Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    27—NYƆNYƆ̃ YEYEWO TSO GBƆGBƆME-LƆ̃ ME

    Afisiafi, si woɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya le kple nuteƒewɔwɔ la, kutsetsewo ɖenae fiana be Mawu gbɔ wòtso. Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna eƒe subɔlawo ƒe dɔwɔwɔwo ɖo, eye ŋusẽ nɔa woƒe nuƒoƒo me. Vɔwɔlawo sea woƒe dzitsinya ƒe nyɔnyɔ. Kekeli, si klẽna ɖe ame me le xexea me la, klẽna ɖe woƒe luʋɔ ƒe gogloƒe ke, eye vivitimedɔwo katã dzena le kekeli nu. Woƒoa nuvɔ,̃ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ, si gbɔna la, ɖe woƒe gbɔgbɔ kple dziwo nu. Wose Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye le woɖokuiwo me, eye vɔvɔ̃ ɖo wo be yewoava ge ɖe Amesi dzroa dziwo me la ƒe ŋkume kple yewo ƒe fɔɖiɖi kple makɔmakɔnyenyewo. Le woƒe dzimaɖeɖiwo me, wodo ɣli be: “Amekae aɖem tso ku-ŋutilã si me mahã ?” Alea ye woɖea Kalvaria ƒe atitsoga kple eƒe vɔsa mavɔ ɖe amegbetɔwo ƒe nuvɔwo ta la fiana wo. Wodea dzesii be Kristo ƒe dzena ɖeɖe koe su axe fe ɖe yewo ƒe vodadawo ta. Eya koe ate ŋu lé avu le Mawu kple amegbetɔ dome. Woxɔ Mawu ƒe Alẽvi, si ɖea xexeme ƒe nuvɔwo ɖa, le xɔse kple bɔbɔenyenye me. To Kristo ƒe ʋu me wokpɔ woƒe tsã nuvɔwo ƒe tsɔtsɔke le.UGL 429.1

    Kristotɔ siawo tse ku, siwo tso dzimetɔtrɔ vavã me. Woxɔ se, wole mawutsi na wo, eye wofɔ na agbe yeye nɔnɔ. Wozu nuwɔwɔ yeyewo le Yesu Kristo me, menye be woaganɔ agbe le woƒe tsã ŋubiãbiã me o, ke boŋ be woazɔ kple xɔse, ato Mawuvi la ƒe afɔtoƒewo, aklẽ kple eƒe dɛ, eye woakɔ abe alesi eya ŋutɔ kɔ ene. Azɔ la, wolɔ̃ nusiwo wotsrina tsã, eye nusiwo wolɔna tsã la, wole wo tsrim azɔ. Dadalawo kple ɖokuitɔdilawo trɔ zu ame fatuwo kple ahedalawo le gbɔgbɔ me. Ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi zu vieviedolawo kple bɔbɔnyenyemewo. Mawu mavɔlawo zu mawuvɔlawo eye ahamulawo, dokuidzimaɖulawo, zãnuxɔlawo, wo katã ƒe dɛwo dza. Woɖe asi le xexeame ƒe toflokowo ŋuti. Kristotɔwo megadi gota lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, ke boŋ dzime ƒe ameɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me la. ( Petro I, 3:3,4 )UGL 429.2

    Nyɔnyɔ̃ tso gbɔgbɔme-lɔ̃ me nye mɔnu na ame geɖewo be woayi wo ɖokuiwo me, ahabɔbɔ woƒe dziwo. Woganye mɔnu na yɔyɔ vevie wɔwɔ, le nublanuikpɔkpɔ deto me, na vɔwɔla, siwo woƒle kple Kristo ƒe ʋu. Ŋutsu kple nyɔnuwo ʋli vevie kple Mawu na luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Nyɔnyɔ̃ siawo ƒe kutsetsewo dze le luʋɔ, siwo mevɔ̃ kura na nugbegbe le ameɖokui gbɔ kple vɔsa wɔwɔ ƒe agbenɔnɔ me o, ke boŋ enyea dzidzɔ na wo be wokpɔ yewo hã abe amesiwo dze be woato fuléle kple dodokpɔwo me le lɔlɔ̃ na Kristo ta. Wodea dzesi tɔtrɔ gãa ɖe le amesiwo ɖi ɖase tso eƒe ŋkɔ ŋuti la ƒe wɔnawo me. Wowɔa ɖeka kple Kristo, eye woƒãa nu na Gbɔgbɔ ale be woaŋẽ agbe mavɔ. Woate ŋu agblɔ tso wo ŋuti be: “..Miexa nu hena dzimetɔtrɔ” “Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku vɛ. Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si miexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui ta ʋiʋli, ẽ dzibibí, ẽ vɔvɔ, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔbiabia hã! Nusianu me mieɖe mia ɖokui fia be mienɔ dzadzɛ le nya sia me.” ( Kor. II, 7:9-11 ).UGL 430.1

    Esia enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ ɖeɖefia. Afisi Vevesese vavã ɖe nuvɔ̃ ta ƒe dzesi mele o la, ɖɔɖɔɖo alo agbe yeye makplɔe ɖo o. Vɔwɔla, si wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzi, trɔ nusi wòfi la vɛ na nu tɔ, ʋu eƒe nuvɔwo me, lɔ̃ Mawu kple ehaviwo la, kakaɖedzi su esi be eke ɖe ŋutifafa kple Mawu ŋuti. Nusiawoe nye nyɔnyɔ̃ ƒe kutsetsewo le blema me. Kutsetse siawo ɖenɛ fiana be Mawu gbɔ wotso, eye dziƒo ƒe yayra kplɔa wo ɖo hena amegbetɔ ƒe ɖeɖe kple dɛ̃ ƒe ɖɔɖɔɖo.UGL 430.2

    Nublanuitɔe la, egbe ŋkekewo ƒe gbɔgbɔme ƒe nyɔnyɔ̃ ƒe kutsetsewo nye nusiwo to vovo sãsãsã tso Mawu ƒe amenuveve ɖeɖefia, si kplɔ Mawu subɔla gbãtɔwo ƒe dɔwɔnawo ɖo la gbɔ. Nyateƒe wònye be le egbe ŋkekeawo me la, wonyɔ̃ ame geɖewo ƒe susu, ame geɖewo ʋu eme be yewole dzime trɔm, eye bena, le teƒe teƒewo la, hameviwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Gake kutsetseawo mete ŋu le eɖem fia kple kakaɖedzi be tsitsi le gbɔgbɔ me vavãa ɖe le woƒe agbe me o. Kekeli, si klẽ ɣeyiɣi via ɖe la, gadze tsitsí kpuie, eye viviti, si va la ga do wu tsã.UGL 430.3

    Haho ƒe nyɔnyɔ, si le eme egbea la, nye nusi le yɔyɔ wɔm na ame ƒe susu ɖeɖe ko, kple seselelãme dodo ɖe dzi, kpakple vivisese na nu yeyea ɖe, si wɔ dɔ ɖe ame dzi. Didia ɖeke menɔa dzimetrɔla siawo me na Biblia me ƒe nyateƒe la sese o. Nyagblɔɖilawo kple Apostolowo ƒe ɖaseɖiɖiwo metsɔa fua ɖeke le wo me o. Sɔleme alo subɔsubɔ kɔnu, si meklẽ kple gota ƒe vividodo ɖe nu ŋuti o la, medzea wo ŋu o. Nenema kee gbedeasi, alo gbeƒãɖeɖe, si hiã ɖokuimeyiyi la mekpɔna ŋutiɖoɖo nyui tso wo gbɔ o. Wometsɔa ɖeke le me na Mawu ƒe Nya ƒe toklãnya, siwo me kɔ nyuie, ku ɖe woƒe gomekpɔkpɔ mavɔwo ŋuti la o.UGL 431.1

    Taɖodzinu gãtɔ, si nɔa luʋɔ, si trɔ dzime vavã ƒe agbe me lae nye be yeage ɖe kadede deto me kple Mawu, eye be yèalé ŋku ɖe agbe mavɔ nuwo ŋuti. Ke ɖe míate ŋu akpɔ ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe gbɔgbɔ vavã le hame gãgãwo ƒe ɖe me egbea? Dzimetrɔlawo mele así ɖem le woƒe dada kple xexemelɔlɔ̃ ŋuti o. Womedi nugbegbe le ameɖokui gbɔ, atitsoga tsɔtsɔ kplɔ Yesu, amesi bɔbɔ edɔkui, dahe le gbɔgbɔme la ɖo, egbea wú hafi woatrɔ dzime la o. Mawusosroɖa ƒe ŋusẽ nu yi le hame geɖewo me. Ƒuƒoƒo na nu ɖuɖu kple aha nono, fefe vovovowo wɔwɔ, hame ƒe nuŋeŋẽ- ŋkekenyuiewo ɖuɖu, aƒe dzaniwo tutu, lekewɔwɔ vivivo, nusiawo katã ɖe Mawu ɖa le míaƒe susuwo me. Anyigbadzi kesinɔnuwo, xexeme ƒe nudidiwo xɔ míaƒe gbɔgbɔ me alegbegbe be ɖe ko agbemavɔnuwo ƒe susu toa mía me kaba va yina ɣeaɖewoɣi. To gbɔ be xɔse le to yim eye muwusosroɖa le bubum le afisiafi hã, Kristo ƒe nusrɔla vavãa ɖewo gale ha siawo me. Hafi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nava anyigba katã dzi le nuwuwu la, blema mawusosroɖa ƒe nyɔnyɔ, si tɔgbi womegakpɔ kpɔ tso Apostolowo ŋɔli o la, agava na Mawu ƒe viwo. Mawu aga dudu eƒe Gbɔgbɔ la kɔ ɖi kple ŋusẽ ɖe viawo dzi. Ne ɣemaɣi va la, ame geɖewo late ɖa le hame, siwo me xexeme lɔlɔ̃ ƒo ta na lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe Nya le la ŋuti. Geɖewo, osɔfowo kple hameviwo siaa, axɔ nyateƒe gãgã, siwo Mawu na be woaɖe gbeƒã le ɣeyiɣi sia me na dukɔa ɖe dzadzra ɖo na Aƒetɔ ƒe vava zi evelia la, kple dzidzɔ. Luʋɔwo ƒe futɔ la le didim be yeaxe mɔ na dɔ la, eye do ŋgɔ na nyɔnyɔ̃ sia ƒe mevava la, awɔ ŋutete be yeatso ŋgɔ nɛ kple alakpa ƒe nyɔnyɔ̃ wɔnawo. Ana be hame, siwo ge ɖe eƒe beble ŋusẽ te la, naxɔe se be Mawu ƒe yayra tɔxɛ kɔ ɖe yewo dzi geɖe, eye nɔnɔmea ɖewo ava, si adze abe nyɔnyɔ̃ le gbɔgbɔme gãa ɖe ene. Ameha gãa ɖe anɔ dzidzɔ kpɔm be Mawu le nuku dɔ wɔm na yewo, evɔ wònye gbɔgbɔ bubue le dɔ wɔm. Satana ato beble subɔsubɔ wɔnawo me ana be eƒe ŋusẽ natsyɔ̃ hame geɖewo dzi.UGL 431.2

    Nɔnɔme, siwo ade dzesi subɔsubɔ nudzɔdzɔ, siwo le ŋgɔ gbɔna la, ƒe kpɔɖeŋua ɖewoe nye nyɔnyɔ̃ wɔna, siwo va eme, ƒe blaene, siwo va yi la me. Woƒe dzesi gãwo enye seselelãme sesẽwo, alakpa kple nyateƒe ƒe tsakatsaka, siwo akplɔ ame tra mɔ bɔbɔe. Gake menye taflatse be míadze beble me godo o. Mesesẽ kura be, le Mawu ƒe Nya ƒe kekeli nu la, míade dzesi nusi tututue nye wɔna siawo o. Míaka ɖe edzi ko be afisi wometsɔ ɖeke le me na Mawunya ƒe ɖaseɖiɖiwo o, afisi wotrɔ megbe de eƒe nyateƒe, siwo me kɔ nyuie, hedoa luʋɔwo kpɔ, nyateƒe siwo bia nugbegbe le ameɖokui gbɔ kple mamaɖa tso xexeame gbɔ o la, Mawu ƒe yayraa ɖeke mele afima o. Nusi na kakaɖedzi be nyɔnyɔ̃ wɔna siawo metso Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe dɔwɔna me o lae nye nya, si Kristo ŋutɔ gblɔ be: “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.” ( Mateo 7:16) UGL 432.1

    Mawu ɖe yeŋutɔ ɖokui fia amegbetɔwo to eƒe Nya la ƒe nyateƒewo me. Na amesiwo katã xɔ wo la, Nyateƒe siawo nye akpoxɔnu ɖe Satana ƒe beblewo ŋuti. Ɖekematsɔleme na Nyateƒe siawo ʋua ʋɔtru na gbegblẽ, siwo katã xɔ kristotɔwo me egbea. Mawu ƒe Seawo ƒe nɔnɔme kple asixɔxɔ bu ɖe mí keŋ nublanuitɔe. Susu dada ku ɖe se siawo ƒe mavɔmavɔnyenye kple eƒe biabiawo ŋuti kplɔ ame geɖewo ge ɖe vodada ku ɖe dzimetɔtrɔ kple kɔkɔewɔwɔ ŋuti me, si wɔ be mawusosroɖa ɖiɖi sɔ gbɔ le hameawo me. Ke nusiawo ƒe metsonu gãtɔ koe nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe anyimanɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔ mawo le egbeŋkekewo ƒe nyɔnyɔ̃ wɔnawo me.UGL 432.2

    Le hame vovovowo me mawusroɖala gãgãwo li, siwo de dzesi nɔnɔme sia, eye wose veve ɖe eta. Le eƒe nuƒoƒo tso nusiwo nye xaxa na subɔsubɔ egbea ŋu la, nufialagã Edward Park gblɔ nyateƒe vavã sia be: “Dzɔgbevɔe gã, si le hameawo minyam egbea la, ƒe tsoƒe gãtɔ enye gbeƒãmaɖe Mawu ƒe seawo. Tsã la, nyagblɔti dzi enye dzitsinya ƒe gbeɖiɖi ƒe tsoƒe…Míaƒe gbeƒãɖela gãtɔwo kekeake, kplɔa Nufialagã ƒe kpɔɖeŋu ɖo, eye woƒe mawunya gbɔgblɔ ɖea nuku gãnyenyea ɖe fiana to alesi wodea asixɔxɔ Mawu ƒe sea kple eƒe ɖoɖowo, kpakple nyanyanana, si kplɔna wo ɖo ŋuti la me. Ɣesiaɣi wotea gbe ɖe nyati eve siawo dzi be Se la nye Mawu ƒe blibodede ƒe keklẽ, eye be amesi melɔ̃ Sea o la, melɔ̃ Nyanyui la o. Elabe Se la kple Nyanyuia wonye ahuhɔe si ɖena Mawu ƒe dɛ̃ vavã la fiana. Ke xaxa bubu, si kplɔa gbãtɔ ɖo la enye be womekpɔa nuvɔ̃ ƒe kpekpeme o, eye womeke na ɖe eƒe ŋunyɔ̃ hã ŋuti o. Alesi Se la ƒe dzɔdzɔenyenye loloe la, nenema ke edzi dada ƒe fɔɖiɖi hã loloe.UGL 433.1

    Xaxa gã, si ga kplɔ esiwo ŋu míeƒo nu le va yi lae enye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe lolome makpɔ. Mawunya, siwo ɖina tso nyagblɔtiwo dzi egbe ŋkekewo me la, ƒe wɔna ɖeka enye be womana Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖa tso eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, hetsɔa nublanuikpɔkpɔ wɔa seselelãme ƒe nya ko, eye womedonɛ ɖe dzi abe ɖoɖo gã, si wònye la ene o. Ke egbe ƒe mawunya nufiafia la mã nusiwo Mawu wɔ ɖekae la dome. Ɖe Mawu ƒe Se la nye nu nyui alo nu vɔ̃ a? Nu nyui wònye. Ke nenye nenema la, dzɔdzɔenyenye hã nye nu nyui, elabe enye ɖoɖo na Se la dzi wɔwɔ. (452) Numame, si wònye be mímetsɔna kpekpeme, si le Mawu ƒe Se la kple eƒe dzɔdzɔenyenye si nɛ o, eye be mímekpɔna fɔɖiɖi kple tomaɖo ƒe vɔɖinyenye ƒe lolome o la, na be mímekena ɖe amenuveve, si na nuvɔkɔklɔ ƒe ɖoŋuti la, ƒe nu gã, si wònye vavã la ŋuti o. Alea ye Nyanyui la bu eƒe asixɔxɔ kple vevienyenye le amegbetɔwo ƒe susu me, eye wole klalo aɖe asi le Biblia ŋutɔ ŋuti kpuie le woƒe wɔnawo me.UGL 433.2

    Mawunyafiala geɖewo gblɔna be Yesu gbã Se la to eƒe ku me, eye bena amegbetɔwo megale eƒe blabla te o. Ame bubuwo tsɔ Se la abe kɔkuti, si menana vovo o ene, eye wogblɔna tso eŋu be ewɔa ame kluvie, le esime Nyanyui la wɔa ame ablɔɖevie. Ke menye alea ke Nyagblɔɖilawo kple Apostolowo kpɔna Mawu ƒe Se kɔkɔe la o. David gblɔ be : “Mazɔ le teƒe keke, elabena medi wò se la yome.” ( Psalmowo 119:45 ), Le eƒe nyaa ɖe me le Yesu ƒe ku megbe, Apostolo Yakobo yɔ Mawu ƒe Se ewoawo be: “Fiasedede” kple “Ablɔɖese” ( Yak. 1:25; 2:8). Ƒe blaatɔ̃ le Yesu ƒe atitsogaŋutiku megbe la, Patmos ƒe Nyagblɔɖila gblɔ yayranya sia be “Woayra amesiwo lé eƒe Seawo me ɖe asi, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.” ( Nyaɖ, 22:14 )UGL 433.3

    Nya, si wogblɔna be Kristo ɖe Fofoa ƒe Se la ɖa to eƒe ku me la menɔ anyi ɖe naneke dzi o. Nenye ɖe woate ŋu atrɔ Se la, alo aɖee ɖa la, ne anye be mahiã be Kristo natsɔ eƒe agbe na ɖe amegbetɔ ƒe nuvɔ, alo Sea dzi dada ta o. Kristo ƒe ku meɖe Se la ɖa kura o, ke boŋ eɖee fia be enye Se, si metrɔ gbeɖe o. Mawuvi la va be ” wòade gãnyenye kple ŋutikɔkɔe Se la ŋu,” ( Yes. 42:21 ), “migabu xa bena meva Se la alo nyagblɔɖilawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ meva be mawɔ wo woade blibo. Elabena vavã mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka, alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso Se la me, vasede esime wo katã nava ve me o.” ( Mateo 5:17, 18 ). Ke egblɔ tso eɖokui ŋu bena: “Nye Mawu, wò lɔlɔnu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò Se la le nye dzi me.” ( Ps. 40:9 )UGL 434.1

    Le eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu la, Mawu ƒe Sea nye nu matrɔmatrɔ. Enye Sewɔla ƒe lɔlɔnu kple dɛ̃ ƒe ɖeɖefia. Mawu enye lɔlɔ, eye eƒe Se la nye lɔlɔ. Eƒe ɖoɖo gã eveawo enye lɔlɔ̃ na Mawu kple lɔlɔ̃ na havi amegbetɔ. “Lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.” ( Roma. 13:10 )UGL 434.2

    Mawu ƒe dɛ̃ enye dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe. Eya kee nye eƒe Se la ƒe nɔnɔme. Psalmowoŋlɔla be: “Wò Se la nye nyateƒe … Wò Seawo katã le dzɔdzɔe.” (Ps. 119: 142, 172). Apostolo Paulo ya gblɔ be: “Se la le kɔkɔe, eye Sedede la le kɔkɔe, le dzɔdzɔe, eye wònyo.” ( Roma. 7:12 ). Ele be Se sia, si nye ewɔla ƒe dɛ̃ kple lɔlɔnu ɖeɖefia la, nali ke abe Sewɔla ŋutɔ ke ene.UGL 434.3

    Dzimetɔtrɔ kple kɔkɔewɔwɔ ƒe dɔ la dzraa amegbetɔwo kple Mawu dome ɖo, eye wònana wowɔa ɖeka kple eƒe Seawo ƒe ɖoɖowo. Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ amegbetɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu. Ɖekawɔwɔ blibo nɔ eya kple dzɔdzɔmenuwo katã kple Mawu ƒe Se la dome. Dzɔdzɔenyenye ƒe ɖoɖowo le ŋɔŋlɔ̃ ɖi le eƒe dzi me. Ke nuvɔ̃ va klãe ɖa tso eƒe Wɔla gbɔ. Meganɔ Mawu ƒe nɔnɔme ɖem fia o. Eƒe dzi ho aʋa ɖe Mawu ƒe Sea ƒe ɖoɖowo ŋuti. “Ŋutilãnudidi enye aɖikã ɖe Mawu ŋuti.” ( Roma. 8:7 ). Gake “Mawu lɔ̃ xexeame alegbegbe be wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi na” bena wòalé avu le Mawu kple amegbetɔ dome. To Kristo ƒe dzenawo me la, ƒoƒose agate ŋu trɔ va eya kple eƒe Wɔla dome. Ele be Mawu ƒe amenuveve nawɔ eƒe dzi yeyee, eye be wòaxɔ agbe yeye tso dziƒo. Tɔtrɔ sia enye dzidzi yeye, si Yesu gblɔ be eya manɔemee la, amea ɖeke mate ŋu akpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒea o la.UGL 435.1

    Afɔɖeɖe gbãtɔ ɖo ta ɖekawɔwɔ kple Mawu gbɔ la enye sidzedze ame ƒe nuvɔ. “Nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ”. “Se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.” ( Yoh. I 3:4; Rom. 3:20 ). Hafi vɔwɔla nake ɖe eƒe fɔɖiɖi ŋu la, ele nɛ be wòado eƒe dɛ̃ kpɔ kple dzɔdzɔenyenye ƒe ɖoɖo, si Mawu tsɔ na amegbetɔ la. Eyae nye ahuhɔe, si ɖea dɛ̃ dzɔdzɔe ƒe blibodede fiana.UGL 435.2

    Se la ɖea amegbetɔ ƒe nuvɔwo fianɛ, ke mekpɔa ŋuɖoɖoa ɖeke na wo o. Ne edo agbe ƒe ŋugbe na amesiwo wɔa ɖe edzi la, egblɔ be ku enye edzimawɔla ƒe gomekpɔkpɔ. Kristo ƒe Nyanyui la koe ate ŋu ɖee ɖa tso nuvɔ̃ ƒe fɔbubu kple ɖiƒoƒo te. Ele nɛ be wòase veve le Mawu ŋkume ɖe eƒe Se, si dzi wòda la ta, eye wòaxɔ Kristo kple eƒe nuvɔɖeɖe ɖa ƒe vɔsa dzi se. To mɔ sia dzi wòkpɔ eƒe tsã nuvɔwo ƒe tsɔtsɔke le, eye wòzu Mawu ƒe dzɔdzɔme gomekpɔla. Ezu Mawu ƒe vi, le esime wòxɔ vinyenyegbɔgbɔ, si me wòto do ɣli be “Aba Fofo”.UGL 435.3

    Azɔ la, ɖe wòkpɔ vovo ada Mawu ƒe Se la dzi a? Paulo be: “Ekem ɖe míetsɔ xɔse la tu Se la mahã? Gbeɖe! Ke míetsɔ Se la tu tsitre boŋ.” ( Roma. 3:31 ) “Aleke gɔ̃ mí amesiwo ku na nuvɔ̃ la, míaganɔ agbe le eme mahã ?” Ke Yohanes gblɔ be: “Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena míalé eƒe Seawo me ɖe asi, eye eƒe Seawo mesesẽ o.” ( Yoh.I, 5:3 ). To dzidzi yeye me wohea ame ƒe dzi vaa ɖekawɔwɔ kple Mawu me, eye wòwɔa ɖeka kple eƒe Se la hã. Ne tɔtrɔ gã sia va nuvɔwɔla me la, ekem eto ku me yi ɖe agbe me, tso nuvɔ̃ me yi kɔkɔenyenye me, to dzidada kple aglãdzedze me yi toɖoɖo kple dzɔdzɔenyenye me. Eƒe tsã gbenɔnɔ le adzɔge na Mawu la wu nu. Ɖekawɔwɔ kple Mawu, xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe agbe dze egɔme. Azɔ, Se la ƒe dzɔdzɔenyenye azu wɔwɔ le mía amesiwo le zɔzɔm, menye le ŋutilã nu o, ke le Gbɔgbɔ nu la me. (Roma. 8:4 ). Ekem luʋɔ ƒe nuƒoƒo azɔ anye be: “Aleke gbegbe nyemehelɔa wò Se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.” (Psalmowo 119:97)UGL 435.4

    “Yehowa ƒe Se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme.” (Psalmowo 19:8 ) Se la manɔeme amegbetɔ ƒe susu mete ŋu kena ɖe nusi nye Mawu ƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye ŋu o, eye womete ŋu dea dzesi woawo ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi kple woƒe makɔmakɔ o. Esi womeƒo nuvɔ̃ ɖe wo nu o la, womesea vevesese ɖe nuvɔ̃ ta ƒe hiãhiã o. Womenya hã be, abe Mawu ƒe Sea dzi dalawo ene la, yewole tsɔtsrɔ̃ ƒe mɔ dzi o, eye womekpɔ be yewohiã Kristo ƒe ʋu na nuvɔkɔklɔɖa o. Wolɔ̃ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la dzi, gake esia mehe dzi me ƒe tɔtrɔ detoa ɖeke alo agbe ƒe ɖɔɖɔɖoa ɖeke va na wo o. Esia wɔ be gota ƒe dzimetɔtrɔwo sɔ gbɔ, eye ameha geɖe, siwo mewɔ ɖeka kple Kristo kpɔ o la, le gegem ɖe hameawo me.UGL 436.1

    Susu dadawo ku ɖe kɔkɔnyenye ŋu, siwo tso ɖekematsɔleme na Mawu ƒe Sea me, alo nugbegbe le egbɔ me la, xɔ akpa gãtɔ le subɔsubɔ ƒe nudzɔdzɔwo me le egbe ŋkekeawo me. Susu siawo nye nu dada fiafiawo, eye wo dziwɔwɔ nye afɔku geɖe. Ame geɖewo ƒe susu gbegblẽ siawo xɔxɔ na be ehiã vevie ŋutɔ be gɔmesese, si de blibo la, nasu amesiame si na Ŋɔnlɔawo ƒe nufiafia ku ɖe nya sia ŋu. Biblia me kɔkɔenyenye vavã ƒe nufiafia do tso.UGL 436.2

    Le eƒe agbalẽ, si wòŋlɔ̃ ɖoɖe Tesalonika Hamea me, Paulo gblɔ be:UGL 436.3

    Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔnu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe.” Eye wòdo gbe sia ɖa be: “Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ,” Tesa.I, 4:3; 5:23 Biblia fia nu tso kɔkɔenyenye ŋuti eme kɔ nyuie, eye wògblɔ alesi wòate ŋu asu mía si la. Ɖela ƒe gbedodoɖa ɖe eƒe nusrɔlawo ta enye be: “Wɔ wo kɔkɔe le Nyateƒe la me. Wò Nya la enye Nyateƒe.” (Yoh. 17:17, 19 ). Paulo hã fia nu be xɔsetɔwo ƒe “ŋuti akɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.” (Roma 15:16 ) Nukae nye Gbɔgbɔe Kɔkɔe ƒe dɔ? Yesu gblɔ na eƒe nusrɔlawo be: “Ne eya, si nye Nyateƒe-Gbɔgbɔ, va la, akplɔ mí ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me,” (Yoh. 16:13 ). Mawu ƒe Nya la kple eƒe Gbɔgbɔ woenana amegbetɔ teŋu sea dzɔdzɔneyenye ƒe ɖoɖo gã, siwo le Se la me la gɔme. Ke esi wònye be Se, si nye Mawu ƒe dɛ̃ ƒe blibodede ɖeɖefia, “le kɔkɔe, dzadzɛ, eye wònyo” la, amesi tu eƒe dɛ̃ ɖe toɖoɖo Se sia dzi la hã anɔ kɔkɔe. Kristo enye dɛ̃ tɔxɛ sia ƒe kpɔɖeŋu, si de blibo la. Egblɔ be: “…melé Fofonye ƒe Seawo me ɖe asi…” “..mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.” (Yoh.15:18; 8:29) Ele be Kristo yomedzelawo naɖì eyama. Edze be, to Mawu ƒe amenuveve me, woatu woƒe dɛwo ɖe eƒe Sea ƒe ɖoɖo kɔkɔewo dzi. Esiae nye Biblia me ƒe kɔkɔenyenye ƒe nya la.UGL 436.4

    Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe dɔwɔwɔ le dzi me, to Kristo dzixɔxɔse me ko esia ate ŋu akpɔ emevava le. Paulo ƒe nuxlɔamenya na xɔsetɔwo enye esi: “… Mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la… Elabena Mawue nye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mía me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.” (Filipi 2:12, 13). Ele eme be kristotɔ nase nuvɔ̃ ƒe tetekpɔwo, gake aʋli vevie ɣesiaɣi tsi tre ɖe eŋuti. Afii Kristo ƒe kpekpeɖeŋu hiã vevie le. Amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ wɔ ɖeka kple Mawu ƒe ŋusẽ, eye xɔse ƒe ɣli la ɖina be: “Ke woada akpe na Mawu, si na dziɖuɖu mí to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la.” (Korinto. I, 15:57). UGL 437.1

    Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kɔte be kɔkɔenyenyedɔ la tsina ɖe edzi vivivi. Ne nuvɔwɔla trɔ dzi me, eye ŋutifafa ɖo eya kple Mawu dome, to Kristo ƒe ʋu me la, kristotɔ ƒe agbe koe le egɔme dzem enye ema. Ele nɛ be wòaʋli ɖota blibodede gbɔ, “ade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.” Apostolo Paulo gblɔ be: “…Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ̃ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la nyam mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.” (Filipi 3: 13, 14 ). Le Apostolo Petro ƒe nya nu la, atsrɔkpui, si míalia hafi aɖo kɔkɔenyenye gbɔ la enye si: “Eye esia ŋuti ke mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze, eye le sidzedze me la ɖokuidziɖuɖu, eye le ɖokuidziɖuɖu me la dzidodo, eye le dzidodo me la mawusosroɖa, eye le mawusosroɖa me la nɔvilɔlɔ, eye le nɔvilɔlɔ̃ me la lɔlɔ̃ na amewo katã. Elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo kpɔ o. (Petro II, 1: 5-10) UGL 437.2

    Amesiwo lé kɔkɔewɔwɔ ɖe asi le Biblia ƒe nufiafia nu la, bɔbɔenyenye dzena le woƒe agbenɔnɔ me. Abe Mose ene, woke ɖe kɔkɔenyenye ƒe gãnyenye, si ŋuti ŋɔdzi le la ŋu, eye wode dzesi woawo ŋutɔwo ƒe mademade le Mawu mavɔ la ƒe dzadzɛnyenye kple blibodede, si kɔkɔ alegbegbe la, ƒe ŋkume. Nyagblɔɖila Daniel enye kɔkɔewɔwɔ vavã ƒe kpɔɖeŋu gã ɖeka. Etsɔ eƒe agbe didi la ɖo anyi na eƒe Aƒetɔ ƒe subɔsubɔ. Amesi gbɔ womelɔa nu le o la wònye le dziƒo. (Daniel 10:11 ). Nyagblɔɖila sia, si ŋu Mawu dea bubu la, metsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye ɖo ŋgɔ le eƒe kukuɖeɖe na Mawu ɖe Israel dukɔa ƒe vodadawo ta me o, ke boŋ etsɔ eɖokui wɔ ɖeka kple dukɔ, si ɖi fɔ la. Egblɔ be: “Elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta míebɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na Wò ɖo o, ke boŋ le Wò nublanuikpɔkpɔ geɖe tae.” “…míewɔ nuvɔ, eye míewɔ nu tovo.” Eyi edzi be: “.. megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔwo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔwo me ʋum.” Ke esia yome, le ɣebubuɣi, esi Mawuvi la dze na eyama be yèafiae nu la, Daniel gblɔ be: “…nusi ke nyo le menye la zu gbegblẽ, eye ŋusẽa ɖeke menɔ ŋunye o.” (Daniel 9: 18, 15, 20; 10:8 )UGL 438.1

    Esi Hiob se Aƒetɔ la ƒe gbe wònɔ nu ƒom nɛ le ahomya me la, edo ɣli be: “Megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afí me.” (Hiob 42:6 ) Le esime Yesaya kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wose Kerubimwo le ɣli dom be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot!” la, eƒu asi nu, do ɣli be: “Alele, evɔ nam.” (Yes. 6: 3, 5). Apostolo Paulo, esi wòyi dziƒo etɔlia me le vivi me, eye wòse nya, siwo mele nɛ be woagblɔ o, siwo womeɖe mɔ na ame, bene wòagblɔ o la, eyɔ eɖokui be “ame kɔkɔewo katã dome suɛtɔ.” (Korinto. II, 12:2-4; Efeso. 3:8 ). Yohanes, nusrɔla, si gbɔ womelɔa nu le o, si da ta ɖe Yesu ƒe akɔta la, eya amesi kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe la, eyae dze anyi ɖe dɔla ƒe afɔ nu abe ɖe wòku ene. (Nyaɖ.1:17 )UGL 438.2

    Ate ŋu ava eme be, to ɖokuidodoɖedzi me, alo dada me, be amesiwo le zɔzɔm le Kalvaria-titsoga ƒe vɔvɔli te la, nagblɔ be nuvɔ̃ mele yewo me o. Gake wonya be yewo ƒe nuvɔwoe na be Mawu-Vi la ƒo kudɔ, eye eƒe dzi gbã. Susu sia ana woabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi. Amesiwo te ɖe Kristo ŋu nyuie le woƒe agbenɔnɔ me la te ŋu kpɔna amegbetɔ ƒe nanekemanye kple eƒe fɔɖiɖi, eme kɔna nyuie, eye wodea dzesii kɔtee be Ɖela, si woklã ɖe atitsaga ŋu, eye wòfɔ la, ƒe dzenawo koe nye yewo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka si li la.UGL 439.1

    Gɔmesese, si amegeɖewo tsɔ na kɔkɔenyenye le kristotɔwo dome egbea, nye nusi ɖe ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ kple fuléle Mawu ƒe Se la fia, esiwo metso agbenɔnɔ le Biblia ƒe nufiafia nu me kura o la. Le woƒe nya nu la, enye nɔnɔmea ɖe, si vana eme to xɔse ɖeɖe ko me, eye ame kpɔa kɔkɔenyenye, si de blibo la enumake. Wogblɔna be: “xɔ se ko, eye yayra sia asu asiwo.” Ŋutetea ɖeke wɔwɔ megahiã na amesi le edim la o. Nenema ke wogagbena Mawu ƒe Se la ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi, eye wogblɔna be woɖe yewo ɖa tso sedziwɔwɔ ƒe dzizizi te. Evɔ, ɖe wòate ŋu va me na ame be wòade kɔkɔenyenye gbɔ le Mawu ƒe dɛ̃ kple lɔlɔnu nu, esi mawɔ ɖeka kple ɖoɖo, siwo ɖe eƒe nɔnɔme kple nusiwo nyoa enu la fia oa?UGL 439.2

    Ame ƒe didi ku ɖe subɔsubɔ, si le bɔbɔe, si mehiã ʋiʋlia ɖeke o, si mebia nugbegbe le ame ɖokui gbɔ kple asiɖeɖe le xexeame ƒe toflokowo ŋu o la, kplɔ ame geɖewo yi xɔse ɖeɖe ko ƒe nufiafia la gbɔ. Ke nuka Mawu ƒe Nya la gblɔ? Apostolo Yakobo be: “Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wòanye mahã? …Ke wò ame gbɔlo, ɖe nele didim be yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã? Ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia na mía Fofo Abraham, le esime wòtsɔ via ɖo vɔsamlekpui dzi o mahã? Ekpɔ bena xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, eye wotsɔ dɔwɔwɔwo wɔ xɔse la blibo… Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖe koe o.” (Yakobo 2: 14-24 ) UGL 439.3

    Mawunya ƒe ɖaseɖiɖiwo tsi tre ɖe xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ ƒe beble nufiafia, si vivia amewo nu la ŋuti. Womate ŋu ayɔ xɔse, si dia Dziƒo ƒe amenuveve, vɔ gbena wɔwɔ ɖe eƒe biabiawo dzi la, be xɔse o.UGL 440.1

    Esia nye ameɖokui beble, elabena xɔse vavã nɔa anyi ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ŋugbedodowo kple ɖoɖowo dzi.UGL 440.2

    Amea ɖeke nagable eɖokui kple susu sia be yeate ŋu kpɔ kɔkɔenyenye le esime yeanya nyuie vɔ anɔ Mawu ƒe ɖoɖoa ɖe dzi dam o. Nuvɔ, si wonya wɔ la, tsina Gbɔgbɔ ƒe gbe, si bua fɔ ame la nu, eye wòmãa luʋɔ kple Mawu dome. “Nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ”, eye “Amesiame si nɔa eya me la mewɔa nuvɔ̃ o; amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔ eyama o, eye medze si eyama hã o.” (Yohanes I, 3:6 ). To egbɔ be Yohanes ƒo nu geɖe tso lɔlɔ̃ ŋuti le eƒe agbalẽwo me hã la, mehe ɖe megbe kura be wòaɖe amesiwo bunae be yewo le kɔkɔe, vɔ wonɔ Mawu ƒe Seawo dzi dam gbadrẽ la, ƒe gbegblẽwo ɖe go o. Egblɔ be: “Amesi ke gblɔ bena yenyae, eye gake melé eƒe Seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o. Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã.” (Yoh.I, 2:4, 5) Amesiame ƒe xɔsemeʋuʋu ƒe dodokpɔ enye esi. Mímate ŋu abui be amea ɖe le kɔkɔe, ne mímetsɔe sɔ kple kɔkɔenyenye ƒe dzidzenu ɖeka, si Mawu tsɔ na le dziƒo kple anyigba la o. Ne amegbetɔwo mete ŋu le dzesi dem dɛ̃ nyui ƒe Se la ƒe kpekpeme o, wometsɔ asixɔxɔ, si dze la na Mawu ƒe ɖoɖowo o, eye womebu wo naneke o, wole Se siawo ƒe suɛtɔ kekeake dzi dam, eye wole ame bubuwo fiam be woawo hã woawɔ nenema la, dziƒo made bubua ɖeke wo ŋu o, eye woƒe dzixɔse menɔ anyi ɖe naneke dzi o.UGL 440.3

    Amesi le eɖokui kpɔm be nuvɔ̃ mele yeme o la, le kpe ɖom edzi be eyama didi boo tso kɔkɔenyenye gbɔ. Elabena amesi ke le eɖokui bum kɔkɔe la ƒe susu ku ɖe Mawu ƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye mavɔ ŋu la mede blibo o; eye medze si tɔtrɔ, siwo ava amesiwo ƒe dɛ̃ wɔ ɖeka kple Mawu tɔ la me o, elabena menya nusi nye Yesu ƒe dzadzɛnyenye kple blibodede mavɔ la o, eye meke ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋunyɔ̃ kple nuvlonyenye ŋu o. Zi alesi wòate ɖa boo tso Kristo gbɔ la, nenema ke eƒe simadze Mawu ƒe sea ƒe nɔnɔme aloloe, eye eɖokui kpɔkpɔ abe dzɔdzɔetɔ ene hã ado gã ɖe edzi.UGL 440.4

    Kɔkɔenyenye, le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe nukpɔkpɔ nu, lɔ amegbetɔ blibo la katã, gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã ɖe nu. Le eƒe gbedodoɖa ɖe Tesalonikatɔwo ta me la, Apostolo Paulo bia be Mawu nakɔ wo ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra woƒe “gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la.” (Korinto.I, 5:23 ) Eŋlɔ̃ ɖoɖe xɔsetɔwo le afi bubu hã be : “Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwo, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu…” (Roma. 12:1 ). Le blema Israel ƒe ɣeyiɣi me la, woléa ŋku ɖe nunana ɖesiaɖe, si wotsɔna vɛ na Mawu, abe vɔsasa ene la ŋuti nyuie. Ne wokpɔ abi alo dɔlélea ɖe le lã sia ŋuti la, wogbena exɔxɔ, elabena Mawu de se be gbegblẽa ɖeke manɔ vɔsalã la ŋuti o. Nenema ke wobia tso kristotɔwo si be woatsɔ woƒe ŋutilã na Mawu abe vɔsa gbagbe, si dza, eye wodze Yehowa ŋu ene. Ne woate ŋu awɔ esia la, ele be woalé be na woƒe ŋutinuwo katã ale be woanɔ nɔnɔme nyuitɔ kekeake me. Numame ɖesiaɖe, si ahe gbɔdzɔgbɔdzɔ va ameɖokui dzi le ŋutilã alo susu me la, nana be ame megadzena na eƒe Wɔla ƒe subɔsubɔ o. Nenye be ele alea ɖe, ɖe Mawu axɔ nu bubu, si manye nyuitɔ kekeake, si míate ŋu atsɔ va nɛ o la, le mía si a? Kristo gblɔ be: “Nalɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la, kple wò dzi blibo.” Amesiwo lɔ̃ Mawu kple dzi bliblo la adi be yewoatsɔ yewo ƒe agbe ƒe subɔsubɔ nyuitɔ la na Mawu, eye woadi ɣesiaɣi be yewo ƒe amenyenye ƒe nunana ɖesiaɖe wòawɔ ɖeka kple Se siwo akpe ɖe wo ŋuti woawɔ eƒe lɔlɔnu la. Womagbɔdzɔ alo agblẽ vɔsa, si woatsɔ va dziƒo Fofo la ƒe ŋkume to woƒe vivisese alo nudidiwo wɔwɔ me o.UGL 441.1

    Nya, si Petro gblɔ enye si: “Lɔlɔtɔwo, mele nu xlɔm mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miaɖe mia ɖokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ.” (Petro I, 2:11 ) Vivisese ɖesiaɖe, si ŋu fɔɖiɖi le, si ko míaɖe asi le mía ɖokuiwo ŋu na la, wùna míaƒe gbɔgbɔme kple susume sidzedze ŋusẽ, ale be Mawu ƒe Nya alo eƒe gbɔgbɔ megate ŋu wɔa dɔ ɖe ame ƒe dzi dzi o. Paulo gblɔ ɖoɖe Korintotɔwo be: “…Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔnyenye nu le Mawuvɔvɔ̃ me.” (Korinto. II, 7:1 ). Exlẽ ɖokuidziɖuɖu ɖe Gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo dome: “..lɔlɔ,̃ dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Galatiatɔwo 5:22 )UGL 441.2

    Geɖe woenye kristotɔ, siwo, to gbɔ be mawunya ƒo nu tsitre ɖe eŋu hã la, wole woƒe ŋusẽwo ɖiɖim kpɔtɔ, to xexemenuwo didi kple atsyɔɖoɖo vivivo yome nɔnɔ me; wo ame nenie mele ɖi ƒom Mawu ƒe nɔnɔme, si le wo me, to nutsuɖuɖu, ahanono, kple vivisese, siwo wogbe la yome nɔnɔ me oa? Gake hame la, esime wòle be wòatsi gbegblẽ siawo nu la, le ŋusẽ dom wo zi geɖe boŋ to yɔyɔ wɔwɔ na nuɖuɖu, xexeme nudidiwo ŋu dɔ wɔwɔ hena kpekpe ɖe mawunya kaka ŋuti, elabena lɔlɔ̃ na Kristo mesɔ gbɔ na dɔ sia wɔwɔ o. Nenye ɖe Kristo agage ɖe míaƒe gbedoxɔwo me egbea, eye wòakpɔ ŋkekenyuieɖuɖu kple asitsatsa wɔna, siwo le eme vam la, ɖe manya vlodola siawo do goe abe alesi wowɔ na gaɖɔlilawo le blema gbedoxɔ la me ene oa?UGL 442.1

    Le eƒe nuƒoƒo tso dziƒo nunya ŋu me, Apostolo Yakobo gblɔ be ” gbã, eŋuti kɔna”. Ne ado go amea ɖe siwo le Yesu ƒe ŋkɔ xɔasi sia yɔm kple nuyi, siwo atamã ƒo ɖi, amesiwo ƒe nu me kple ŋutilã katã le ʋeʋẽm kple eƒe dzudzɔ, eye wona be amesiwo ƒo xlã wo la hã le ya ƒoɖi sia ƒe aɖi gbɔm la, ɖe Apostolo sia, nenye be wòdo go numame gbegblẽ sia, si tsitre ɖe Nyanyui la ƒe kɔkɔenyenye ŋuti la, mahe nya ɖe eŋu, ayɔe be anyigba dzi nu, ŋutilã ƒe nudzodzro kple nusi tso Abosam gbɔ o mahã? Atamã ƒe kluviwo hã ate ŋu xɔe se be yewo de blibo le kɔkɔenyenye me, eye woanɔ nu ƒom tso dziƒo ŋu. Gake Mawu ƒe Nya la le kpe ɖom edzi kple ŋusẽ be “nusianu, si nye nu makɔmakɔ la, mele yiyi ge ɖe eme o.” (Nyaɖ. 21:27).UGL 442.2

    “Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si le mia me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la, ƒe xɔ wònye, eye mienye mia ɖokui tɔ oa? Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu tɔ la, kafu Mawu.” (Korinto I, 6:19, 20 ) Amesi ƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe gbedoxɔ la, mawɔ eɖokui numame gbegblẽa ɖeke ƒe kluvi o. …Eƒe ŋutinuwo nye Kristo, si xɔ eyama ƒle kple eƒe ʋu la, tɔ. Eƒe nunɔamesiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ. Aleke wòate ŋu anye amemaɖifɔ, nenye be ele nunana, siwo wotsɔ na eyama ŋuti gblẽm? Wo dome amea ɖewo, siwo le wo ɖokui yɔm be kristotɔwo la, le ga home gãa ɖe ŋuti dɔ wɔm ƒe sia ƒe, henɔa tofloko ƒe vivisese, siwo me dzɔgbevɔe le la dim, le esime luʋɔ geɖewo le tsɔtsrɔm le agbenya mase ta. Wole Mawu fim le ewoliawo kple adzɔnuwo me, eye nusi gblẽm wole le ŋutilãnudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋu, ƒe vɔsamlɛkpui dzi la, sɔ gbɔ fũ wu esi wotsɔ ɖo anyi na ame dahewo, alo na kpekpe ɖe mawunyakaka ŋu. Nenye be ɖe amesiwo le wo ɖokui yɔm be Kristo yomedzelawo ge ɖe kɔkɔenyenye me vavã la, anye ne wotsɔ ga home gbogbo, si ŋu dɔ wɔm wole na tofloko vivisese, si dea ame tsɔtsrɔ̃ me, kpɔkpɔ la, woatsɔe ana le Mawu ƒe gadzraɖoƒe la. Eye le esia wɔwɔ me la kristotɔwo ana ɖokuidziɖuɖu, nugbegbe le ameɖokui gbɔ kple ɖokui tsɔtsɔ sa vɔ ƒe kpɔɖeŋu gãwo. Ale be wozu kekeli na xexe la.UGL 443.1

    Xexeme la zu kluvi na eya ŋutɔ ƒe nudzodzrowo. Ŋutilã ƒe nudzodzro ŋkuwo ƒe ŋubiabiã, kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo woenye nusiwo le fia ɖum ɖe amehawo dzi. Ke wobia tso Kristo yomedzelawo si be woanɔ agbe, si ŋu kɔ wu la. “Eyaŋuti mido go tso wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o…’’ Ekem le Mawu ƒe Nya la nu la, miekpɔ ŋusẽ agblɔ be kɔkɔenyenye, si meɖe nugbegbe blibo le xexeame ƒe nudzodzro kple vivisese gbegblẽwo gbɔ o la mate ŋu anye kɔkɔenyenye vavã o. Amesiwo wɔ ɖeka kple biabia, si gbɔna : “Mido go tso wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o” la nye gomekpɔlawo na Mawu ƒe ŋugbedodo sia, si gbɔna: “Nye la maxɔ mi, eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinye ŋutsuviwo kple vinye nyɔnuviwo, Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.” (Korinto. II, 6: 17,18 ). Kristotɔ ɖesiaɖe ƒe gomekpɔkpɔ kple dɔdeasi wònye be wòawɔ nuteƒekpɔkpɔ xɔasi geɖewo le Mawu ƒe nuwo me. Yesu gblɔ be: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yomyeme la mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.” (Yoh. 8:12). Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” (Lododowo 4:18 ), Afɔɖeɖe ɖesiaɖe, si wowɔna le xɔse kple toɖoɖo me la, kplɔa ame yia kadede deto me kple xexeme ƒe Kekeli, “si me vivitia ɖeke mele o la.” …Dzɔdzɔenyenye ƒe Ɣe ƒe alɔdze keklẽwo klẽna ɖe Mawu ƒe subɔlawo dzi, eye wòdze be woaɖe keklẽ sia fia. Abe alesi ɣletiviwo ɖenae fiana be kekeli gãa ɖe le dziƒowo me, si ƒe ŋutikɔkɔe klẽna ɖe wo dzi ene la, nenema ke wòle be kristotɔwo naɖee fia be Mawua ɖe le xexeame godoo ƒe fiazikpui dzi, si ƒe dẽ dze be míakafu, eye míasrɔ. Eƒe Gbɔgbɔ ƒe amenuvevewo, eƒe dɛ̃ ƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye aɖe wo ɖokui fia le eƒe ɖaseɖilawo katã me.UGL 443.2

    Le agbalẽ, si wòŋlɔ̃ na Kolosetɔwo me, Apostolo Paulo ƒo nu tso yayra xɔasi, siwo li na mawuviwo la ŋu ale: “…Míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔnu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ, le Gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã.” (Kolose 1: 9-11) Egaŋlɔ̃ ɖoɖe nɔviwo le Efeso, alesi wòdi be woase gomekpɔkpɔ gã, si nye kristotɔ tɔ la gɔme. Eɖee fia wo le nuƒoƒo, si me kɔ nyui la me, nuku ŋusẽ kple nunya, si ate ŋu nye wo tɔ abe Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo la. Esu ko be “wòado ŋusẽ wo to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome, bene Kristo nanɔ anyi le woƒe dziwo me to xɔse me, eye wòali ke wo, eye wòaɖo wo gɔme anyi le lɔlɔ̃ me, bene wo kpakple ame kɔkɔewo katã woate ŋu adzesi nusi nye kekeme kple didime kple goglome, kple kɔkɔme, eye bene woadzesi Kristo ƒe lɔlɔ, si ƒo sidzedze la ta sã la.” Ke Apostolo la ƒe gbedodoɖa de gomekpɔkpɔ la ƒe kɔkɔƒe ke esi wobia Mawu be “nɔviawo nayɔ taŋ, ne woade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.” (Efeso. 3:16-19 ).UGL 444.1

    Ekem míakpɔ le afisia, kɔkɔme, si gbɔ míate ŋu ade to xɔse ɖe Dziƒo Fofo la ƒe ŋugbedodowo dzi me, nenye be míele wɔwɔm ɖe eƒe lɔlɔnu dzi la. To Kristo ƒe dzenawo me la, mɔ le ʋuʋu ɖi na mí yi ɖe keke Ŋusẽ Mavɔ la ƒe fiazikpuia ŋgɔ. “Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mí katã mía ta boŋ; aleke lawɔ, eye matsɔ nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa? (Roma. 8:32 ) (463) …Fofo la tsɔ eƒe Gbɔgbɔ na Via dzidzenu manɔŋui, eye míawo hã míate ŋu akpɔ gome le eƒe blibodede me. : “Azɔ mi amesiwo nye ame vɔɖiwo mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ Kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?” (Luka 11:13 ). “Ne miabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la mawɔe.” “Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.” (Yoh. 14”14; 16:24 ).UGL 445.1

    Nyateƒe wònye be edze be bɔbɔenyenye ƒe agbenɔnɔ nanɔ kristotɔ si, gake mele eteƒe be viviti kple blanuiléle natsyɔ̃ edzi o, eye mele be wòado vlo alo aɖi gbɔ eɖokui o. Edze be amesiame nanɔ agbe, si dzi Mawu ada asi ɖo, eye wòayra la. Menye míaƒe dziƒo Fofo ƒe dzidzɔ wònye be míanɔ fɔbubu kple viviti te ɣesiaɣi o. Menye be ne míede mo to le yiyim, eye miaƒe dziwo yɔ ɣesiaɣi kple susu, siwo ku ɖe mía ɖokui ŋuti la, eyae nye bɔbɔenyenye vavã ɖeɖe fia o. Ne míeyi ɖe Kristo gbɔ, eye wòkɔ mía ŋuti la, míate ŋu anɔ te ɖe Se la ŋgɔ, ŋukpẽ kple dzitsinya ƒe fɔbubu manɔemee. “Azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu.” (Roma 8:1 )UGL 445.2

    Le Yesu me la, Adam vi nuvɔ̃mewo zu “Mawu ƒe viwo”. “Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o.” (Hebri. :11 ) Ele be kristotɔ ƒe agbe la nanye xɔse, dziɖuɖu kple dzidzɔ le Mawu me ƒe agbe. “Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu si, ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse.” Le nyateƒe me Mawu gblɔ na eƒe subɔla Nexemya be: “…dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.” (Nexemya 8:10). Paulo hã be: “Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi.”…”Dzi nadzɔ mi ɖaa. Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mida akpe le nusianu ŋuti, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔnu hena mi le Kristo Yesu me.” (Filipi. 4:4; Tesalo.I, 5 : 16-18 ).UGL 445.3

    Esiawo enye dzimetɔtrɔ kple kɔkɔenyenye ƒe kutsetsewo. Kutsetse siawo mebɔ o, elabena kristotɔ ƒomea metsɔ ɖeke le me na dzɔdzɔenyenye ƒe ɖoɖo gã siwo Mawu ƒe Se la ɖo anyi o. Esia tae ŋusẽ-dɔ deto, si nɔa anyi ɖaa, si Mawu ƒe Gbɔgbɔ wɔna, eye wòɖena fiana le nyɔnyɔ̃ gbãtɔwo me la megale eme vam o.UGL 446.1

    Ŋugbledede mee tɔtrɔ ava mía me le. Ne amegbetɔwo mele ɖeke tsɔm le me na ɖoɖo kɔkɔe, siwo Mawu tsɔ na be woaʋu eƒe dɛ̃ ƒe blibodede kple kɔkɔenyenye ƒe agbo na wo o, ke boŋ woli ŋku ɖe amewo ƒe susuɖeɖe kple nufiafiawo dzi la, mewɔ nuku kura be mawusosroɖa gbagbe ayi to le hamea me o. Aƒetɔ la gblɔ be: “..Wogblẽ nye amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, be woaɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido, siwo gɔme ŋɔ, tsi mate ŋu anɔ wo me o. (Yeremia 2:13 ).UGL 446.2

    Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o… ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe Se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe Se la ŋu zã kple keli. Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melua xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie.” (Psalmowo 1:1-3). Ɣeyiɣi, si Mawu ƒe Se la axɔ nɔƒe, si nye etɔ la, eya ko hafi tsã ƒe xɔse kple mawusosroɖa ƒe fɔfɔ tso gbɔgbɔmelɔ̃ me akpɔ emevava le amesiwo le wo ɖokui yɔm be eƒe dukɔ la dome. “Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mɔwo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo!” (Yeremia 6:16 ).UGL 446.3

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents