Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    1—YERUSALEM GBAGBÃ

    “Wò hã, ɖe nènya nusi na ŋutifafa wò le wò ŋkeke sia me; ke azɔ la, eɣla ɖe wò ŋkuwo. Elabena ŋkekewo ava dzi wò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò, siwo le mewò la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta. ” (Luka 19:42-44)UGL 1.1

    Yesu nɔ Amito la dzi henɔ Yerusalem kpɔm ɖaa. Nusianu le dzedzém le dzidzɔ kple ŋutifafa ƒe nɔnɔmea ɖe me. Yakobviwo gbɔ va aƒe tso duta vovovowo hena Ŋutitotolẽvi ŋkekenyui la ɖuɖu. Yerusalem fiadu, si wogayɔna be Ziɔn Ɖetugbivi la, le keklẽm nyuie kple eƒe abɔwo, weingble damawo kple fiasã dzaniwo. Ɖe ko wòle abe amesi le gbɔgblɔm kple dada ene be; “Manɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemakpɔ ku o.” Enya kpɔ, eye wòka ɖe eɖokui dzi be Mawu ƒe amenuveve gale ye dzi, abe alesi wònɔ tsã, ƒe alafalafawo va yi ene, esime fia hakpala la do ɣli gblɔ be: “Ziɔn-to, si nye Fiagã la ƒe du…dzidzɔdonu na anyigba blibo la nènye.” (Ps. 48:2, 3). Gbedoxɔ gã, si ɖo atsyɔ̃ la, ƒe nyonyo gadze ɖe edzi, esi ɣetoɖoɖo ƒe keklẽ dze eƒe ahlihãkpe gliwo, siwo fu tititi abe sno ene la dzi, eye eƒe ʋɔtru, mɔ̃ kple tsutsɔeƒe ƒe sikawo le dzo sim miamiamia. Gbedoxɔ sia ƒe nyonyo de dzi, eye wònye Yuda dukɔa katã ƒe dada. Israelvi kae anɔ te ɖe nu nyakpɔkpɔ sia ƒe ŋkume, eye eƒe dzi mayɔ kple dzidzɔ kple kafukafu oa? Gake le nusia ŋgɔ la, seselelãme bubu ƒomevi kura ye xɔ mía Aƒetɔ Yesu ƒe susu me. “Esi wòte ɖe dua ŋu, eye wòkpɔe la, efa avi ɖe eŋuti.” (Luka 19:41) Le eƒe dua me ɖoɖo ƒe aseyetsotso gã me, esime hosianawo nɔ ɖiɖim tso togbɛwo ta me yi togbɛwo ta me, eye ame akpeakpewo le etsɔm ɖo fiae la, vevesese deto masegɔmea ɖe kɔ ɖe xexeame katã ƒe Ɖela dzi enumake. Eya amesi nye Mawu-Vi, Israel ƒe Ŋugbedodo ƒe Mesia, amesi ƒe ŋusẽ ɖu ku dzi, eye wòxɔ amewo le yodo sí me la, le avi fam. Avifafa sia metso veve, si amegbetɔ sena edziedzi la me o, ke boŋ enye susu me kple dzi me ƒe vevesese, si womate ŋu aɖe ɖa o.UGL 1.2

    Menye eyaŋutɔ ɖokui ta wòle avi fam ɖo o, to gbɔ be enya nusi le edzi va ge kpuie hã. Getsemane-bɔ, afisi wòava ƒo kudɔ le la, le eƒe ŋku me. Alẽwo ƒe agbo, si me wokplɔna vɔsa-lãwo tona, le ƒe alafalafawo me, na vɔsa wɔwɔ, agbo, si aʋu na eyama hã, esime woakplɔe abe alẽvi, si woyina wuwu ge ene la, (Yes. 53:) le eŋgɔ. Kalvaria-to, afisi wole eklã ge le la hã medidi le afima o. Viviti dziŋɔa ɖe atsyɔ̃ edzi le mɔ, si wòato ɖo ta afisi wòatsɔ eƒe agbe asa vɔ ɖe nuvɔ̃ ta le la dzi. Gake menye nusiawo kpɔkpɔ le susu mee do vɔvɔli ɖe dzidzɔ ɣeyiɣi sia dzi o. Enɔ avi fam ɖe nusiwo gbɔna Yerusalem menɔla akpeakpewo dzi va ge la, le wo amesiwo wòva be yeaxɔ na, eye yeaɖe la, ƒe ŋkuagbãtɔnyenye kple dzimematrɔmatrɔ ta.UGL 2.1

    Mawu ƒe dɔmenyo wɔna tɔxɛ, siwo wòtsɔ kplɔ dukɔ tiatia la le ƒe akpe ɖeka kple edzivɔwo me ƒe ŋutinya la katã, le susu me tom na Yesu. Afima Moriya-to la le; afisi ŋugbedodo-vi la lɔ̃ faa le be woabla ye da ɖe vɔsamlɛkpui dzi, abe dzesi na Mawu-Vi la ƒe vɔsa, si gbɔna eme va ge la ene. (Mose I, 22:9). Teƒe mae wogaté gbe ɖe yayra-nublabla, Mesia ŋutikɔkɔe-ŋugbedodo na xɔsetɔwo ƒe fofo la dzi le: (Mose I, 22:16-18). Afima vɔsa ƒe dzo, si nɔ bibim de dziƒo la, na be Mawu ƒe Dɔla ƒe yi, si nɔ nu gblẽm le Yerusalem la, ɖe ɖa le; esia hã nye dzesi dede Ɖela ƒe vɔsa kple avuléle na amegbetɔ fɔɖila la. (Kronika I, 21). “Aƒetɔ la tia Ziɔn, eye wòdi be wòanye nɔƒe na ye.” (Ps. 132:13) . Afimae Nyagblɔɖila kɔkɔeawo wɔ ƒe alafalafawo ŋu dɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasiwo le. Afima nunɔlawo do lifi- dzudzɔ ʋeʋẽwo le, eye dzudzɔ siawo de dziƒo kple subɔlawo ƒe gbedodoɖawo. Gbesiagbe le afima, wotsɔa alẽvi, siwo wotso hlo na la, ƒe ʋu wɔa vɔsa, si nɔa nu ƒom tso Mawu ƒe Alẽvi, si ava va la ŋuti. Afima Yehowa ɖe eɖokui fia le, le ŋutikɔkɔe ƒe dzedzea ɖe me le, le Shekina, si le Nublabla-Ɖaka ƒe nutsyɔnua dzi la me. Afima nukunu ƒe atsrɔe, si nɔ dziƒo kple anyigba dome la nɔ. Atsrɔe siae dɔlawo nɔ lialiam, nɔa dziƒo yim, nɔa ɖiɖim, si nye dzesi nɔ eɖem fia be Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la le ʋuʋu na xexeame ƒe gomekpɔkpɔ. (Mose I, 28:12); (Yoh. 1:51) . Nenye ɖee Israel, abe dukɔ ene, lé eƒe nuteƒewɔwɔ na dziƒo me ɖe asi la, anye ne Yerusalem anɔ agbe tegbe abe Mawu ƒe dukɔ tiatia ene. (Yeremia 17:21-25) Nublanuitɔe la, dukɔ yayra sia ƒe ŋutinya nye nuteƒemawɔ kple aglãdzedze sɔŋ ƒe ŋutinya. Wotsi tre ɖe dziƒo ƒe amenuveve ŋu, gbɔ gomekpɔkpɔ, si wona wo la ŋuti do, hegbe nu le asinukpɔkpɔ nyui, si wona wo la gbɔ.UGL 2.2

    To gbɔ be Israel ɖe alɔme le Mawu ƒe amedɔdɔwo ŋuti, do vlo eƒe nyawo, eye wòɖu fewu le eƒe Nyagblɔɖilawo ŋu hã la (Ƙronika II, 36:15, 16) , Yehowa megbe eɖokui ɖeɖe fiae abe Nublanuikpɔla kple Amenuve-Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ la ene o. (Mose II, 34:6) . Womedzudzɔ nu gbegbe le Mawu gbɔ o; gake eƒe amenuve gale yɔyɔ wɔm na wo ɖaa. Le lɔlɔ̃ gã, si de to wú esi vi-fofo ɖona na via me la, Mawu tsɔ dɔdeasi sia na eƒe amedɔdɔwo le gɔmedzedzea me ke be woana nyanya wo, elabena edi be yeaxɔ yeƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ɖe agbe. (Kronika II, 36:15). Le esi nuxɔxlɔ, tohehe kple mokanamewo mewɔ dɔa ɖeke le wo dzi o ta, Mawu yi edzi gatsɔ dziƒo ƒe Nunana gãtɔ kekeake ɖo ɖe eƒe dukɔ la. Dziƒoa katã wòtsɔ ɖo ɖa le Nunana gã ɖeka ma wɔwɔ me.UGL 3.1

    Ɛ, Mawu-Vi la ŋutɔ wòdɔ ɖo ɖa be wòaƒo nu kple dukɔ dzimesẽla la. Kristo ŋutɔ ye kplɔ Israel do go tso Egipte abe weinka dzani ene. (Ps.80:9) Edoe ɖe totame wɔnukua ɖe dzi: (Yes. 5:1-4) Etɔ kpɔ ƒo xlãe le ŋudzɔnɔnɔ-metakpɔkpɔa ɖe me. Edɔ subɔlawo ɖa be woale be nɛ. Ke edo ɣli gblɔ be: “Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o?” “Nukaŋuti wole mɔ kpɔm be atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo?” Le eƒe beléle kple mɔkpɔkpɔ me, eyaŋutɔ ge ɖe eƒe weingble la me bena yeadi kutsetsewo. Ɖewohĩ, ne wokpɔ nane le eme la, womagatsrɔe o.UGL 3.2

    Le ƒe etɔ̃ sɔŋ me, Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la nɔ tsa ɖim le eƒe dukɔ la me, tso teƒe yi teƒe henɔa nyui wɔm, nɔa gbe dam le amesiwo katã dzi abosam ɖu la ŋuti, (Dɔw. 10:38) , nɔa dzi dem ƒo na dziɖelameƒotɔwo, ŋku ʋum na ŋkuagbatɔwo, anyidzelawo ŋu kɔm, amekukuwo fɔm ɖe tsitre. Eye wònɔa mawunya gblɔm na amedahewo (Luka 4:18) . Enɔa yɔyɔ sia wɔm na amehatsotsoewo katã bena: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.” (Mat. 11:28) UGL 3.3

    To gbɔ be amewo tsɔ vɔ̃ ɖoa eƒe nyuiwɔwɔwo teƒe nɛ, eye wotsɔ fuléle ɖoa eƒe lɔlɔ̃ ŋu hã la, eyi ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ dɔwɔwɔ dzi vevie, matrɔmatrɔe. Metrɔ megbe de amesiwo hiã eƒe amenuveve la gbeɖe kpɔ o. Bebeƒea ɖeke menɔ esi o, ke nyatsɔɖeameŋu kple dɔwuamewoe nye eƒe gbesiagbe nuteƒekpɔkpɔ. Evɔ wònye be eƒe agbenɔnɔ katã nye ŋutiɖoɖo kpɔkpɔ na amegbetɔ ƒe hiã kple agbawo, kple yɔyɔ wɔwɔ na ameƒomea na agbexɔxɔ hafi. Eƒe nublanuikpɔkpɔ, si gbɔ dzi lialiawo gbe nu le la, gatrɔna va wogbɔ kple agbɔsɔsɔ, le veveseɖamenu ƒe lɔlɔ̃ manyagblɔa ɖe me. Ke Israel ya te eɖokui ɖa tso eƒe Xɔlɔ̃ vevietɔ kekeake, kple eƒe Xɔnametɔ ɖeka kolia gbɔ. Wodo vlo eƒe lɔlɔ̃ ƒe yɔyɔwo, do toku eƒe nuxlɔamenyawo, hetsɔ eƒe toklãnyawo wɔ nukonyawoe.UGL 4.1

    Amenuveve kple tsɔtsɔke ƒe game le yiyim kabakaba. Mawu ƒe dɔmedzui-kplu, si wòle hehem ɖe megbe ɣeyiɣia ɖe ke la, le yɔyɔm keŋkeŋ. Esusɔ vie dzɔgbevɔe dziŋgɔli do blukɔ, si le gã dom ɖe dzi le ƒe alafawo ƒe megbedede kple aglãdzedze me la, aƒo ɖe dukɔ fɔɖila la dzi. Nublanuitɔe la, Xɔnametɔ ɖeka hɔ,̃ si ate ŋu xe mɔ na nudzɔɖamedzi dziŋɔ, si megale didiƒe o la, nenem-me sia gbɔ wogbe nu le, ɖi gbɔ, wɔ fu, hekplɔ yina kaklã ge kpuie le atitsoga ŋu. Ke ne wohe Kristo le Kalvaria-titsoga ŋu la, ekem ɣeyiɣi, si wona Israel abe Mawu ƒe dukɔ tiatia kple dukɔ yayra ene la, ava eƒe nuwuwu. Luʋɔ ɖeka ƒe tsɔtsrɔ̃ nye dzɔgbevɔe gãa ɖe, si ƒe kpekpeme mímate ŋu anya o. Ke esi Yesu nɔ Yerusalem kpɔm la, eƒe susuwo katã yi ɖe dzɔgbevɔe, si le ƒoƒo ge ɖe du bliboa ɖe, dukɔ katãa ɖe dzi; du sia kple dukɔ sia ye Mawu ŋutɔ tia tsã, hewɔ eƒe kesinɔnu tɔxɛ la. …UGL 4.2

    Nyagblɔɖilawo fa avi ɖe Israel ƒe megbedede ŋu, kple tsɔtsrɔ dziŋɔ, si ƒo ɖe dukɔa dzi le eƒe vɔwo ta la ŋu. Yeremya di be yeƒe ŋkuwo nanye aɖatsi-vudo, ale be yeafa avi zã kple keli ɖe Ziɔn Ɖetugbi la ƒe ame kukuwo ta, elabena woɖe aboyo Mawu ƒe dukɔ la. (Yer.9:1; 13:17) . Ale gbegbee Amesi ƒe nyagblɔɖi ŋku, siwo kpɔ ƒe alafalafawo ƒe nudzɔdzɔwo do ŋgɔ la, ƒe vevesesewo agado gã ɖe edzi wú. Ekpɔ dɔla nugblẽla, si kɔ eƒe yi dzi ɖe du, si nye Yehowa ƒe nɔƒe le ɣeyiɣi geɖewo me la, dzi. Esi wòle tsitre ɖe Amito la ƒe kɔkɔƒe, afisi Titus kple eƒe aʋakɔwo ava xɔ le ƒea ɖewo megbe la, eƒe gbɔgbɔme ŋkuwo ge ɖe bali la godo, hele gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo kple ʋɔtru kɔkɔeawo kpɔm ɖaa, eye eƒe ŋkuwo loló kple aɖatsi, esi wòkpɔ vɔvɔ-nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe du la dzi, alesi futɔ ƒe aʋakɔwo aɖe to ɖe gliawo ŋu la. Enɔ aʋakɔwo ƒe afɔziwo sem, esi wonɔ ƒu ƒom hena aʋawɔwɔ. Enɔ vidadawo kple wo viwo ƒe avi sem, esi wonɔ abolo biam kple ɣli sesiẽ le du, si woɖe to ɖe la me. Ekpɔ alesi eƒe aƒe kɔkɔe, dzani la, eƒe fiasãwo kple mɔ̃ kɔkɔwo nɔ dzo bim, kple alesi teƒe mawo katã avatrɔ zu glikpowo kple aƒedo le ɣeyiɣia ɖewo megbe la.UGL 4.3

    Eƒe nyagblɔɖi ŋku, siwo fla ƒe alafalafawo la, kpɔ nubabla- dukɔ, si ka hlẽ ɖe dukɔwo katã dome, abe tɔdziʋu, si gbã le ƒu dzi, eye eƒe gbagbãwo kaka ɖe afisiafi le ƒuta ene la. Ekpɔ ŋutilãme ƒe tohehe, siwo gbɔna viawo dzi va ge la, abe dɔmedzui-kplu, si wogbɔna nono ge keŋkeŋ le ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa ƒe ɣeyiɣia me la, ƒe dzadza gbãtɔ ko ene. Nublanui kple lɔlɔ̃ ƒe vɔvɔɖamenu, siwo yɔ eƒe luʋɔ me la, ɖe wo ɖokui ɖe go to vevesese nya siwo gbɔna la me: “Yersusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wofɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ. Zi nenie medi bena maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!” (Mat. 23:37) . O, dukɔ, si wona gomekpɔkpɔ tɔxɛ le bubuawo katã dome; ne ɖe nenya wò kpɔkpɔɖaɣi kple nusiwo ku ɖe wò ŋutifafa ŋu ɖe! Meɖo asi dzɔdzɔenyenye-dɔla ƒe hlɔbiabia dzi henɔa yɔwòm na dzimetɔtrɔ dokpoe. Menye subɔlawo, amedɔdɔwo, nyagblɔɖilawo ɖeɖe ko nègbe to ɖoɖo o, ke boŋ Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae, wò Ɖela ŋutɔe. Ne mietsrɔ̃ la, mia ŋutɔwo gbɔ wòtso. “Ke miegbe be yewomava gbɔnye ne miakpɔ agbe o.” (Yoh. 5:40) UGL 5.1

    Kristo nɔ Yerusalem kpɔm abe dzesi na dzimesesẽ, dzimaxɔse kple aglãdzedze xexeme sia, si le du dzi ɖo ta Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ tohehe gbɔ la ene. Dzidzime, si kpɔ gege la ƒe dzɔgbevɔe, siwo té ɖe eƒe luʋɔ dzi la, na be vevesese heliheli ɣli sia do go tso eƒe nuyiwo me. Ekpɔ nuvɔ̃ ƒe ŋutinya, si le ŋɔŋlɔ̃ le amegbetɔ ƒe vevesesewo, aɖatsiwo kple ʋukɔɖanyiwo me. Eƒe dzi yɔ kple nublanuikpɔkpɔ mavɔ na anyigbadzi veveselawo kple nuxalawo. Edi vevie be yeaxɔ na wo. Gake enya be yeƒe asi mate ŋu axe mɔ na dzɔgbevɔe ƒe tɔɖɔɖɔ, si le lulũ ge ɖe amegbetɔwo dzi o, elabena ʋɛ woe anye amesiwo adi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnu ɖeka kolia, si li la. Eƒe didi enye be yeakpe fu, eye yeaku, ale bena yeatsɔ ɖeɖekpɔkpɔ ɖo woƒe asitsɔƒe; gake enya be ame ʋɛa ɖewo koe ava yegbɔ be yewoakpɔ agbe. UGL 5.2

    Dziƒo-Fia la le avi fam. Mawu mavɔ ƒe Vi la tɔtɔ le eƒe gbɔgbɔ me, eye nuxaxa tee ɖe anyi. Nusiawo wɔ moya geɖe na dziƒodɔlawo katã. Nudzɔdzɔ sia ɖe nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi manyagblɔ ɖe go. Egaɖee fia alesi wònye nu sesẽa ɖe ŋutɔ na Ŋusẽ-Mavɔ la ŋutɔ gɔ̃ hã, be wòaɖe fɔɖila tso Mawu ƒe seawo dzi dada ƒe emetsonuwo me. Esi Yesu nɔ tsɔ me kpɔm ɖaa, va ke ɖe keke dzidzime mamlɛa dzi la, ekpɔ xexeame katã nyrɔ̃ ɖe gbegblẽ, si tɔgbi kplɔ Yerusalem de tsɔtsrɔ̃ me la me. Yudaviwo ƒe nuvɔ̃ gãtɔ enye be wogbe nu le Kristo gbɔ. Kristotɔwo ƒe ƒomea ƒe nuvɔ gãtɔe anye woƒe nugbegbe le Mawu ƒe Se la, si nye gɔmeɖokpe na eƒe dziɖuɖua le dziƒo kple anyigba dzi la, gbɔ. Woalé fu Yehowa ƒe ɖoɖowo, eye woatu afɔ wo dzi. Ame miliɔn miliɔn, siwo nuvɔ̃ ƒe kɔkuti té ɖe anyi, eye wozu kluviwo na Satana le ku evelia ƒe mɔ dzi la, agbe toɖoɖo Nyateƒe-Nyawo le gbesigbewoadi wo kpɔ la. Ŋkuagbã dziŋɔ! Nuku mɔtatra!UGL 6.1

    Ŋkeke eve do ŋgɔ na Ŋutitoto-ŋkekenyui la, esi Yesu do go tso gbedoxɔ la me zi mamlɛa, le esi wòɖe ha Yuda-megãwo ƒe alakpa nuwɔwɔwo megbe la, egayi ɖe Amito la dzi kple eƒe nusrɔlawo. Ebɔbɔ nɔ anyi kpli wo le afisi wole dua katã tame kpɔm ɖaa le la. Ke eƒe ŋkuwo gadze dua ƒe gliwo dzi, eƒe mɔwo kple fiasãwo dzi. Egaɖe ŋku ɖe gbedoxɔ la kple eƒe nyonyo manyagblɔ, si nye fiakuku, si ɖo atsyɔ̃ na To kɔkɔe la.UGL 6.2

    Anɔ abe ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ ene la, Psalmowo ŋlɔla kafu Mawu ƒe dɔmenyo na Israel, esi wòtsɔ eƒe Aƒe kɔkɔe la wɔ enɔƒee. “Eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion.” (Ps. 76:3) “Etia Yuda ƒe to la, Ziɔn-to, si wòlɔna, eye wòtu eƒe kɔkɔeƒe la abe dziŋgɔli me fiasãwo ene…” (Ps. 78:68, 69) . Wotu gbedoxɔ gbãtɔ la le ɣeyiɣi, si Israel kpɔ ŋgɔdede gãtɔ kekeake le la me. Dawid ƒo kesinɔnu geɖewo nu ƒu na etutu, eye wòwɔ xɔtutua ƒe ɖoɖowo le Mawu ƒe susu nu. (Kronika I, 28:12-19). Ke Salomo, si ƒe nunya ƒo Israel fiawo katã ƒe nunya ta la, wú xɔtutu-dɔ la nu. Gbedoxɔ sia nye xɔ dzani ŋutɔ, si tɔgbi womekpɔ kpɔ le xexeame o. To gbɔ be ele nenema hã la, Mawu gblɔ to Nyagblɔɖila Xagai dzi, le nuƒoƒo ku ɖe gbedoxɔ evelia ŋuti me be : ” xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ̃ asɔ gbɔ wu gbãtɔ tɔ:” “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Xagai 2:9, 7) UGL 6.3

    Le Nebukadneza ƒe gbedoxɔ sia gbagbã megbe, anɔ abe ƒe 500 do ŋgɔ na Kristo ƒe dzidzi la, dukɔ, si gbɔ tso ƒe blaadrẽ ƒe aboyo me la, gbugbɔ tu gbedoxɔ la le du, si wogbã wòzu aƒedo keŋkeŋ kloe la me. Amegãɖeɖia ɖewo, siwo kpɔ Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe ŋutikɔkɔe la, le wo dome, eye esi wokpɔ wole gɔmeɖokpewo ɖom na gbedoxɔ yeyea la, wofa avi ŋutɔ, kple susu be eƒe ŋutikɔkɔe magate ŋu agogo esi wogbã la tɔ kura o. Nyagblɔɖila la ƒo nu kple ŋusẽ tso seselelãme, si nɔ ame geɖewo me le ɣemaɣi me la, ŋuti be: “Mia dometɔ susɔea, siwo kpɔ xɔ tsãtɔ ƒe atsyɔ̃ la, aleke miele esia kpɔmi?” (Xagai 2:3) Ke ŋugbedodo va na dukɔa be gbedoxɔ mamlɛa ƒe ŋutikɔkɔe agbɔ gbãtɔ la tɔ ŋu fũu. Ke megbetɔ sia mekpɔ ŋutikɔkɔe to Mawu ƒe emenɔnɔ dzesiwo ɖeɖe fia me, abe alesi wònɔ na gbãtɔa ene la o. Nukunua ɖeke medzɔ le eƒe ŋutikɔkɔ-kɔnuwo wɔwɔ me o. Womekpɔ ŋutikɔkɔe-lilikpoa ɖeke wòyɔ gbedoxɔ yeye la o, eye dzoa ɖeke mege tso dziƒo va fiã vɔsa-lã le vɔsa-mlɛkpui la dzi o. Mawu ƒe ŋutikɔkɔe meganɔna mawudɔla eveawo dome le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la o. Nubablaɖaka, nutsyɔnua kple kpe eve, siwo dzi seawo le la, megale afima o. Gbeɖiɖia ɖeke megaɖina tso dziƒo be wòaɖe Yehowa ƒe lɔlɔnu afia nunɔla o.UGL 7.1

    Le ƒe alafa geɖewo me, Yudaviwo dze agbagba geɖe be yewoaɖe Mawu ƒe nya, si wògblɔ na Nyagblɔɖila Xagai la fia, gake womete ŋui o. Dada kple dzimaxɔse gbã woƒe gbɔgbɔme ŋkuwo be womegaɖo gɔmesese vavã na Nyagblɔɖila ƒe nyawo o. Mawu megade bubu gbedoxɔ evelia ŋuti kple eƒe ŋutikɔkɔe- lilikpo ƒe dzedze o, ke boŋ ewɔ esia to Amesi me mawunyenye ƒe blibodede le la ƒe teƒea nɔnɔ agbaŋgba la me, amesi nye Mawu ŋutɔ, si ɖe eɖokui fia le ŋutilã me la. Eyama ŋutɔ, si dukɔwo katã dina vevie la, ge ɖe eƒe gbedoxɔ la me le nyateƒe me, esime Nazaret-tɔ la fia nu le eƒe xɔxɔnu kɔkɔe la me, eye wòyɔ dɔ amewo le afima. To Kristo ƒe gege ɖe afima mee gbedoxɔ evelia ƒe ŋutikɔkɔe la lolo wú gbãtɔ la tɔ le. Ke ewɔ nublanui ŋutɔ be Israel gbe nu le dziƒo ƒe Nunana gã la gbɔ. Bɔbɔenyenye Nyagblɔɖila gã la ƒe gododo tso sika-gbo la nu la ɖo kpe edzi be gbedoxɔa ƒe ŋutikɔkɔe la bu ɖee keŋkeŋ azɔ. Esia nye Aƒetɔ la ƒe nya, si wògblɔ le Mateo 23:38 me be : “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe” la, ƒe mevava.UGL 7.2

    Vɔvɔ̃ dze nusrɔlawo dzi, eye woƒe nu ku, esi Yesu gblɔ nya ɖi ku ɖe Yerusalem ƒe gbagbã ŋuti la, eye wodi vevie be yewoase eƒe nuƒoƒo la gɔme tsitotsito. Kesinɔnuwo, dɔwɔwɔ, xɔtutu- ɖaŋu gã woenye nusiwo ŋu dɔ wowɔ le ƒe blaene ƒe xɔtutu-dɔ na gbedoxɔ la ƒe ŋutikɔkɔe dodo ɖe dzi me. Fia gã Herodes tsɔ Roma ƒe hotsuiwo kpe ɖe Yudaviwo ƒe kesinɔnuwo ŋuti na etutu. Ɣemaɣi ƒe xexeame fia gã la ŋutɔ hã do eƒe asixɔxɔ ɖe dzi to nunana wɔwɔ me. Ahlihã-kpe ɣie xɔasi, siwo lolo ale gbegbe la, wotsɔ ɖo ɖa tso Roma ke na xɔtutu-dɔawo wɔwɔ. Kpe siawo nusrɔlawo tsɔ nɔ woƒe Aƒetɔ la fiam, henɔ gbɔgblɔm be: “Nufiala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa!” Ke Yesu ya ɖo ŋu kple nyati dziŋɔ̃ siawo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le afii, si womatu asii aƒu anyi o.” (Mateo 24:2)UGL 8.1

    Le nusrɔlawo ya ƒe susu me la, Yesu ƒe nyagblɔɖi ku ɖe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋuti la nye nusi ava eme le eyama ƒe tɔtrɔva le ŋutilãme ƒe ŋutikɔkɔe me, hena xexeame ƒe fiaɖuƒe ɖoɖo anyi, tohehe na Yudavi dzimematrɔlawo, kple na Israelviwo ɖeɖe ɖa le Roma ƒe kɔkuti te. Aƒetɔ la gblɔ na wo be yeagava zi evelia. Esiatae, esi wòle nu ƒom na wo tso tohehe, si le Yerusalem dzi va ge ŋuti la, wotsɔe sɔ enumake ɖe eƒe tɔtrɔva ƒe nudzɔdzɔwo nu. Esi wonɔ anyi kple Kristo le Amito la dzi la, wobiae be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3) UGL 8.2

    Le eƒe amenuveve me la, Mawu ɣla nusiwo le ŋgɔgbe gbɔna wo dzi va ge la ɖe nusrɔlawo. Nenye ɖe wose egɔme be nudzɔdzɔ dziŋɔ̃ eve mawo, abe Ɖela ƒe fukpekpe kple ku, kple Yerusalem tsɔtsrɔ̃ kple eƒe gbedoxɔ la gbagbã ava yewo dzi la, anye ne vɔvɔ̃ manyagblɔa ɖe alé wo. Ke Kristo wɔ nyaléƒoƒu via ɖe na wo ku ɖe nudzɔdzɔ gã, siwo ava me do ŋgɔ na xexeame ƒe nuwuwu la, ŋuti. Womese nya siawo me keŋkeŋ o; ke gɔmesese blibo anɔ vavam esime Mawu ƒe dukɔa anɔ nufiame, siwo ɣla ɖe nya siawo me la hiãm. Gɔmesese eve ye le nya, si wògblɔ ɖi la, si. Esi wònɔ nu ƒom tso Yerusalem gbagbã ŋuti la, eganɔ dzesi dem nu nyadri, siwo adzɔ le ŋkeke gã mamlɛa dzi.UGL 9.1

    Yesu ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nudzɔdzɔ, siwo le ƒoƒo ge ɖe Israel- dukɔ megbedela dzi la, fia, tɔxɛ, tohehe, si wòle kpɔkpɔ ge ɖe alesi wògbe nu le eƒe Ɖela la gbɔ, heklãe ɖe atitsoga ŋu la ta. Dzesi matrɔmatrɔwo ado ŋgɔ na nudzɔdzɔ gã sia. Ke gaƒoƒo, si ŋu ŋɔdzi manyagblɔ le la, ava le esime amea ɖeke manɔ mɔ kpɔm nɛ o la me. Esia tae Ɖela gblɔ toklãnya, si gbɔna la, na eƒe nusrɔlawo bena: “Azɔ la, ne miekpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la, (amesi le exlẽm la nese egɔme) ekema amesiwo le Yudea la nasi ayi towo dzi” (Mateo 24:15,16; Luka 21: 20, 21) . Ne Roma trɔsubɔlawo tu woƒe aflagawo ɖe anyigba kɔkɔe, si ƒo xlã Yerusalem-dua dzi la, ele na nusrɔlawo be woadi woƒe dedienɔnɔ to sisi do go tso du la me me. Ekem, kasia woakpɔ nyanyanadzesi sia ko la, ele na wo be woasi enumake. Ele be amewo nawɔ ɖe dzesi sia dzi le Yudea kple Yerusalem-du la me. Mele be amesi le xɔ tame la naɖi ava nusi xɔ asi nɛ vevie la tsɔ ge o. Amesiwo le agblewo kple weinbɔwo me la nagatrɔ va megbe be yewogbɔna awu, siwo yewoɖe da ɖi, le ŋkekea me ƒe dzoxɔxɔ ta, hafi dze dɔ gɔme la, tsɔ ge o. Mele be amesi medi be tsɔtsrɔ̃ gã la nalɔ yehã ɖe nu o la nake ɖì ɣeyiɣi suɛa aɖe hã o.UGL 9.2

    Le fia Herodes ŋɔli la, menye ɖeko wodzra Yerusalem ɖo wònya kpɔ, dzani ale gbegbe o, ke woga tu mɔ̃ sesẽwo, ɖo gli kɔkɔwo ƒo xlãe kpé ɖo. Nusiawo katã kple alesi eƒe dzɔdzɔme teƒe, si wotui ɖo la, kpe ɖe eƒe dedienɔnɔ ŋuti geɖe la, na be le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, womexɔe se be woate ŋu agbã du sia gbeɖe o. Ekem, le ɣeyiɣi ma me, amesi ke agblɔ nya ɖi le dutoƒo be wogbɔna du sia gbã ge la, woayɔe, abe alesi Noa ŋɔlimetɔwo yɔe ene la, be tsukunɔ, vɔvɔdonamela. Gake Kristo gblɔ tso nya sia ŋuti bena: “Dzi kple anyigba nu lava yi, ke yeƒe nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.” (Mateo 24:35) Le Yerusalem ƒe nuvɔwo ta, Mawu ƒe dɔmedzui bi ɖe eŋu, eye eƒe dzimaxɔse ƒe tosesẽ ɖo kpe dzɔgbevɔe, si gbɔna edzi va ge la, dzi.UGL 10.1

    Aƒetɔ la gblɔ to Nyagblɔɖila Mixa dzi be: “Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe tatɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu Se la, eye miglɔa nu dzɔdzɔewo katã, mi amesiwo tsɔa ʋu tsoa Zion kple nu vɔɖi wɔwɔ tsoa Yerusalem. Woƒe tatɔwo drɔa ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔlawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mía dome oa? Dzɔgbevɔea ɖeke mele mía dzi va ge o.” (Mixa 3:9-11) . Nya siawo ƒo nu pɛpɛpɛ tso gbegblẽ, si le Yerusalem me kple eƒe ɖokuiŋudzedze ŋu. Le esime wònɔa eɖokui blem be yelé Mawu ƒe Seawo me ɖe asi vevie la, enɔa wo katã dzi dam. Wolé fu Kristo, si ƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye ɖea woƒe nuvɔwo fiana la. Wotsɔ dzɔgbevɔe, siwo woawo ŋutɔ ƒe nuvɔwo he va wo dzi la, ƒe fɔbubu da ɖe eyama dzi. To gbɔ be wodze si nuvɔmanɔmetɔ, si wònye hã la, woɖo kpe edzi be ele vevie be wòaku ɖe dukɔa ƒe dedienɔnɔ ta. “Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.” (Yoh. 11:48). Nya sia Yuda-dumegãwo gblɔ. Woƒe susuɖeɖee nye be ne woklã Yesu ɖe ati ŋu la, woagatrɔ zu dukɔ sẽŋua ɖe, si me ɖekawɔwɔ anɔ. Alea ye woxɔ ɖe nunɔlagã la ƒe nya dzi, esi wògblɔ be anyo be ame ɖeka naku, wú be woatsrɔ̃ dukɔ la katã. Nenemae Yuda- megãwo tù Ziɔn ɖe ʋukɔɖi dzi, eye Yerusalem ɖe nuvɔ̃ dzie. To gbɔ be wowu woƒe Ɖela le alesi wòkaa mo na wo ɖe woƒe nuvɔwo ta la hã, woganɔa wo ɖokuiwo kpɔm le woƒe ŋudzedze me, abe Mawu ƒe dukɔ tiatia ene, eye wonɔa mɔ kpɔm be Aƒetɔ la aɖe yewo tso futɔ la si me. Alea ye Nyagblɔɖila gayi edzi gblɔ bena: “Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.” (Mixa 3:12) . Ƒe blaene yome, esi Kristo ŋutɔ gblɔ nya ɖi ku ɖe dukɔa ŋuti la, Aƒetɔ la gahe Yerusalem-dua kple dukɔa katã ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe megbe. Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu na be amesiwo gbe nu le eƒe Nyanyui la gbɔ, hewu Via, si wòdɔ ɖoɖe wo la, wɔ nuku. Ati matseku ƒe lododo la ɖe Mawu ƒe wɔnawo na Yuda-dukɔ la fia. Gbeɖeɖe la ɖi be: “…lãe ƒu anyi, nukaŋuti wòxe mɔ na anyigba la mahã?” (Luka 13:7) . Gake Mawu ƒe amenuveve gakpɔ wo ta ɣeyiɣia ɖe. Amea ɖewo gali, siwo medzesi Kristo ƒe dɛ̃ kple eƒe ɖeɖekpɔkpɔ dɔ la o. Ɖeviwo hã mekpɔ mɔnu axɔ kekeli, si wo dzilawo do vlo la, o. Mawu di be to Apostolowo kple woƒe ha- dɔwɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖe me la, yèana kekeli la naklẽ na woawo hã. Edi be yèana woakpɔ alesi nyagblɔɖi la kpɔ emevavae, menye le Kristo ƒe dzidzi kple eƒe agbenɔnɔ ɖeɖe ko me o, ke le eƒe ku kple tsitretsitsi me hã. Womebu fɔ ɖeviawo ɖe wo dzilawo ƒe vodadawo ta o; ke le esime woawo hã wɔ ɖeka kple wo fofowo, eye wona woƒe dzidzenu la yɔ gba go la.UGL 10.2

    Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɣeyiɣi didia ɖe na Yerusalem la, wɔ be Yudaviwo ƒe tosesẽ le dzimematrɔmatrɔ me la galia ɖe dzi boŋ. To woƒe fuléle Yesu ƒe nusrɔlawo kple ŋutasesẽ le wo ŋuti me la, wogbe nu le amenuveyɔyɔ mamlɛa gbɔ. Ke Mawu ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le wo dzi, ale be Satana kple eƒe dɔlawo kpɔ ŋusẽ blibo ɖe dukɔ la dzi le eya ŋutɔ ƒe tiatia nu. Ɖeviwo hã lé fu Kristo ƒe amenuveve, si akpe ɖe wo ŋuti be woaɖu gbegblẽ, si le wo me la, dzi, ale be nublanuitɔe la, woƒe dɛ̃ gbegblẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Satana na be vɔ̃ ƒe dzo bi vevie le woƒe dziwo me. Amewo megale wo ɖokuiwo me o, ke wobu woƒe susuwo, eye hlɔdɔdɔ ƒe seselelãme vɔɖi kple ŋkuagbã dziku sesẽa ɖe koe yɔ wo me. Satana ƒe ŋutasesẽ triakɔ xɔ wo me keŋ. Le ƒome me kple dukɔ la me, le ameŋkutawo dome, abe dumevi gblɔetɔwo ke me ene, wo katã yɔ kple nɔvigɔmemase ƒe gbɔgbɔ, aglãdzedze, ʋukɔɖi ƒe susu. Dedienɔnɔ mele teƒea ɖeke o. Xɔlɔwo, ƒometɔwo le wonɔewo dem asi. Dzilawo le woviwo wum, eye viwo hã le dzilawo tsɔm na ku. Nutomedzikpɔlawo mete ŋu le wo ɖokuiwo dzi ɖum o, ke boŋ ametéteɖeto vɔɖi ƒe dzobibi koe xɔ wo me keŋ. Yudaviwo lɔ̃ xɔ aʋatso ɖaseɖiɖiwo hena fɔbubu Mawu ƒe Vi la; ke azɔ la, aʋatsokaka ɖe amenɔvi sí na be woamawo ŋutɔ ƒe agbe le afɔku me ɣesiaɣi. To woƒe wɔnawo me la, wogblɔ ɣeyiɣi didia ɖe be: “…mina Israel ƒe Kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me!” (Yesaya 30:11) . Ke ɣeyiɣi la ɖo be nusi wodi la nava me na wo. Satana le dukɔa kplɔm azɔ, eye wòtsɔ dukplɔlawo kple nunɔla gãwo wɔ eƒe ŋudɔwɔnuwoe.UGL 11.1

    Ŋusẽ hatsotsoe, siwo tsi tre ɖe wonɔewo ŋu tsã la, ƒe kplɔlawo wɔa ɖeka ɣeaɖewoɣi hewɔa fu dumevi, siwo dzi woɖu la, eye woxɔa woƒe nunɔamesiwo le wo si. Ne wowɔ esia vɔ la, wogatrɔna ɖe wonɔewo ŋuti hetsrɔna wonɔewo nublanuimakpɔtɔe. Kɔkɔenyenye, si le gbedoxɔa ŋu la, mesu ne wòaxe mɔ na woƒe lãwɔadã hlɔnuwɔwɔ, siwo ŋu vɔvɔ̃ le la o. Mawusubɔlawo tsi ʋu me le vɔsa-mlɛkpui la ŋgɔ, eye woƒo ɖi, do vlo gbedoxɔ la kple ŋutilã kukuwo. Gake le woƒe ŋkuagbãtɔ ƒe busu-ɖokuiŋudzedze gã me la, amesiwo le gɔme na ʋunyaʋunya manyagblɔ sia gaƒoa nu kple kakaɖedzi le dutoƒo be yewomevɔ̃ kura be Yerusalem atsrɔ̃ o, elabena Mawu ŋutɔ ƒe du gã wònye. Ne woƒe ŋusẽ nakpɔ kelili la, woƒle aʋatso-nyagblɔɖilawo kple ga be woanɔ gbeƒã ɖem na dukɔa be woanɔ mɔ kpɔm be Mawu aɖe wo godo. Wole esiawɔwɔ dzi yi ɖe keke ɣeyiɣi, si me Roma srafowo nɔ to ɖem ɖe gbedoxɔ la gɔ̃ hã. Ameha geɖewo xɔe se goŋgoŋ, yi nuwuwu ke, be Dziƒoʋĩtɔ la atsi tre, agbã futɔwo gudugudu; evɔ wònye be Israel do vlo Mawu ƒe ametakpɔkpɔ hafi. Ke ɣeyiɣi la ɖo be taʋlilaa ɖeke megale esi o. Yerusalem nublanuitɔ! Amenɔvigɔmemase kple dzrewɔwɔ na be du la fli wluiwluiwlui le eɖokui si. Dukɔmevi, siwo nɔ wonɔewo wum la, ƒe ʋu yɔ mɔwo keŋ dzi, le esime dzro-ʋakɔwo nɔ dua ƒe gli sesẽwo gbãm, henɔ eƒe aʋawɔlawo tsrɔm.UGL 12.1

    Kristo ƒe nyagblɔɖiwo katã ku ɖe Yerusalem ƒe gbagbã ŋu la le eme vam ɖeka ɖeka, ɖekematoleme. Yudaviwo ke ɖe gbedeasinya, si gbɔna la ƒe nyateƒe nyenye ŋuti: “…dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.” (Mateo 7:2) UGL 13.1

    Nukunu kple dzesiwo dzé, henɔ gbeƒã ɖem dzɔgbevɔe kple nusiwo gbɔna Yerusalem dzi va ge la. Nane dzé le ya me abe dzo ƒe yi ene, henɔ te ɖe Yerusalem-du la ta me ƒe blibo ɖeka. Le zã-titina wokpɔ nuku kekelia ɖe le gbedoxɔ la kple vɔsamlɛkpui la ta me. Tasiaɖamwo kple gbadagba, siwo dzraɖo na aʋawɔwɔ la, dzé le alilikpowo me le ɣetoɖo ƒe. Nunɔla siwo nɔ subɔsubɔ dɔ wɔm le gbedoxɔa me la se nuku gbeɖiɖi, siwo dzi ŋɔ̃ ŋutɔ la. Anyigba ʋuʋu, eye ameha gãa ɖe ƒe howɔwɔ le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo gblɔ toklãnya sia be : “Mina míadzo le teƒe sia!”. Xɔxɔnu ƒe ɣedzeƒe ʋɔtru gã, si nye akɔbli-ʋɔtru kpekpẽ, si ŋu ame blaeve sɔŋ kplina ɖo, eye bebli hafi te ŋu ʋunae la, ʋu le eɖokui si le zã ga wuieve. —Milman, L’Histoire des Juifs. Liv. 13.UGL 13.2

    Ƒe adrẽ sɔŋ wokpɔ ŋutsua ɖe wònɔa tsa ɖim madzudzɔmadzudzɔ le Yerusalem ƒe mɔwo dzi, nɔa gbeƒã ɖem dzɔgbevɔe, siwo gbɔna ɖe dua dzi la. Zã kple keli wonɔa eƒe ku-hadzidziwo sem be: “Gbeɖiɖia ɖe tso ɣedzeƒe, gbeɖiɖi tso yaƒoƒo eneawo gome, gbeɖiɖi ɖe Yerusalem ŋuti, kple gbedoxɔ la ŋuti, gbeɖiɖi ɖe srɔ-ŋutsu kple srɔ-nyɔnu ŋuti, kple gbeɖiɖi ɖe dukɔ blibo la ŋuti.” Wolé nukunu-me sia de ga, heƒoe kple atam, ke meke nu o. Nya ɖeka, si wòtsɔ ɖona dzudzu kple fuwɔame, siwo keŋ wòxɔna la, ŋuti koe nye esi : “Babaa na wò, Yerusalem” (28) Eƒe toklã-ɣli la ƒe nuwuwu koe nye gbesigbe wowu eyama le aʋa, si ƒe nya wònɔa gbɔgblɔm ɖi la me.UGL 13.3

    Kristotɔ ɖeka pɛ hã meku le Yerusalem gbagbã me o. Kristo na eƒe nusrɔlawo nya da ɖi xoxoxo, eye amesiwo katã xɔ eƒe nyawo dzi se la, lé ŋku ɖe dzesiawo ƒe mevava ŋuti. Kristo be: “Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” (Luka 21:20,21) UGL 13.4

    Esi Roma gbadagbawo ɖe to ɖe dua le Seltius ƒe kpɔkplɔ te la, wogate ɖa le eŋuti enumake, le ɣeyiɣi, si me tututu wòdze be nuwo katã sɔ gbe na dua gbagbã bɔbɔe. Elabena amesiwo woɖe to ɖo la kpɔe kple dziɖelameƒo be ŋutetea ɖeke mele yewo ŋuti o, eye wòdze be yewoana ta. Ke gaƒoƒo, si tutu dzi wole wo ɖokuiwo tsɔ ge na le la, Roma-ʋafia gaho aʋa dzo le dua ŋu, nusi gɔme amea ɖeke mese o. Mawu ƒe amenuve- xɔnamee le ŋgɔ na nudzɔdzɔ siawo katã, hena evia toɖolawo ƒe dedienɔnɔ. Kristotɔ, siwo katã le mɔkpɔkpɔ me la, ɖo ŋui be dzesi, si ŋu woƒo nu le na wo lae nye esia. Ke amesiwo lɔ̃ be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe toklãnyawo dzi la, kpɔ mɔnu, si dim wole la. Naneke meli axe mɔ na woƒe sisi o, eɖanye Yudaviwo o, alo Roma gbadagbawo o. Elabe esi Yudavi, siwo le Yerusalem kpɔ be Sestius galɔ aʋa le dzodzom la, woti Roma-ʋakɔwo yome kple dzideƒo yeye. Le esime aʋakɔ eveawo lɔ ɖe aʋa me la, kristotɔwo sí do go tso dua me bɔbɔe, eye gbadagbaa ɖeke mele kɔƒe-duwo me alo agblewo dzi atso mɔ na wo o. Hafi Romatɔwo navaɖe to ɖe dua la, Yudaviwo katã ƒo ƒu ɖe Yerusalem na agbadɔme ŋkekenyuie la ɖuɖu, ale be dukɔa me ƒe kristotɔwo katã kpɔ mɔnu sí dzo, mɔxexea ɖeke makpɔ. Wosí kaba yi ɣla ɖe teƒe, siwo afɔkua ɖeke mele o la, abe Pela, Perea ƒe du le Yordan tɔsisi la godo ene.UGL 14.1

    Yudaviwo lũ ɖe Sestius ƒe aʋakɔwo dzi kple ŋusẽ gã ale gbegbe be futɔwo ƒe megbe-ʋakɔ la tsrɔ̃ keŋkeŋ kloe, eye bebli hafi wote ŋu dogo tso wosi me. Ale Israel ƒe gbadagbawo gbɔ va Yerusalem kple dziɖuɖu. Nusi dzé na wo le gota abe dziɖuɖu ene la he wo yi dzɔgbevɔe gãa ɖe me. Kalẽwɔwɔ ge ɖe wo me azɔ, eye woɖoe vevie be yewomagana ta o. Esia he dzɔgbevɔẽ manyagblɔa ɖe ƒu Yerusalem dzi kpoyi le ɣeyiɣi via ɖe ko me. Ŋɔdzinya gãa ɖe wònye. Gbɔgblɔ mele eŋu o. Roma-ʋakɔwo gatrɔ va, azɔ le Titus, aʋafia bubu, ƒe kpɔkplɔ te, heɖe to ɖe Yerusalem ake. Nusia le eme vam le Ŋutitoto Ŋkekenyui ɖuɖu ɣeyiɣiwo me, esi Israelvi akpeakpewo ƒo ƒu ɖe dua me le dzidzɔ kpɔm. Nuɖuɖu bɔ fũ ɖe Yerusalem, si woate ŋu aɖu le ƒe geɖewo me, nenye be wowɔ aɖaŋu nyuie le wo ɖokuiwo me kple nunya. Ke mamã, si le wo me kple dzrehehe vivivo, ŋuʋaʋã kple hlɔbiabia le wonɔewo dome la, na be womete ŋu wɔ ɖeka ʋli dukɔ la ta o. Dɔwuame ƒe fu sesẽwo va wo dzi. Lu dzidzenu ɖeka ƒe asi enye talento blibo ɖeka. Ame geɖewo sí do go le zã me be yewoayi ɖa di amagbewo le gbeme aɖu; ke wolé wo, wɔ fu wo geɖe hafi wu wo. Edziedzi, amesiwo womete ŋu lé o, eye wotrɔ gbɔ va la, woxɔa nusiwo woyi ɖa di le afɔku gã mawo me la, le wosi. Ame bubuwo ya ɖu woƒe agbadze-lidziblanuwo, atokotawo, alo agbadze, si wofã ɖe woƒe akpoxɔnuwo ŋuti la. Kplɔlawo kple amesiwo ŋuti ŋusẽ le la wɔa ŋutasesẽ fuwɔame detowo heténa ɖe dumevi, siwo dɔ le wuwum kutɔkutɔe la dzi, be woaɖe nuɖuɖu, si woɣla ɖe afiaɖewo la do goe. Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo wɔa ŋutasesẽ nu siawo la, nye amesiwo si nuɖuɖua le, eye woɖua nu nyuie, gake wogaxɔna vi sue, si le nublanui- mea ɖe si la, le esi sesẽtɔe, ahadzra ɖo ɖi na ŋkeke siwo gbɔna la. Ame akpeakpewo ku dɔ-ku, alo le dɔ vɔ̃ si me. Ɖeko wòle abe dzɔdzɔme ƒe amelɔlɔ̃ bú ɖe wo katã ene. Srɔ-ŋutsu fina srɔ-nyɔnu, eye srɔ-nyɔnu hã nenema ke. Sɔhɛwo ʋlina nuɖuɖu le wo tɔgbui amegãɖeɖiwo si ɖuna. Nyagblɔɖila ƒe biabia, si wòwɔ be: “Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua?” (Yes. 49:15) biabia sia kpɔ eƒe ŋuɖoɖo le dzɔgbevɔe-du la me. Nya, si wogblɔ ɖi ƒe alafa ene do ŋgɔ le konyifaha me la, hã le eme vam: “Nyɔnu, siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la, ƒe asi ɖà woawo ŋutɔ ƒe viwo, eye wonye nuɖuɖu na wo le nye dukɔ ƒe nyɔnuvi la gblẽɣi.” (Konyifahawo 4:10). Nenema ke nya, si wogblɔ ɖi ƒe alafa wuiene sɔŋ la hã kpɔ emevava. “Mia dome nyɔnu, si wɔ nu ɖe fewu me, eye wòɖua ve me vivi, ewɔa atsyɔnu kple fewunu, eye mete ŋu kpɔ ɖo eƒe afɔƒome anyigba kpɔ o la, abia ŋku ɖe srɔa, si le egbɔ, viaŋtsu kple via-nyɔnu ŋu…. kpakple via, siwo wòdzi la ŋu, eye wòaɖu wo le adza me le hiã, si tui le nuwo katã me la ta, elabena wò futɔwo aɖe to ɖe wò, eye woaxaxa wò ɖe wò duwo katã me, (MoseV, 28:56, 57) UGL 14.2

    Roma ƒe dziɖulawo wɔ nusianu, si woawɔ ado vɔvɔ̃ gãa ɖe Yudaviwo me, ale be woatsɔ wo ɖokuiwo ana. Wo amesiwo wolé, gake wogale ʋiʋlim la, woƒoa wo vevie kple atam, eye le fuwɔame sesẽwo megbe la, woklãa wo ɖe atitsoga ŋu le du la ŋgɔ.UGL 15.1

    Nenema wonɔ ame alafalafawo wum gbesiagbe le atitsoga ŋuti, ale gbegbe be, le Yosafat-balime kple Kalvaria la, atitsogawo ƒe agbɔsɔsɔ na be wonɔa wonɔewo ŋuti kam. Alea ye fiƒodeameɖokui ƒe gbedodoɖa, si Israel dukɔ la wɔ le Pilato ƒe ʋɔnudrɔ̃ fiazi la ŋgɔ, ƒe blaene do ŋgɔ gblɔ be :“Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi” la, kpɔ eƒe ŋuɖoɖo pɛpɛpɛ. “ (Mateo 27:25) UGL 16.1

    Titus di be yeana ʋukɔɖi wɔna manyakpɔ siawo nu natso, be Yerusalem ƒe dzɔgbevɔe dzidzenu la nagava nɛ le eƒe blibodede me o. Gbɔgblɔ bu ɖee, esi wòkpɔ ame kuku, siwo woli kɔ le Yosafat-baliwo katã me. Le go bubu me, esi wòɖe ŋku kpɔ gbedoxɔ la le Amitoa dzi la, eƒe nyonyo wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔŋutɔ, eye wòde se bena amea ɖeke nagaka asi kpea ɖeke ŋuti le gbedoxɔ la ŋu o. Hafi wòaɖe gbe na dua ƒe gliwo gbagbã la, ewɔ yɔyɔ vevie na Yuda ƒe kplɔlawo, hebia tso wo si be womegana yeado vlo teƒe kɔkɔe ma kple ʋu o, eye be ne wolɔ̃ do go, ale be yewoawɔ aʋa le teƒe bubu la, Roma gbadagbaa ɖeke mado vlo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔenyenye o. Ŋutinya ŋlɔla Yosefus ŋutɔ hã wɔ yɔyɔ wɔdɔɖeamedzia ɖe, hebia wo be anyo be woatsɔ wo ɖokuiwo ana, ale be woawo ŋutɔ ƒe du la kple subɔsubɔƒe la nanɔ dedie. Ke woɖo nya siawo ŋuti kple vevesese fiƒodewo sɔŋ. Wotsi tre vevie ɖe amegbetɔ nyaxɔɖakɔla mamlɛtɔ sia ŋuti. Yudaviwo gbe Mawuvi la ƒe nuxlɔamenya kple nyanyananyawo xɔxɔ, ale be mokaname kple toklã, si wole sesem la, mewɔ nu bubu na wo wú be woayi ɖe woƒe tosesẽ dzi yi nuwuwu ke o. Titus ƒe ŋutete, siwo keŋ wòwɔ na gbedoxɔa ƒe dedienɔnɔ la, zu dzodzro. Amesi tri akɔ wú eyama la ɖo kpe edzi be « womagblẽ kpe ɖe kpea ɖeke dzi, si womatu asi aƒu anyi o. ”UGL 16.2

    Yudadukɔa kplɔlawo ƒe dzimesesẽ ŋkuagbãtɔ kple gbegblẽ vɔɖi wɔna siwo yɔ du, si ŋu woɖe to ɖo la, ho dzi na Romatɔwo, eye le eƒe dziku me la, Titus ɖe gbe azɔ be woaxɔ gbedoxɔ la. To gbɔ be medi eƒe gbagbã kura o hã la, womewɔ ɖe eƒe sedede dzi o. Ɣetrɔa ɖe, esi wòyi ɖe eƒe agbadɔ me la, yudavia ɖewo do go tso gbedoxɔ la me, helũ ɖe Roma gbadagbawo dzi kple du. Le ʋiʋli, si dze wɔna sia yome me la, asrafoa ɖe tsɔ dzoti da to xɔ, siwo ƒo xlã teƒe kɔkɔe la, dometɔ ɖeka ƒe ʋɔtru nu. Le madidi me la, xɔ siwo katã ƒo xlã teƒe la, esiwo me wofã sederti ɖo la, lé dzo keŋ. Titus kple eƒe aʋadadawo kple gbadagbawo si du enumake yi ɖe dzodzeaƒe la teƒe, eye wòɖe gbe be woatsi dzo la. Gake amea ɖeke meke nu de me nɛ o. Boŋ asrafoawo gaɖe dzo de xɔ bubuwo hã me eye wowu ame geɖe, siwo si be ɖe teƒe mawo. Ʋu sɔgbɔ tsra tso gbedoxɔ la me kɔ ɖe atsrɔkpuiawo dzi ke, eye yudavi akpeakpewoe kpɔ ku. Ke le ʋunyaʋunya mawo katã me la, ɣlia ɖe nɔ ɖiɖim gblɔ be: “Ichabod”, ŋutikɔkɔe la dzo yii.UGL 16.3

    Esi Titus ge ɖe teƒea la, dzo mekpɔ xɔ Kɔkɔeƒe ŋutɔ ŋutɔ la me haɖe o. Esi wòɖe ŋku kpɔ alesi wò dzani eye etɔgbi meli o la, edi vevie le eɖokui me be yeawɔ yeƒe ŋutete mamlɛa ale be magatsrɔ̃ o. Ke le eya nutɔ ƒe ŋkume enumake la, asrafoa ɖe tsɔ dzoti ɖeka ƒu gbe to ʋɔtrua ƒe axa dzi, kasia dzo xɔ kɔkɔeƒeawo katã, siwo nɔ keklẽm kple sika ɖeɖe. Dziku manyagblɔa ɖe ge ɖe gbadagbawo me, eye woƒe kplɔlawo ŋutɔ hã mete ŋu le wo dzi kpem o. Woƒe dɔmedzui ɖe Israelviwo ƒe tosesẽ gã ŋuti, kpe ɖe woawoŋutɔ ƒe ŋukeklẽ ɖe kesinɔnu, siwo le gbedoxɔa me ŋu la, na be vɔvɔ̃ kple toɖoɖoa ɖeke megale wo me o.UGL 17.1

    Xɔ gã, nya kpɔ, si ɖo atsyɔ̃ na Moriya-toa la, zu dzobibi ɖeɖe. Gbedoxɔa ƒe mɔ̃ kɔkɔwo nɔ dzo kple dzudzɔ túm ɖe ya me. Le esime dzo nɔ nusiwo katã ŋuti wòke ɖo bim la, to la katã dzi bia hẽe abe dzo ƒe toe le wowóm ene. Xɔwo ƒe mumu gbloo, gbloo, gbadagbawo ƒe aʋaɣli, ɖeviwo kple tsitsiawo ƒe vɔvɔɣli, afɔkudzelawo kple kukulawo ƒe xɔnameɣli, esiawo katã nye nudzɔdzɔ dzi ŋɔa ɖe, si ŋu gbɔgblɔ me le o la. Amesiwo katã nyẽ zi tso agblewo dzi ɖo ta teƒe la, esi wokpɔ dzobibi la ƒe anyrãwɔwɔ le toa dzi, hele howɔwɔ, siwo kplɔe ɖo sem la, woƒe nu ku, eye ŋɔdzi lé wo ale gbegbe.UGL 17.2

    Ʋukɔɖi, si nɔ dua me la, gadzi ŋɔ̃ wú esi nɔ du la godo. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo, tsitsiawo kple ɖeviwo, aglãdzelawo kple nunɔlawo, aʋawɔlawo kple kukuɖelawo, woŋlɔ̃ wo katã abe gbe ene. Amesiwo wowu la sɔ gbɔ fũ wú amewulawo. Roma srafowo le ame kukuwo dzi zɔm hafi le tsɔtsrɔdɔ la dzi yim. —Milman, History of the Jews, book 16.-UGL 17.3

    Le gbedoxɔ la gbagbã megbe la, Yerusalem-dua katã ge ɖe Romatɔwo si me. Yuda ƒe kplɔla gãwo katã si do go tso woƒe mɔ̃ sesẽwo me hegblẽ wo ɖi. Aʋafia Titus kpɔ nusiawo katã eye wòwɔ nuku nɛ. Egblɔ be Mawu ŋutɔe tsɔ nusiawo keŋ de asi na yewo, elabe aʋakɔa ɖeke, alekekee woasesẽ hã la, mate ŋu awɔ naneke amu gli kɔkɔ triakɔ mawo o. Mawue ɖe asi le wo ŋuti. Wogbã gbedoxɔa kple dua ƒe gliwo katã keke va kɔ ɖe gɔmeɖokpewo hã dzi, eye teƒe, si wotu gbedoxɔa ɖo la le abe agble, si wogudu, dzobo ene. (Yeremia 26:18) . Le toɖeɖe ɖe dua kple eƒe tsɔtsrɔ, si kplɔe ɖo me la, ame million ɖeka kple edzivɔwoe kpɔ ku. Ke ame mamlɛawo la, wolé wo aboyoe, dzra ɖewo abe kluviwo ene hekplɔ wo yi ɖe Roma be woado dzidzɔ na dzidulawo. Wotsɔ amea ɖewo na lã woadã, siwo ŋu dɔ wowɔna le woƒe fefewo me. Ke bubuwo la, wokaka wo ɖe du vovowo me, afisiwo mlɔƒea ɖeke meli na wo le o la.UGL 18.1

    Yudaviwo ŋutɔe tu kɔsɔkɔsɔ na wo ɖokuiwo, heƒo hlɔbiabia nu ƒu ɖe woa ŋutɔwo ƒe ta dzi. Woƒe dua ƒe gbagbã keŋkeŋ, wo mamã ɖe dzronyigba vovowo dzi le xexea me godoo, kple fukpekpe, siwo keŋ va wo dzi le du mawo me la, katã nye nuku, si woawo ŋutɔwo ƒã ɖi na wo ɖokuiwo la ŋeŋẽ. Nyagblɔɖila be: “...wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.” (Hosea 14:2) Geɖewoe nye amesiwo xɔe se be Mawue de se be nusiawo katã nava Israel dzi. Womede dzesii kura be Satana ƒe aye mɔnu, siwo wòtona ɣlana eƒe dɔwɔwɔ vɔɖiwo lae o. To mokplala tosesẽ kple nugbegbe atraɖi le Mawu ƒe amenuveve gbɔ me la, Israelviwo ɖe wo ɖokuiwo ɖa tso Mawu ƒe ametakpɔkpɔ te hege ɖe Satana ƒe ŋusẽ te. Ale wòkpɔ mɔnu wɔ nusi wòdzro la kpli wo. Ŋutasesẽ dziŋɔ̃ ƒe wɔna, siwo va eme le toɖeɖe ɖe Yerusalem ƒe ɣeyiɣiwo me la, nye futɔa ƒe hlɔbiabia-ŋusẽ ɖeɖefia ɖe amesiwo ge ɖe eƒe asi me la dzi.UGL 18.2

    Mímate ŋu anya ametakpɔkpɔ kple ŋutifafa, si ƒe gome míekpɔna tso Kristo gbɔ la o. Mawu ƒe asi ɖoɖo Satana ƒe ŋusẽ dzi ye na be amegbetɔ mete ŋu ge ɖe eƒe ŋusẽ te keŋkeŋ o. Akpe gãa ɖe wòle be tomaɖolawo kple akpemadalawo nada na Mawu ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzigbɔgbɔblewu, si na be meɖea mɔ na vɔɖitɔ la be wòawɔ eƒe vɔɖivɔɖi ŋusẽ la ŋutidɔ alesi wòdzro la o. Ke ne amegbetɔ gbo Mawu ƒe amenuveve liƒowo ŋu do la, eɖena eƒe ametakpɔkpɔ la ɖa. Mawu menɔa amegbetɔ ŋu abe tohela na vodadawo ene o. Eɖena asi le amesiwo gbe nu le eƒe amenuveve gbɔ la ŋu na wo ɖokuiwo be woaŋẽ nusi woƒã la. Kekeli ƒe alɔdze ɖesiaɖe, si wogbe xɔxɔ, toklã, siwo wolé fu alo gbe sese, seselelãme vɔɖi ɖesiaɖe, si wolé ɖe asi, Mawu ƒe Se dzi dada ɖesiaɖe, wo keŋ nye nuku ƒaƒã siwo ƒoa ƒu ɖi na ŋeŋẽ godoo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ, si vɔwɔla gbe to ɖoɖo didie la, dzona le egbɔ, ale be ŋusẽa ɖeke megali aɖo asi eƒe luʋɔ ƒe dzoléle na vɔ̃ dzi o, eye ametakpɔkpɔa ɖeke megali nɛ ɖe futɔ la ƒe vɔɖivɔɖi kple fuléle ŋusẽ la ŋuti o. Yerusalem ƒe gbagbã nye toklã-gbedeasi vevi xɔasia ɖe na amesiwo medea asixɔxɔ Mawu ƒe amenuveyɔyɔwo ŋu o, ke wogbea eƒe nublanuikpɔkpɔ nuxɔxlɔwo la. Mawu ƒe fulelé nuvɔ̃ kple tohehe madamada, si ava fɔɖilawo dzi la, ƒe ɖaseɖiɖi sesẽa ɖe wònye.UGL 18.3

    Ɖela ƒe nyagblɔɖi ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ, siwo ava Yerusalem dzi la, ƒe mevava bubu gali gbɔna, si du kɔkɔe la ƒe gbagbã dziŋɔ̃ la nye ɖeɖefia suea ɖe ko na. Aglãdzedze ɖe dziƒo ƒe dziɖuɖu ŋu ƒe metsonuwo nye ŋɔdzinu vavã. Gake nudzɔdzɔ, siwo gado gã wú esiwo dzɔ va yi la, gale ŋgɔgbe ƒe ɖeɖefiawo me. Mawuvi la ƒe tɔtrɔva ƒe nyagblɔɖiwo do go tso nuyi, siwo medana alakpa o la me. “Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo-lilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe. Eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.” (Mateo 24:30,31) Ke amesiwo meɖoa to eƒe Nyanyui la o la afiã to eƒe nu me gbɔgbɔ kple eƒe vava la ƒe ɖeɖefia la me (Tesa.II,1:8; 2:8). Abe blema Israelviwo ke ene la, woawo ŋutɔ ƒe vɔwoe atsrɔ̃ wo. To woƒe nuvɔgbe nɔnɔ me la, woƒe nɔnɔme anyɔ ŋu, eye woate ɖa ʋĩi tso ɖekawɔwɔ kple Mawu gbɔ ale gbegbe be eƒe vava ƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖefia azu dzobibi, si afiã wo.UGL 19.1

    Edze be amegbetɔ nakpɔ nyuie be magawɔ ɖekematsɔleme ƒe wɔna ku ɖe nufiame, si le Kristo ƒe nyagbɔgblɔwo me la ŋu o. Ena míenya be yègbɔna zi evelia avakplɔ amesiwo nye nuteƒewɔlawo na yè la, eye be yèaɖo eteƒe na amesiwo gbe nu le yeƒe amenuveve gbɔ la. Abe alesi wòna eƒe nusrɔlawo nya nu ku ɖe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋuti, eye wòna wo dzesi, si aɖee fia be game su na egbagbã ene la, nenema ke wògana nyanya eƒe dukɔ la ku ɖe xexeame ƒe tsɔtsrɔ̃ le nuwuwu la ŋuti, kple dzesi, siwo aɖee fia be eƒe vava la tu aƒe la, ale be amesiwo katã lɔ̃ la nasi le dziku, si gbɔna la nu. Ele na amesiwo le dzesi, siwo ƒe ŋugbe wodo la kpɔm la, be woanya be Amegbetɔvi la ƒe vava gogo, eye bena ele ʋɔtru nu. Yesu gblɔ be: “Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la, vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawɔ dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze ŋuti.” (Luka 21:25) . Ke enumake, le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la, ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu (Mateo 24:29;) “…ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena egogo agbo la nu.) (33). “Azɔ la minɔ ŋudzɔ. Elabena mienya ɣekaɣi dzi Aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo kuatɔ alo ŋdi o,” (Marko 13:35) Esiawo nye toklãnyawo. Ke amesi mele ŋudzɔ o la, ŋkeke la ava edzi abe fiafitɔ ene (Tesa.I, 5:2-5).UGL 20.1

    Abe alesi wònɔ na yudaviwo le Kristo ƒe ɣeyiɣi me ene la, nenema kee xexeame mele gbesɔsɔ axɔ toklãnanyaa ɖeke egbea hã o. Ɣeyiɣi, si me nuwuwu ava le la, manɔ ŋuɖoɖo me na ame mavɔmawua ɖeke o. Le esime agbea anɔ edzi yim abe ɣesiaɣi ko ene, eye amewo aku ɖe woƒe vivisesewo ŋu, woƒe dɔwɔwɔwo, adzɔdodowo kple viɖekpɔkpɔwo ŋu, le esime subɔsubɔ-hamekplɔlawo lanɔ ɖase ɖim le fifi kekeli gãwo ŋu la, dukɔwo lage ɖe alakpa dedienɔnɔ ƒe alɔa ɖe me. Gaƒoƒo ma me tutue, abe alesi fiafi gena ɖe aƒe, si me ŋudzɔla mele o ene la, nenema tsɔtsrɔ̃ kpata aƒo ɖe ɖekematsɔlemelawo kple Mawu mavɔlawo dzi kpoyi, eye womate ŋu asi le enu o. (Tesa.I, 5:3) .UGL 20.2

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents