Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    33—BEBLE GÃ GBÃTƆ

    Kasia amegbetɔ nava anyigba sia dzi la Satana dze eƒe ŋutete wɔwɔ na ameƒomea beble. Amesi he aglãdzedze va dziƒoa ƒe didi enye be yeana anyigbadzinɔlawo nawɔ ɖeka kple ye le yeƒe aʋa hoho ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu me. Adam kple Xawa nɔ dzidzɔ blibo me le esime wolé Mawu ƒe Seawo me ɖe asi. Esia nye ɖaseɖiɖi, si mewɔ ɖeka kple Satana ƒe nya, si wòtsɔ ɖe Mawu ŋu le dziƒo la, be eƒe Seawo nye ameteɖeto ƒe Se, siwo tsi tre ɖe eƒe nuwɔwɔwo ƒe nyona ŋu o. Le go bubu me, ŋuʋaʋã sesẽa ɖe ge ɖe eyama me esi wòkpɔ nɔƒe dzani, si wodzra ɖo ɖi na dzila gbãtɔwo, eye wògblɔ le eɖokui me be: “Ne memã wo kple Mawu dome eye meɖu wo dzi la, anyigba atrɔ zu tɔnye, eye maɖo nye fiaɖuƒe, si atsi tre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la tɔ ŋu anyi.UGL 501.1

    Nenye ɖee Satana ɖe eɖokui fia le eƒe nɔnɔme vavã me la, anye ne dzila gbãtɔwo nyae enumake, elabena wona nyanya Adam kple Xawa ku ɖe futɔ vɔɖi la ŋu xoxo. Ke ewɔ dɔ le ɣaɣla me ale be eƒe susu vɔɖi la nate ŋu akpɔ eme vava kple kakaɖedzi. Dɔwɔnu, si ŋu dɔ wòwɔ la, enye da, si nye nuwɔwɔ, siwo nya kpɔ ŋutɔ la dometɔ ɖeka, eye wògblɔ na Xawa bena: “Vavãe Mawu gblɔ bena migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse ɖeke o mahã? (Mose I, 3:1 ) Nenye ɖee Xawa mede asi dze ɖoɖo me kple Tela o la, anye ne ekpɔ dedienɔnɔ; ke nublanuitɔe, edze nu me ɖeɖe kplii, eye wòge ɖe eƒe mɔ̃ me. Nenema kee wògale ame geɖewo lém de eƒe mɔ̃ me egbea, to woƒe ɖikeke kple nyahehe ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔnu ŋu me, eye, esi wòle be woaxɔ Mawu ƒe Seawo bɔbɔe la, woxɔa amegbetɔ ƒe susuɖeɖe, siwo me Satana ƒe mɔtetrewo ɣla ɖo la boŋ.UGL 501.2

    Nyɔnu la ɖo ŋu na da la be: Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la, ƒe tsetse ŋuti bena: Mígaɖu eƒe ɖeke o, eye mígaka asi eŋu hã o, be míagaku o! Ke da la gblɔ na nyɔnua bena: miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ. (Mose I, 3: 2-5). Blela gblɔ be woanɔ abe mawuwo ene, woƒe nunya ade ŋgɔ, eye woƒe agbenɔnɔ akɔkɔ wú tsã. Xawa ɖe asi le eɖokui ŋu na beble la, eye to eyama dzi la esrɔa hã ge ɖe eme. Woɖo to da la ƒe nya, si gblɔ na wo be, menye Mawu ƒe susu vavãe nye esi wòɖe ɖe go la o. Ke esi wose nya sia, womegaka ɖe woƒe Wɔla dzi o, ke boŋ wosusu be ele yewo ƒe vovokpɔkpɔ xɔm le yewo si, eye woxɔe se be ne yewomewɔ ɖe eƒe Sea dzi o la, nunya geɖe kple ŋgɔdede asu yewo si.UGL 501.3

    Azɔ aleke Adam se nyati, siwo gbɔna la, gɔme, le eƒe nuvɔ me dzedze megbe? “Gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:17 ). Ɖe wòkpɔe de dzesii be yele gegem ɖe agbea ɖe, si kɔkɔ wú me, abe alesi Satana na wòxɔe se enea? Ɖe wòke ɖe ŋu be nu geɖe su ye si azɔ to sedzidada mea, eye bena Satana nye amegbetɔ ƒe nyui dila vavãa? Kpao! Eƒe nuteƒekpɔkpɔ, si wòwɔ la, to vovo sãa na nusi da la gblɔ nɛ. Elabe Mawu ƒe nyametsotso, si kplɔ woƒe tosesẽ ɖo la, enye be amegbetɔ agatrɔ yi ɖe anyi, si me woɖee tsoe la me. “Anyi nénye, eye anyi ke nagatrɔ azu.” (Mose I, 3:19 ). Satana ƒe nya, si wògblɔ be “miaƒe ŋkuwo laʋu” la, nye nyateƒe le go ɖeka me ko, elabe le woƒe tomaɖo megbe la, Adam kple Xawa ƒe ŋkuwo ʋu, eye wode dzesi woƒe abunɛtɔ nyenye. Wodze si nuvɔ, eye woke ɖe sedzidada ƒe kutsetse vevewo ŋu.UGL 502.1

    Agbeti, si naa agbe mavɔ la le abɔa titina. Ɖe Adam nɔ toɖoɖo Mawu dzi la, anye ne akpɔ mɔnu ɖaasi le agbeti la ŋu bɔbɔe, eye wòanɔ agbe mavɔ. Ke le eƒe nuvɔ̃ me dzedze megbe la, agbetia ƒe mɔ xe ɖe eyama, eye wòge ɖe ku ƒe ŋusẽ te. Mawu ƒe nyametsotso, si gblɔ be “anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu” la meɖo gɔmesese bubua ɖeke wú agbe ƒe nuwuwu keŋkeŋ o.UGL 502.2

    Agbe mavɔ ƒe ŋugbedodo, si wowɔ na amegbetɔ la, meganye etɔ esi wòdze nuvɔ̃ me o. Adam mate ŋu atsɔ nusi mele esi o la na eƒe dzidzimeviwo o. Esia tae mɔkpɔkpɔ maganɔ nuvɔme ƒe dzidzime si, ne menye ɖee Mawu gatsɔ agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ ɖe woƒe asitsɔƒe to Via tsɔtsɔ sa vɔe me la o. Esi ku la va to amewo katã dzi yii, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la, Kristo va ɖe agbe kple makumakunyenye ɖe go fia to Nyanyui la me. To Kristo me koe míate ŋu axɔ makumakunyenye la le. Yesu gblɔ be « Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o.» (Yoh.3:36 ) Amesiame ate ŋu axɔ yayra manyagblɔ sia, nenye be elɔ̃ be yeawɔ ɖe biabia, siwo katã ku ɖe eŋu la dzi. “Amesiwo tsɔa dzidodo le nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo.” Roma. 7:2.UGL 502.3

    Amesi ɖeka hɔ̃ do ŋugbe na Adam be akpɔ agbe le tomaɖo me la enye ameblela gã la. Gbeƒã gbãtɔ kekeake, si woɖe ku ɖe luʋɔ ƒe dzɔdzɔme makumakunyenye, si dzɔ kplii la enye esi da la ɖe na Xawa le Eden-bɔ me, esi wògblɔ be: “Miele kuku ge akpɔ o” la. To gbɔ be nyagbɔgblɔ sia nɔ anyi ɖe Satana ƒe ŋusẽ ɖeɖe ko dzi hã la, eganɔ ɖiɖim egbe egbea le Kristotɔwo ƒe nyagblɔtiwo dzi, eye amegbetɔwo ƒe akpa gãtɔwo xɔ edzi se abe alesi dzila gbãtɔwo xɔe se ene. Mawu ƒe nya, si gblɔ be “Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku” la, ( Xezekiel 18:20 ) le na amewo abe ɖe ko wògblɔ be amesi wɔa nuvɔ̃ la maku o, ke boŋ anɔ agbe yi mavɔ me ene. Alesi amegbetɔ ƒe bometsitsi masegɔmena la na be woxɔa Satana ƒe nyawo dzi bɔbɔe, eye wosẽa to dzimaxɔsetɔe le Mawu ƒe Nya ŋuti la, wɔ nuku.UGL 503.1

    Nenye ɖee amegbetɔ kpɔ mɔnu le agbeti la ŋu le eƒe anyidzedze megbe la, anye ne anɔ agbe tegbee, eye nuvɔ̃ hã anɔ anyi ɖaa. Ke wona be Kerubi, siwo tsɔ yi, si klẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, nadzɔ agbeti la ƒe mɔ nu, eye womeɖe mɔ na Adam ƒe via ɖeke be wòage ɖe abɔ la me ahaɖu ati, si naa agbe la, ƒe kutsetse o. Míanya ko be vɔwɔla ɖeka pɛ hã meli, si sí makumakunyenye le o.UGL 503.2

    Gake le amegbetɔ ƒe anyidzedze megbe la, Satana bia tso eƒe dɔlawo si be woawɔ ŋutete tɔxɛa ɖe afia nu tso alesi amegbetɔ dzɔ kple makumakunyenye la ŋu, eye bena ne wona amewo xɔ nudadafiafia sia dzi se vɔ la, woayi edzi aga na woaxɔe se be nuvɔwɔla ase veve yi ɖe mavɔ. Viviti fiavi la to eƒe dɔlawo dzi henɔa Mawu ɖem fia abe ameteɖetola, hlɔbiala, ŋutasẽla gãa ɖe ene; amesi ɖea eƒe dziku ɖe amesiwo katã medzea eŋu o la dzi, eye wòdea wo dzobibi mavɔ me, afisi wonɔa vevesese manyagblɔwo me le, esime eyama ŋutɔ nɔa wo kpɔm kple ŋudzedze ene.UGL 503.3

    Alea ye futɔ dziŋɔ̃ la tsɔa eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme vɔɖi kple ŋutasesẽ tuna na Amesi nye amegbetɔ-ƒomea ƒe Wɔla kple nu nyuiwo ƒe dzɔtsoƒe la. Satana mee ŋutasesẽ do tso. Mawu nye lɔlɔ, lɔlɔ, eye nusiwo katã wòwɔ la le dzadzɛ, kɔkɔe, eye wodze na vaseɖe esime aglãdzela gã gbãtɔ la he nuvɔ̃ vɛ. Satana ŋutɔ enye futɔ, si tea amegbetɔ kpɔ ale be, ne yeate ŋui la, yeatsrɔe. Ne ena amewo ge ɖe eƒe asi me la, ekpɔa dzidzɔ le tsɔtsrɔ, si me wòde wo la ta. Ne ate ŋui la, able ameƒomea katã de eƒe mɔkawo me.UGL 504.1

    Abe alesi wòble dzila gbãtɔwo ene la, Satana gale agbagba dzem egbea be yeable luʋɔwo, ale be woabu woƒe xɔse ɖe Mawu dzi, eye woake ɖi le eƒe dziɖuɖua ƒe nunya kple Sewo ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu. Blela gã kple eƒe dɔtsɔlawo ɖea Mawu fiana abe amesi vɔɖi wú woawo ŋutɔwo ene, ale be wòanye taflatsɛ dodo na woawo ŋutɔ ƒe wɔna vɔɖiwo kple aglãdzedze. Aʋatsokala gã la nɔa ŋutete wɔm be yeatsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutasesẽ dziŋɔ̃ ƒe dẽ, si nye etɔ la, na míaƒe Dziƒo-Fofo la, ale be amewo naxɔe se be wowɔ vɔ̃ gã ɖe ye ŋu le ye nyanya do goe tso dziƒo me, esi yegbe be yemalɔ̃ ɖe nu madzɔmadzɔ dzi o la ta. Edina hã be amegbetɔwo naxɔe se be woakpɔ ablɔɖe le yeƒe lɔlɔ̃ dziɖuɖu te, si anyo wú kluvinyenye, si me wole le Yehowa ƒe Se sesẽwo te la. Alea ye wòte ŋu tèa luʋɔa ɖewo ɖa tso ɖokuibɔbɔ na Mawu gbɔ. Naneke meli ahe aglãɖzedze de míaƒe seselelãme ku ɖe Mawu ƒe dɔmenyo, nublanuikpɔkpɔ kple dzɔdzɔenyenye ŋu wú nufiafia, si gblɔna be ame vɔɖi, siwo ku la ƒe nuvɔ,̃ siwo wowɔ le woƒe agbeŋkeke ʋɛa ɖewo ko me la, ana woanɔ fukpekpe geɖe me le dzo mavɔ ƒe aŋɔdzo kple dzokpe bibiwo me ɖaa, zi alesi ko Mawu anɔ agbe la o. Nudadafiafia sia tsi tre ɖe mía ŋutɔwo gɔ̃ hã ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu.UGL 504.2

    Gake, nublanuitɔe la, ame geɖewo gale nu gbegblẽ sia fiam, eye wòkpɔ nɔƒe le Kristo Hamea ƒe akpa gãa ɖe ƒe xɔsemeʋuʋu me. Xɔse nunyala gãa ɖe gblɔ le eƒe nuŋɔŋlɔwo me be dzo mavɔ ƒe fukpekpewo anye nukpɔkpɔ, si aƒo ame kɔkɔeawo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta. Ame bubu hã gagblɔ nya, si gbɔna la be: “Le esime tohehe ƒe fɔbubu anɔ Mawu ƒe dzikumewo dzi vam yi mavɔe la, woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ anɔ dzi yim ɖaa le dzidzɔmewo ƒe ŋku me, eye le esi wòdze be fukpelawo ƒe nu nanɔ nublanui wɔm na wo la, woanɔ ɣli dom boŋ be : “Amen, Haleluya! Woakafu Aƒetɔ la.”UGL 504.3

    Afika gɔ̃ míakpɔ nufiafia sia le le Mawu ƒe Nya la me? Ɖee amesiwo akpɔ ɖeɖe la abú woƒe veveseseɖameti kple amewɔwɔ ƒe seselelãmewo nenye be woge ɖe ŋutikɔkɔe me mahã? Ɖee dzi kuatri, alo gbemelã ƒe ŋutasesẽ ƒe nɔnɔmee aɖɔ li woƒe dẽ nyuiawo mahã? Kpao, esia menye Biblia ƒe nufiafia o. Amesiwo ŋlɔ̃ nusiwo míexlẽ va yi la, ate ŋu anye nunyala gãwo, alo nuteƒewɔlawo, gake esia mewɔ be womege ɖe Satana ƒe beblewo me o. Ke boŋ ena be wotsɔ gɔmesese totro na Ŋɔŋlɔawo ƒe nya veviewo, hetsɔ vɔɖinyenye kple ŋutasesẽ ƒe susu, siwo nye Satana ŋutɔ tɔ, ke metso míaƒe Wɔla gbɔ o la, de wo me.UGL 505.1

    Nya, si Aƒetɔ Yehowa gblɔ enye si: “Meta ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be ame vɔɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme vɔɖiwo ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye… Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miebe yewoaku ɖo? » ( Xezekiel 33:11 ) Viɖe ka wòanye na Mawu be míawo míaxɔe se be ekpɔa dzidzɔ le ame vɔɖi, siwo yi ɖe dzo me la ƒe fuwɔame mavɔwo, woƒe vevesesewo, ŋeŋẽwo kple fiƒodewo ŋu ma? Ɖee woƒe vevesese-ɣli dziŋɔwo anye hadzidzi, siwo anya se na Lɔlɔ̃ mavɔ ƒe towo mahã? Wogblɔna hã be to tohehe mavɔ na ame vɔɖiwo me la Mawu ɖena alesi wòtsri nuvɔ, si he tɔtɔtɔtɔ de xexeame ƒe ŋutifafa kple ɖoɖowo me la fia. Busunya vɔɖi ka enye esia? Ɖe ko wòdze abe Mawu ƒe nuvɔ̃ tsitsri nye taflatsɛ na nuvɔ̃ ƒe anyinɔnɔ mavɔ ene. Ɖee manɔ me be le woƒe dziɖelameƒo me, nuvɔwɔla, siwo abú woƒe mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ la, aɖe woƒe busunya kple vlodonyawo gbɔgblɔ ɖe Mawu ŋu me ɖe go, esi awɔe be woƒe fɔɖiɖi aga dzi ɖe dzi wúa? Gbeɖe! Nuvɔ̃ ƒe anyinɔnɔ kple tsitsi ɖe dzi yi mavɔ me mate ŋu de Mawu ƒe ŋutikɔkɔe dzi o. Amegbetɔ ƒe susu mate ŋu akpɔ gbegblẽ, si tso fuwɔame mavɔ ƒe nu dadafiafia sia ƒe kpekpẽme o. Ne míekpɔ alesi Satana gblẽ Mawu ƒe ŋkɔ, alesi wògblɔ nya vlowo tso eƒe dẽ, si nye lɔlɔ, dɔmenyo kple nublanuikpɔkpɔ ŋu la, mewɔ nuku kura be mía Wɔla Amenuvela sia vatrɔ zu vɔvɔ̃ kple ŋɔdzinu na amewo, eye wotsria eƒe nya gbɔ ŋutɔ gɔ̃ hã o. Ŋɔdzinya, siwo doa go tso nyagblɔtiwo dzi ku ɖe Mawu ŋu la wɔ be ame akpe akpewo trɔ zu dzimaxɔsetɔwo kple tosẽlawo.UGL 505.2

    Fukpekpe mavɔ ƒe nufiafia sia hã le Babilon ƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha, si wòna anyigbadzinɔlawo katã no la me. ( Nyaɖ. 14:8; 17:2 ). Nukunu vavãa ɖe wònye be Kristo-Ha ƒe nunɔlawo nanɔ nu dada sia fiam le kristotɔwo ƒe gbedoxɔwo me. Woxɔ gbegblẽ sia tso Roma, abe alesi woxɔ alakpa ƒe dzudzɔgbea hã ke ene. Ele me be ameŋkuta, siwo nye nunyala gãwo kple mawusroɖalawo la, fia nu gbegblẽ sia le esime kekeli ku ɖe nya sia ŋu la mesu wo si ɣemaɣi abe alesi wòle na mí egbea ene la o. Ekema kekeli sue, si nye wotɔ la ƒe akɔŋta koe woabia wo, eye míawo hã míawɔ esi nye míatɔ la ƒe akɔŋta. Ne míete ɖa le Mawunya ƒe ɖaseɖiɖiwo ŋu hekplɔ nufifia dadawo ɖo kple taflatsɛ sia be mía fofowoe fia mí la, ekema míawo hã míedze Babilon ƒe fɔɖiɖi me, eye míele eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha nom.UGL 506.1

    Le go bubu me, ame geɖe, siwo tsi tre ɖe vevesese mavɔ ƒe nufiafia dada sia ŋu hã dzea eƒe akpa sagã ƒe vodada me. Woxɔna se be luʋɔ nye nu makumaku, eye be, esi Biblia na míenya be Mawu nye lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ƒe Mawu la, mate ŋu agblẽ eƒe nuwɔwɔwo ɖe dzo mavɔ me o, ke boŋ ana amesiame nakpɔ xɔxɔ. Wosusuna hã be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe toklãnya dziŋɔwo ƒe taɖodzinu koe nye be woado vɔvɔ̃ na amewo, ale be woawɔ ɖe nyawo dzi, ke menye be Mawu awɔ ɖe eƒe toklãwo dzi o. Esi wònye nenema ta la, vɔwɔla ate ŋu yi eƒe tosesẽ ɖe Mawu ƒe Seawo ŋu dzi, eye wòayi eƒe nuvɔgbenɔnɔ dzi ɖaa, gake mabú Mawu ƒe amenuveve kpɔ o. Nufiafia sia, si do vlo Mawu ƒe dɔmenyo, eye wòŋe ŋku ƒu eƒe dzɔdzɔenyenye dzi la, doa dzidzɔ na ŋutilãmemewo, eye wòga doa ŋusẽ ame vɔɖiwo le woƒe nuvɔ̃ wɔwɔ me.UGL 506.2

    Ne míese amesiwo xɔna se be xexeame katã akpɔ ɖeɖe ƒe nyagbɔgblɔwo la, míakpɔ alesi wotroa gɔmesese na Mawunya hedea woƒe nudadafiafia sia dzi. Le ɖekakpui Mawu mavɔlaa ɖe, si ku le dzɔgbevɔea ɖe me, ƒe ku-kɔnuwo wɔwɔ me la, nunɔla nudadafiala siawo dometɔ ɖeka tsɔ kpukpui, si gbɔna la gblɔ Mawunyae. Kpukpui sia gblɔ le fia Dawid ŋuti bena: “… Eƒe akɔ fa le Amnon, si ku la ta.” ( Samuel II, 13:39b )UGL 507.1

    Nya, si osɔfo sia gblɔ le eƒe mawunyagbɔgblɔ me enye esi: “Amewo biaam zi geɖe be nukae adzɔ ɖe amesiwo ku le woƒe nuvɔ̃ me, ɖewohĩ le ahamumu me, alo le esime hlɔdɔdɔ ƒe ʋu gale woƒe awuwo ŋu, alo abe ɖekakpuia ɖe, si menɔ mawusosroɖa kple subɔsubɔ ƒe agbe kpɔ o la, dzi mahã?” Eyi dzi gblɔ be: “Míabia Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo be wòakpɔ ŋutiɖoɖo na kuxi gã sia. Amnon nye nuvɔwɔla gãa ɖe. Wowui le esime wògale dzimematrɔmatrɔ kple ahamumu me. Fofoa Dawid, si nye Mawu ƒe Nyagblɔɖila la, anya godo nenye be via Amnon anɔ dzidzɔ me lo, alo vevesese me le xexeme, si gbɔna la me. Seselelãme kae wòɖe ɖe go tso eƒe dzi me? Fia Dawid ɖe asi le Absalɔm yometiti ŋu, eye wòdi vevie be yeanɔ kplii boŋ, elabena eƒe akɔ fa le Amnon, si ku la ta.” UGL 507.2

    Osɔfo alakpanufiala sia gayi edzi ale: “Nuka gɔme míate ŋu ase tso nya siawo me? Ɖee menye bena vevesese mavɔ mele Dawid ƒe xɔsemeʋuʋu me oa? Míaƒe gɔmesesee nye ekema, eye míekpɔ be enye nyameɖeɖe ɖikekemanɔŋui, si ɖo kpe susu vivi, si klẽ, lɔlɔ̃ ƒe susu, si gblɔ be amesiame akpɔ ŋutifafa le xexeame le nuwuwu. Dawid ƒe akɔ fa le via si, ku la ta. Nukatae wònye nenema?” Osɔfo la gayi edzi be: “Elabena eƒe nyagblɔɖi ŋku, si le ŋutikɔkɔe ƒe tsɔme kpɔm ɖaa la, ɖe via fiae abe amesi le adzɔge na tetekpɔ ɖesiaɖe ene, amesi woɖe ɖa tso nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye me, esi ŋu woklɔ eƒe gbegblẽwo katã le, eye, esi wowɔe wòzu kɔkɔetɔ kple kekeli ƒe ame vɔ la, woxɔe ɖe gbɔgbɔ deŋgɔwo ƒe ƒuƒoƒowo me le dzidzɔ deto teƒe. Fia Dawid ƒe akɔfafa ɖeka koe nye be esi via lɔlɔ̃ la dzo le nuvɔ̃ kple vevesese ƒe agbe sia me la, ekpɔ eɖokui le teƒe, si Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ manyagblɔ kɔ ɖe eƒe luʋɔ doviviti la dzi, heʋu eƒe gbɔgbɔ na dziƒo nunya kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe dɔwɔɖamedzi viviwo. Alea ye wokɔ eƒe nɔnɔme ŋu hedzrae ɖo be wòakpɔ gome le dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe mavɔ mee.”UGL 507.3

    Aʋatso osɔfo sia wu eƒe gbeƒãɖeɖea nu be: “Míedi be míagblɔ to nya siawo me be ɖeɖekpɔkpɔ metso nusi míateŋu awɔ le agbe sia me la me kura o; metso dzi ƒe tɔtrɔ me, alo dzixɔsea ɖe, alo xɔse-haa ɖe me nɔnɔ me o.”UGL 508.1

    Nublanuinya wònye be amea ɖe, si yɔ eɖokui be Yesu Kristo ƒe nunɔla la, nate gbe ɖe da ƒe alakpa, si wòda le Eden-bɔ me la dzi: “Miele kuku ge akpɔ o…Gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene.” Le eƒe nyagbɔgblɔ nu la, nuvɔwɔla gãtɔ kekeake, amewula, adzodala kple ahasitɔ, kpɔa dzadzraɖo gome le ku megbe hena gege ɖe dzidzɔ mavɔ me.UGL 508.2

    Afika gbeƒãɖela sia, si de aɖaŋu le gɔmeɖeɖe totro tsɔtsɔ na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me la, ɖe eƒe taƒonya gbegblẽ la tso? Eɖee tso nyatia ɖe, si Ŋɔŋlɔ̃ la gblɔ, heɖe alesi Dawid xɔ nusi dzɔ ɖe edzi kple bɔbɔenyenye la fia me. “Ke ele fia Dawid dzrom vevie be yeatsɔ ake Absalom, elabena eƒe akɔ fa ɖe Amnon si ku la ta.” Esi eƒe vevesese heli heli nu tsi le ŋkekea ɖewo megbe la, eƒe susuwo hã dzo le via kuku la dzi hetrɔ ɖe esi le agbe, eye wòsi le tohehe, si dze nɛ le eƒe nu vɔɖi wɔwɔ ta nu la, ŋu. Wɔna siae osɔfo alakpatɔ la tsɔ be yeatsɔ ɖee fia be wokɔ Amnon ahamula, ŋukpenuwɔla (525) yi ɖe dzidzɔ mavɔ teƒe le eƒe ku megbe enumake, bena woakɔ eŋu ale be wòadze na agbenɔnɔ le mawudɔla, siwo mewɔ nuvɔ̃ kpɔ o la dome. Esia nye glinya vivi, si ana dzideƒo kple dzidzɔ dzi siwo ku ɖe xexeame ŋu la. Ele be míanyae be Satana ƒe nufiafia enye esia, si kplɔa ame yia eƒe taɖodzinuwo gbɔe. Ɖee wòwɔ nuku be nufiafia siawo na be nuvɔɖi wɔwɔ le dzidzim ɖe dzia?UGL 508.3

    Nudadafiala sia ƒe nuƒoƒo nye mɔnu siwo ŋu dɔ ame geɖewo wɔna la, dometɔ ɖeka. Woɖea nyagbɔgblɔa ɖe tso Biblia ƒe ŋutinyaa ɖe me, hetsɔa gɔmesese gbegblẽ, si mesɔ kura kple nudzɔdzɔ bubu ƒe susu o la, nanɛ. Míakpɔe be osɔfo alakpanufiala sia ƒe gbeƒã, si wòɖe gblɔ be Amnon, ahamula la yi dziƒo le eƒe ku megbe la, menɔ te ɖe Biblia ƒe nya, si gblɔ be “ahamulaa ɖeke manyi Mawufiaɖuƒe la ƒe dome o” la nu kura o. (Kor. I, 6:10) Ale gbegbe dzimaxɔsetɔwo kple nenem alakpatɔwo trɔa Nyateƒe la wɔa aʋatsoe hekplɔa ameha gãa ɖe, siwo woble la, yia alakpa dedienɔnɔ ƒe alɔdɔdɔ̃ mee.UGL 508.4

    Ne nyateƒe wònye be luʋɔwo katã yia dziƒo enumake le ku megbe la, anyo be míadi ku boŋ wú agbe. Dzixɔse gbegblẽ sia na be ame geɖewo tsi wo ɖokui ƒe agbe nu. Nukae gale bɔbɔe wú be amea ɖe, si yɔ fũ kple dziɖelameƒo le eƒe xaxawo alo vevesesewo ta la, natso eƒe agbe-ka ale be wòadzo le xexeme sia ƒe nuxaxawo me, age ɖe dzidzɔ mavɔ me mahã?UGL 509.1

    Mawu gblɔ kple ŋusẽ le eƒe Nya la me be yeahe to na yeƒe Seawo dzidalawo. Amesiwo katã nɔa wo ɖokui blem be Mawu, si nye nublanuikpɔla la, mate ŋu alɔ̃ ahe to na nuvɔwɔla o la, naɖe ŋku kpɔ Kalvaria ƒe atitsoga la ɖa. Mawu ƒe Vi maɖifɔ ƒe ku le ɖase ɖim vevie be « Nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku.” eye bena Mawu ƒe Se dzi dada ɖesiaɖe axɔ fetu, si dze la. Kristo, si me nuvɔ̃ mele o la vazu nuvɔ̃ le amegbetɔ ta. Exɔ nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi ɖe eɖokui dzi, eye Fofoa ɣla eƒe mo ɖe eyama vaseɖe esime eƒe dzi gbã, eye eƒe agbe nu tso. Ewɔ vɔsa gã sia na amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Mɔnu bubua ɖeke meli, si dzi wòato aɖe ga amegbetɔ tso nuvɔ̃ ƒe fɔɖiɖi si me o. Ke luʋɔ, si agbe nu le vɔsa xɔasi sia gbɔ la, axɔ eya ŋutɔ ƒe fɔɖiɖi ƒe tohehe ɖe eɖokui dzi. Azɔ míakpɔ Biblia ƒe nufifia ku ɖe ame vɔɖiwo kple dzimesẽla siwo alakpanufialawo gblɔ be woawo hã woava nɔ mawudɔlawo kple ame kɔkɔewo dome le dziƒo la ŋu. «…Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.» (Nyaɖ. 21:6). Ŋugbedodo sia yi na amesi ke tsikɔ le ewum la ɖeɖe ko. Ke amesiwo agbetsi ƒe tsikɔ le wowum, eye wole gbesɔsɔ be yewoatsɔ nusianu asa vɔ ɖe eta la koe ate ŋu axɔ nu sia. «… Amesi ke ɖu dzi la anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.» ( Nyaɖ. 21:6, 7 ) UGL 509.2

    Mawu le gbɔgblɔm na mí to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be: «Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo…Baba na ame vɔɖi, etɔ me vɔe nɛ, elabena nusi eƒe asi wɔ la, eya woatsɔ awɔe.” ( Yes.3:10,11 ). Nunyala gblɔ be: «Ne nuvɔwɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nyea menyae be eme anyo na mawuvɔla, siwo sía eƒe ŋku me. Ke eme manyo na ame vɔɖiwo o…» (Nyagblɔla 8: 12. 13 ). Paulo hã gblɔ be dzimesẽla le dziku nu ƒom ƒu ɖi na eɖokui hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la, amesi aɖo teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔ nu. «Xaxa kple momenuveve ava amesiame, si le vɔ̃ wɔm la, ƒe luʋɔ dzi,» ( Rom.2: 5,6,9 ).UGL 509.3

    «Ahasiwɔla, alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si sɔ kple trɔsubɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.» ( Efeso 5:5 ). «Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la ne nusia mele eŋu o.» (Hebri. 12:14 ). «Woayra amesiwo nya woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me. Ke avũwo kple afakalawo, kple matrewɔlawo, kple hlɔdolawo, kple trɔsubɔlawo kpakple amesiame si lɔa aʋatsokaka, eyeUGL 510.1

    wòkanɛ la, woato agbo la godo.” ( Nyaɖ.22:14,15 ) Alesi Mawu ƒo nu tso eƒe dɛ̃ kple nusi nye eƒe wɔna ku ɖe nuvɔ ŋu enye esi: (Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o…» ( Mose II, 34:6, 7 ). «… etsrɔa ame vɔɖiwo katã.» ( Ps.145:20 ). «Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔɖiwo ƒe dzidzimeviwo.” ( Ps. 37:38 ). Ne ele me be Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe ŋusẽ kple gãnyenye agbã aglãdzedze gudu gudu la, nenema ke wònye nyateƒe be dzɔdzɔenyenye fetu ɖeɖefiawo hã asɔ kple eƒe dɛ̃ siwo nye nublanuikpɔkpɔ, amenuveve kple dzigbɔgbɔ blewu.UGL 510.2

    Mawu meténa ɖe amea ɖeke ƒe lɔlɔnu kple susuɖeɖe dzi o. Toɖoɖo, si tso vɔvɔ̃ me la medoa dzidzɔ nɛ o. Edina be yeƒe nuwɔwɔwo nalɔ̃ ye, elabena edze na woƒe lɔlɔ. Edi be woaɖo to ye le alesi woade dzesi yeƒe nunya, dzɔdzɔenyenye kple dɔmenyo ta. Ekem amesiame, si dze si eƒe nɔnɔme nyuie la, alɔe, elabena zi alesi eƒe dɛwo ado dzidzɔ nɛ la, nenema wòate ɖe eƒe Wɔla ŋue.UGL 510.3

    Dɔmenyo, nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo, siwo ŋu Yesu fia nu tso, eye wògaɖe wo fia to eƒe agbenɔnɔ me hã la, nye nusiwo tso Mawu ƒe dɛ̃ me. Kristo gblɔ be yemefiaa naneke, si yemexɔ tso Fofo la gbɔ o. Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo wɔ ɖeka kple Ɖela ƒe nufiafia, si gblɔ be: «Milɔ̃ miaƒe kẽtɔwo.» Mawu drɔa ʋɔnu ame vɔɖiwo na xexeame katã kple vɔwɔla, siwo dzi tohehe va la, gɔ̃ hã ƒe nyona. Nenye ɖee wòate ŋu na woakpɔ dzidzɔ, eye esia matsi tre ɖe eƒe dziɖuɖua ƒe Sewo kple eya ŋutɔ ƒe dɛ̃ ƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti o la, anye ne awɔe na wo. Etsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ametakpɔkpɔ dzesiwo ƒo xlã wo; ena be woadze si eƒe Seawo, eye wòtsɔa eƒe dɔmenyo nunanawo ɖoa wo ŋku me ɖaa, gake wometsɔa ɖeke le me na eƒe lɔlɔ̃ o. Ke boŋ wodaa eƒe Sewo dzi, eye wogbea nu le eƒe amenuveve gbɔ. Wokpɔa gome ɣesiaɣi le eƒe yayrawo me, gake ganɔa vlo dom amesi gbɔ yayra siawo tsona na wo la. Wotsri Mawu ƒe nya gbɔ, elabena wonya be melɔa woƒe vɔwɔwɔwo o. Gake, to gbɔ be Aƒetɔ la xɔ woƒe gbegblẽ siawo didie hã la, gaƒoƒo la ava de gbeɖeka, si dzi woaŋẽ woƒe wɔnawo ƒe kutsetsewo. Ɖee wòade kɔsɔkɔsɔ aglãdzela siawo ɖe eɖokui ŋua? Alo ɖe wòazi wo dzi be woawɔ ɖe yeƒe lɔlɔnu dzia?UGL 511.1

    Amesiwo tia Satana be wòanye yewo kplɔla, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, mate ŋu anɔ Mawu ƒe ŋku me o. Dada, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋutasesẽ tsi woƒe dẽ me vevie. Ɖee nenem mewo ate ŋu ge ɖe dziƒo me be yewoanɔ anyi yi mavɔ me kple amesiwo wolé fu vevie tsã, hetsri woƒe nya gbɔ le anyigba dzia? Nyateƒe mate ŋu nya sese na aʋatsokala gbeɖe o, bɔbɔenyenye mate ŋu avivi ɖokuiŋudzela kple dadala nu o, gbegblẽ-me mate ŋu alɔ̃ dzadzɛnɔnɔ ƒe nya gbɔ o, nenema kee lɔlɔ, si media ɖokui tɔ o la maɖo asixɔxɔa ɖeke na ɖokuilɔla o. Dzidzɔkpɔkpɔ ka ƒomevie ate ŋu nɔ dziƒo na amesiwo ƒe susuwo katã ku ɖe anyigbadzinuwo ɖeɖe ko ŋu?UGL 511.2

    Nenye be amesiwo katã ƒe agbea nye aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe agbe, akpɔ wo dokuiwo enumake le dziƒo, le kɔkɔenyenye teƒe, afisi luʋɔwo katã yɔ kple lɔlɔ̃ le, eye amewo katã ƒe mo le keklẽm kple dzidzɔ le, eye nenye be wose dziƒo ƒe hagbe viviwo, eye wokpɔ keklẽ sesẽ, si tso Mawu ƒe ŋku me hegbagba ɖe ɖeɖekpɔlawo dzi la, ɖee woate ŋu nɔ te ɖe Mawu kple Alẽvia ƒe ŋutikɔkɔe nu a? Ɖee amesiwo ƒe dzi yɔ kple fuléle Mawu kple tsitretsitsi ɖe eƒe Nyateƒe kple kɔkɔenyenye ŋu la ate ŋu ƒo ƒu kple dziƒo ʋakɔwo, awɔ ɖeka kpli wo le woƒe kafukafuhawo dzidzi mea? Ɖee woate ŋu nɔ te ɖe Mawu kple Alɛvi la ƒe ŋutikɔkɔe nua? Kpao! Wona wo ƒe geɖe le amenuveve me bena woadzra woƒe dɛwo ɖo hena gege ɖe dzidzɔ mavɔ teƒe ma, gake womewɔ ŋutetea ɖeke be yewoalɔ̃ dzadzɛnyenye, eye bena yewoado dziƒo ƒe gbe o. Ke azɔ la, wotsi megbe. Tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu ƒe agbe, si wonɔ la, wɔ be womedze na dziƒoa o. Dzadzɛnyenye, kɔkɔenyenye kple ŋutifafa, si yɔ teƒe ma la, anye vevesese geɖe na wo boŋ. Mawu ƒe ŋutikɔkɔe azu dzobibi, si afiã wo. Ke nusi ko woadi la enye be yewoasi dzo le teƒe kɔkɔe ma. Woadi gɔ̃ hã be tsɔtsrɔ̃ nava yewo dzi ale be yewoabú ɖa le Amesi ku be yewoakpɔ ɖeɖe la ƒe ŋku me. Nusi adzɔ ɖe ame vɔɖiwo dzi, woƒe gome makpɔ le dziƒo la atso woawo ŋutɔ ƒe tiatia kple lɔlɔnu gbɔ. Ke le Mawu gome la, anye dzɔdzɔenyenye kple amenuveve ƒe wɔna.UGL 511.3

    Abe alesi wònɔ na tɔɖɔɖɔ gã, si tsrɔ̃ xexeame tsã ene la, ŋkeke mamlɛawo hã ƒe dzobibiwo aɖe gbeƒã le Mawu ƒe nyametsotso ŋu be: tɔtrɔ alo dɔyɔyɔa ɖeke meli na ame vɔɖi o. Didia ɖeke mele eyama me be yeabɔbɔ yeɖokui na Mawu o. Enyrɔ̃ eƒe lɔlɔnu ɖe aglãdzedze me ale be le eƒe agbea ƒe nuwuwu la, game megali be wòate aŋu wɔ dɔ le eƒe susuwo ŋu, aɖe wo ɖa le nuvɔwɔwɔ dzi yi ɖe toɖoɖo gbɔ, tso fuléle me yi ɖe lɔlɔ̃ me o. Mawu ɖe mɔ be Kain amewula la natsi agbe, ale be míade dzesi nusi ava me nenye be woɖe asi le vɔwɔla ŋu be wòanɔ agbe ayi ɖe eƒe vɔwɔwɔ dzi ɖaa la. Kain ƒe nufiafiawo kple eƒe agbe vlo nɔnɔ ƒe dɔwɔɖamedzi he eƒe dzidzimevi geɖewo de gbegblẽ me ale gbegbe be “woƒe vɔɖivɔɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” “Xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 6:5, 11)UGL 512.1

    Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ na xexeame tae wòtsrɔ̃ ame vɔɖiwo le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ɖo. Eƒe nublanuikpɔkpɔ kee wɔe be wòtsrɔ̃ Sodomtɔ gbegblẽawo. To Satana ƒe beble ŋusẽ me la vɔwɔlawo kpɔa ame geɖe, siwo lɔa woƒe nya gbɔ, hekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu, eye woawo hã gena ɖe aglãdzedze me. Nenema wònɔ le Kain kple Noa ƒe ŋkekewo me, eye wòganɔ le Abraham kple Lot ƒe ɣeyiɣiwo me. Alea kee wòaganye le míaƒe ɣeyiɣi siawo me hã. Le eƒe nublanuikpɔkpɔ na xexeame katã tae Mawu atsrɔ amesiwo do vlo eƒe amenuvevea le nuwuwu ɖo.UGL 513.1

    «Nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.” ( Roma 6:23 ). Le esime agbe nye domenyinu na ame dzɔdzɔewo la, ku boŋ enye gomekpɔkpɔ na ame vɔɖiwo. Mose gblɔ na Israel be: «Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyuie, ku kple dzɔgbevɔe ɖo ŋkuwò me egbe.” ( Mose V, 30:15 ). Ku ƒe nya, si wogblɔ le kpukpui sia me la menye esi tso tohehe, si va Adam dzi lae o, elabena ameƒomea katã le gome kpɔm le nuvɔ̃ ƒe tohehe me. Ke ku, si ƒe nya gblɔm wole lae nye ku evelia, si nye agbe mavɔ ƒe akpa sagã la.UGL 513.2

    Adam ƒe nuvɔe na be ku va ameƒomea katã dzi. Amegbetɔwo katã ɖo ta yɔdo gbɔ. Gake to ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo me la, woaxɔ wo ɖe agbe. « Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” ( Dɔw. 24:15 ). «Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.” ( Kor. I,15:22 ). Vovototoa ɖe le tsitretsitsi eve siawo dome.UGL 513.3

    «…Amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” ( Yoh. 5:28,29 ). Amesiwo akpɔ gome le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi me la, woayɔ wo be “yayratɔwo kple kɔkɔetɔwo”. «…Amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o.» (Nyaɖ, 20:6). Ke amesiwo mewɔ ŋutetea ɖeke be yewoakpɔ tsɔtsɔke to dzimetɔtrɔ kple xɔse me o la, woakpɔ woƒe dzidada ƒe tohehe: nuvɔ̃ ƒe fetu. Woƒe tohehe, siwo asɔ ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu la, ato vovo le woƒe ŋusesẽ kple woƒe dziyiyi me. Gake wo katã ƒe nuwuwue nye ku evelia. Esi wònye be Mawu mate ŋu aɖe vɔwɔla le eƒe nuvɔ̃ me, alo kple eƒe nuvɔ, esi matsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ asa vɔe o la, ekem aɖe vɔwɔla sia ƒe agbe, si medze na o, eye eya ŋutɔ he de afɔku me to eƒe dzidadawo me la, ɖa. Kekeli nuŋlɔlaa ɖe gblɔ be: «Ekpɔtɔ vie ko ame vɔɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o.» (Ps.37:10 ). Ame bubu hã gagblɔ be: dukɔwo «anɔ abe amesiwo medzɔ kpɔ o la ene.» (Obadiya 16 ). Ŋukpẽ aƒo ɖe wo dzi, eye woaŋlɔ̃ wo be ŋutiɖoɖomakpɔtɔe yi mavɔ me.UGL 513.4

    Alee nuvɔ̃ kple emetsonu, siwo nye vevesese kple tsɔtsrɔ̃ la, wo keŋ akpɔ nuwuwue. Psalmowo ŋlɔla la gblɔ be: «…ètsrɔ̃ ame vɔɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ ɖa ɖikaɖika… Wotsrɔ̃ futɔwo… wozu aƒedo ɖikaa, eye ŋkuɖoɖo wo dzi megali o.» (Ps.9: 6,7 ). Le Nyaɖeɖefia me, esi wokɔ Yohanes yi ɖe dziƒo nutowo me be wòakpɔ agbe mavɔ ƒe nu via ɖe la, ese kafukafu hagbe vivi, siwo gbeɖiɖi tovoa ɖeke metɔtɔ o la. Nuwɔwɔwɔ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la, le ŋutikɔkɔe tsɔm na Mawu. (Nyaɖ.5:13). Luʋɔ makpɔɖeɖea ɖeke manɔ anyi, anɔ busunyawo gblɔm ɖe Mawu ŋu le vevesese mavɔ me o, eye dzomavɔa ɖeke manɔ anyi ɖaa, si me veveselawo anɔ, siwo ƒe ɣlidodowo atɔtɔ ame tiatiawo ƒe dzidzɔhawo yi mavɔ o.UGL 514.1

    Luʋɔ ƒe makumakunyenye tso dzɔdzɔme ke ƒe nufiafia dada sia dzi ame kukuwo ƒe agbenɔnɔ le tsiẽƒe la nɔ anyi ɖo. Nya siawo kple vevesese mavɔ ƒe nufiafiawo katã tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe nufiafia, kple nugɔmesese nyui, kpakple amenyenye ƒe seselelãme vavãwo ŋuti. Ame geɖewo xɔɛ se be ɖeɖekpɔlawo le dziƒo fifia, eye wonyana nusiwo le eme vam le anyigba dzi, vevietɔ, nusiwo le woƒe ame vevi, siwo wogblẽ ɖe megbe la dzi vam. Ke ne ele alea ɖe, aleke woate ŋu anɔ dzidzɔ me le dziƒo le esime wogale woƒe ame vevi siawo ƒe xaxawo, nuvɔwɔwɔ, vevesese, dziɖelameƒo kple agbemefuwo kpɔm wole edzi yim le anyigba dzi mahã? Aleke amesiwo le agba sam le wo xɔlɔwo dzi le anyigba dzi la, anɔ wokpɔm le woƒe vevewo me, eye woagate ŋu nɔ dzidzɔ kpɔm le dziƒo? Ɖee menye nane, si ho dzi na ame wònye be woaxɔe se be kasia agbegbɔgbɔ do go tso ame matrɔdzimea ɖe me la, eƒe luʋɔ age ɖe dzobibi mavɔwo me enumakea? Vevesese manyagblɔ kae wòanye na amesiwo akpɔ woƒe xɔlɔ̃ vevi, siwo ku le madzramadzraɖo me, woage ɖe aɖukliɖuɖu kple vɔɖivɔɖi me yi mavɔ me ma? Ame geɖewo dze aɖaʋa ɖe susu dziŋɔ̃ sia ɖeɖe ko ta.UGL 514.2

    Aleke Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nya siawo ŋuti? Dawid gblɔ be amegbetɔ menye naneke le ku me o. «Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ, gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Ps.146:4). Salomo hã ɖi ɖase sia tɔgbi: «Elabena agbagbeawo nyae be yewo gbɔna kuku ge, ke kukuawo menya nanekeo...” “woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o…” “nuwɔwɔ, alo tamebubu, sidzedze, alo nunya mele tsieƒe afisi yi ge nala o.” ( Nyagblɔla 9:5,6,10)UGL 515.1

    Le Fia Xiskiya ƒe ku dɔléle me, esi wòdo gbe ɖa na Mawu, eye wòɖe mɔ nɛ be wòaganɔ agbe ƒe wuiatɔ̃ la, fia la da akpe na Yehowa, eye wòkafui ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ ta. Le eƒe kafukafuha sia me, egblɔ nusita wòle dzidzɔ kpɔm alea ɖo: «Elabena tsiẽƒe mada akpe na wo o, ku saɖagatsi makafu wò o, eye amesiwo yi aʋli me la makpɔ mɔ na wò Nyateƒe o. «Agbagbea, agbagbea koe akafu wò, abe alesi mele wɔwɔm egbe sia ene.» ( Yes. 38:18, 19 ) Le ame geɖewo ƒe xɔse nu la, ame dzɔdzɔe, siwo ku la, yia dziƒo enumake, eye wogena ɖe dzidzɔ mavɔ me, henɔa Mawu kafum kple woƒe nuyi mavɔwo. Ke fia Xiskiya ya mekpɔ mɔ kura na ŋutikɔkɔe gã ma le ku me enumake o. Psalmowo ŋlɔla hã ƒe ɖaseɖiɖiwo wɔ ɖeka kple fia Xiskiya ƒe xɔse sia. «Elabena ŋkuɖoɖo dziwò meli le ku me o, eye ameka akafu wò le tsiẽƒe!» (Ps.6:6). «Menye ame kukuwoe akafu Yehowa o, alo amesiwo katã yi aʋli me la o.» ( Ps.115:17 ) UGL 515.2

    Esi wònɔ nu ƒom le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ me le Pentekoste dzi la, Petro gblɔ nya sia be: mía tɔgbui Dawid «ku eye woɖii, eye eƒe yɔdo le mía dome vaseɖe egbegbe..” «Elabena Dawid melia yi dziƒo o..” ( Dɔw.2:29, 34 ) Esi wònye be Dawid anɔ eƒe yɔdo me vaseɖe tsitretsitsi ŋkeke dzi la, edze ƒãa be ame dzɔdzɔewo meyia dziƒo le gbesigbe woku o. Ke Kristo ƒe tsitretsitsi tso yɔdo me, si na be míawo hã míate ŋu atsi tre le tsitretsitsi ŋkekea dzi la, koe ana be Dawid hã atsi tre le ŋkeke ma dzi, eye wòanɔ anyi ɖe Mawu ƒe ɖusi me.UGL 515.3

    Paulo gblɔ le nyateƒe me bena: «Elabena ɖe womefɔa ame kukuwo ɖe tsitre o la, anye ne Kristo hã metsi tre o. Ke ne Kristo metsi tre o la, míaƒe xɔse anye yaka, eye míegale míaƒe nuvɔwo me. Ekema, amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la hã tsrɔ.” ( Kor. I, 15: 16-18 ). Nenye be ame dzɔdzɔe, siwo ku le ƒe akpe ene, siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe vava me, yi dziƒo enumake le woƒe ku megbe la, aleke wɔ Paulo agagblɔ be ne tsitretsitsi meli o la, “amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la hã tsrɔ» mahã? Tsitretsitsi maga hiã o ɖe!UGL 516.1

    Xɔsetakula Tyndale, si nɔ ame kukuwo ƒe alɔdɔdɔ̃ ƒe Nyateƒea ta ʋlim la, gblɔ na Papa yomedzelaa ɖe, esi wònɔ nya me ɖem kplii la, be: “Miaƒe ame kukuwo tsɔtsɔ yi dziƒo, dzo mavɔ me alo ŋutiklɔdzo me le ku megbe la nye nufiafia, si tsi tre ɖe Yesu kple Paulo ƒe numeɖeɖe siwo ɖo kpe edzi be tsitretsi li la ŋu. Mele eme ʋum ƒã kple kakaɖedzi be kukuawo meyi ɖe ŋutikɔkɔe blibo, si me Kristo alo eƒe dɔlawo le la, haɖe o. Menye nye xɔsemeʋuʋu enye ema o. Ne menye nenema o la, gbeƒãɖeɖe ŋutilã ƒe tsitretsitsi anye nu ƒuƒlu.” - William Tyndale, Preface to New Testament (ed. 1534) UGL 516.2

    Nyateƒe wònye be gege ɖe yayra mavɔ me le ku me enumake ƒe aʋatso mɔkpɔkpɔ sia na be ame geɖewo megatsɔ ɖeke le me na Biblia ƒe nufiafia ku ɖe tsitrtsitsi ŋu o. Mawuvɔla Adam Clarke hã de dzesi nu sia. Egblɔ be: “Kristotɔ gbãtɔwo tsɔ asixɔxɔ gãa ɖe na tsitrtsitsi ƒe nufiafia tsɔ wú alesi wòle fifia. Aleke wɔ? Apostolowo nɔa gbe tem ɖe nya sia dzi, eye wodoa ŋusẽ xɔsetɔwo be wòanye woƒe veviedodo, toɖoɖo kple dzidzɔ ƒe mɔkpɔkpɔ. Ke bebli wo yomedzelawo le egbe ŋkekeawo me ƒoa nu tsoa eŋu. Nusi Aposolowo ɖe gbeƒãe la, eya dzi kristotɔ gbãtɔwo xɔ se; ke gbeƒã, si míawo hã míeɖe egbea la, eyae nye míaƒe toɖolawo ƒe xɔse. Nyanyuie ƒe nufiafiaa ɖeke menɔ, anyi tsã, si dzi wote gbe ɖo wú tsiretsitsi nya la o. Ke egbea la, nufiafia bubu meli, si wometsɔ ɖeke le me na wú o. - Commentary, remarks on 1 Corinthians 15, para. 3 UGL 516.3

    Alea ye wɔnawo nɔ edzi yim vaseɖe esime wòsusɔ vie ko ŋutikɔkɔe Nyateƒe ku ɖe tsitretsitsi ŋu la nanyrɔ̃ ɖe viviti me, eye kristotɔƒomea naŋlɔe be keŋkeŋ. Nenemae nuŋlɔla xɔŋkɔa ɖe, si nɔa nu ƒom tso Tesalonika I, 4:14-18 ŋu la, gblɔ nublanuitɔe be: «Le míaƒe akɔfafa ta, ame dzɔdzɔewo ƒe makumaku yayranya sia xɔ ɖe kakaɖedzi-manɔŋu ƒe nufiafia, siwo katã ƒo nu tso Aƒetɔ ƒe vava zi evelia teƒe.” «Eyi eƒe nya dzi ale: «Míawo ya la, Aƒetɔ la vana na mí le míaƒe kuɣi. Esiae anɔ susu me na mí, eye eyae míakpɔ mɔ na. Ame kukuwo ge ɖe ŋutikɔkɔe la me xoxo. Womele kpẽ ƒe ɖiɖi lalam na woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple woƒe yiyi ɖe dzidzɔ mavɔ me o.»UGL 517.1

    Evɔ la, esi mía Aƒetɔ Yesu le dzodzo ge le eƒe nusrɔlawo gbɔ la, megblɔ na wo be wole yegbɔ va ge kpuie o. Ebe: «…Meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye.” ( Yoh. 14:2-3 ). Paulo hã gblɔ na mí be: «Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe, kple Mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la woatsi tre gbã. Emegbe la, mí amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.» Eye wògayi edzi gblɔ be: «Eyata mitsɔ nya siawo fa akɔ na mianɔewo.” ( Tes.I,4:16-18 ) UGL 517.2

    Vovototo gã kae nye esia le akɔfanya siawo kple nunɔla xɔŋkɔ ma ƒe akɔfanyawo dome! Amesia le akɔ fam na avifalawo be ale gbegbe woƒe ame kukua anye vɔwɔla hã, ne etsɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛa na ko, kasia eƒe luʋɔ age ɖe mawudɔlawo dome. Ke Paulo le nu ƒom na nɔviawo le Aƒetɔ la ƒe vava kpuie ŋuti be yɔdowo aʋu, eye amesiwo ku le Kristo me la woatsi tre na agbe mavɔ.UGL 517.3

    Hafi amea ɖe nate ŋu age ɖe yayratɔwo nɔƒe la, ele nɛ be woadzro eƒe agbenɔnɔ me kpɔ, eye eƒe dẽ kple wɔnawo katã ato Mawu ƒe ŋku me. Woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã le nusi woŋlɔ̃ ɖe agbalẽwo me la nu, eye woaxɔ woƒe dɔwɔnawo ƒe fetu. Ʋɔnudɔdrɔ̃ sia mevana me le kugbe o. Míase Paulo ƒe nya sia ɖa: «Elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu, to Ŋutsua ɖe, si wòɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.” ( Dɔw. 17:31 ). Apostolo sia le nu fiam, ɖikekemanɔmee, be ŋkeke tɔxɛa ɖe li gbɔna, si woɖo ɖi na xexeame ƒe ʋɔnudɔdrɔ.̃UGL 517.4

    Yuda hã ƒo nu tso ɣeyiɣi sia ŋuti: «Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ.» Egayi edzi kple Henox ƒe nya sia bena: «Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã…» ( Yuda 6,14,15 ). Yohanes gblɔ be yekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo… eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo ɖe nusiwo woŋlɔ̃ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.” ( Nyaɖ. 20:12 ).UGL 518.1

    Nenye be ame kukuwo le dzidzɔ kpɔm le dziƒo xoxo, alo wole veve sem le dzo mavɔ me fifia la, nukae aganye ʋɔnudɔdrɔ,̃ si gbɔna la ƒe asixɔxɔ mahã? Mawunya ƒe nufiafiawo ku ɖe nya vevi siawo ŋu la medo viviti kura o, eye wometsi tre ɖe wonɔewo ŋu hã o; ke boŋ amesiame ate ŋu ase wo gɔme bɔbɔe. Ke nyadzɔdzɔetsola kae ate ŋu de dzesi nunya alo dzɔdzɔenyenye le aʋatso dzixɔse sia, si sɔ gbɔ ɖe xexeame egbea la me? Ne ame dzɔdzɔewo nɔ anyi kple woƒe Aƒetɔ le dziƒo, ɖewohĩ le ƒe alafawo megbe hafi ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkeke gã la nava ɖe, ɖee wòagate ŋu gblɔ kafukafu nya siawo na wo le ŋkeke ma dzi be: «Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Yi ɖe wò Aƒetɔ ƒe dzudzɔ la me.” mahã? UGL 518.2

    Ɖee wòayɔ ame vɔɖiwo do go tso woƒe vevesese teƒewo be woase nyametsotso, si gbɔna la, tso xexeame katã ƒe Ʋɔnudrɔla gbɔ be: «Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ me.” mahã? Oo, fewuɖuɖu nya vɔɖi kae nye esia! Vɔwɔwɔ ŋumakpẽtɔe ɖe Mawu ƒe nunya kple dzɔdzɔenyenye ŋuti!UGL 518.3

    Luʋɔ ƒe makumakunyenye nya sia nye nudadafiafia, siwo Roma xɔ tso trɔsubɔsubɔ me hede Kristo-Hamea me la dometɔ ɖeka. Martin Luther xlẽe de glinya, siwo le sedede gbogbo, siwo ƒo ƒu ɖe Roma ƒe aɖukpo alo ŋunyɔnuwo la dome. (E. Petavel, Le Probleme de l’Immmortalite, page 225 ). Le eƒe nuƒoƒo tso Salomo ƒe nya, si wògblɔ le Nyagblɔla me be “ame kukuwo menya naneke o” ŋu la, Ɖɔɖɔɖowɔla gã sia gblɔ be: «Nu bubu, si ga na kakaɖedzi be ame kukuwo mesea naneke le wo ɖokui me o la, enye be Salomo na míenya be kukuawo le alɔ̃ blibo me, eye womebua naneke ŋu o. Womexlẽa ŋkekewo alo ƒewo le woƒe dzudzɔ me o. Ke ne wofɔ la, bebli hafi woaxɔ se be yewo dɔ̃ alɔ.» (Martin Luther, Expose sur l’Ecclesiaste, page 152 )UGL 518.4

    Afia ɖeke mele Ŋɔŋlɔawo me, si wogblɔ le be ame dzɔdzɔewo xɔa woƒe fetu, eye ame vɔɖiwo kpɔa tohehe le woƒe kuɣi o. Mía tɔgbuiwo kple Nyagblɔɖilawo megblɔ nya sia ƒe ɖeke o. Nenema ke Kristo kple eƒe Apostolowo hã megblɔ nyati ɖeka gɔ̃ hã tso eŋu o. Biblia ƒe nufiafiawo ɖee ɖe go eme kɔ ƒãa be ame kukuwo meyia dziƒo enumake le woƒe kuɣi o. Eƒo nu tso wo ŋu abe amesiwo le alɔ̃ dɔm vaseɖe tsitretsitsi ŋkeke la dzi ene. ( Tesa. I, 4:14; Hiob 14:10, 12 ). Gbesigbe ke klosaloka atso, eye sikagba agbã la, amegbetɔ ƒe susu hã nu ayi enumake. ( Nyagblɔla 12:6 ) Amesiwo yi tsiẽƒe la nɔa ɖoɖuizizi me. Womeganyaa naneke, si le dzɔdzɔm le ɣea te o. ( Hiob 14:21 ). Dzudzɔ yayra na ame dzɔdzɔe, siwo ŋu ɖeɖi te. Ne ɣeyiɣi la didi, alo le kpuie hã, ɖeko wòanɔ na wo abe aɖabaƒoƒo via ɖewo ko ene. Wole alɔ̃ me; ke Mawu ƒe kpẽɖiɖi afɔ wo, eye woage ɖe ŋutikɔkɔe ƒe makumakunyenye me. «…Elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, magblẽmagblẽ…Ke esime nu gbegblẽ sia lava do magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava do makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ̃ ɖi la, ava ve me bena: womi ku le dziɖuɖu me.” ( Kor. I, 15:52-55 ). UGL 519.1

    Le ɣeyiɣi, si woafɔ tso woƒe alɔdɔdɔ me la, woagayi ɖe susu, si nɔ wo me hafi woyi ɖe alɔ̃ me la dzi. Woƒe seselelãme mamlɛa, si nɔ wo me nye vɔvɔ̃ na ku kple dzesidede nu sia be yewoge tso yɔdo ƒe ŋusẽ te. Ekem ne wodo go tso woƒe yɔdowo me la, woƒe susu gbãtɔ awɔ ɖeka kple dziɖuɖuɣli sia: «Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?” ( Kor. I, 15:55 )UGL 519.2

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents