Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    37—ŊƆŊLƆ̃ KƆKƆEAWOE NYE MIA ŊUDZƆLA

    «Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.» (Yes. 8:20 ) Wotɔ asi Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo dzi na Mawu ƒe dukɔ la be, woawoe le wo ŋu dzɔm, le wo ta kpɔm tso aʋatsonufialawo, vivitime gbɔgbɔ vɔwo ƒe amenubeble gã, si nu sẽa ŋu ɖe ame dzi la me. Biblia me nyawo klo nu ɖa keŋ le Satana ƒe aye-amebeble gã la dzi, eyata ele mɔnu, siwo katã ŋu dɔ wòate ŋu awɔ axe exexlẽ ƒe mɔ na amewo la ƒe agbagba dzem. Eyata ɣesiaɣi, ne nyɔnyɔ̃ ƒe dzo ɖo Mawu ƒe dukɔa me la, nuvɔ-̃ fiavi la hã gbugbɔ dea ŋusẽ eƒe dɔwɔwɔwo me. Azɔ la, ele eƒe agbagba gãtɔwo dzem hena aʋa hoho ɖe Kristo kple eƒe nusrɔlawo ŋuti. Madidi o eƒe beble gã mlɔetɔ la aɖo dzi. Kristo ƒe futɔ la le eƒe nukunu-dɔwo wɔ ge le mía ŋku me. Eƒe nusrɔ-wɔ la le nu vavãtɔ la ɖi ge ale gbegbe be, ne menye Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawoe laɖee afia o la, anye ne amea ɖeke mate ŋu ade dzesii o. Ele be woado nya sia nya kple nukunu ɖesiaɖe akpɔ le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖiɖi nu.UGL 564.1

    Amesiwo ladze agbagba be woalé Mawu ƒe Sewo katã me ɖe asi la, woaɖu fewu le wo ŋuti, eye woatsi tre ɖe wo ŋu. Mawu me ko nenem meawo akpɔ tenɔnɔ le. Bene woate ŋu atsɔ dodokpɔ, si le wo lalam la, ele na wo be woase Mawu ƒe lɔlɔnu gɔme, abe alesi wòdzé le eƒe Nya la me ene. Ne womenya nu tso eƒe dẽ, eƒe dziɖuɖu kple eƒe tameɖoɖiwo ŋuti nyuie, henɔ kadede me kpli wo o la, womate ŋu tsɔ bubu na MawuUGL 564.2

    o. Amesiwo ko ate ŋu anɔ te sesiẽ le ʋiʋli gã susɔea me la, woanye amesiwo lado ŋusẽ woƒe gbɔgbɔ kple Biblia ƒe Nyateƒe nyawo. Luʋɔ ɖesiaɖe ƒe dodokpɔ anye: ɖe maɖo to Mawu loo, alo amegbetɔwoa? Tiatia ƒe gaƒoƒo la gogo ŋutɔ azɔ. Ɖee míelí míaƒe afɔwo ɖe Mawu ƒe Nya, si nye Agakpe maʋãmaʋã la dzia? Ɖee míesɔ gbe aʋli Mawu ƒe Seawo kple Kristo ƒe dzixɔse la ta kple tenɔnɔ sesiẽa?UGL 564.3

    Hafi woaklãe ɖe ati ŋuti la, Xɔla la ɖe eme na eƒe nusrɔlawo be wogbɔna ye wu ge, gake yeatsi tre. Mawudɔlawo nɔ afima bene yewoaŋlɔ̃ nya siawo ɖe woƒe susuwo kple dziwo me. Gake nusrɔlawo nɔ mɔ kpɔm gbã, na ɖeɖe tso Roma dziɖuɖua si me, eye womate ŋu axɔe se be amesi dzi woƒe mɔkpɔkpɔ katã le lae akpe ŋukpẽ-ku sia ƒe fu o. Nya, siwo ƒe ŋkuɖoɖzi hiã wo la, bú keŋ ɖa le woƒe ta me, eye esime dodokpɔ ƒe ɣeyiɣi la ɖo la, ekpɔ wo ŋudzɔmanɔlawoe. Yesu ƒe ku la tsrɔ̃ woƒe mɔkpɔkpɔwo keŋ, abe ɖee mena wonya da ɖi o ene. Abe alesi Yesu ɖe nusiwo gbɔna dzɔdzɔge, le woŋɔli me, fia eƒe nusrɔlawo ene la, nenema kee Ŋɔŋlɔ kɔkɔea ƒe nyagblɔɖiwo le nu klom ɖa le nusiwo le ŋgɔ gbɔna la dzi na míawo hã. Amenuveve-ɣeyiɣia ƒe nuwuwu dzi nyadzɔdzɔwo kple dzadzraɖo ɖe xaxa-ɣeyiɣi la ŋuti nyawo dze ƒã le kekeli me. Gake amehawo mese nyateƒe vevie siawo gɔme kura o, eye wòle dzedzém abe ɖee womeɖe naneke gɔme na wo kpɔ o ene. Satana kpɔ egbɔ nyuie be woagbe nusianu, si awɔ dɔ ɖe wo dzi hena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ la, ale be xaxa-ɣeyiɣi la nava tu wo le avo me.UGL 564.4

    Esime Mawu le toklãnya sesẽ sia tɔgbi, si ƒe nuvevienyenye dze le go sia me be, dɔla kɔkɔe, siwo le dzodzom le dziƒo titina lae ɖe gbeƒãe na amehawo la, ɖe wòle biabiam tso amesiame, si si nunya le la, gbɔ be wòakpɔ eɖokui dzi nyuie le gbedasiawo ŋuti. Ʋɔnudɔdrɔ̃ dziŋɔ, si ava amesiwo asubɔ lã la kple eƒe legba dzi la, nena be amesiame natsɔ veviedodo srɔ̃ nyagblɔɖiawo, ne wòadze si nusi nye lã la ƒe dzesi, ne wòasi le dzesi sia xɔxɔ nu. (Nyaɖ. 14:9-11 ) Gake amehawo ɖe to ɖa tso Nyateƒe la sese gbɔ, hetrɔ ɖe nyakpakpawo sese ŋuti. Apostolo Paulo do ɣli be: «Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o». (Tim.II, 4:3 ). Ɣeyiɣi ma ɖo vɔ. Biblia me Nyateƒewo sese mele amehawo dzrom o, elabena wotsia tre ɖe dzɔdzɔme dzi vɔɖi, siwo yɔ kple xexeme lɔlɔ̃ ƒe nudzodzrowo la ŋuti, eye Satana dina glitoto, si wolɔna la, na wo.UGL 565.1

    Gake Mawu ƒe dukɔa ɖe le anyigba sia dzi nɔ ge, si alé ɖe Biblia ŋu, eye Biblia ɖeka ko ŋutie wòaku ɖo, abe dzixɔse nufiafiawo katã, kple gɔmeɖoɖo na ɖɔɖɔɖo katã ƒe nukiklikpe ene. Eɖanye nunyala gãwo ƒe nukpɔkpɔwo o, aɖaŋu gãwo ƒe nyame tsatsãwo o, xɔsemeʋuʋuwo o, alo xɔse-ha ŋgɔnɔlawo ƒe takpekpe gã, siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ abe woƒe susu mawɔɖekawo ke ene la, ƒe kpeɖodzinyawo o, esiawo katã ƒe ɖeke medze akpɔ teƒe le dzixɔse nyaa ɖeke me o. Hafi ne woada asi ɖe dzixɔse nufiafiaa ɖe, alo sededea ɖe ko dzi la, edze be míalé ŋku ɖe eŋu gbã be ede megbe nyati, si gbɔna la tɔgbi: “Ale Yehowa gblɔe nye si”. Satana le agbagbadzedze dzi madzudzɔmadzudzɔe be yeahe amewo ƒe susu va amegbetɔ gbɔ ɖe Mawu teƒe. Le esime wòle be amewo nasrɔ̃ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo, ale be woake ɖe woƒe dɔdasiwo ŋu la, etutua wo bɔŋ be woatsɔ episkɔpowo, nunɔlawo, xɔsenufialawo wɔ kplɔla na woɖokui. Ke emegbe la, exɔa kplɔla siawo ƒe susu wɔa etɔe, eye wòtoa wo dzi wɔa nusi dzroe la kple ameha, siwo kplɔm wole la.UGL 565.2

    Esime Kristo tsɔ agbenyawo vɛ la, dukɔmeviwo ɖo toe kple dzidzɔ. Nunɔlawo kple dumegãwo ƒe ha gãa ɖe ŋutɔ gɔ̃ hã xɔ edzi se. Gake nunɔla gã kple dufiawo ɖo ɖe ta me be yewoagbe eƒe nufiafiawo, eye yewoabu fɔe. To gbɔ be wodze agbagba geɖe hã la, womete ŋu kpɔ amenutsonyaa ɖeke le eŋu o, ke boŋ wokpɔ be nunya kple ŋusẽ, si tso Mawu gbɔ la, dzea eƒe nyagbɔgblɔwo yome. Wode dzesi nusiawo katã, gake wosẽ ŋu le nusi woɖo ɖi xoxo la me, eye wogbe Mesianyenye, si wokpɔ le eŋuti kɔtee la, ƒe dzesiwo, elabena wole vɔvɔm be woava bù yewo hã ɖe eƒe nusrɔlawo dome. Yesu ƒe futɔ siawo nye amea ɖe, siwo ƒe bubu dukɔmeviwo srɔna tso keke ɖevi me ke, eye alesi woabɔbɔ wo ɖokui ɖe woƒe ŋusẽ te la ma wo. Wobia woɖokui se be aleke wɔ mía dziɖula, nuŋlɔla gã kple agbalẽnyala gã siawo mexɔ Yesu dzi se o mahã. Nenye ɖee wònye Kristo vavã ɖe, ame kɔkɔe siawo maxɔe oa? Sefiala siawo ƒomevi ƒe wɔnawoe na be Yuda- dukɔ la gbe eƒe Ɖela la.UGL 566.1

    Gbɔgbɔ, si nɔ nunɔlawo kple agbalẽfiala siawo me kee le ame geɖe, siwo fiaa wo ɖokuiwo abe mawusroɖala gãwo ene la me. Wogbe be yewomadzro Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ɖaseɖi ɖi, (581) siwo nye Nyateƒe tɔxɛ na míaƒe fifi ɣeyiɣi la, me o. Esi wolé ŋku ɖe woƒe xexlẽme ƒe agbɔsɔsɔ, kesinɔnuwo kple ŋkɔgã xɔxɔ ŋuti la, wodo vlo Nyateƒe la taʋlila, siwo nye ha sue, dahe, ame maɖinu, maxɔŋkɔwo, amesiwo lé dzixɔsea ɖe, si mã wo me tso xexeame gbɔ la, me ɖe asi la.UGL 566.2

    Ele nyanya me na Kristo xoxo be, ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi ƒe dzodzro vɔɖi, si le farisitɔwo kple agbalẽfialawo me la, mele enu wu ge kple Yudatɔwo ƒe kaka ɖe xexeame, le woƒe dua ƒe gbagbã megbe o. Enya, le eƒe nyagblɔɖi nukpɔkpɔ me, alesi amegbetɔ avado eƒe dziɖuɖu ŋusẽ ɖe dzi, aha té ɖe amewo ƒe dzitsinya dzi, eye wòavazu fiƒode gãa ɖe na Hamea le ƒewo katã me la. Ale, Biblia me nya dzra nyatsɔɖameŋu sesẽ sia ɖo ɖe agbalẽfiala kple Farisitowo ŋuti, kple toklãnya, si wògblɔ na dukɔ la, hele yɔyɔ wɔm na wo be wòmegadze kplɔla ŋkuagbãtɔ mawo yome o. Esia zu nyanyanana na dzidzime, siwo ava kplɔ wo ɖo la hã.UGL 567.1

    Roma hamea ɖo Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo gɔmeɖeɖe ɖi na nunɔlawo ɖeɖe ko. Susu lae nye be mawunyasrɔlawo ɖeɖe koe dze be woaɖe Mawunya la gɔme, eyata woxe asidede eŋuti ƒe mɔ na hameviwo. Ke ne Ɖɔɖɔɖowɔwɔ la tsɔ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo de asi na amewo katã hã la, nɔnɔme ma kee xe mɔ na Nyanyui-hametɔ geɖewo be woagasrɔe na wo ɖokui o. Wofia wo be woaxɔ nufiafiawo abe alesi hamea ɖe wo gɔme ene, eye ame geɖewo li, siwo medi be, ne Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me kɔ ŋutɔ hã, yewomaxɔ naneke dzi ase, si atsi tre ɖe woƒe xɔsemeʋuʋu ŋuti, alo nufiafia, si nye woƒe hamea tɔ la ŋuti o.UGL 567.2

    To gbɔ be Biblia yɔ fũ kple toklãnana, siwo tsi tre ɖe aʋatsonufialawo ŋuti hã la, ame geɖewo mehena ɖe megbe tso woƒe luʋɔwo dede asi na ha-nunɔlawo gbɔ o. Le egbe ŋkekeawo me, geɖewoe nye amesiwo ɖe wo ɖokui fia abe xɔse-mewo ene, gake womateŋu aʋli woƒe dzixɔse la ta le woa ŋutɔwo ɖokui si o, negbe le woƒe kplɔlawo ƒe nufiafia nu la ko. Wokpana toa Ɖela ƒe nufiafiawo ŋuti kple ŋkumale ɖe nu ŋu, eye wotsɔa kakaɖedzi blibo naa kplɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖewo. Ɖee gbeƒãɖela siawo mateŋu ada ƒu gbeɖe le woƒe nufiafiawo me oa? Aleke míagblẽ míaƒe luʋɔwo ɖe wo si me, ne Mawu ƒe Nya la mefia mí be wonye kekeli gbeƒãɖelawo oa? Esi dzideƒo, si hiã na dzitsinya ƒe kelili, si ana woaɖe asi le mɔ gɔglɔ, si wota da ɖi na wo ŋu la, mele wo si o la, ame geɖewo dze nunyala ɖokuiŋudzelawo ƒe afɔtoƒewo yome, elabe wolé fu nusɔsrɔ̃ le ame ŋutɔ ɖokui si na wo ɖokuiwo. Alea ye woge ɖe nu dadafiafia ƒe kɔsɔkɔsɔwo me, mɔkpɔkpɔmanɔŋui.UGL 567.3

    Wode dzesii nyuie be Biblia fia nu kɔtee ku ɖe Nyateƒe, si sɔ ɖe egbe-ŋkekea ŋuti la ŋu, eye wole Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si dze Nyateƒe sia ƒe gbeƒãɖeɖewo yome la kpɔm. Gake, to hamea nunɔlawo ƒe tsitretsitsi ɖe Nyateƒea ŋu me la, woɖe asi le wo ɖokui ŋu wotrɔ wo ɖa le Kekeli la yome. To gbɔ be woƒe susu kple dzitsinyawo ƒoe ɖe wo nu hã la, luʋɔ ŋkuagbãtɔ siawo, abe woƒe osɔfɔwo ke ene la, medi be yewoatrɔ yewo ƒe tamesusuwo o, ke boŋ wotsɔ woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso kple viɖe mavɔwo sa vɔ ɖe ame bubu ƒe ɖokuiŋudzedze kple nyametsotso gɔglɔ̃ la ta.UGL 568.1

    Amegbetɔ ƒe susu dɔwɔwɔ ɖe nɔvia dzi ƒe mɔnu, siwo dzi Satana le dɔ wɔm to, hele ga dem amesiwo dze eƒe mɔtetrewo me la, ƒe mɔwo sɔ gbɔ ŋutɔ. Seda-ka wòde ameha gãtɔ ŋuti, he wo va eɖokui gbɔ, si nye seselelãme, si bla wo ɖe Yesu ƒe atitsoga ƒe futɔwo ŋuti. Alekeake dome-kadede sia anɔ - eɖanye dzilawo o, ƒometɔwo o, srɔgbenɔnɔ o, alo hadome-kadede o hã la - emetsonu ɖeka ma ko wònye. Nyateƒe la ƒe futɔwo wɔna ŋusẽa ɖe ŋu dɔ, si gbɔdzɔna dzitsinya kple luʋɔwo, ale be le woƒe dɔwɔɖamedzi sia me la, dzideƒo kple ɖokuisinɔnɔ na toɖoɖo dzitsinya kple dɔdasi wɔwɔ ƒe ŋutete nu megasẽa ŋu na wo o. Mawu ƒe Nyateƒe kple eƒe ŋutikɔkɔe wonye nusiwo me womate ŋu amã o. Esi Biblia le míaƒe asitsɔƒe ta la, mɔ meli be míatsɔ míaƒe susu, siwo yɔ kple vodada la, asubɔ Mawu o. Ame geɖewo gblɔna be, axɔ esi kple ekemɛ dzi se la, menye nu, si le vevie o; ne agbenɔnɔa nyo ko la, esu xoxo vɔ. Gake míanyae be, nusi dzi woxɔ se lae trɔna agbenɔnɔ. Ne Nyateƒe kple kekeli la le míaƒe asitsɔƒe, eye míegbe gomekpɔkpɔ le wo sese kple wo kpɔkpɔ me la, ekema míegbe wo, eye míetia viviti ɖe kekeli la teƒe.UGL 568.2

    «Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nye ku ƒe mɔ.” (Lod. 16:25 ). Ne asinukpɔkpɔ katã li be woateŋu adze si Mawu ƒe lɔlɔnu la, taflatsedodoa ɖeke meli na amesi menyae o la ƒe nuvɔ̃ alo vodada o. Amea ɖe nɔ mɔ zɔm vaɖo teƒea ɖe, si mɔdzevewo sɔ gbɔ le. Mɔfia-tia ɖe gblɔ afisi mɔ ɖesiaɖe yi la fiae. Ne melé ŋku ɖe mɔfia-ti la ŋu nyuie o, eye wòtia mɔ, si dze eŋu be eyae nye nyuitɔ la, ne ezɔ edzi kple movevie ɖoɖo hã la, ate ŋu nye mɔ gbegblẽtɔ faa.UGL 568.3

    Mawu tsɔ eƒe Nya la na mí be ne míadze si eƒe nufiame- mɔwo, eye be ne míanya nusi dim wòle tso mía si. Esi sefiala la va bia Yesu se be: «Aƒetɔ, nuka mawɔ bena manyi agbemavɔ dome mahã?» la, Ɖela ɖoe ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo gbɔ, hegblɔ nɛ be: «Nukae woŋlɔ̃ ɖe Segbalẽ la me? Nuka xlẽm nèle?” ‘‘’Nyemenyae o’’ ƒe taflatsedodoa ɖeke manɔ anyi na tsitsiawo alo sɔhɛwo, eye maɖe amea ɖeke tso Mawu ƒe Se la dzi dada ƒe tohehe me o, elabena Se sia me nya, siwo woŋlɔ̃ pɛpɛpɛ, eƒe nuɖoanyiwo kple nusiwo hĩam wole tso amegbetɔwo gbɔ ƒe numeɖeɖewo, wo katã le woƒe asi me. Mesu ko be susu nyuiwo ɖeɖe nanɔ ame si o, mesu ko be ame nawɔ nusi eya ŋutɔ susu be edzɔ o, alo nusi mawunyagblɔla la gblɔ be edzɔ o. Luʋɔ ƒe ɖeɖe ƒe nyae, eye ele na amesiame be wòadzro Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me na eɖokui. Alekeake amea ɖe asẽ ŋu le eƒe kakaɖedziwo me, alekeake wòaɖo dzi ɖe nunɔla ƒe sidzedze Nyateƒe la ŋue la, esia manye gɔmeɖoɖo na eƒe xɔse o. Mɔzɔgbalẽa ɖe le esi, si ƒe mɔfia-tiwo katã le mɔ, si kplɔa ame yia dziƒo la fiam, eyata medze be wòakpɔ ŋudzedzea ɖeke le “mesusu be” aɖeke ŋu le goa ɖeke me o.UGL 569.1

    Amesiame, si te ŋu bua tame la, ƒe dɔdasi vevietɔ gbãtɔ enye be wòato Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo sɔsrɔ̃ me, anya nusi nye Nyateƒe la, eye wòazɔ le kekeli la me, eye wòado ŋusẽ ame bubuwo ne woadze eƒe kpɔɖeŋu yome. Ele na mí be gbesiagbe, míatsɔ veviedodo asrɔ̃ Biblia la, ada susu ɖesiaɖe kpɔ, eye míatsɔ kpukpuiwo anɔ sɔsɔm ɖe wonɔewo nu. To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me míawɔ mía ŋutɔwo ƒe tamesusu tso nusi míexlẽ la ŋuti dɔ, aɖo ŋku edzi hã be, gbeɖeka la, míawo ŋutɔe ana akɔŋta tso mía ɖokui ŋu na Mawu.UGL 569.2

    Nyateƒe siwo wofia, siwo me kɔ nyuie wú le Biblia me la, nufialawo tsɔa ɖikeke kple viviti tsyɔa wo dzi, wo amesiwo tsɔ nunya-kɔkɔ ƒe susu le nu fiam be, Biblia gɔmesese ŋutɔ ŋutɔ la nye vivĩme nuɣlaɣla kple gbɔgbɔme ƒe gɔmesese, siwo medze le nyati, siwo woŋlɔ̃ la me o. Amesiawo la, aʋatsonunya kple aʋatsonufialawo wonye. Amesiawo ƒomeviwoe Yesu gblɔ na be : « ..mieda ƒu elabena mienya Ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o ». (Marko 12: 24 ) Ele be woaɖe nusi ŋuti Biblia le nu ƒom le la gɔme le gɔmesese, si le esi, si dze ƒã la me, negbe ne wokpɔ lododo kple dzesia ɖe le eme la ko. Kristo do ŋugbe sia be: «Ne amea ɖe le didim be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔnu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.” (Yoh. 7:17 ) Nenye ɖee amewo adi be woatsɔ Biblia, axlẽe abe alesi wòle ene, eye nenye ɖee aʋatsonufialawo meli, akplɔ amewo atra mɔe, atɔtɔ woƒe susu me o la, anye ne woawɔ dɔa ɖe, si ado dzidzɔ na dziƒodɔlawo, eye woakplɔ ame akpe akpe, siwo bú ɖe vodada me egbea la, ava Kristo gbɔe.UGL 569.3

    Edze be míawɔ ŋutete, siwo katã le míaƒe anyasã me la ŋu dɔ, asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo, eye míawɔ míaƒe tamesusuwo ŋu dɔ, bena míase Mawu ƒe nu goglowo gɔme, alesi ko amegbetɔvi, nu kuku, siwo míenye la, ate ŋu ase wo gɔme. Evɔ la, mele be míaŋlɔ be bena, ɖevi ƒe toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ woe nɔna amesi le didim be yeasrɔ̃ nu la si o. Womate ŋu akpe xaxa, siwo wokpɔna le Ŋɔŋlɔawo me la dzi kple mɔnu mawo ke, siwo dzi wotona kpɔa ɖoƒe na amegbetɔwo ƒe nunya-kɔkɔ ƒe nyawo o. Medze be míate ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu kple ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme, si ame geɖewo tsɔ tena ɖe amegbetɔ ƒe sidzedze-nunya sɔsrɔ̃ ŋuti o; ke boŋ la, míagblẽ míaɖokui ɖe Mawu si me, kple didi vevie be míasrɔ̃ eƒe lɔlɔnu. Ne míedi be «NYEE NYE” eya amesi ŋu bubu gã le, ƒe sidzedze nanɔ mía si la, edze be toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ nanɔ mía me. Ne menye nenem o la, dɔla vɔɖiwo agbã míaƒe gbɔgbɔme ŋkuwo, ana míaƒe dziwo laku atri, ale abe Nyateƒe la mate ŋu awɔ dɔa ɖeke ɖe mía dzi o. Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa, siwo ŋuti nunyalagãwo ɖe gbeƒã le be wonye nya ɣaɣlawo, kple teƒe, siwo wokpɔna be mele vevie o la, nye akpa, siwo yɔ fũ kple ŋusẽdoamenyawo kple nufiamemɔnuwo na amesi srɔ̃ nu le Kristo ƒe afɔ nu. Nusiwo taUGL 570.1

    mawunyafiala geɖewo ƒe susu me mekɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋuti le o la ƒe dometɔ ɖekae nye be womía ŋku ɖe Nyateƒe, si me léle ɖe asi, medze wo ŋu o la dzi. Nyateƒe la gɔmesese metso anyasã ƒe ŋusesẽ, si woatsɔ asrɔe la gbɔ, wú tameɖoɖo ƒe dzadzenɔnɔ kple dzɔɖzɔenyenye yometiti ƒe tsikɔwuame me gbɔ o.UGL 571.1

    Womateŋu asrɔ̃ Biblia gbedodoɖa manɔme kpɔ gbeɖe o. Gbɔgbɔ kɔkɔe koe ana míade dzesi nusiwo gɔmesese le bɔbɔe la ƒe nuvevienyenye, alo akpe ɖe mía ŋu be míagatro kɔ le nusiwo gɔmesese sesẽ la nu o. Mawudɔla kɔkɔewo xɔ dɔdasi be woadzra míaƒe dziwo ɖo na Mawu ƒe Nya la gɔme sese, ale be míakpɔ dzidzɔ le eƒe nyonyo ŋuti, bene eme nufiafiawo nanye toklãnya na mí, ne eme ŋugbedodowo nanye míaƒe ŋusẽdodo mɔnu. Edze be míado gbe ɖa kple Psalmowo ŋlɔla agblɔ be : «Klo nu ɖa le nye ŋku dzi, ne makpɔ nukunuwo le Wò Se la me.” (Ps. 119:18 ). Tenɔnɔ ɖe tetekpɔ nu dzena edziedzi abe nusi womateŋu awɔ o la ene, elabena amesi wotè kpɔ la mete ŋu ɖoa ŋku Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi enumake, ne wòatsɔ Mawunya ƒe gbɔgbɔme-yi la atsi tre ɖe Satana ŋuti o, elabena metsɔ ɖeke le gbedodo ɖa kple Mawunya sɔsrɔ̃ me o. Gake Mawu ƒe dɔlawo ɖea to ɖe amesiwo ɖoe be yewoanya Mawu ƒe Nyateƒewo la ŋuti, eye woɖoa ŋku kpukpui, si tututu hiã wo le nɔnɔme sesẽwo me la, dzi na wo. «Elabena ne futɔ la ava abe tɔsisi, si xaxa ene hã la, Yehowa ƒe ahom alɔe ɖe me.” (Yes. 59 :19 )UGL 571.2

    Yesu gblɔ na eƒe nusrɔlawo be: «Nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.” (Yoh. 14 :26 ) Evɔ la, edze be woaxɔ Kristo ƒe nufiafiawo ɖe susu me gbã, bene Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naɖo ŋku wo dzi na mí le dzɔgbevɔe ɣeyiɣiwo me. Dawid do ɣli gblɔ be : «Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.» (Ps 119 :11 ). Edze be amesiwo katã di vevie be yewoakpɔ gome le viɖe mavɔwo me la nanɔ ŋudzɔ ɖe dzimaxɔse ƒe ŋutasesẽ wɔnawo ŋuti. Wole aʋa ho ge ɖe Nyateƒe ƒe sɔtiwo ŋutɔ gɔ̃ hã ŋuti. Mele bɔbɔe be nànɔ adzɔge, afisi ɣeyiɣi sia me dzimaxɔse ƒe nufiafia, siwo nye aɖive, mɔtetre kple vlodoame la, mate ŋu atu wò le o. Satana kpana eƒe tetekpɔwo ɖe amesiame ƒe nɔnɔme kple hatsotso, si me wòle la nu. Etrɔna ɖe agbalẽmanyalawo ŋuti kple alɔmeɖeɖe kple fewuɖuɖu, le esime be etrɔna ɖe agbalẽnyalawo ŋu kple nunya-kɔkɔ kple sidzedze ƒe nyahehe, siwo nana be wonɔna aye dzi, alo gbena tete ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔe la ŋuti. Sɔhɛ siwo mewɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ haɖe o kekeake hã kea ɖi kristotɔnyenye ƒe gɔme-nuɖoanyiwo. Sɔhɛwo ƒe ɖikeke sia, ne mede to o hã la, wɔna eƒe dɔ kokoko. Ame geɖewo tona mɔ sia dzi ɖua fewu, alo ɖea alɔme le wo fofowo ƒe xɔse la ŋuti, eye wowɔa nuvɔ̃ ɖe amenuveve Gbɔgbɔ la ŋuti. Agbemɔ geɖe, siwo adzé abe nusiwo ade bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti ene, ahazu yayra na amehawo hafi la, yrɔ keŋkeŋ, elabena dzimaxɔse kple Mawu mavɔmavɔ̃ ƒe ya ʋeʋẽ la ƒo ɖe wo dzi UGL 571.3

    Amesiwo katã aɖe asi le wo ɖokui ŋu na amegbetɔ ƒe susua ɖe, si atso ɖokuidodoɖedzi me, ahaxɔ se be yete ŋu ɖe Mawu ƒe nya ɣaɣlawo gɔme, eyata Nyateƒe la su ye si, evɔ mexɔ nunya, si tso Mawu gbɔ o la, tsi Satana ƒe ɖɔkawo me.UGL 572.1

    Míele agbe le xexe sia me ƒe ŋutinya ƒe ɖoƒe vevietɔ kekeake la me. Kpeɖoɖo amegbetɔviwo katã ƒe nya dzi ƒe azã la su vɔ. Míaƒe taɖoƒe mavɔ kple luʋɔ bubuwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ atso tiatia, si wɔm míele egbea la, gbɔ. Nyateƒe Gbɔgbɔ la ƒe kpɔkplɔ te nɔnɔ hiã mí. Edze be Kristo ƒe nusrɔla ɖesiaɖe nado ɣli sesiẽ agblɔ be : « Aƒetɔ, nuka dim nele tso asi nye be mawɔ ? » Edze be míabɔbɔ mía ɖokui na Aƒetɔ la, le ŋutsitsidɔ kple ŋugbledede tso Mawunya ŋuti me, vevietɔ le kpukpui, siwo ƒo nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu la, dzi ɖaa. Azɔ la, azã la su bena míawɔ nuteƒekpɔkpɔ gbagbe, si de to la, le Mawu ƒe nuwo me. Ɣeyiɣia ɖeke megali, si míagu o. Nya gãgãwo le dzɔdzɔm le míaƒe axawo dzi. Míele Satana ƒe beble ŋusẽ dɔwɔwɔ ɖe ame dzi ƒe ɣeyiɣiwo me. Migadɔ alɔ̃ o, Mawu ƒe gbetakpɔlawo, futɔ la de xa ɖe mia ŋu, ele ŋudzɔ ɣesiaɣi be ne miegbɔdzɔ, ne miedɔ akɔlɔe la, ne yeadze mia dzi, awɔ mi eƒe ametsiaʋawoe.UGL 572.2

    Ame geɖe ŋutɔe nye amesiwo ble wo ɖokui tso alesi woƒe nɔnɔmewo dze ŋutɔ ŋutɔe le Mawu ƒe ŋku me la me. Wokpɔna ŋudzedze le woɖokui ŋu be mokakaa ɖeke mele yewoƒe wɔna si kple ekeme ŋuti o, evɔ womeɖoa ŋku ƒoa nu tso dɔ nyui, dzeame, si Mawu bia tso wosi be woawɔ, eye womete ŋu wɔ o la, ŋu o. Mesu na wo ko be woanye atiwo le Mawu ƒe abɔ la me o. Ele be woanye nusi Mawu le mɔ kpɔm na tso wo gbɔ be woanye, si nye ku nyui tselawo la. Mawu le nu nyui, si womete ŋu wɔ o la ƒe agba dam ɖe wo dzi. Le dziƒo ƒe agbalẽwo me la, wode dzesi wo abe ati, siwo xɔ teƒe dzodzro le Mawu ƒe abɔ la me ene. Evɔ la, amesiawo ƒe nya mewu gbɔgblɔ haɖe o. Dzigbɔgbɔblewu kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la gale yɔyɔ wɔm kabakaba na amesiwo gbe eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ la bena: «Eyaŋuti la wogblɔ be: « Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò ! Eyaŋuti la mikpɔ nyuie be miazɔ pɛpɛpɛ ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo ; elabena ŋkekeawo nye vɔ.” (Efeso. 5 :14-16 ) UGL 572.3

    Ne dodokpɔ ɣeyiɣi va ɖo la, amesiwo tsɔ Mawunya la wɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu la adze ƒã. Le dzomeŋɔli la, vovototogãa ɖeke menɔa ati maluxewo kple bubuawo dome o, ke ne vuvɔ ŋɔli ɖo la, ati maluxewo gadea ama nyuie abe tsã ene, le esime bubuawo ya ƒe aŋgbawo luluna keŋ. Nenema kee wòle egbea hã be womekpɔna vovototo gobiia ɖeke le aʋatso kristotɔ kple vavãtɔ la dome o ; ke ɣeyiɣi la gbɔna, esime vovoto la aɖe eɖokui fia le. Tsitretsitsi wɔnawo neho ɖe dzi, aʋatso mawuvɔlawo kple amenɔvi vovototomaxɔlawo neɖe woƒe yiwo do goe, eye yometiti ƒe dzo naga dze bibi kasia, dzimevesusulawo kple ŋkumenuwɔlawo adzo nyanyanya, aha gblẽ woƒe xɔse la ɖi enumake. Ke kristotɔ vavã la ali ke sesiẽ abe kpe ene, eye eƒe xɔse agasẽ ŋu ɖe dzi, eƒe mɔkpɔkpɔ agaklẽ wú alesi wònɔ le eƒe dzidzeme ŋkekewo me gɔ̃ hã. Psalmowo hakpala be :” Medze nunya wú nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.. Wò sewo na medze nunya, eyata melé fu aʋatsomɔwo. (Ps.119 :99, 104 ).UGL 573.1

    «Woayra ŋutsu, si doa dzi ɖe Yehowa ŋu…” «Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene ; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔna o, eye eƒe aŋgbawo dea ama ; ne ku ɖi hã la metsia dzimaɖi o, eye wònɔa tsetse dzi ɖaa.» (Yer. 17 :7, 8 )UGL 573.2

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents