbɔ woƒe dziwo ɖe Aƒetɔ la ƒe afɔ nu, eye wodi vevie le woƒe dziwo me be yewoadzra ɖo na tenɔnɔ le eŋkume la, anye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖe eƒe ŋusẽ fia xoxo le wo dome, eye Hamea agake ɖe ɖekawɔwɔ, xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme yayra, si me wònɔ tsã le Apostolowo ŋɔli la ŋuti, le esime xɔsetɔwo katã nye dzi ɖeka, luʋɔ ɖeka, eye wonɔ Mawu ƒe Nya la kakam kalẽtɔe, eye Mawu nɔ luʋɔ yeye, siwo woɖe la, kplɔm vɛ gbesiagbe. (Dɔw.4:32, 31;2:47)UGL 348.3

    Ne amesiwo be yewo nye Mawu tɔ, axɔ nyateƒe la abe alesi ko wòklẽ ɖe wodzi tso Nya la me ene la, anye ne woke ɖe ɖekawɔwɔ, si ta Kristo nɔ gbe dom ɖa le, esi Apostolo la yɔ be “Gbɔgbɔ ƒe ɖekawɔwɔ le ŋutiƒafa kade-de me” la ŋuti. Egblɔ be: Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka abe alesi ko woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene. Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka.” (Efeso 4:3-5 )UGL 349.1

    Esiawo ke nye emetsonu yayra na amesiwo xɔ Mɔkpɔlawo ƒe gbedeasi la. Wotso hame vovovowo me, eye gli, siwo mã wo dome tsã la, mu keŋkeŋ le nyateƒe la ŋgɔ. Woƒe xɔse xoxo, siwo tsitre ɖe wonɔewo ŋu la, hã nu vayi. Mɔkpɔkpɔ na ƒe akpe ɖeka ƒe ŋutifafa le anyigba dzi ƒe nufiafia, si menɔ anyi ɖe Biblia dzi o la, hã nu tso. Woɖɔ xɔse si, mele eteƒe o, ku ɖe Kristo ƒe tɔtrɔva ŋu la ɖo. Dada kple xexemelɔlɔ̃ nu tsi. Vodadawo kpɔ ɖɔɖɔɖo. Dziwo wɔ ɖeka le xɔlɔkadede ƒe vivisesewo me, ale be lɔlɔ̃ kple dzidzɔ, si naneke metɔtɔ o la, le fia ɖum. Ne gbedeasi la te ŋu wɔ nu nyui mawo na Kristotɔ ʋɛe, siwo xɔe la, ate ŋu awɔe na amewo katã, nenye be wo katã xɔe la.UGL 349.2

    Ke nublanuitɔe, hameawo katã kloe mexɔ nyanyanana gbedeasi la o. Woƒe nunɔla, siwo dze be woanye ame gbãtɔ, siwo anya Yesu ƒe vava ƒe dzesiwo, abe gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la ene la, metsɔ ɖeke le me na nyateƒe la sɔsrɔ̃ le Nyagblɔɖilawo ƒe ɖaseɖiɖiwo me, alo to ŋkulélé ɖe dzesiwo ŋu me o. Esi wònye be xexeme ƒe mɔkpɔkpɔ kple nugãdidiwo yɔ woƒe dziwo me ta la, lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe nya dzi xɔxɔse ɖiɖi sɔgbɔ ale be esi wose Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva nyanyanana gbedeasia la, mewɔ nu bubu na wo tsɔ wu be wòado dzo woƒe tsitretsitsi ɖe eŋu kple woƒe dzimaxɔse me o. Woƒe taflatse alo nyameɖeɖe, si ko wotsɔ ɖe eŋu la, enye be hameviwo ɖeɖe kloe koe le gbeƒã sia ɖem.UGL 349.3

    Abe le blema ke ene la, woƒe ŋutiɖoɖo na gbedeasi la koe nye esi: “Ɖee kplɔlawo alo faristɔwo dometɔa ɖe xɔ edzi sea?” Ame geɖe bubuwo, siwo kpɔ be mele bɔbɔe be woagblɔ be numeɖeɖe ku ɖe nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ŋuti mele eteƒe o la, gblɔ kpuie ko be menyo be woanɔ nyagblɔɖiawo srɔm o, elabe wotre wo nu, eye be womate ŋu ase wo gɔme o. Ke esi wònye be kristotɔwo akpa gãtɔ le woƒe agbɔsɔsɔ me, tsɔ woƒe xɔsea katã da ɖe kplɔlawo dzi ŋkuagbatɔe ta la, wogbe be yewomaɖo to nyanyananyawo o. Bubuawo ya, to gbɔ be woka ɖe gbedeasia ƒe nyateƒe nyenye dzi hã la, wogbe emeʋuʋu, elabe wole vɔvɔm̃ be woavaɖe yewo do go tso Sinagog la me. Gbedeasi, si Mawu ɖoɖa be yèatsɔ do hamea kpɔ, akɔ eŋuti la, ɖe alesi amesiwo tsɔ woƒe lɔlɔ̃ na xexea wu na Kristo la fia amesiame kɔtɛ, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ. Babla, si lé wo té ɖe xexea ŋuti la, sesẽ fũu wú esi le wo hem ɖo ta dziƒoe la. Wotia be yewoaɖo to xexemenunya, eye wotrɔ megbe de nyateƒe ƒe gbedeasi, si le nu klom ɖa le nusi le woƒe dzi me la ŋuti.UGL 350.1

    To mawudɔla gbãtɔa ƒe gbedeasia maxɔ me la, hameawo gbe nu le asinukpɔkpɔ, si Mawu dzra ɖo ɖi na woƒe fɔfɔ la gbɔ. Womede dzesi amenuveve gbedeasi, si aɖe wo ɖa le nuvɔ̃ ƒe mɔ dzi, si nɔ wo klãm ɖa tso Mawu gbɔ la o, eye wogale ɖekawɔwɔ kple xexeame dim vevie kple dzo yeye. Esiawo keŋ ye nye dzɔtsoƒe na xexemelɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme, gbɔgbɔme gbɔdzɔgbɔdzɔ kple kuku le gbɔgbɔme ƒe nɔnɔme, siwo nɔ hameawo me le ƒe 1844lia me.UGL 350.2

    Le Nyaɖeɖefia ƒe ta 14lia me la, mawudɔla eveliaa ɖe dze gbãtɔ yome kple vɔvɔnya, siwo gbɔna la: “Emu, emu, Babilongã la mu; du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la.” (Nyaɖ. 14:8 ). Babilon nye nyati, si do tso ŋkɔ, si nye Babel, si gɔme enye tɔtɔtɔtɔ la, me. Wowɔ eŋuti dɔ heƒo nu tso alakpa subɔsubɔ vovovowo alo esiwo de megbe la ŋuti. Le Nyaɖeɖefia ta 17lia me la, Babilon ƒe dzesidenu enye nyɔnua ɖe, eye le Biblia me wotsɔa nyɔnu ƒe nɔnɔme dea dzesi subɔsubɔ ƒe hame la; ɖetugbi dzadze dea dzesi Hame, si dza, eye gbolo nyena dzesidede hame, si kpɔ gege la.UGL 350.3

    Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea ƒoa nu tso kadede kɔkɔe matsomatso, si le Kristo kple eƒe Hamea dome la ŋu abe srɔɖeɖe ƒe kadede ene. Aƒetɔ la wɔ ɖeka kple eƒe dukɔ la to nubabla kɔkɔea ɖe me, si me wòdo ŋugbe le be yeanye eƒe Mawu, le esime eƒe dukɔa hã ƒe ŋugbedodoe nye be yeatsɔ ye ɖokui ana eyama ɖeka ko. Egblɔ be: “Anye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nanye nye ŋugbetɔ.” (Hosea 2:21 ); “...nyee enye mia srɔ..” (Yeremia 3:14 ). Paulo hã wɔ dzesidede sia esi wògblɔ le Nubabla Yeyea me be: “...medo mia ŋugbe na Ŋutsu ɖeka, bena matsɔ ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo Ŋugbetɔsrɔ̃ ɖeka, be makplɔ mi afia Kristo.” (Kor. II,11:2 )UGL 351.1

    Hamea ƒe nuteƒemawɔ na Kristo, si wòɖe fia to eƒe kakaɖedzi kple lɔlɔ̃ matsɔ na eyama, le esime wòɖe asi le eɖokui ŋu be xexeame ƒe lɔlɔ̃ nayɔ yeme fũu la, nye nusi Biblia tsɔ sɔ kple srɔɖeɖe ƒe ŋugbedodowo dzi dada. Dzesidede sia kee yi na Israel ƒe nuvɔ, si wòwɔ esi wodzo le Mawu gbɔ la. Woƒo nu le Mawu ƒe lɔlɔ̃ mavɔ, si gbɔ wogbe nu le la, ŋuti kple nyati, siwo wɔ dɔ ɖe ame dzi geɖe la. Yehowa be: “...Meka atam na wò, eye mebla nu kpli wò nezu tɔnye.” “...ale nèdze tugbe eteƒe mekɔ o, eye fiaɖuƒe su asiwò. Eye wò ŋkɔ nyɔ le dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena nye atsyɔ, si meɖo na wò la, gbɔgblɔ mele eŋu o. Ke eɖo dzi ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye esi wò ŋkɔ nyɔ ŋuti la, ètsɔ wò gbolowɔwɔ do dzodzoe ɖe amesiame, si va tso me yi la ŋu wòzu etɔ.” “Israel ƒe aƒe, Yehowa be; “alesi nyɔnu dzea go tsoa srɔa gbɔ la, nenema miedze go tso gbɔnyee!” “Nyɔnu ahasitɔ, si ɖe ŋutsu bubu ɖe srɔa te, nènye.” (Ezek. 16:8,13-15, 32; Yer. 3:20 ).UGL 351.2

    Le Nubabla Yeyea me hã, Aƒetɔ la wɔ nyati siawo tɔgbi ŋu dɔ heƒo nu, ka mo na amesiwo le wo ɖokui yɔm be kristotɔwo, evɔ wogale xexeame ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ dim vevie kple dzo, wú Mawu tɔ la. Apostolo Yakobo gblɔ be: “Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔdzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa?” (Yakobo 4:4 ) UGL 351.3

    Le Nyaɖeɖefia 17 me woɖe nyɔnu, si woyɔ be Babilon la fia abe amesi do aɖabɛwu kple awu dzĩ, hewɔ leke kple sika kple kpe xɔasiwo kpakple adzagba ene, eye wòlé sikakplu si, yɔ kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔ-nyenye ƒe ŋunyɔnuwo ɖe asi. Le eƒe ŋgonu la woŋlɔ̃ nukunu ŋkɔ sia: “Babilon gã, gbolowo ƒe dada.” Nyagblɔɖila yi edzi be: “Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yehowa ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu.” (Nyaɖ. 17:4- 6 ) Egayi edzi gblɔ be: “Eye enye nyɔnu, si nekpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.” (Nyaɖ. 17:18 ) Ŋusẽ, si lé fiawo le kristotɔwo ƒe duwo me té ɖe eƒe fiatikplɔ té, le ƒe alafa geɖewo me lae, menye bubua ɖeke wú Roma o. Aɖabɛ, sika, kpe xɔasiwo kple adzagbawo nye nusiwo nɔ nu ƒom tso Roma nunɔlawo ƒe gãnyenye ŋu, kple atsyɔ, siwo woɖena fiana, si wú fia gãwo tɔ gɔhã. Le go bubu me la, womate ŋu agblɔ tso ŋusẽa ɖeke ŋu to vovo na papa hamea be “amekɔkɔewo ƒe ʋu nɔ emum” o, ne menye hame sia, si tsɔ ŋutasesẽ manyagblɔ ti Kristo yomedzelawo yome alegbegbe o. Babilon ƒe nuvɔ, si wogatsɔbu fɔe la, enye eƒe asitsatsa vɔɖi kple anyigbadzi fiawo”. Míaɖo ŋku edzi be teteɖa le Aƒetɔ la ŋuti kple ɖekawɔwɔ kple trɔsubɔlawoe na be Yudaviwo ge ɖe ahasiwɔwɔ me. Nenema kee Roma hã ge ɖe gbegblẽ me to xexeme ŋusẽwo ƒe kpeɖeŋu didi me, eye wòzu vodala.UGL 352.1

    Wogayɔ Babilon be “gbolowo ƒe dada”. Ekem eviawo nye dzesidede hame, siwo xɔ eƒe nufiafiawo kple numamewo, hedze eƒe kpɔɖeŋuwo yome to nyateƒea kple Mawu ƒe lɔlɔnu tsɔtsɔ sa vɔe na sedzimawɔ ƒe nubabla kple xexeame la. Nyaɖeɖefia ta 14lia ƒe gbedeasi, si le gbeƒã ɖem Babilon ƒe gege la, ayi na subɔsubɔ ƒe ƒuƒoƒo, siwo dza tsã, hafi va ge ɖe gbegblẽ me. Esi wònye be gbedeasi sia dze gbeƒãɖeɖe ʋɔnudɔdrɔ, si tu aƒe yome ta la, ele be woaɖe gbeƒãe le ŋkeke mamlɛawo me. Ekem nya sia mate ŋ u ayi na Roma hame la ɖeka ko o, elabena eya ekpɔ gege ƒe alafalafawo xoxo. Gawú esia la, wole biabiam tso Mawu ƒe dukɔ la gbɔ le Nyaɖeɖefia ta 18lia me be woado go tso Babilon la me. Le nya sia nu la, Mawu ƒe dukɔwo gasusɔ le Babilon me. Ke subɔsubɔ hatsotso kawo mee Kristo yomedzelawo ƒe akpa gãtɔ gale le ɣeyiɣi siawo me? Ɖikeke mele eŋu o be wole ha vovovo, siwo lé Protestant ƒe xɔse ɖe asi la me. Le woƒe ɖoɖoanyi me la, wonye hame, siwo ɖe wo ɖokui fia kalẽtɔe abe nuteƒewɔlawo na Mawu kple eƒe Nyateƒe la ene, eye eƒe yayra nɔ wo dzi. Dzimaxɔsetɔwo ŋutɔ gɔhã de dzesi nu nyui, siwo doa go tso Mawu ƒe Nyanyuie la xɔxɔ kple eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ me la me. Abe alesi Mawu gblɔe na Israel to eƒe Nyagblɔɖila dzi ene la : “Wò ŋkɔ ɖi hoo le dukɔwo dome le alesi nenyo ta,” Nublanuitɔe la, hameawo hã kpɔ anyidzedze to didi, si he Mawu ƒe fiƒode kple tsɔtsrɔ̃ va Israel dzi, esi nye ame mavɔmawuwo ɖiɖi le woƒe wɔnawo me, kple didi be yewoawɔ ɖeka kpli wo, adze wo ŋu. “Ke èdze ɖokuiwò ŋu le wò nyonyo ta…” (Xezek. 16:14,15 )UGL 352.2

    Protestant hame geɖewo tsɔ Roma ƒe kpɔɖeŋu, to woƒe kadede makɔmakɔwo me nɔnɔ kple “anyigbadzi fiawo”. Alea ye wònɔ na dziɖuɖua ƒe hameɖoanyi, siwo nɔa xexeame ƒe megbenɔnɔ dim to kadede kple dziɖuɖuwo kpakple hame vovovo bubuwo me. Le esia ta, ŋkɔ “Babilon”, si gɔme enye tɔtɔtɔtɔ la, sɔ kple hame siawo katã, siwo nɔ eme ʋum be yewo ƒe nufiafiawo tso Biblia me, gake woma ɖe hatsotsoe vovovowo me, kple wɔna kple dzixɔse, siwo tsi tre ɖe wonɔewo ŋuti la.UGL 353.1

    Kpe ɖe woƒe ɖekawɔwɔ vɔɖi kple xexeame ŋu la, hame, siwo klã ɖa tso Roma ŋu la, galé eƒe gbegblẽ geɖewo ɖe así. Katoliko ƒe agbalẽa ɖe, The Catholic Christian Instructed, tsɔ nya ɖe wo ŋuti gblɔ be: “Nenye be katoliko hamea da vo ku ɖe ame kɔkɔewo ŋuti la, evia, si nye Aŋlisiwo ƒe hame, alo Anglikan hame la, hã da vo ma tututu, elabe etsɔ gbedoxɔ ewo sɔŋ de asi na Maria, le esime wòtsɔ ɖeka pɛ na Kristo. —Richard Challoner, The Catholic Christian Instructed, Preface, p. 21, 22 .UGL 353.2

    Le eƒe agbalẽa ɖe ‘’A Treatise on the Milenium ‘‘ me Aƒetɔ Hopkins hã gblɔ be: “Mele be woaxɔe se gbeɖe be katoliko hamea ɖeka koe ɖena tsitretsitsi ɖe Kristo ŋuti ƒe wɔna kple gbɔgbɔ fiana o. Gbɔgbɔ sia le Protestant hamewo hã me geɖe, eye wodidi sãa tso ɖɔɖɔɖo, si de blibo ku ɖe gbegblẽ kple makɔmakɔ ŋu la gbɔ. — Samuel Hopkins, Works, vol. 2, p. 328- UGL 353.3

    Guthrie hã gblɔ nya, siwo gbɔna la ku ɖe Nyanyui-hamea ƒe mamã ɖa tso Roma gbɔ la ŋuti be: “Anɔ ƒe alafa etɔ̃ ye nye esia, si míaƒe hame la do go tso Roma ƒe ʋɔtruwo me kple Biblia, si le ʋuʋu ɖi le eƒe aƒlaga ŋuti, eye wòlé adãnya sia ɖe así be :“Midzro Ŋɔŋlɔawo me.” Azɔ ewɔ biabia sia be: “Ɖe wòdo go tso Babilon le dzadzɛnɔnɔ mea?” —Thomas Guthrie, The Gospel in Ezekiel, p. 237 .-UGL 354.1

    Spurgeon be : “Roma ƒe nu dadafiafiawo vuvu Anglican Hamea vevie abe ŋɔviwo ene. Nublanuitɔe la, tsitretsila, siwo melɔ̃ ɖe nɔnɔme sia dzi o hã, xɔ dɔlelé bubu, si nye susuɖela gãwo ƒe dzimaxɔse. Amesiwo dzi míeda míaƒe mɔkpɔkpɔwo ɖo hã le asi ɖem le xɔse ƒe gɔmeɖokpewo ŋu ɖekaɖeka le wonɔewo yome. Aŋlisidua katã ƒe dzi nyrɔ̃ ɖe dzimaxɔse nyɔŋua ɖe, si ge ɖe nyagblɔtiwo dzi ke ŋumakpẽtɔe, hele kristotɔnyenye yɔm ɖe eɖokui ŋu”UGL 354.2

    Nuka gbɔ megbedede sia tso? Mɔ ka dzie Hamea te ɖa le gbã tso Nyanyuia ƒe gblɔenyenye alo wodzoenyenye gbɔ? Ewɔ esia to trɔsubɔlawo ƒe numamewo xɔxɔ me, ale be woamawo hã nate ŋu axɔ Kristo ƒe subɔsubɔ la bɔbɔe. Apostolo Paulo gblɔ be le yewo ƒe ɣeyiɣi me gɔhã la, “Sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le dɔ wɔm ŋusẽtɔe xoxo;” (Tesa.II, 2:7). Le apostolowo ƒe agbenɔɣi la, woate ŋu agblɔ be Hame la lé eƒe dzadzɛnyenye ɖe asi. Ke le ƒe alafa evelia ƒe nuwuwuɣi la, hameawo ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔnɔme yeyea ɖe, eye wòɖe asi le eƒe gblɔenyenye ŋuti ale be zi alesi nusrɔla gbãtɔwo nɔ gbɔɖeme yim le yɔdo me la, wo viwo kple dzimetrɔla yeyeawo kpɔ ŋusẽ he tɔtrɔ bubu va subɔsubɔ la me. —Robert Robinson, Ecclesiastical Researches, ch. 6 para 17.- Kple susu sia be dzimetrɔlawo nasɔ gbɔ la, woɖiɖi Kristo dzixɔsea ƒe kɔkɔme ɖe anyi, ale be trɔsubɔsubɔ ƒe wɔwuiwɔwɔ va xɔ hamewo keŋ me kple eƒe kɔnuwo kple legbawo.- Gavazzi, Lectures, p. 278.- Ke esi Kristo subɔsubɔ va kpɔ gome le fiawo ƒe megbenɔnɔ nɛ me la, ameha geɖewo va xɔ subɔsubɔ sia, gake le esime wonɔ Kristo ƒe xɔse me ʋum hã, akpa gãtɔ ganɔ woƒe trɔwo subɔm le adza me. —Ibid, p. 278.- UGL 354.3

    Ɖee wɔna siawo meva me nenema pɛpɛpɛ le Protestant hameawo hã me oa? Zi alesi ha gɔmedzela, siwo me ɖɔɖɔɖo vavã ƒe gbɔgbɔ nɔ dɔ wɔm le, nu vale yiyim la, dzidzime yeye, si dze wo yome la hea nu yeyewo dena hame la me. Le esime woléa wo fofowo ƒe xɔse ɖe asi ŋkuagbatɔe la, ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe dzidzimeviwo megalɔna xɔna nyateƒe yeye, siwo womenya tsã o la o, eye wotena ɖa tso bɔbɔenyenye kple nugbegbe le ameɖokui kple xexeame gbɔ ƒe kpɔɖeŋu, siwo wogblẽ ɖi na wo la gbɔ. Alea ye gbã ƒe gblɔenyenye kple bɔbɔenyenyewo nu tsi, eye xexemelɔlɔ̃ ƒe tɔsisia ɖe srana le hamea me kple eƒe numamewo, wɔna kple legbawo.UGL 355.1

    Xexemelɔlɔ, si nye fulélé Mawu la lé dzo vevie ŋutɔ le amesiwo nɔ wo ɖokui ɖem fia abe Kristo yomedzelawo ene la dome! Dukɔa ƒe Kristo hame xɔŋkɔwo te ɖa ʋĩi tso Biblia me ƒe bɔbɔenyenye, nugbegbe le ameɖokui gbɔ, gblɔenyenye kple mawusosroɖa vavã gbɔ! Le nuƒoƒo tso ga ŋutidɔwɔwɔ nyuie ŋu la, John Wesley gblɔ be: “Migabú nunana xɔasi sia ƒe ɖeke hena dzidzɔ dodo na míaƒe ŋkuviwo ɖeɖe ko, to lekewɔwɔ xɔasiwo me alo atsyɔnu, siwo mehiã o la ƒeƒle me o. Migawɔ eŋuti dɔa ɖeke atsɔ ɖo atsyɔ̃ na miaƒe aƒewo, aƒle ga geɖe zikpuiwo, taflo xɔasiwo, aŋɔ-nutatawo, kple nu siwo nyakpɔkpɔ, siwo wosi sikatsi na la o… Migawɔ naneke ŋu dɔ na ɖokuiŋudzedze, amegbetɔwo ƒe dodoɖedzi alo kafukafu o... Zi alesi nàwɔ nu nyui la, woakafu wò… Zi alesi nanɔ aɖabɛ kple aklala biɖibiɖiwuwo dom, anɔ nu nyui wɔm gbesiagbe na ɖokuiwò la, ame geɖewo anɔ asikpe ƒom na wò, ɖewohɩ ̃ le alesi nenyaa nu nyuiwo tiatia ta, alo le wò dɔmenyo kple wò amexɔxɔ ta. Gake megatsɔ asixɔxɔ gãa ɖe na woƒe asikpe ƒoƒowo o. Ke kpɔ dzidzɔ boŋ ɖe Yehowa ƒe bubudeameŋu ŋuti.- Wesley, Works, Sermon 50, The Use of Money.- Le egbe ŋkekewo me la, amewo megatsɔ ɖeke le me na nufiafia siawo o.UGL 355.2

    Ŋkɔ xɔxɔ abe kristotɔ ene va zu nu yeyea ɖe le xexea me. Fiawo, dukplɔlawo, senyalawo, dɔyɔlawo kple asitsalawo, ge ɖe hameawo me abe mɔnu, si dzi woato axɔ dukɔmeviwo ƒe bubu kple megbenɔnɔ kpakple na woƒe xexemenudidiwo ƒe ŋgɔdedekpɔkpɔ ene. Woɣla woƒe asitsatsa makɔmakɔwo ɖe kristotɔnyenye ƒe awu me. Ke subɔsubɔ hatsotsoe, siwo kpɔ ŋgɔdede kple ŋusẽ to xexemelɔla xɔŋkɔ, siwo xɔ nyɔnyrɔ,̃ ƒe ga kple gãnyenye me la, galé dzo le woƒe nugãdidi kple xexemetɔwo ƒe megbenɔnɔ na wo didi me. Wotù gbedoxɔ gã, dzani, siwo woɖo atsyɔ̃ na geɖe la, ɖe kesinɔtɔwo ƒe kɔ me. Sɔlemeyilawo ƒe atsyɔɖoɖo mele gbɔgblɔ o. Woxena fetu geɖe na osɔfo, si nya nuƒoƒo la, si ateŋu ahe amewo vɛ le agbɔsɔsɔ me la. Ekem le eƒe mawunya gbɔgblɔ me la, mele nɛ be wòatɔ asi dukɔa ƒe nuvɔwo dzi o, ke boŋ ele be eƒe nya navivi sese na atsyɔɖola siawo. Nuvɔwɔla xexemelɔla siawo tɔgbi ƒe ŋkɔwoe le hameawo ƒe agbalẽwo me, eye woɣla woƒe nuvɔwo ɖe gota mawusosroɖa me.UGL 355.3

    Nyadzɔdzɔgbalẽ gãa ɖe ŋlɔ̃ nusi gbɔna la tso gota kristotɔ siawo ƒe nɔnɔme ku ɖe xexemenuwo ŋuti be: “Hame la le mɔ ɖem blewuu, le eƒe manyamanya me, na ŋkeke siawo me ƒe gbɔgbɔ, si le fia ɖum le amewo me la, eye wòtrɔ subɔsubɔ ƒe ɖoɖowo ɖe ɣeyiɣiawo ƒe didi nu. Eku ɖe nusianu, si ate ŋu ana subɔsubɔ la na vivi, ayɔ amegeɖewo vɛ la ŋuti.” Le go bubu me, Nyadzɔdzɔgbalẽ “Independent of New York ƒe nuŋlɔla hã ƒo nu tso Metodist Hame la ŋuti gblɔ be; “Liƒo, si le mawuvɔlawo kple mawumavɔlawo dome la le ɖeɖem ɖa vivivi le viviti afã, si le dodom la me, eye akpa eveawo le ʋiʋlim vevie be yewoaɖe vovototo, si le woƒe wɔnawo kple vivisesewo dome la ɖa. Hame la ƒe didi be yeadze amesiame ŋu la na be wole ame geɖe, siwo le eƒe gomekpɔkpɔwo dim la, xɔm le esime womele klalo awɔ ɖe kristotɔnyenye ƒe dɔdeasiwo dzi nyateƒetɔe o.UGL 356.1

    Howard Crosby gblɔ be: “Ewɔ nublanui ŋutɔ be Hame la le adzɔge ʋĩi tso Kristo ƒe tameɖoɖowo ku ɖe eŋu la gbɔ. Abe alesi wònɔ na Yudaviwo be woƒe ɖekawɔwɔ kple trɔsubɔla dukɔwo te woƒe dziwo ɖa le Mawu gbɔ ene la, nenema ke Kristo ƒe Hame la, to hadede gbegblẽ kple dzimaxɔse xexe sia me la, te eɖokui ɖa tso Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe ɖoɖo vavã, si wòwɔ nɛ la ŋuti, heɖe asi le eɖokui ŋu na ameha, si si Kristo mele o la, ƒe numame vɔɖiwo wɔwɔ. Wole nusiawo wɔm kple taflatsɛ alo nyameɖeɖe, siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe ɖeɖefiawo o, ke wotsi tre ɖe tsitsi le gbɔgbɔ me ŋuti la.- The Healthy Christian, An appeal to the Church, p. 141, 142.-Ɣeɖuƒewo, fefewɔƒewo, numakɔmakɔɖeɖefia teƒewo, gakpɔkpɔɖeɖefia kple dɛ̃ ƒe gbegblẽmɔnuwo, nusiawo katã ge ɖe subɔsubɔ ƒe teƒe kɔkɔe la me. Wowɔna ɖe nubabla ɣeyiɣiwo dzi, heɖuna ŋutitoto ƒe ŋkeke la abe nuvɔ̃ mawo katã ƒe kɔklɔ ɖa ene. (373) …Satana ƒe beblemɔ, si ŋu dɔ wòwɔna xoxo la koe nye esia. Yudaviwo dze mɔtetré sia me. Roma hamea dze anyi le mɔ sia ke dzi, eye Protestant hamea hã nenemake.UGL 356.2

    Xexeme lɔlɔ̃ kple vivisese didi ƒe agbenɔnɔ, si xɔ afisiafi la, na be nugbegbe le ameɖokui gbɔ kple ɖokuitsɔtsɔ savɔ le lɔlɔ̃ na Kristo ta ƒe gbɔgbɔ bú keŋkeŋ. Hamevi ŋutsu kple nyɔnua ɖewo, siwo nye dɔwɔlawo le hamea me la, nye amesiwo, tso keke ɖevime ke, srɔ̃ alesi wowɔna nane, alo wotsɔa ame ƒe nunɔamesi wɔa vɔsa na Kristo ƒe dɔ la ƒe ŋgɔdede. Gake egbea la, ne wòanye be wohĩa homea ɖe na dɔa ɖe wɔwɔ le hamea me la, mele be woabia vɔsanudzɔdzɔ amea ɖeke o. Kpao! Mina míawɔ nu dzadzra, nu ŋeŋẽ, alo ŋkeke nyuie ɖuɖua ɖe, si anye modzakaɖenu.UGL 357.1

    Le eƒe ƒe-dzi nuƒoƒo me le ƒe 1873 me la, Wisconsin nutomedzikpɔla, Aƒetɔ Washburn, gblɔ be ehiã be woaɖe sea ɖe ɖe go ne woagba suku, siwo ga ƒe akɔdalawo xɔa tutuɖo le la. Wole afisiafi. Evana me be hamea ŋutɔ hã xɔa abosam ƒe dɔ wɔna ɣeaɖewoɣi ŋumakpẽtɔe. Nudzadzra wɔwɔ, dɔmenyo ƒe akɔdada, tɔmbola, hatsotso vovovowo ƒe hadzidziwo kple fefé bubuwo wɔwɔ na ga kpɔkpɔ, hena hamea ƒe kpekpeɖeŋu nana, alo dɔmenyuidɔa ɖe wɔwɔ, wo katã nye nuvɔ̃ ƒe tutuɖomɔnu. Esiawo katã nye gadidi to mɔ bɔbɔe dzi, eye womenye nu siwo ade ɖeviwo ƒe susu dzi o. Ne wɔna siawo mele eme o la, anye ne amewo maganɔ dua ƒe se siwo tsi tre ɖe akɔdada vovovowo, alo ga kpɔkpɔ dɔaɖekemawɔ ŋu la, dzi dam, abe alesi wòle fifia ene la o. Bubumea ɖewo, siwo hã dea asi wɔna siawo me la, nɔa dzi dem ƒo na wo ɖokui be wole ga, si wokpɔ le akɔdada kple fefe vovovo siawo me la, tsɔ ge na dɔmenyui wɔwɔ. Nutomedzikpɔla Washburn wú nu be mele be woaɖe mɔ be wɔna siawo, siwo le sɔhɛwo ƒe susu gblẽm la, wòayi edzi o.UGL 357.2

    Xexeme yome nɔnɔ ƒe gbɔgbɔ la xɔ hawo katã me. Le Aŋlisiwo de hã Osofo Robert Atkins ƒo nu tso nya sia ŋu le mawunyaa ɖe, si wògblɔ le London la me. Ebe dzɔdzɔenyenyeme vavãwo le vɔvɔm le anyigba dzi, eye amea ɖeke metsɔ ɖe le me o. Egbe ƒe xɔsemeʋulawo katã le ha ɖesiaɖe me nye xexemelɔlawo, xexemesrɔlawo, wolɔa dzidzeme geɖe kpɔkpɔ, dina bubudeameŋuwo. Woyɔ wo be woavakpe fu kple Kristo, ke wohea ɖe megbe ne wodo go mokaname ŋutɔ gɔhã. Megbedede, megbedede, megbedede; nɔnɔme sia koe le dzedzem kɔte le hameawo katã me. (374) Nenye ɖee wode dzesi nɔnɔme sia, nenye ɖee wosee le wo ɖokuiwo me la, anye ne mɔkpɔkpɔa ɖe anɔ anyi. Ke nublanuitɔe, wole adegbe ƒom be: “Yewonye kesinɔtɔwo, kesinɔnuwo le yewo si, eye naneke mehiã yewo o.” —Second Advent Library, tract No 39.-UGL 358.1

    Nuvɔ,̃ si wotsɔ bu fɔ Babilon la enye bena ena “dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ sesẽ ƒe dɔmedzui kplu la.” Kplu sia ƒe numuame, siwo le eme wòtsɔ na xexeame la, woenye nudadafiafia, siwo dzi wòɖo kpe le eƒe asitsatsa gbogboawo kple anyigbadzimegãwo me. Eƒe xɔlɔwɔwɔ kple xexea gblẽ eƒe xɔse la, eye eya hã, le eƒe akpa dzi, he gbegblẽ va xexea dzi to nu dadafiafia, siwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖiɖi vavãwo ŋuti la, fiafia me.UGL 358.2

    Roma xɔ Biblia le dukɔa si, hebia tso amegbetɔwo katã si be woaxɔ yeƒe nufiafiawo ɖe Agbalẽ Kɔkɔe la tɔwo teƒe. Ke Reformatio ƒe dɔdeasi la enye be wòagatrɔ Biblia va na amegbetɔwo keŋ. Gake ɖe menye nyateƒe wònye be le hawo katã me egbea, wole amewo fiam be woalí woƒe xɔse ɖe woaŋutɔwo ƒe dzixɔse kple hamea ƒe nufiafiawo dzi, ke menye ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea dzi o mahã? Charles Beecher gblɔ tso Protestant hameawo ŋuti be: “Wosena veve alo dona dɔmedzui ne wogblɔ nya sesẽa ɖe tsi tre ɖe woƒe nane dzi xɔse ŋuti, abe alesi wònɔ na katoliko nunɔlawo ne woƒo nu tso woƒe subɔsubɔ, siwo wotsɔna na ame kɔkɔewo kple martirowo la ŋu ene. Nyanyui-hame vovovoawo bla wonɔewo kple woawo ŋutɔ ƒe asiwo alegbegbe be, afisiafi, si nàyi la, màte ŋu azu mawunyagblɔla nenye be mèlɔ̃ xɔ woƒe agbalẽa ɖe dzi se kpe ɖe Biblia ŋu o. Menye nya ƒuƒlu ko wònye be nàgblɔ be hamea ƒe nane dzi xɔse ƒe ŋusẽ-ɖeɖefia gbãtɔ ye nye be wòatsi tre ɖe Biblia ŋuti, alesi ko Roma wɔnae vavã la ene o, negbe ɖe ko eya wɔnae kple ayedzedze.” —Mawunya ƒe tanya: “The Bible, Sufficient Creed.”- si wogblɔ le Fort Wayne, Indiana, Feb. 22 1846.-UGL 358.3

    Nenye be nufiala nuteƒewɔlawo le Biblia gɔme ɖem la, ameŋkutaa ɖewo kple nunɔla, siwo wɔa wo ɖokui Mawunya nyalawo la, tsia tre enumake ɖe woƒe nufiafiawo ŋuti heyɔa nyateƒe la be alakpanu, eye wokplɔa amesiwo nɔ nyateƒea dim la trana mɔe. Ne menye ɖee xexea katã le Babilon ƒe aha mum dziɖelameƒotɔe o la, anye ne ameha geɖewo xɔ Mawunya ƒe nyateƒe blibo, si gena ɖe ame ƒe dzi me la, eye wotrɔ dzi me. Evɔ, nublanuitɔe la, tɔtɔtɔtɔ va ge ɖe Kristo subɔlawo ƒe xɔse me alegbegbe be womeganya nusi dzi woaxɔ se gɔhã o. Ke xexea ƒe dzimematrɔ ƒe nuvɔ̃ la mlɔ anyi ɖe hamea ƒe ʋɔtru nu. Nyaɖeɖefia 14lia ƒe gbedeasia ɖi zi gbãtɔ le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli, eye wòyi na Amerika ƒe hameawo tɔxɛ. Afisia woɖe gbeƒã nyanyanagbedeasi ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ƒe vava ŋuti le, eye ame akpa gãtɔwo gbe gbedeasi la xɔxɔ, ale be gbegblẽ va hameawo me kpuie. Gake mawudɔla evelia ƒe gbedeasia mewú eƒe dɔwɔwɔ nu le ƒe 1844 lia me o. Susu me ƒe gbegblẽ xɔ hameawo me keŋ le esi wogbe Mɔkpɔlawo ƒe gbedeasia ƒe kekeli la ta. Gake woƒe anyidzedze la mede blibo haɖe o. Ke esi woyi edzi le ɣeyiɣi sia ƒe nyateƒe tɔxɛ, siwo wotsɔ na mí gbegbe dzi la, wole to yim ɖe dzi. Gake womate aŋu gblɔ haɖe be “Babilon mu,... elabe ena xexea katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la” o. Mekpɔna xexea katã wɔ esia o. Ɖekawɔwɔ kple xexeame kple ɖekematsɔleme na ɣeyiɣia ƒe dodokpɔ nyateƒewo gale edzi yim hele ŋusẽ kpɔm le Nyanyui hamea me le kristotɔwo ƒe duwo katã me, eye hame siawo katã ye Mawudɔla evelia ƒe nyanyananya dziŋɔ̃ la le yiyim na. Gake esi wòle alea hã, megbedede la mekpɔ ɖo eƒe kɔkɔƒe haɖe o.UGL 359.1

    Biblia gblɔ be hafi Kristo natrɔ va la, Satana “awɔ dɔ le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã, kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me”, eye amesiwo “mexɔ nyateƒe ƒe lɔlɔ̃ bene woaxɔ wo o la”, woadɔ “beble, si nu sẽ la aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase.” (Tesa.II, 2:9-11) . Hamea ƒe gege ade blibo le ɣeyiɣi, si me wòage ɖe nɔnɔme sia me, eye hamea kple xexea me ƒe ɖekawɔwɔ ava eme keŋkeŋ le kristotɔwo katã dome. Tɔtrɔ la le vavam vivivi, eye eƒe blibodede, abe alesi wogblɔe le Nyaɖeɖefia me ene la, gale ŋgɔ gbɔna. To gbɔ be gbɔgbɔme vivitiwo kple teteɖa tso Mawu ŋuti yɔ hameawo me hã la, Kristo ƒe yomedzela vavãwo gasusɔ le wo me. Geɖewo enye wo dometɔ, siwo mese míaƒe ɣeyiɣiawo ƒe nyateƒeawo ƒe ɖeke kpɔ o. Wo dome ame geɖewo mele dzidzɔ kpɔm ɖe nɔnɔme, si wole fifia ŋu o, eye wole mɔ kpɔm na nunya deblibo la. Wole Kristo ƒe nɔnɔme dim le hame, si nye wotɔ la me. Ke esi hameawo le ɖeka wɔm kple xexea hele tetem ɖa tso Nyateƒea ŋu la, vovototo, si le xexeamelɔlawo kple Nyateƒedilawo dome la le dzedzem ɖe dzi, eye le nuwuwu la, mamã ava eme godo. Ɣeyiɣi ava esime amesiwo lɔ̃ Mawu wú nuwo katã la magate ŋu alɔ̃ anɔ anyi kple amesiwo lɔ̃ vivisesewo wú Mawu, gake le mawusosroɖa ƒe nɔnɔme ɖem fia, gake gbe eƒe ŋusẽ la o.UGL 360.1

    Nyaɖeɖefia ta 18lia le nu ƒom tso ɣeyiɣi, si me, abe nugbegbe le ta 14lia ƒe gbedasi etɔawo gbɔ ƒe emetsonuwo enea, hame la anyrɔ̃ ɖe nɔnɔme, si ŋu dɔla evelia gblɔ nya ɖi le la, eye woayɔ mawuvi, siwo gasusɔ le Babilon me la be woado go. Gbedeasi sia ye lanye mamlɛ, si ayi na xexe blibo la, eye wòawɔ eƒe dɔdeasi la. Nenye be wogblẽ amesiwo “melɔ̃ nyateƒe la o, ke wokpɔ ŋudzedze le madzɔmadzɔ ŋu”, (Tesa.II, 2:12) ɖe vodada me, ale be woaxɔ alakpa dzi se la, ekem Nyateƒea ƒe kekeli la aklẽ na amesiwo katã ƒe dzi le ʋuʋu ɖi na exɔxɔ, eye Aƒetɔ la ƒe vi, siwo aganɔ Babilon me la, ase yɔyɔ sia :“Mido go tso Babilon me, nye dukɔ” (Nyaɖ. 18:4.)UGL 360.2

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents