Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    41—ANYIGBA LA ZU AƑEDO

    “…Elabena eƒe nuvɔwo kɔ yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi. Miɖo teƒe nɛ, abe alesi eya hã ɖo eteƒe na mi ene, miɖo teƒe nɛ teƒe eve le eƒe dɔwɔwɔwo nu, kplu, si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ. Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwɔ fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: «Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.» Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la, eƒe fukpekpewo ava edzi; Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ; elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye Ŋusẽtɔ. Eye anyigba dzi fia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la,… woafa avi, eye woafa konyi nɛ. Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: ‘Baba na wò, baba na wò Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.” (Nyaɖ. 18:5-10)UGL 625.1

    “…Eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti…” “Eye nusiawo ƒe adzɔdola, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti anɔ avi fam, anɔ gbɔgblɔm bena: “Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzĩ, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo gblẽ petepete.” (Nyaɖ. 18: 3, 15-17)UGL 625.2

    Esiawoe anye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ, si aƒo ɖe Babilon dzi le Aƒetɔ la ƒe dɔmedzui ŋkeke la dzi. Eyɔ nuvɔ̃ ƒe dzidze-kplu la nu. Eƒe ɣeyiɣi la ɖo, eɖi nyuie na tsɔtsrɔ̃ azɔ.UGL 625.3

    Le gaƒoƒo, si dzi Mawu ƒe gbe laɖe gbeƒã eƒe dukɔa ƒe ɖeɖe la, ŋku laʋu ŋɔdzitɔe na amesiwo bú nuwo katã le agbea ƒe ʋiʋli la me. Esime amenuve ɣeyiɣia gasusɔ li la, Satana ƒe beblewo gbã ŋku na wo, ale be wonɔa taflatsɛ dom na woƒe nuvɔgbenɔnɔ la. Kesinɔtɔwo do wo ɖokui ɖe dzi le woƒe tatɔnyenye na amesiwo xexeame meɖe mɔ na wo o la ŋuti; evɔ wònye be Mawu ƒe Seawo dzi dada mee woto zu hotsuitɔwo hafi. Woɖe kɔ le amesiwo dɔ nɔ wuwum la ŋuti; wogbe awu dodo na amesiwo tsi amama la. Wotsri nu dzɔdzɔewɔwɔ, eye wolé fu nublanuikpɔkpɔ. Wodi wo ɖokui dodo ɖe dzi kple wo haviwo ƒe bubudeameŋu xɔxɔ vevie. Ke azɔ la, woxɔ nusianu, si do kɔkɔ wo la le wosi, wobú nusianu, xɔnamea ɖeke megali o. Ŋɔdzi lé wo, esi wokpɔ woƒe legba, siwo wolɔna wú woƒe Wɔla la tsrɔ̃ keŋ. Wodzra woƒe luʋɔ na xexeame ƒe vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔwo, ke womedi kpɔ gbeɖe be yewoanye kesinɔtɔwo na Mawu o. Emetsonuwo koe nye agbenɔnɔ ƒe agbaɖuɖu, vivisesewo ƒe tɔtrɔ zu veve heliheli sese kple kesinɔnuwo ƒe ɣebialéle alo akaɖadzedze. Nusiwo katã woƒo ƒu na wo ɖokui le agbea katã me la ƒo ya le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Hotsuitɔwo le konyi fam esi wokpɔ woƒe xɔ gãgãwo mu keŋ, eye woƒe sika kple klosalowo ka hlẽ ƒioƒioƒio. Ke woƒe avifafa zu dzodzonyanya, esi wokpɔ be yewo ŋutɔ hã yewo le tsɔtsrɔ̃ ge kpe ɖe yewo ƒe legbawo ŋuti.UGL 625.4

    Ame vɔɖiwo yɔ kple nuxaxa, ke menye ɖe woƒe ɖekematsɔleme na Mawu kple na wo haviwo ƒe fɔɖiɖi ta o, ke boŋ ɖe alesi Mawu ɖu dzi la ta. Woxa nu be nuawo va me alesi wova me la ta, ke menye ɖe woƒe vɔɖivɔɖi ta o. Nenye mɔnu ɖesiaɖe, si woate ŋu ato akpɔ dziɖuɖu li la, woawɔ eŋuti-dɔ godo.UGL 626.1

    Xexeame kpɔ amesiwo ŋuti woɖu fewu le, amesiwo woko vevie, eye wodi be yewoatsrɔ̃ ɖa gɔ̃ hã la, to ahomya gã la me, anyigbaʋuʋu kple dɔ vɔwo me dedie. Amesi nye dzobibi na eƒe Sea dzidalawo la, nye dedienɔnɔ ƒe bebeƒe na eƒe dukɔ la.UGL 626.2

    Nyanyuia ƒe nunɔla, si tsɔ Nyateƒe la sa vɔ, be ne yeadze amegbetɔwo ŋu la, ke ɖe eƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo ƒe metsonuwo ŋuti azɔ. Ede dzesii be Nuwokatãnyala ƒe ŋkua ɖe nɔ ye yome, esime yenɔ ŋutilã me, nɔ mɔwo dzi tom, eye yenɔa ɖeka wɔm kple amegbetɔwo le agbe ƒe wɔna vovowo me. Eƒe luʋɔ ƒe seselelãme ɖesiaɖe, nya sia nya, si wòŋlɔ, si hã wògblɔ, nusianu, si wòwɔ, si na be amewo tsɔ alakpa wɔ woƒe bebeƒee la, nusiawo katã nye nuku, siwo wòƒã ɖi la. Ke azɔ, le luʋɔ, siwo katã ƒo xlãe me la, ele eƒe nuŋẽŋẽwo kpɔm.UGL 626.3

    Ale Yehowa gblɔ enye si: “Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa, evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi.” (Yes. 8:11) Esi mietsɔ alakpa do nuxaxa na ame dzɔdzɔe ƒe dzi, evɔ wònye nyemedi be mado nuxaxa nɛ hafi o, eye miedo nusẽ ame vɔɖi ƒe asi, be magatrɔ tso eƒe mɔ vɔɖi dzi ne wòatsi agbe o …” (Xez.13:22) UGL 627.1

    “Baba na lãkplɔvi, siwo tsrɔ̃ nye lãnyiƒe ƒe alẽwo, eye woka wo hlẽ la! …” Eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔɖiawo ta.” “Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de. Ne woawu mi,..” “Sitsoƒe abú ɖe lãkplɔviwo, eye sisi abú ɖe lãha ƒe bubumewo.” (Yer. 23:1,2; 25:34, 35)UGL 627.2

    Nunɔlawo kple dukɔa akpɔ azɔ be yewomenɔ kadede nyui me kple Mawu o. Wode dzesii be yewodze aglã ɖe Amesi de Se dzɔdzɔe, si nyo la ŋuti. Nugbegbe le Mawu ƒe sededewo gbɔe nye dzɔtsoƒe na vɔ̃ akpeakpewo abe domemasɔmasɔ, fuléle, vodada geɖewo ƒomevi, siwo ƒo ɖe anyigba dzi, ale gbegbe be xexeame vatrɔ zu aʋagbedzi kple gbegblẽ ƒe aƒedo. Nusia ŋuti amesiwo gbe Nyateƒe la hetia lelé ɖe nuvɔ̃ ŋuti la ke ɖo. Nu mate ŋu agblɔ didi, si va tosẽla kple aglãdzelawo me azɔ, na nusi wobú gbidigbidi, si nye agbe mavɔ la o. Fifia la, amesiwo xexeame subɔna le woƒe talentowo kple nu nyaƒoƒo ta la, kpɔ nusiawo katã, alesi wole ŋutɔ ŋutɔe. Wokpɔ nusi wobú to nuvɔ wɔwɔ me la, eye wodze klo na amesiwo wolé fu tsã, siwo ƒe nuteƒewɔwɔ ɖi kokoe na wo la, eye woʋu eme be Mawu lɔ̃ wo vavã.UGL 627.3

    Amewo kpɔ be woble yewo vevie. Wole fɔ búm wonɔewo ɖe tsɔtsrɔ, si me yim wole la ta; gake wo katã wokpɔ be fɔbubu gãtɔa yi na woƒe nunɔla, siwo ŋuti wotsɔ nya ɖo kple vevesese heliheli. Osɔfo nuteƒemawɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo nye nusiwo vivia ame nu ko; wokplɔ woƒe nyaselawo yi ɖekematsɔleme na Mawu ƒe Nya la gbɔe, eye wona be woati Sea dziwɔlawo yome. Ke azɔ la, mɔkpɔkpɔ abú ɖe kplɔla siawo, eye woaʋu woƒe amebebledɔ la me le xexeame ƒe ŋku me. Ame akpeakpewo kpɔ dziku ŋutɔ, eye wodo ɣli be: “Evɔ na mí; míetsrɔ, eye miawoe na míetsrɔ!” eye wotsi tre ɖe alakpa-lẽkplɔlawo ŋuti vevie. Wo amesiwo kpɔa ŋudzedze le kplɔla siawo ŋu, dea bubu wo ŋuti tsã la, woawoe nye si le fiƒode sesẽ, vɔɖiwo ƒom ɖe wo dzi azɔ. Asi, siwo ɖɔa seƒoƒo kukuwo na kplɔlawo la, woawo kee woagado ɖe dzi na woƒe tsɔtsrɔ. Yi, siwo wodzra ɖo ɖi na Mawu ƒe viwo wuwu la, woawoe wotrɔ ɖe mawuvi siawo ƒe futɔwo dzi. Ʋiʋli kple ʋukɔɖi xɔ afisiafi.UGL 627.4

    “Howɔwɔ de anyigba ƒe mlɔenu; elabena Yehowa le avu wɔm kple dukɔwo, ele ʋɔnu drɔm ŋutilãwo katã, eye woatsɔ ame vɔɖiwo ade asi na yi, Yehowa ye gblɔe.” (Yer. 25:31) Ƒe akpe adẽ sɔŋ enye si, esi ʋiʋli gã la nɔ edzi yim. Mawu ƒe Vi la kple eƒe dziƒodɔlawo ʋli kple vivitime ŋusẽwo, gblɔ gbedasi, si ʋu ŋku na amegbetɔviwo, hena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ la. Ke azɔ la, amesiame wɔ eƒe tiatia hetso nya me na eɖokui, eye wode dzesi ame vɔɖiwo kɔtee be wowɔ ɖeka kple Satana ho aʋa ɖe Mawu ŋuti. Ke ɣeyiɣi la de azɔ be Mawu nabia hlɔ̃ ɖe eƒe Se la ƒe ŋusẽ, si dzi wotu afɔe la ta. Azɔ la, aʋa la megale Mawu kple Satana ɖeɖe dome o, ke ele Mawu kple amegbetɔviwo hã dome. “Yehowa le avu wɔm kple dukɔwo, ele ʋɔnu drɔm ŋutilãwo katã, eye wòatsɔ ame vɔɖiwo ade asi na yi.”UGL 628.1

    “Wode ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm la ŋuti.” Ke azɔ la, ele na ku ƒe dɔla, si woɖe fia Xezekiel, abe amesiwo lé amewunu ɖe asi me ene la be, woate va, eye wòawɔ nya sia dzi bena: “Miwu amegãɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye Kɔkɔeƒe la gbɔ.” (Xez. 9:1-6 ). Nyagblɔɖila la be: “Tete wodze egɔme ɖe ame tsitsi, siwo le aƒea ŋgɔ la ŋu.” Tsɔtsrɔ-dɔ la dze egɔme tso amesiwo le wo ɖokui yɔm be dukɔa ƒe gbɔgbɔme kplɔlawo la dzi. Aʋatso-gbetakpɔlawoe nye ame gbãtɔ, siwo wowu. Womekpɔ nublanui na amea ɖeke o. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖetugbiwo kple ɖeviwo katã tsrɔ̃ keŋkeŋ.UGL 628.2

    “Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ̃ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.” (Yes. 26:21 ) Hiãkame, si Yehowa le hehe ge ava dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yehowa ŋu dzi la, enye si: Lã aƒaƒã ɖe ŋuti na amesiame, esime wogale tsitrenu ko, ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo. Le ɣemaɣi la, Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame ale ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu. (Zax. 14: 12, 13). Anyigbadzi-mevɔɖiawo katã, nunɔlawo, dukplɔlawo kple dukɔmeviwo, gatɔwo kple amedahewo, amegãwo kple ame gblɔewo, wo katã le tsɔtsrɔm̃ le woawo ŋutɔ ƒe aɖaʋa-hlɔ̃ ƒe dzoléle ɖe wonɔewo ŋu me, kple Mawu ƒe dziku, si nu sẽ la, ƒe kɔkɔ ɖe wo dzi nublanuimakpɔe la nu. “Yehowa ƒe amesiwo wòwu, le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu o, eye womaɖi wo o, eye woazu aɖuɖɔ le agble me.” (Yeremya 25:33) UGL 628.3

    Yesu ƒe vava la aɖe ame vɔɖiwo ɖa le anyigba la ŋku me, elabena eƒe nu me gbɔgbɔ kple eƒe ŋutikɔkoe ƒe keklẽ afiã wo, atsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Ekema Kristo akplɔ eƒe dukɔ la ayi Mawu ƒe Du la me, eye anyigba atsi ƒuƒlu tso edzinɔlawo si me. “Kpɔ ɖa, aɖi gbɔlo anyigba, eye wòagblẽe, atrɔ eƒe ŋku me abu anyi, eye wòaka edzinɔlawo ahlẽ…Woaɖi gbɔlo anyigba ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ, elabena Yehowa gblɔ nya sia… wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda Seawo dzi, woto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu Nubabla mavɔ la. Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afiã kolikoli, eye amegbetɔ ʋea ɖewo koe asusɔ. (Yes. 24:1, 3, 5, 6).UGL 629.1

    Anyigba katã tsi ƒuƒlu abe gbedadaƒo ene. Du gãwo kple kɔƒe- du, siwo katã gbã le anyigbaʋuʋu me, ati, siwo ho kple ahlihã- kpe, siwo fẽ ɖa le agakpewo ŋuti, eye ahomyawo lɔ ɖe nu, kple esiwo ho tso anyigba me, woenye siwo katã kaka ɖe afisiafi, hekpe ɖe agado gãgã, siwo to kple togbɛ, siwo ho ɖa le woteƒe la gblẽ ɖi. Azɔ la, nusi dzɔna le avuléŋkeke-nyui gã la dzi, si wogblɔ ɖii la, ava me. Ne wowu kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe ŋukɔkɔ kɔnua nu, eye woklɔ Israel ƒe nuvɔwo ɖa le agbadɔ-xɔ la ŋuti to nuvɔ̃ vɔsa ƒe ʋua ŋu dɔ wɔwɔ me la, ekema wokplɔna gbɔtsu gbagbe, si nye Asasel tɔ la, vana Mawu ŋku me, eye le dukɔa katã ƒe ŋku me la, Nunɔlagã “ʋua Israelviwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔwo katã me kɔna ɖe gbɔtsu la ƒe ta dzi.” (Mose III, 16:21) (642) Nenema ke wòanɔ be ne wokɔ dziƒo ƒe nɔƒe kɔkɔe la ŋuti vɔ la, ekema le Mawu kple mawudɔla kɔkɔeawo kple ɖeɖekpɔlawo ƒe ha gã ŋku me la woatsɔ Mawu ƒe dukɔa ƒe nuvɔwo akɔ ɖe Satana ƒe ta dzi. Eye woaɖe gbeƒã le eŋu be eɖi fɔ le nusiwo katã nye nuvɔ̃ wòna mawuviwo wɔ la me. Eye abe alesi wokplɔna gbɔtsu, si dzi wokɔ nuvɔwo katã ɖo la ɖona ɖe gbedadaƒoe ene la, nenema ke Satana ɖeka latsi anyigba doviviti, ɖovɔvɔ, si zu ƒuƒlu, si dzi amegbetɔa ɖeke megale o la dzi.UGL 629.2

    Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋlɔla gblɔ Satana ƒe babla kple eƒuƒu gbe ɖe gaxɔ me kple anyigba ƒe nyamanɔnɔ ƒe nya la ɖi, eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be nɔnɔme sia anɔ anyi ƒe akpe ɖeka. Esi wògblɔ Yesu ƒe vava zi evelia dzi nudzɔdzɔwo, kple ame vɔɖiwo ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi vɔ la, nyagblɔɖila gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Eye mekpɔ mawudɔlaa ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋlime safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wòtu nu ɖe enu, eye wòtré enu bena ne wòagable dukɔwo o, halase ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la, ele be woagatui ɣeyiɣi via ɖe. (Nyaɖ. 20: 1-3) UGL 630.1

    Nusi woyɔ le afisia be aʋlime lae nye anyigba ƒe nyamanɔnɔ esi nuwo katã agbã, eye nuwɔwɔa ɖeke maganɔ tenu le edzi o kple viviti, si ayɔ edzi la. Ŋɔŋlɔawo gaƒo nu nyuie tso nɔnɔme sia ŋu le teƒe bubuwo. Le eƒe nuƒoƒo tso anyigba ƒe nɔnɔme ŋu le gɔmedzedzea me la, Biblia gblɔ be: “Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la dzi. (Mose I, 1: 2) . Nyagblɔɖiawo le efiam be anyigba ƒe nɔnɔme, si wòanɔ ne wotsrɔe la, ne megale pɛpɛpɛ abe le gɔmedzedzea me ene o hã, aɖii geɖe. Esi Nyaglɔɖila Yeremya tsɔ ŋku fla ƒe akpeakpewo ta hekpɔ Mawu ƒe ŋkeke gã la ɖa la, egblɔ be: “Meɖe ŋku ɖe anyigba, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu; meɖe ŋku ɖe dziƒo, kekelia ɖeke meli o. Meɖe ŋku ɖe towo, kpɔ ɖa, wole dzodzom kpekpekpe, kple togbɛwo katã, kpɔ ɖa, wole ʋaʋãm. Meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, amegbetɔa ɖeke megali o, eye dziƒoxewo katã dzo yi. Meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, anyigba wɔnu zu gbegbe, wogbã eƒe duwo katã le Yehowa ŋgɔ, le eƒe dɔmedzoe ƒe bibi ta. Elabena ale Yehowa gblɔ esi: “Anyigba blibo la azu gbegbe, ke nyemagblẽe gbidigbidi o.” (Yer.4: 23-27)UGL 630.2

    Afimae anye Satana kple eƒe dɔla vɔɖiawo ƒe nɔƒe le ƒe akpe ɖeka la me. Esi wònye be anyigba sia, si dzi wogblẽ nu le la, zu eƒe liƒo kple gaxɔ la, mate ŋu ayi xexeme bubua ɖeke, afisi nuwɔwɔ gbagbe, siwo mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o la le me, be yeate wo akpɔ alo ado nuƒo na wo o. Alesi woblae la enye sia. Amea ɖeke megale agbe le anyigba sia dzi, si ŋuti wòawɔ eƒe ŋusẽ ŋuti dɔ le o. Wɔna vɔ le eŋu keŋkeŋ, ale be magate ŋu ayi eƒe ameble-dɔ kple nugblẽ-dɔ, siwo wɔwɔ do dzidzɔ nɛ le ƒe akpe akpewo me la, dzi azɔ o. Esi Nyagblɔɖila Yesaya kpɔ ɣeyiɣi, si dzi woava mu Satana aƒu anyi le ɖaa la, edo ɣli be: “Wò ŋkeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si. Wò amesi té dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, malí nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mía kple Dziƒoʋĩtɔ la míanɔ tasɔsɔ me. Woatutu wò aƒu tsiẽƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me. Amesiwo kpɔ wò la, aɖe ŋku ɖe wò, agaɖe ŋku ɖe wò ʋuu, agblɔ bena: Ŋutsu, si na anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo la, nye esia? Amesi wɔ xexeame wòzu gbegbe, gbã eƒe duwo ƒu anyi, eye meɖe asi le eƒe aboyomewo ŋu, ɖo ɖe aƒe o la, nye esia?’ (Yes. 14: 12-17) UGL 631.1

    Satana ƒe aglãdzedze la ʋuʋu anyigba le ƒe akpe adẽ sɔŋ me. Ena anyigba zu gbegbe, eye wògbã eƒe duwo, eye meɖe asi le eƒe aboyomewo ŋuti o. Le ƒe akpe adẽ me la, eƒe gaxɔ la xɔ Mawu ƒe viwo, eye ne menye Kristoe va ɖe ga wo o la, anye ne wozu eƒe aboyonu ɖaa. Satana magate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame vɔɖiwo gɔ̃ hã dzi o. Eya ŋutɔ kple eƒe dɔla vɔɖiawo koe latsi anyi, akpɔ fiƒode, siwo nye woƒe nuvɔ̃ ƒe metsonuwo la teƒe. “Anyigba dzi dukɔwo ƒe fiawo katã la, wo katã womlɔ anyi le bubú me, wo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ɖiƒe, ke wotsɔ wò ya ƒu gbe tso wò yɔdo gbɔ, abe atilɔ si, wotsɔ ƒu gbe ene…Màsɔ kple woamawo le yɔ me o; elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò dukɔ… ” (Yes. 14:18,20). Le ƒe akpe ɖeka me, Satana anɔ tsaglãla tsam le anyigba ƒuƒlu la dzi, anɔ eƒe aglãdzedze ɖe Mawu ƒe Se la ŋuti ƒe metsonuwo kpɔm. Ɣemaɣi me la eƒe fukpekpewo aɖo woƒe kɔkɔƒe. Tso esime woƒoe ƒu anyi la, dɔwɔwɔ madzudzɔmadzudzɔ ƒe agbe, si wònɔ la, meɖe mɔ nɛ be wòabu tamea ɖeke ɖeke kura o; ke azɔ la, eƒe ŋusẽ la vɔ keŋkeŋ, ale be ekpɔ vovo atsa ŋku le dɔ, si wòwɔ, tso gbesigbe wòdze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋuti la, eye wòatsɔ dzodzonyanya kple vɔvɔ̃ anɔ tame bum tso ŋɔdzinu, si le eŋgɔ gbɔna la, ŋuti esime wòavakpe vɔ,̃ siwo wòwɔ la ƒe fu kple esiwo katã wòna amewo wɔ la ƒe fetu. Satana ƒe gaxɔmenɔnɔ anye dzidzɔ kple aseyetsotso ƒe mɔnu na Mawu ƒe dukɔ la. Nyagblɔɖila la be: “Eye ava me le gbesigbe Yehowa ana gbɔdzɔe wò tso wò fuɖeɖewo kple hiãkakawo kpakple dɔ sesẽ, siwo wotsɔ do kluvi wò me la, be àdo hame- lo sia ɖa ɖe Babel-fia Satana ŋu agblɔ be: “Funyafunyawɔwɔ nu tso, eye ŋutasesẽ wu enu!. Yehowa ŋẽ ame vɔɖiwo ƒe ati, dziɖulawo ƒe atikplɔ, si ƒo dukɔwo le dziku me atraɖi, si té anyigbadzidukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me heti wo yome madzudzɔmadzudzɔe la.” (Yes. 14: 3, 6).UGL 631.2

    Le ƒe akpe ɖeka, si anɔ anyi le tsitretsitsi gbãtɔ kple tsitretsitsi evelia dome la, ame vɔɖiwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava me. Apostolo Paulo ƒo nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ŋu be anye nyadzɔdzɔa ɖe, si adze Aƒetɔ la ƒe vava yome. “Migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase ɖe esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye woaɖe dzime-ɖaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.” (Korint. I, 4:5). Daniel ɖe gbeƒã be: “Mlɔeba la, Amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo. (Dan. 7:22). Tso ɣemaɣi me la, ame dzɔdzɔeawo ɖu fia abe fiawo kple nunɔlawo ene le Mawu ŋku me. Apostolo Yohanes gblɔ le me be: “Eye mekpɔ fiazi-kpuiwo, eye wobɔbɔ nɔ wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; …eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖ. 20:4,6). Abe alesi Paulo gblɔe ene la, ɣemaɣi mee ame dzɔdzɔeawo adrɔ̃ ʋɔnu xexeame. (Korint. I, 6:2, 3). Woakpe ɖe Kristo ŋuti, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame vɔɖiawo, esime woanɔ woƒe mɔzɔzɔwo tsɔm anɔ sɔsɔm kple Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea me ƒe sededewo nu, ahanɔ kpe ɖom amesiame ƒe nya dzi le alesi wònɔ agbea le ŋutilãmenɔɣi la nu. Eye ne woɖo kpe ame vɔɖia ɖe ƒe tohehe, si dze nɛ dzi le alesi eƒe dɔwɔwɔwo le la nu vɔ la, woŋlɔnɛ ɖe eƒe ŋkɔ la nu le kugbalẽa me.UGL 632.1

    Yesu kple eƒe dukɔa adrɔ̃ ʋɔnu Satana ŋutɔ kple eƒe dɔlawo hã. Paulo be: “Mienyae bena míadrɔ̃ ʋɔnu mawudɔlawo oa?” Yuda hã gblɔ kpe ɖe eŋu be: “…Mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ.” (Yuda 6).UGL 633.1

    Tsitretsitsi evelia, si anye ame vɔɖiwo tɔ la, ava le ƒe akpe ɖeka ƒe nuwuwu, eye woado ɖe Mawu ŋku me hena ʋɔnudɔdrɔ̃ nya, si wogblɔ ɖi tso wo ŋuti la ƒe nyametsotsoawo sese. Ale, esi wògblɔ ame dzɔdzɔeawo ƒe tsitretsitsi ŋu nya megbe vɔ la, Yohanes yi edzi be: “Ame kuku mamleawo la, womegbɔ agbe o, vaseɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu va yi.” (Nyaɖ. 20:5). Yesaya hã gblɔ tso ame vɔɖiawo ŋuti be: “Woaƒo wo nu ƒu abe gatɔwo ene ɖe do me, eye woatú gaxɔ ɖe wo nu, eye le ɣeyiɣi geɖe megbe hafi woaɖo ŋku wo dzi.” (Yes. 24:22) UGL 633.2

    ----------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents