Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    29—NUVƆ̃ ƑE DZƆTSOƑE

    Le ame geɖewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, nuvɔ̃ ƒe dzɔtsoƒe kple nusi ta wòle anyi ɖo la nye nya, siwo he tɔtɔtɔtɔ va amewo ƒe susu me. Wokpɔa nuvɔ̃ ƒe dɔwɔwɔwo, vevesesewo kple dziɖelameƒo, siwo nye emetsonu dziŋɔwo la, eye wobia wo ɖokui se be aleke wɔ nusiawo katã ate ŋu anɔ anyi le amesi nye Nunya, Ŋusẽ kple Lɔlɔ̃ Mavɔtɔ la ƒe dziɖuɖu me mahã ? Nusia nye nuɣaɣlaa ɖe, si ƒe gɔmeɖeɖe bú ɖe wo. Eye le woƒe dzimaxɔse kple ɖikekewo me la, Nyateƒe, siwo woɖe fia ɖikekemanɔmee le Mawunya me, siwo hiã vevie na ɖeɖekpɔkpɔ la, mesu wosi o. Ke bubuawo, le woƒe numekuku ku ɖe nuvɔ̃ ƒe anyinɔnɔ ŋuti me la, wodze agbagba be yewoake ɖe nusi Mawu meɖe fia kpɔ o la ŋuti, eye le esia wɔwɔ me la, womete ŋu kea ɖe woƒe xaxawo ƒe ŋutiɖoɖowo ŋu o. Ne ele alea la, amesiwo me ɖikeke ƒe gbɔgbɔ le xoxo la tsɔa nusia wɔa taflatse hegbea nu le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo gbɔ. Bubuawo mete ŋu wɔa susu nyuia ɖeke ku ɖe nuvɔ̃ ƒe xaxa gã la ŋu o, elabena dekɔnuwo kple nugɔmeɖeɖe gbegblẽwo he viviti tsyɔ̃ Biblia ƒe nufiafiawo ku ɖe Mawu ƒe dɛ̃, eƒe dziɖuɖu ƒe nɔnɔme kple eƒe seselelãme ku ɖe nuvɔ̃ ŋu la dzi. Womate ŋu akpɔ gɔmeɖeɖe na nuvɔ̃ ƒe tsoƒe, si aɖee fia be ele me be nuvɔ̃ nanɔ anyi o. Gake nusi gɔme míate ŋu ase tso nuvɔ̃ ƒe dzɔdzɔme ŋu kple emetsonuwo le nuwuwu ŋuti la, su xoxo be míakpɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe dɔmenyo le eƒe wɔnawo ku ɖe nuvɔ̃ ŋuti la me. Nuvɔ̃ ƒe xexeame vava metso Mawu gbɔ kura o ; nufifia bubua ɖeke mele Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me, si dze ƒã wú esia o. Nugbegbe le Mawu ƒe amenuvevea gbɔ, alo vodadaa ɖeke metso Mawu ƒe fiaɖuɖu me, esi ana be womakpɔ ŋudzedze le eŋuti alo adze aglã ɖe eŋuti o. Nuvɔ̃ nye nane, si va tra ɖe me ko.UGL 460.1

    Nukunu nane wònye, si gɔmesese meli na o. Taflatsedodo nɛ hã le abe eta ʋiʋli ene. Nenye be ɖe woate aŋu akpɔ taflatsea ɖe nɛ, alo gɔmesesea ɖe na eƒe anyinɔnɔ la, anye ne adzudzɔ eƒe nuvɔɖinyenye. Nuvɔ̃ ƒe gɔmeɖeɖe ɖeka hɔ, si li la, enye esi wona le Mawunya la me ; eyae nye “sedzimawɔmawɔ”. Enye ɖoɖoa ɖe, si tsi tre ɖe lɔlɔ̃ ƒe Se gã, si nye Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe gɔmeɖokpe la, ƒe ɖeɖe fia.UGL 460.2

    Hafi nuvɔ̃ nava la, ŋutifafa kple dzidzɔ ɖu fia le xexea katã me. Nusianu nɔ ɖekawɔwɔ blibo kple Wɔla ƒe lɔlɔnu me. Lɔlɔ̃ na Mawu ƒo nuwo katã ta. Dziƒonɔlawo ƒe lɔlɔ̃ na wonɔewo hã mewɔe be amea ɖe nado nɔvia ɖe dzi ɖe ehavi bubu ŋu o. Kristo, Nya la, Mawu ƒe Tenuvi la, le ɖeka kple Fofo mavɔ la; ɖekanyenye le nɔnɔme me, ɖekanyenye le dɛ̃ kple taɖodzinuwo me. Le xexeame katã me, eya ɖeka koe te ŋu nɔa Mawu ƒe ɖekanyenye kple ɖoɖowɔwɔwo katã me. To Kristo dzi ye Mawu wɔ dziƒonɔlawo katã. “Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo…eɖanye fiazikpuiwo o alo aƒetɔnyenyewo o ; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o…” (Kol. I : 16 ). Kristo kpɔ ŋusẽ ɖe dziƒoa katã dzi abe Fofo la ke ene. Esi wònye be lɔlɔ̃ enye Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe gɔmeɖokpe la, nuwɔwɔwo katã ƒe dzidzemekpɔkpɔ ku ɖe woƒe ɖekawɔwɔ kple eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe ɖoɖo gãwo ŋuti. Mawu ƒe didi enye be nuwɔwɔwo katã ƒe subɔsubɔ nanye nusi nɔ anyi ɖe lɔlɔ̃ dzi, ɖe bubu nana, si tso alesi wodze si eƒe dɛ̃ nunyatɔe, eye wokpɔa dzidzɔ ɖe eŋu la dzi. Mekpɔa dzidzɔ le teteɖamedzi ƒe subɔsubɔ ŋu o, eye wòna ablɔɖe amesiame be wòate ŋu asubɔ ye kple lɔlɔnu faa.UGL 461.1

    Ke nuwɔwɔa ɖe ya tia be yeahe gbegblɛ̃ va ablɔɖe, si wona la dzi. Nuvɔ̃ kpɔ emevava to amesi kplɔ Kristo ɖo le Mawu ƒe bubudeameŋu me la dzi ; to amesi ƒe ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe kplɔ Kristo tɔ ɖo le dziƒonɔlawo dome la dzi. Hafi wòakpɔ anyidzedze la, Lusifa nye kerubi dzikpɔla, si ŋu nuɖiaɖiaa ɖeke menɔ o. “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi : Ŋkɔ-sigɛ, si wodzidze wòsɔ, nenye, nunya bɔ ɖe asiwò, eye wò nyonyo teƒe mekɔ o. Enɔ Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò…Enye Kerubi keke aʋala me, metsɔ wò ɖo Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nezɔ dzokpewodome. (480) Dzuƒe menɔ wo zɔzɔme ŋu tso gbesigbe wowɔ wò, vaseɖe esime wokpɔ nu madzɔmadzɔ le ŋuwò o.” (Xezekiel 28 ; 12-15 )UGL 461.2

    Anɔ bɔbɔe be Lusifa nanɔ gome kpɔm didie le Mawu ƒe dɔmenyo me, be dɔlawo ƒe aʋakɔwo katã nanɔ elɔm, anɔ bubu dem eŋu ɖaa, eye bena eyama hã nanɔ eƒe nunana gãwo ŋu dɔ wɔm na ehaviwo ƒe nyona kple na eƒe Wɔla ƒe ŋutikɔkɔe. Gake, kpɔ ɖa, nusi Nyagblɔɖila gblɔ tso eŋu la enye esi : ” Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, ètsɔ wò nunya de aka le wò atsyɔ̃ ta. (Xezekiel 28 : 17 ) Eye vi, vi, vi la, Lusifa ƒe didi be yeakɔkɔ wú teƒe, si nye yetɔ la nɔ gã dom ɖe edzi. « Egblɔ le wò dzi me be : “Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi.[… ] Malia alilikpowo ta me, eye mía kple Dziƒoʋitɔ la míanɔ tasɔsɔ me. » (Yes.14 : 13, 14) Le esime wòle be wòadi be lɔlɔ̃ kple toɖoɖo Mawu natsi ɖe dzi le yeƒe dzi me, le eƒe nuwɔwɔwo me la, Lusifa wɔ ŋutete geɖe be yeahe wo va yeŋutɔ yeƒe subɔsubɔ me, eye be yeana woatsɔ bubu na ye boŋ. Le eƒe ŋubiã, si le eyama me ɖe bubu geɖe, si Fofo Mavɔ la dea Via ŋu ŋuti ta la, dɔlawo ƒe fiavi sia di vevie be ŋusẽ, si me Kristo ɖeka kpɔ gome le la, nasu ye hã ye si.UGL 461.3

    Dziƒodɔlawo katã kpɔa dzidzɔ le Wɔla ƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖefia kple eƒe kafukafu me. Eye, zi alesi bubudede Mawu ŋu nɔ edzi yim nyuie la, nusianu nye ŋutifafa kple dzidzɔ sɔŋ. Ke, gbeɖeka la, gbeɖiɖi tovoa ɖe va he tɔtɔtɔtɔ ge ɖe dziƒo ƒe ɖekawɔwɔ ƒe vivisese sia me. Ɖokuilɔlɔ̃ kple ɖokuidodoɖedzi, siwo nye nusiwo tsi tre ɖe Wɔla ƒe ɖoɖowo ŋu la, nyɔ viviti susuwo le amesiwo me Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒo nuwo katã ta le la ƒe tame. Dziƒo ƒe ƒuƒoƒowo katã ɖe nya me kple Lusifa. Mawuvi la tsɔ Wɔla ƒe gãnyenye, dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple eƒe Seawo ƒe kɔkɔenyenye kple matrɔmatrɔnyenye la ɖo ŋkume na eyama. Mawu ŋutɔe wɔ ɖoɖowo na dziƒo. Ke ne Lusifa ate ɖa le wo ŋuti la, edo vlo eƒe Wɔla, eye nusia ahe tsɔtsrɔ̃ va eyama ŋutɔ dzi. Toklã, si wowɔ nɛ le lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ me la, menyɔ naneke le eyama me wú kɔlialia ƒe gbɔgbɔ o. Lusifa ɖe asi le eɖokui ŋuti ale be eƒe ŋuʋaʋã ɖe Yesu ŋu gado gã ɖe dzi eye wòga sẽ to sesiẽ.UGL 462.1

    Dada gã, si ɖo eyama me le ŋutikɔkɔe, si nɔ esi ta, na be wòdi vevie be yeazu gãtɔ kekeake. Lusifa mebu teƒe kɔkɔ, si Mawu nɛ la abe nunana gãa ɖe tso yeƒe Wɔla gbɔ ene o, eye mesusu hã be edze be yeada akpe le eta o. Ke bɔŋ edoa eɖokui ɖe dzi le eƒe nyonyo kple kɔkɔƒe, si woɖoe la ta, eye wòdi hã be yeasɔ kple Mawu. Dziƒoʋakɔwo lɔnɛ eye wodea bubu eyama ŋu. Dɔlawo kpɔa dzidzɔ le eƒe gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ me, eye eƒe ŋutikɔkɔe kple nunya lolo wú woamawo tɔ. Gake Mawuvi la enye Aƒetɔ, si wodze si le dziƒoa, eye wòle ɖeka kple Fofo la le dziɖuɖu kple ŋusɛ̃ me. Kristo nɔa Mawu ƒe aɖaŋudedewo katã me eye mɔɖeɖe meli na Lusifa be wòanɔ Mawu ƒe ɖoɖowɔwɔwo teƒe o. Dɔla sesẽ sia bia eɖokui se be nukata Kristo nanye gã ɖe ye dzi, eye le esia ta, wodea bubu eŋu wú ye Lusifa mahã?UGL 462.2

    Ke, le eƒe susu sia ɖeɖe me, edzo kple dziku le teƒe kɔkɔ, si wòle le Mawu ŋku me kekeake la, heyi ɖaƒã dzidzɔmakpɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe dɔlawo dome. Ewɔ nusia le nukunu nuɣlaɖedzime ƒe dɔwɔwɔa ɖe me, eye wòtsyɔ nu eƒe susu vavãwo dzi, henɔ eɖokui ɖem fia le gota abe amesi le bubu dem Mawu ŋuti vevie ene. Eyi edzi hewɔ ŋutete be yeahe ŋudzedzemakpɔ ɖe Mawu ƒe Se, siwo wòtsɔ nɔ dziƒomenɔlawo kplɔm la ŋuti, kple taflatse sia be wonye mɔxenu, siwo mele vevie o la.UGL 463.1

    Le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã kple dzigbɔgbɔ blewu me la, exɔ Lusifa ƒe wɔna siawo ɣeyiɣi didia ɖe. Meɖee ɖa le teƒe kɔkɔ, si wònɛ la, enumake esi wòɖe eƒe ŋudzedzemakpɔ ɖe go zi gbãtɔ la o. Mewɔ naneke, esi wòɖe eƒe alakpasusuwo fia dɔla nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã o. Woganae nɔƒe le dziƒo ɣeyiɣi geɖe, eye wona mɔnui didie be wòakpɔ tsɔtsɔke, nenye be etrɔ dzi me kple ɖokuibɔbɔ. Wowɔ ŋutete, si ko Lɔlɔ̃ mavɔ kple Nunya mavɔ la ate ŋu awɔ bena wòadze si eƒe vodada. Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ siawo la, ŋudzedzemakpɔ ƒe gbɔgboa ɖeke medo ta ɖa le dziƒoa kpɔ o. Esi wòdze eƒe wɔnawo gɔme la, Lusifa ŋutɔ gɔ̃ hã menya alesi nuwo gbɔna nu wu ge o. Menya nusi eyama ŋutɔ ƒe seselelãme hã nye o. Gake esi wòdze ƒãa be eƒe ŋudzedzemakpɔ menɔ anyi ɖe naneke dzi o ta la, Lusifa de dzesii, ɖikekemanɔmee, be yeƒe nyaa ɖeke mele me o; be Mawu ƒe ɖoɖowo le dzɔdzɔe eye wòkpɔ be ele be yeaʋu nya sia me le dziƒoa katã ƒe ŋku me. (482) Nenye ɖee wòwɔ nu sia la, anye ne eya ŋutɔ kple dɔla geɖewo akpɔ ɖeɖe. Le ɣemaɣi la, mekpɔgbe ɖokuibɔbɔ na Mawu keŋkeŋ haɖe o. To gbɔ be edzo le teƒe, si wònɔ abe kerubi keke aʋala me ene hã la, nenye ɖee wòdi be yeaga trɔ ɖe Mawu ŋu, eye be yeaʋu Wɔla ƒe nunya me, nenye ɖee wògakpɔ dzidzɔ ɖe teƒe, si wotsɔ nɛ le Wɔla ƒe ɖoɖo gãwo me ŋu la, anye ne wogatrɔ tsɔ teƒe ma ke nɛ. Gake dada, si nɔ eme la, meɖe mɔ nɛ be wòabɔbɔ eɖokui o. Ke boŋ elia ɖe dzi heʋli eƒe wɔnawo ta sesiẽ eye wòɖo kpe edzi be mehiã be yeatrɔ dzi me o. Alea ye wòtsi tsitre kplikpã le eƒe nyatsɔɖameŋu gã sia me ɖe eƒe Wɔla ŋuti.UGL 463.2

    Tso ɣemaɣi la, ede asi eƒe nunya gã, si wonɛ la, ŋuti dɔ wɔwɔ me, hewɔ ŋutete bena dɔla, siwo le eƒe kpɔkplɔ te la, natsɔ woƒe lɔlɔ̃ kple megbenɔnɔ na ye. Le esia wɔwɔ me la, etrɔ gɔmesese sagãa ɖe na Kristo ƒe toklãnya kple nuxlɔamenyawo bene wòadé eƒe susu vɔɖiwo dzi. Egblɔ na amesiwo gate ɖe eŋu wú to lɔlɔ̃ kadedewo me la be wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ na ye ; womede bubu yeƒe teƒe kɔkɔ la ŋu o, eye be woɖiɖi yeƒe vovokpɔkpɔ dzi kpɔtɔ. Esi wòtsɔ gɔmesese totro na Kristo ƒe nyagbɔgblɔwo vɔ la, eyi edzi kple taflatsedodo, siwo mele me o, kple ŋutega ƒe alakpadada hegblɔ tso Kristo ŋu be edi be yeaɖi gbɔ ye le dziƒonɔlawo ŋku me. Egblɔ hã tso dziƒodɔla anukwaɖetɔ, siwo mete ŋu he ɖe eɖokui ŋu to susu gbegblẽ na wo me o la, be wonye amesiwo metsɔ ɖeke le me na dziƒotɔwo ƒe dzidzemekpɔkpɔ o. Eya ŋutɔ ƒe vodada, si wòwɔ lae wòtsɔ da ɖe dɔla, siwo wɔa nuteƒe na Mawu la ƒe ta dzi. Etsɔ nugɔmeɖeɖe gbegblẽ na Mawu ƒe wɔna kple nyawo ale be wòate ŋu atsɔ nya ɖe eƒe Wɔla ŋu abe amesi nye nu madzɔmadzɔwɔla ene. Eƒe wɔnawo enye be wòadze agbagba ahe tɔtɔtɔtɔ va dɔlawo ƒe susu me to ayedzedze kple aɖaŋu-nyahehe ku ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu me. Nusiwo katã le bɔbɔe na gɔmesese la, ewɔ wo be wodze abe nusiwo si gɔmesese ɣaɣla bubuwo le ene. To aɖaŋudede vɔɖiwo me, ehe ɖikeke va Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi nyuitɔ kekeakewo dzi. Teƒe kɔkɔ, si wònɔ, kadede gã, si nɔ eya kple Mawu ƒe dziɖuɖua dome, nye nusiwo na kpekpeme eƒe alakpanyawo ale gbegbe be dɔla geɖewo dze beble-mɔtetre siawo me hekplɔe ɖo le eƒe aglãdzedze ɖe dziƒo dziɖuɖua ŋuti me.UGL 464.1

    Le eƒe nunya deto me, Mawu ɖe asi le Satana ŋu wòyi eƒe susuwo dzi vaseɖe esime eƒe ŋudzedzemakpɔ ƒe gbɔgbɔ va ge ɖe aglãdzedze me. Ele be Mawu naɖe asi le eŋu wòaɖe eƒe susuwo katã ɖe go ale be amesiame nakpɔ nusi wònye vavã kple afisi wòɖo tae la. Lusifa, kerubi, si wosi ami na, nye amea ɖe, si ŋu wode kɔkɔ ŋutɔ. Dziƒodɔlawo lɔ̃ eƒe nya gbɔ sɔgbɔ, eye wòkpɔ ŋusẽ geɖe ɖe wo dzi. Mawu ƒe dziɖuɖua mewɔ dɔ ɖe dziƒomenɔlawo ɖeɖe ko dzi o, ke boŋ ekpɔ ŋusẽ ɖe xexeme, siwo katã wòwɔ la menɔlawo hã dzi. Esia ta Satana wɔ susu be ne yete ŋu he dziƒodɔlawo de aglãdzedze me kpe ɖe ye ŋu la, ekema yeate ŋu ahe xexeme bubu menɔlawo hã de nenem aglãdzedze ma ke me. Eƒo nu kple ayewɔwɔ geɖe, eye wowɔ amefuflu ƒe aɖaŋudede kple aʋatsokaka ŋuti dɔ hena eƒe susu vɔɖiwo ƒe me vava. To beble ŋusẽ gã, si le esi kple eɖokui ɣaɣla ɖe alakpa- wu, si wòdo me la, ekpɔ ŋgɔdede sɔgbɔ le eƒe wɔnawo me. Dɔla nuteƒewɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mete ŋu de dzesi eƒe dẽ ƒe blibodede o, eye womenya keke afisi eƒe wɔnawo akplɔe sẽ ɖo la o.UGL 465.1

    Bubu gã ŋutɔ wotsɔ na Satana. Esia wɔ be wòte ŋu tsyɔ nu eƒe wɔnawo dzi ale gbegbe be esesẽ be woaɖe nusi nye eƒe susuwo ƒe nɔnɔme vavã ɖe go fia dɔlawo. Hafi nuvɔ̃ navakpɔ ŋgɔdede bliblo la, mete ŋu dzé enumake abe nu vɔɖi, si wònye le nyateƒe me la ene o. Vaseɖe ɣemaɣi la, nuvɔ̃ mekpɔ nɔƒe le Mawu ƒe xexemeawo me o, eye kɔkɔetɔwo katã medzesi eƒe nɔnɔme vavã kple eƒe vɔɖinyenye o. Womete ŋu de dzesi nusi nugbegbe le Mawu ƒe Seawo gbɔ ƒe emetsonu dziŋɔwo avanye hã o. Satana ɣla eƒe susuwo ɖe eɖokui ɖeɖefia alakpatɔe me, abe amesi nye nuteƒewɔla na Mawu ene. Edi be woaxɔe se be yele bubu, si kɔ wú la dim na Mawu, eye bena yele dɔ wɔm na eƒe dziɖuƒea ƒe kelili kple na dziƒonɔlawo katã ƒe nyona. Esime wònɔ agbagba dzem be yeade ŋudzedzemakpɔ dɔla, siwo le eƒe kpɔkplɔ te ƒe susu me la, egato aye mɔnu dzi hewɔ ŋutete be amewo naxɔe se be yee le dɔ wɔm na dzidzememakpɔ ɖeɖe ɖa. Ena wonya be tɔtrɔ, siwo yele didim be yeahe va Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe ɖoɖo kple Sewo me la, le vevie na kadede nyuitɔ me nɔnɔ le dziƒo la katã.UGL 465.2

    Le eƒe tsitretsitsi ɖe nuvɔ̃ ŋu me la, Mawu mate ŋu awɔ naneke ŋu dɔ wú dzɔdzɔenyenye kple nyateƒetoto o. Ke Satana ya tsɔ amefuflu kple alakpadada wɔa eƒe aʋawɔnuwoe ɖaa. Ewɔ ŋutete be yeatsɔ gɔmesese totro na Mawu ƒe nyagbɔgblɔwo, eye wòtsɔ eƒe dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo ɖo dɔlawo ƒe ŋku me abe nusiwo menyo na naneke o ene. Egblɔ kpe ɖe eŋu be menyo be Mawu nawɔ Sewo kple ɖoɖowo na dziƒonɔlawo o, eye bena ne Wɔla di be nuwɔwɔwo katã nabɔbɔ ɖe ye te, eye woaɖo to ye la, eya ŋutɔ ƒe ɖokuidodo ɖe dzi ko dim wòle. To ayewɔwɔ, beble kple amegblẽnyawo me la, Lusifa kpɔ ŋgɔdede geɖe le eƒe wɔnawo ƒe gɔmedzedze me. Esi wòle alea ta la, ehiã be dziƒotɔwo kple xexeame nɔlawo katã nade dzesii be Mawu ƒe dziɖuɖua le dzɔdzɔe, eye eƒe Sewo le vevie. Esi wònye be Satana na wonya be xexemeawo katã ƒe nyona ko dim yele la, anyo be amesiame nade dzesi ameteƒexɔla sia ƒe nɔnɔme kple taɖodzinu vavãtɔwo. Ekem edze be woaɖe mɔ nɛ, eye woanae ɣeyiɣi be wòaɖe eƒe wɔna gbegblẽwo katã fia. Aglãdzela la bu fɔ Mawu ƒe Seawo kple eƒe dziɖuɖua ɖe masɔmasɔ, siwo eya ŋutɔ ƒe wɔnawo he va dziƒo la ŋuti. Egblɔ be gbegblẽwo katã tso Mawu ƒe dziɖuɖua gbɔ. Ena wonya be yeƒe taɖodzinu enye be yeaɖɔ Yehowa ƒe ɖoɖoawo ɖo ale be woanyo wú tsã. Esiata wòle vevie be woana mɔnuii be wòaɖe eƒe susuwo ƒe nɔnɔme kple ɖɔɖɔɖo, siwo wòdi be yeawɔ le Mawu ƒe Seawo ŋu la kpakple wo metsonuwo katã fia. Eya ŋutɔ ƒe wɔnawo koe abu fɔ eyama. Eda alakpa le gɔmedzedzea me be menye aglã dzem yele ɖe Mawu ŋu o. Ke azɔ, xexeame katã akpɔ alesi alakpa-vɔ aklo ɖa le ameblela ŋue la.UGL 466.1

    To gbɔ be wovaɖo kpe edzi be Satana magate ŋu anɔ dziƒoa o hã la, Nunya Mavɔ la metsrɔe zi ɖeka o. Esi wònye be mate ŋu alɔ̃ toɖoɖoa ɖeke wú esi nɔ anyi ɖe lɔlɔ̃ dzi o ta la, ele be hafi nuwɔwɔwo katã nabɔbɔ wo ɖokui nɛ la, woaka ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye dzi. Dziƒotɔwo kple xexeme bubuwo me nɔlawo medzesi nuvɔ̃ o, eye womenya nusi nye emetsonuwo haɖe o. Ke esi wòle nenema ta la, womate ŋu ade dzesi nusi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple amenuveve, nenye be etsrɔ̃ Satana enumake o. Nenye ɖee wòwɔe la, anye ne dɔlawo asubɔ Mawu kple vɔvɔ̃ tsɔ wú be woasubɔe le lɔlɔ̃ me. Amewoblela ƒe nya aganɔ dɔ wɔm le wo dzi didie, eye aglãdzedze ƒe susuwo maɖe ɖa le wo me keŋkeŋ o. Ekem ele be woaɖe asi le nuvɔ̃ ŋu wòatsi ɖe edzi, ade blibo. Ehiã be ne xexemeawo katã nakpɔ dzidzeme mavɔ la, woana mɔnu Satana be wòaɖe eƒe susuwo katã ɖe go afia, ale be nuwɔwɔwo katã nade dzesii, le nyateƒe me, nusi eƒe nyatsɔɖameŋu, si tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu la, nye vavã. To mɔ sia dzi koe ɖikekea ɖeke maganɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe Seawo ƒe matrɔmatrɔnyenye ŋu o. UGL 466.2

    Abosam ƒe aglãdzedze, si nye ɖaseɖiɖi mavɔ ku ɖe nuvɔ̃ kple emetsonu dziŋɔwo ŋu la, nye nusi me xexemeawo katã asrɔ̃ nu tso na ɣeyiɣi mavɔ, siwo le ŋgɔgbe la. Satana ƒe fiaɖuɖu dzi yiyi, eƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe amegbetɔwo kple dɔlawo dzi ana woake ɖe nusi doa go tso nugbegbe le Mawu ƒe dziɖuɖu gbɔ ŋu me. Ana be woakpɔe kɔtee be Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã ƒe dzidzemekpɔkpɔ ku ɖe eƒe dziɖuɖua kple Sewo ƒe anyinɔnɔ ŋu. To aglãdzedze dziŋɔ̃ sia ƒe nudzɔdzɔ me la, dziƒodɔla kɔkɔeawo ke ɖe gbegblẽ manyagblɔ, si do tso dzidada ƒe gɔmesese madeblibo me. Sidzedze sia akplɔ wo yi ɖe dedienɔnɔ mavɔ me, le esime woate ɖa tso nuvɔ̃ kple eƒe tohehewo gbɔ.UGL 467.1

    Ameteƒexɔla gã gayi eƒe taflatsedodo na eɖokui dzi vaseɖe esime nyahehe va kpɔ eƒe nuwuwu le dziƒo. Wona wònya be eya kple dɔla, siwo wɔ ɖeka kplii la, magakpɔ nɔƒe le dzidzɔ mavɔ teƒe la o. Ke tso ɣemaɣi la, aglãdzelawo ƒe aƒetɔ la ʋu eme kple kalẽwɔwɔ be yetsri Wɔla ƒe Seawo vevie. Ete gbe ɖe dzi be mehiã kura be dɔlawo nanɔ kpɔkplɔ te o, ke boŋ edze be woakpɔ vovo awɔ woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔnu, si akplɔ wo gbawotsogbe le mɔ dzɔdzɔe dzi. Ebu fɔ Mawu ƒe Seawo be woté yewo ƒe ablɔɖemenyenye ɖe to, eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be yeƒe taɖodzinu enye be yeaɖe Seawo katã ɖa ale be le ɖokuisinɔnɔ me, dziƒotɔwo katã ate ŋu adze agbenɔnɔ yeye, si kɔkɔ wú kple esi ŋuti kɔ la gɔme.UGL 467.2

    Le ɖekawɔwɔ me, Satana kple eƒe aʋakɔ wɔ se-bla, hetsɔ woƒe aglãdzedze ƒe fɔbubu da ɖe Kristo dzi. Le woƒe nyagbɔgblɔ nu la, nenye ɖee womeka mo na yewo, he nya ɖe yewo ŋu o la, yewo mage ɖe aglãdzedze me o. Tosẽla gã kple amesiwo wòhe ɖe eɖokui ŋu la yi ɖe woƒe nuteƒemawɔ dzi le kɔlialia kple dada me, eye wodi vevie be yewoamu Mawu ƒe dziɖuɖua ƒu anyi, gake womete ŋui o. Ke wogblɔ busunyawo ɖe Mawu ŋu kple nya sia be yewoe nye amemaɖifɔ, siwo ŋu ameteɖeto ƒe ŋusẽ la wɔ vɔ̃ ɖo. Tso esia dzi la, woɖe aglãdzela gã kple amesiwo katã wòte ŋu he ɖe eɖokui ŋu la do go tso dziƒo.UGL 467.3

    Gbɔgbɔ, si he aglãdzedze va dziƒoa gatsɔ wɔna sia va anyigba hã dzi. Mɔnu, si dzi wòto le dziƒoa ɖe dɔlawo ŋu la, ke dzi tom wògale ɖe amegbetɔwo ŋu. Eƒe gbɔgbɔ le fia ɖum egbea le aglãdzeviwo me. Abe eyama ke ene la, wole didim be yewoaɖe Mawu ƒe Sea ƒe kpɔtɔtɔ ɖa le mía ŋu eye wodoa ɖokuisinɔnɔ alo ablɔɖemenyenye to sedzimawɔ me ƒe ŋugbe na amegbetɔwo. Mokaname ɖe nuvɔ̃ ta hea ametsitsri kple kɔlialia ƒe gbɔgbɔ vaa ɣesiaɣi. Nenye be toklã gbedasiwo tso Mawu gbɔ ge ɖe dziwo me la, Satana hea amegbetɔwo yia taflatsedodo na wo ɖokui me, eye wodina be ame bubuwo naxɔ na yewo alo nade yewo dzi le yewo ƒe nuvɔ-mɔwo dzi. Esi wòle be woaɖɔ woƒe vodadawo ɖo la, wodina boŋ be amewo nado dɔmedzui ɖe amesi le mo kam nawo la ŋu abe eya boŋ ye le xaxa la hem vɛ ene. Tso keke Abel, dzɔdzɔetɔ la ƒe ŋkekewo dzi va ɖo egbeŋkekeawo me la, gbɔgbɔ sia koe futɔ la gaɖea ɖe go hetsia tsitre ɖe amesi te ŋu bua fɔ nuvɔ̃ la ŋu.UGL 468.1

    To vlododo Mawu ƒe dɛ̃ me, abe alesi wòwɔe le dziƒo ene kple Wɔla ɖeɖe fia abe ŋutasẽla kple ameteɖetola ene mee Satana hea amegbetɔwo hã dea nuvɔ̃ me. Esi wòle dziɖuɖu kpɔm le go sia me ta la, egblɔna be Mawu ƒe sedede madzɔmadzɔwoe na be amegbetɔwo kpɔ anyidzedze, eye bena nenem Seawo kee he yeƒe aglãdzedze vɛ le dziƒo.UGL 468.2

    Gake alesi Mawu ŋutɔ ɖe gbeƒã eƒe dɛ̃ la enye si : “Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ. Amesi dzraa amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodada ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo vaseɖe dzidzime etɔlia kple enelia dzi.” (Mose II, 34: 6,7 ). Mawu ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fia eye wòli ke eƒe fiazikpui la ƒe bubu to Satana ɖeɖe ɖa le dziƒoa me. Ke esi amegbetɔ dze alakpa gbɔgbɔ sia ƒe beblewo me hewɔ nuvɔ̃ la, Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ gã la ƒe dzesi fia to Via tsɔtsɔ na be wòaku ɖe dzidzime, si dze nuvɔ̃ me la ta. Mawu ƒe dɛ̃ ɖe eɖokui fia to Kristo ƒe nuvɔ-vɔsa me. Atitsoga ƒe numekɔkɔ, si ŋu kpekpeme le la, ɖee fia xexemeawo katã, ɖikekemanɔmee, be Lusifa ƒe nuvɔ-mɔ, si wòtia la, ƒe fɔɖiɖia ɖeke metso Mawu ƒe dziɖuɖua gbɔ kura o.UGL 468.3

    Le ʋiʋli, si nɔ Kristo kple Satana dome le Ɖela ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi me la, woklo nu le Satana ƒe ameblelanyenye ƒe dɛ̃ dzi. Ŋutasesẽ manyagblɔ ƒe aʋa, si wòho ɖe xexeame katã ƒe Ɖela ŋu la, na be dɔla nuteƒewɔlawo kple xexeme bubuwo menɔlawo ƒe lɔlɔ, si le wo si na aglãdzela la le gɔmedzedzea me la, nu tsi keŋkeŋ. Nu bubua ɖeke magate ŋu awɔe wú esia o. Eƒe amemabu kple subɔsubɔ biabia, si wòwɔ na Kristo be wòasubɔ ye, ɖokuiŋudzedze kple dada, si na wòkplɔe yi to ta me kple gbedoxɔ ƒe tsutsɔeƒe, amefuflu ƒe susu, si wòɖe na Kristo be wòati kpo tso kɔkɔƒe ma ɖi va anyigba, vɔɖivɔɖi, si wòtsɔ ti eyome madzudzɔ-madzudzɔe, tso afii yi afi keme, henɔa susu ɖem na nunɔlawo kple amehawo be woagbe nu le eƒe lɔlɔ̃ gbɔ, eye le nuwuwu, woado ɣli be ‘‘miklãe !’’, ‘‘miklãe !’’ la, nusiawo keŋ na woƒe nu ku eye wòwɔ moyaa na wo geɖe.UGL 469.1

    Satana ye na xexeame gbe nu le Kristo gbɔ. Vɔ̃ ƒe fiavi la wɔ eƒe ŋutetewo kple ayedzedze katã ŋu dɔ hena Yesu ƒe wuwu, elabena ekpɔ be eƒe amenuveve, lɔlɔ, veveseseɖamenu kple nublanuikpɔkpɔ woenye nusiwo gaɖe Mawu ƒe dɛ̃ fia amegbetɔwo le blibodede me. Satana tsi tre ɖe nusiwo katã Mawuvi la gblɔ ŋuti eye wòto amegbetɔwo dzi abe ŋudɔwɔnu ene ɖe Kristo ŋu ale be eƒe agbea katã nye fukpekpe kple vevesese. Nya dovivitiwo kple aʋatsokanya, siwo ŋu dɔ wòwɔ be yeatsɔ xe mɔ na Kristo ƒe dɔwɔwɔwo, ametsitsri ƒe wɔna, siwo aglãdzeviwo wɔ ɖe eŋu, ŋutasesẽ ƒe nyatsɔɖameŋu, si wotsɔ buUGL 469.2

    fɔ amesi ƒe agbea katã nye dɔmenyowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu sɔŋ, si tɔgbi meli o la, wo katã nye nusiwo tso hlɔbiabia ƒe seselelãme detoa ɖe me. Ŋubiã, vɔɖivɔɖi, ametsitsri kple hlɔbiabia ƒe dzo manyagblɔa ɖe bi kple ŋusẽ le Kalvaria ɖe Mawuvi la ŋu, eye dziƒoa katã kpɔ nusiawo katã le ŋɔdziname kple nu wɔ nukunu na ame ƒe ɖoɖuizizia ɖe me. Esi Kristo ƒe vɔsa gã wu nu vɔ la, eyi ɖe dziƒo eye wògbe dɔlawo ƒe subɔsubɔ vaseɖe esime wòwɔ biabia, si gbɔna la hafi :’’ Fofo, amesiwo netsɔ nam la, mele didim bena afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye… (Yoh. 17 : 24 ). Tete, Fofo la ɖo ŋu kple lɔlɔ̃ manyagblɔa ɖe tso eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi be : ‘’Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu nɛ.” Ɖiƒoƒoa ɖeke menɔ eŋu o. Le eƒe ɖokuibɔbɔ kple eƒe vɔsa megbe la, wotsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.UGL 470.1

    Tso ɣemayi la, Satana ƒe fɔɖiɖi dze ƒãa, taflatsɛ dodoa ɖeke manɔmee. Eɖe eɖokui fia ku ɖe nusi wònye vavã la ŋu, aʋatsokala kple amewula. Wode dzesii be gbɔgbɔ, si wòtsɔ kplɔ amegbetɔ, siwo ge ɖe eƒe ŋusẽ te la, gbɔgbɔ ma koe wòatsɔ kplɔ dziƒotɔwo hã, nenye be woɖe mɔ nɛ la. (488) Egblɔ be Mawu ƒe Se la dzi mawɔ ahe ɖokuisinɔnɔ kple dzidzeme, si ade blibo wú la vɛ, ke wokpɔ be nusiwo do tso eme woenye kluvinyenye kple anyidzedze boŋ.UGL 470.2

    Eƒe alakpa nyatsɔɖameŋu, si wòwɔ tsi tre ɖe Mawu ƒe dɛ̃ kple dziɖuɖua ŋu la, ɖe nusi wònye le nyateƒe me la fia. Ebu fɔ Mawu be nenye be ebia be yeƒe nuwɔwɔwo katã nabɔbɔ ɖe yeƒe Se te la, ewɔ esia na eyama ŋutɔ ƒe ɖokuidodo ɖe dzi ɖeɖe ko ta. Egblɔ hã be le esime Wɔla le biabiam tso ame bubuwo si be woagbe nu le wo ɖokui gbɔ la, eya ŋutɔ mewɔa esia o, eye mewɔa vɔsaa ɖeke hã o. Ke azɔ amesiame kpɔ be xexeame ƒe Aƒetɔ la wɔ vɔsa gãtɔ kekeake, si lɔlɔ̃ ate ŋu awɔ la, hena dzidzime, si dze nuvɔ̃ me, ɖifɔ la, ƒe ɖeɖe, elabena ” Mawu enye amesi nɔ Kristo me, lé avu le xexeame kple eɖokui dome. (Kor. II, 5 : 19). Wode dzesii hã be Lusifa ye ʋu ʋɔtru na nuvɔ̃ to eƒe bubudeameŋu kple gãnyenye didi ƒe tsikɔ, si nɔ ewum vevie la me, le esime Kristo ya lɔ̃ faa be yeabɔbɔ yeɖokui, eye yeaɖo to yi ɖe keke ku me, ale be yeatsrɔ̃ nuvɔ̃ ɖa.UGL 470.3

    Mawu ɖe alesi wòtsri aglãdzedze ƒe ɖoɖowo la fia. Dziƒoa katã kpɔ alesi fɔbubu Satana kple amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ sia ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fia. Lusifa gblɔ be nenye be Mawu ƒe Sea metrɔna o, eye eƒe tohehe makpɔ tsɔtsɔke o la, ekem mele be dzidala ɖeke nakpɔ gome le Wɔla ƒe amenuveve me gbeɖe o. Egagblɔ kpe ɖe eŋu be mɔkpɔkpɔa ɖeke megali na dzidzime nuvɔwɔla la bena wòakpɔ ɖeɖe o, eye bena le esia ta, dzidzime sia zu yeƒe aboyonu le se la nu.UGL 471.1

    Gake Kristo ƒe ku nye nyametsotso dzɔdzɔe ɖikekemanɔŋui na amegbetɔ ƒe gomekpɔkpɔ. Se la ƒe tohehe dze amesi sɔ kple Mawu la dzi, eye amegbetɔ kpɔ mɔnu be wòalɔ̃ axɔ Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye na eɖokui, eye bena wòakpɔ dziɖuɖu to vevesese ɖe nuvɔ̃ ta kple bɔbɔenyenye ƒe agbenɔnɔ me, abe alesi Mawuvi la kpɔ dziɖuɖu ɖe Satana ƒe ŋusẽ dzi ene. Esia ɖee fia be Mawu le dzɔdzɔe esi wòwɔ amesiwo katã xɔ Kristo dzi se la dzɔdzɔe.UGL 471.2

    Gake menye na amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta ɖeɖe koe Kristo va kpe fu heku le anyigba dzi ɖo o. Eva be yeade gãnyenye kple ŋutikɔkɔe Se la ŋu. Menye be ne xexesiametɔwo nade bubu, si Se la bia ŋu ɖeɖe ko o, ke hã bena xexeame godoo metɔwo nade dzesi Mawu ƒe Sea ƒe matrɔmatrɔnyenye. (489) Nenye be ɖee woɖe Sea ƒe biabiawo ɖa la, anye ne magahiã be Kristo natsɔ eƒe agbe na ɖe dzidada ta o. Eƒe ku ɖee fia kɔtee be Mawu ƒe Se la metrɔna o. Vɔsa, si lɔlɔ̃ mavɔ na Fofo la kple Vi la wɔ ale be vɔwɔlawo nakpɔ xɔxɔ la, na be xexemeawo katã ke ɖe eŋu be dzɔdzɔenyenye kple amenuvevee nye Mawu ƒe Se la kple eƒe dziɖuɖu ƒe gɔmeɖokpe.UGL 471.3

    Le ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nyametsotso mamlɛa me la, eme akɔ ƒã na amesiame be taflatsea ɖeke meli na nuvɔ̃ o. Ne ava me be xexeame katã ƒe Ʋɔnudrɔla nawɔ biabia sia na Satana be “Nukata nèdze aglã ɖe ŋunye eye nèxɔ nye fiaɖuƒe metɔwo le asinye mahã ?” nuvɔgɔmedzela la mate ŋu ake nu ado taflatsɛa ɖeke o. Nuyiwo katã amia, eye nyaa ɖeke maganɔ nu me na aglãdzelawo o.UGL 471.4

    Esime Kalvaria ƒe atitsoga nɔ Se la ƒe matrɔmatrɔnyenye ɖem fia la, eganɔ eɖem fia xexeame katã be “Nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku’’. Ɖela ƒe ɣli, si wòdo le eƒe kuɣi gblɔ be « Nusianu wu nu azɔ » la, nye kpeɖoɖo Satana ƒe ku dzi ƒe nya. Woɖo kpe ʋiʋli gã, si nɔ anyi didie la ƒe nuwuwu dzi azɔ, eye kakaɖedzi hã li be woaɖe nuvɔ̃ ɖa keŋkeŋ. Mawuvi la lɔ̃ yi ɖe yɔdo me ale be “to ku me la, woatsrɔ̃ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la”. (Heb.2:14 ). Satana ƒe nu gã didi na eɖokui na wògblɔ be : “Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me[…] mía kple Dziƒoʋitɔ la míanɔ tasɔsɔ me.” Ke Mawu be : “Metsɔ wò wɔ dzowɔe ɖe anyigba dzi […]eye maganɔ anyi akpɔ gbeɖegbede o.” (Yes.14 : 13-14; Xezekiel 28 :18-19 ). « Ne ŋkeke, si anɔ bibim abe kpodzo ene ava la, dadalawo katã kple nu vɔɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la afiã wo, masusɔ ke kple alɔ ɖi na wo o. Yehowa Zebaot ye gblɔe ». (Maleaxi 3 ; 19 )UGL 471.5

    Xexeame katã akpɔ nusi nuvɔ̃ nye kple emetsonuwo. Nenye be ɖee wotsrɔe enumake le gɔmedzedzea me la, anye ne vɔvɔ dze dɔlawo dzi, eye esia agblẽ nu le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu. Ke azɔ la, eƒe ɖeɖe ɖa keŋkeŋ aɖe eƒe lɔlɔ̃ fia, eye wòali ke eƒe ŋutikɔkɔe le xexeme nuwɔwɔ, siwo eƒe lɔlɔnu dzi wɔwɔ ado dzidzɔ na kple esiwo ƒe dzi me wòaŋlɔ eƒe Sewo ɖo la ƒe ŋku me. Nuvɔ̃ magava gbeɖe kpɔ o. Mawu ƒe Nya la le gbɔgblɔm be : “Xaxa mado ta ɖa zi evelia o.” (Naxum 1 : 9). Mawu ƒe Se, si Satana yɔ be kluvinyenye ƒe ka la, axɔ bubu ŋkɔ sia, si nye “Ablɔɖe-Se”. Nuwɔwɔ, siwo ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ kelili to dodokpɔ me la, magate ɖa tso woƒe ɖokuibɔbɔ na Mawu, amesi ɖe eɖokui fia blibo le amesiame ƒe ŋku me abe Lɔlɔ̃ manyagblɔ kple Nunyamavɔtɔ ene la gbɔ gbeɖe o.UGL 472.1

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents